INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w25 April axa 2-7
  • “Mitia Ame Si Subɔ Ge Miala”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Mitia Ame Si Subɔ Ge Miala”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU SI TA YESU TIAE BE YEASUBƆ YEHOWA
  • NU SI TA YEHOWAE DZE BE MÍASUBƆ
  • SUSU SIWO TAE MÍETIAE BE MÍASUBƆ YEHOWA
  • YI EDZI NÀSUBƆ YEHOWA
  • Lɔ̃ Ðe Edzi Ðokuibɔbɔtɔe Be Menye Nu Sia Nue Yeate Ŋu Anya O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Wò Nyametsotsowo Neɖee Fia Be Èɖoa Ŋu Ðe Yehowa Ŋu
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Ðo Ŋku Edzi Be Yehowa Ye Nye “Mawu Gbagbe La”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • ‘Yehowa Daa Gbe Le Ame Siwo Ƒe Dzi Gbã Ŋu’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
w25 April axa 2-7

NUSƆSRƆ̃NYATI 14

HADZIDZI 8 Yehowae Nye Míaƒe Sitsoƒe

“Mitia Ame Si Subɔ Ge Miala”

“Nye kple nye aƒe ya, míasubɔ Yehowa.”—YOS. 24:15.

TAÐODZINUA

Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míaɖo ŋku susu siwo tae míetiae be míasubɔ Yehowa la dzi.

1. Nu kae wòle be míawɔ be míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ, eye nu ka tae? (Yesaya 48:​17, 18)

MÍA Fofo si le dziƒo la lɔ̃ mí vevie eye wòdi be míakpɔ dzidzɔ fifia kple etsɔme siaa. (Nyagb. 3:​12, 13) Eyae wɔ mí eye wòna ŋutete tɔxɛ aɖewo mí, gake mena ŋutete mí be míafia mɔ mía ɖokui alo aɖo nyui kple vɔ̃ ƒe dzidzenuwo na mía ɖokui o. (Nyagb. 8:9; Yer. 10:23) Enyae be hafi míate ŋu akpɔ dzidzɔ vavãtɔ la, ele be míasubɔ ye eye míanɔ agbe ɖe yeƒe nudidiwo nu.—Xlẽ Yesaya 48:​17, 18.

2. Nya ka dzie Satana di be míaxɔ ase, eye aleke Yehowa kpɔ alakpanya ma gbɔe?

2 Satana di be míaxɔe ase be míate ŋu akpɔ dzidzɔ Yehowa manɔmee, eye be amegbetɔwo ate ŋu afia mɔ wo ɖokuiwo wòadze edzi na wo. (1 Mose 3:​4, 5) Be Yehowa nakpɔ alakpanya ma si Satana fɔ ɖe te gbɔ la, eɖe mɔ na amegbetɔwo be woaɖu fia ɖe wo ɖokuiwo dzi hena ɣeyiɣi aɖe. Edze kɔtɛ be amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo do kpo nu. Gake Biblia ƒo nu tso ŋutsu kple nyɔnu geɖe siwo subɔ Yehowa eye wokpɔ dzidzɔ la ŋu. Wo dometɔ si kpɔ dzidzɔ wue nye Yesu Kristo. Gbãa, míade dzesi susu siwo tae Yesu tiae be yeasubɔ Yehowa. Evelia, míadzro nu si tae Yehowae dze be míasubɔ la me. Etɔ̃lia, míakpɔ susu siwo tae míetiae be míasubɔ Yehowa.

NU SI TA YESU TIAE BE YEASUBƆ YEHOWA

3. Nu kae Satana tsɔ ɖo Yesu ŋkume, eye tiatia kae Yesu wɔ?

3 Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖee fia ɣesiaɣi be Yehowa koe yeasubɔ. Le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe teti la, Satana gblɔ nɛ be yeatsɔ anyigbadzifiaɖuƒewo katã anɛ ne ede ta agu na ye zi ɖeka pɛ ko. Yesu gblɔ nɛ be: “Te ɖa le gbɔnye, Satana! Elabena woŋlɔ ɖi be: ‘Yehowa wò Mawue nàde ta agu na, eye eya ɖeka koe nàsubɔ.’” (Mat. 4:​8-10) Nu ka tae Yesu tiae be yeasubɔ Yehowa? Na míadzro susu siwo tae la dometɔ aɖewo me kpɔ.

4-5. Susu siwo tae Yesu tiae be yeasubɔ Yehowa dometɔ aɖewo ɖe?

4 Susu vevitɔ si ta Yesu tiae be yeasubɔ Yehowae nye be elɔ̃e vevie. Yesu melɔ̃a nu le Fofoa gbɔ kura o. (Yoh. 14:31) Azɔ hã, Yesu subɔa Yehowa elabena enyae be emae nye nu nyuitɔ si wòle be yeawɔ. (Yoh. 8:​28, 29; Nyaɖ. 4:11) Yesu nyae be Yehowa gbɔe agbe dzɔ tso, yeate ŋu aka ɖe edzi bliboe eye be eyae na nu siwo katã le mía si la mí. (Ps. 33:4; 36:9; Yak. 1:17) Yesu nyae be Yehowa toa nyateƒe na ɣesiaɣi eye nu sia nu si su ye si la, Yehowae na ye. (Yoh. 1:14) Satana ya to vovo kura. Eyae he nu vɔ̃ kple ku vɛ. Alakpatɔe wònye eye ɖokuitɔdidi kple ŋukeklẽ sɔŋ xɔ aƒe ɖe eyama me. (Yoh. 8:44) Esi Yesu nya nyateƒenya siawo nyuie ta la, mebui kpɔ gbeɖe be yeasrɔ̃ Satana adze aglã ɖe Yehowa ŋu o.—Flp. 2:​5-8.

5 Susu bubu si ta Yesu tiae be yeasubɔ Yehowae nye be enyae be nu nyui geɖewo ado tso eme. (Heb. 12:2) Enyae be ne yeyi edzi wɔ nuteƒe la, yeakɔ ye Fofo ƒe ŋkɔa ŋu, eye yeato esia dzi aʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na amegbetɔwo be woavo tso nu vɔ̃ kple ku si me.

NU SI TA YEHOWAE DZE BE MÍASUBƆ

6-7. Nu ka tae ame geɖe mesubɔa Yehowa egbea o, gake nu ka tae Yehowa ɖeka koe dze be míasubɔ?

6 Egbea ame geɖe mesubɔa Yehowa o, elabena womekpɔ nya eƒe nɔnɔme lédzinamewo kple nu nyui siwo katã wòwɔ na wo la haɖe o. Aleae wònɔ le ame siwo apostolo Paulo ɖe gbeƒã na le Atene la hã gome.—Dɔw. 17:​19, 20, 30, 34.

7 Paulo ɖe eme na Atenetɔwo be Mawu vavã la “naa agbe kple agbegbɔgbɔ kpakple nuwo katã ame sia ame.” Egblɔ kpee be: “Eyae na míele agbe, eye míeʋãna, eye míeli.” Nyateƒee, Mawue nye Wɔla si na “dukɔ sia dukɔ dzɔ tso ame ɖeka me,” eya ta eya ɖeka koe wòle be míasubɔ.—Dɔw. 17:​25, 26, 28.

8. Nu kae Yehowa mawɔ gbeɖe o, ke nu ka boŋue wòwɔ?

8 Esi Yehowae nye Wɔla kple Xexea Katã Dziɖulagã ta la, ate ŋu azi amewo dzi be woasubɔ ye hafi. Gake Yehowa mawɔ esia gbeɖe o. Nu si wòwɔ boŋue nye be ena kpeɖodzi geɖe siwo ɖee fia be yeli ŋutɔŋutɔ eye yelɔ̃ mía dometɔ ɖe sia ɖe vevie la mí. Ewɔ esia kple susu be míade ŋugble le kpeɖodziawo ŋu ale be míawo ŋutɔwo míatso nya me asubɔ ye. Edi be ame geɖe ale si wòanya wɔe nava nye ye xɔlɔ̃wo ɖaa. (1 Tim. 2:​3, 4) Esia tae Yehowa naa hehe mí be míafia nu amewo tso nu nyui siwo yeava wɔ na ameƒomea kple ale si yeawɔe ŋu. (Mat. 10:​11-13; 28:​19, 20) Ewɔ ɖoɖo míele hamewo me eye wòna hamemetsitsi lɔ̃ame siwo léa be na mí la mí.—Dɔw. 20:28.

9. Aleke Yehowa ɖee fia be yelɔ̃ amewo katã?

9 Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ɖe dzesi ale gbegbe. Esia dze le ale si wòwɔa nu ɖe ame siwo mexɔ edzi se o gɔ̃ hã ŋu la me. Bu nyateƒenya sia ŋu kpɔ: Tso blema ke la, ame miliɔn akpe geɖewo tiae be yewo ŋutɔ yewoatia nu si nye nyui kple vɔ̃ na yewo ɖokuiwo, le esi teƒe be woaɖo to Yehowa. Togbɔ be ele alea hã la, Yehowa naa nu siwo alé woƒe agbe ɖe te eye woase vivi na agbea la wo. (Mat. 5:​44, 45; Dɔw. 14:​16, 17) Ena mɔnukpɔkpɔ wo be woadze xɔlɔ̃wo, woaɖo ƒome anyi, eye woawɔ dɔ akpɔ dzidzɔ le agbe me. (Ps. 127:3; Nyagb. 2:24) Esiawo na wòdze ƒãa be mía Fofo si le dziƒo la lɔ̃ amegbetɔwo katã. (2 Mose 34:6) Azɔ na míadzro susu siwo tae míawo míetiae be míasubɔ Yehowa, kple ale si wòyraa ame siwo tiae be yewoasubɔe la me.

SUSU SIWO TAE MÍETIAE BE MÍASUBƆ YEHOWA

10. (a) Susu vevi ka tae míesubɔa Yehowa ɖo? (Mateo 22:37) (b) Aleke Yehowa ƒe dzigbɔɖi ɖe vi na wòe? (Psalmo 103:​13, 14)

10 Abe Yesu ene la, susu vevitɔ si ta míesubɔa Yehowa ɖoe nye be míelɔ̃e vevie. (Xlẽ Mateo 22:37.) Míeva tena ɖe Yehowa ŋu ne míesrɔ̃ nu tso eƒe nɔnɔme nyuiawo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, bu ale si Yehowa gbɔa dzi ɖi na amegbetɔwo ŋu kpɔ. Esi Israel-viwo meɖo toe o la, egblɔ na wo be: “Meɖe kuku, mitrɔ tso miaƒe mɔ vɔ̃ dzi.” (Yer. 18:11) Yehowa ɖoa ŋku edzi be kewɔ koe míenye eye míede blibo o. (Xlẽ Psalmo 103:​13, 14.) Ne ède ŋugble tso Yehowa ƒe dzigbɔɖi kple eƒe nɔnɔme nyui bubuawo ŋu la, ɖe esia meʋãa wò be nàsubɔe tegbee oa?

11. Susu bubu kawo tae míetiae be míasubɔ mía Fofo si le dziƒo la?

11 Susu bubu si ta míesubɔa Yehowa ɖoe nye be esiae nye nu nyuitɔ si wòle be míawɔ. (Mat. 4:10) Míenyae be ne míeyi edzi subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe la, nu nyui geɖe ado tso eme. Míaƒe nuteƒewɔwɔ akɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu, aɖee afia be alakpatɔe Abosam nye eye wòado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi. Eye ne míetiae be míasubɔ Yehowa fifia la, mɔnukpɔkpɔ asu mía si be míasubɔe yi ɖe mavɔ me!—Yoh. 17:3.

12-13. Nu kae míesrɔ̃ tso Jane kple Pam ƒe nuteƒekpɔkpɔa me?

12 Míate ŋu alɔ̃ Yehowa vevie tso ɖevime ke eye míaƒe lɔlɔ̃ nɛ nanɔ to dem ɖe edzi esi míele tsitsim. Aleae wònɔ le Jane kple Pam siwo nye dadaviwo hã gome.a Jane xɔ ƒe 11 eye Pam xɔ ƒe 10 esime wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kpli wo. Togbɔ be Jane kple Pam dzilawo metsɔ ɖeke le Biblia sɔsrɔ̃ me o hã la, woɖe mɔ be Yehowa Ðasefowo nasrɔ̃ Biblia kple ɖeviawo, ne woanɔ sɔleme dem kpli yewo le kwasiɖanuwuwuwo ko. Jane gblɔ be: “Nu siwo Ðasefoawo fiam tso Biblia me la kpe ɖe ŋunye be mete ŋu nɔ te ɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo nu heƒo asa na atike vɔ̃ɖiwo zazã eye nyemeƒo ɖokuinye ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me abe sukuvi bubuawo ene o.”

13 Nyɔnuvi eveawo va zu gbeƒãɖelawo le ƒe ʋɛ aɖewo megbe. Woyi ŋgɔ va zu mɔɖelawo. Wokpɔtɔ nɔ mɔɖeɖedɔa wɔm henɔ be lém na wo dzila tsitsiawo. Esi wobu nu siwo Yehowa wɔ na wo ŋu la, Jane gblɔ be: “Mesrɔ̃e be Yehowa léa be na exɔlɔ̃wo ɣesiaɣi, eye abe ale si 2 Timoteo 2:19 gblɔe ene la, ‘Yehowa nya ame siwo nye etɔwo.’” Ðikeke mele eme o be Yehowa léa be na ame siwo lɔ̃e eye wotiae be yewoasubɔe!

14. Aleke míetoa míaƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo dzi kɔa Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu? (Kpɔ fotoawo hã.)

14 Míedi be míakpe ɖe amewo ŋu woanyae be alakpanya siwo wose tso Yehowa ŋu la menye nyateƒe o. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Tsɔe be xɔlɔ̃ vevi aɖe le asiwò si lɔ̃a ame, elɔ̃a tsɔtsɔke eye wònyoa dɔme. Gake gbe ɖekaa, ame aɖe gblɔ tso xɔ̃wòa ŋu be eƒe tagbɔ sẽ eye meɖia anukware o. Nu kae nàwɔ? Àʋli xɔ̃wòa ta godoo. Nenema kee ne Satana kple ame siwo le eƒe akpa dzi le alakpanyawo kakam tso Yehowa ŋu tsɔ le eƒe ŋkɔ gblẽm la, míetsɔa dzinɔameƒo ʋlia eƒe ŋkɔa ta henana amewo nyaa nyateƒea. (Ps. 34:1; Yes. 43:10) Míetoa míaƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo dzi ɖenɛ fiana be míedi be míasubɔ Yehowa kple luʋɔ blibo.

Fotoawo: 1. Yehowa Ðasefowo le takpekpe wɔm eye xɔsegbelawo va agboa nu le nya manyomanyowo gblɔm tso wo ŋu. Nyɔnu aɖe si tso eme va yina le wo kpɔm. 2. Emegbe nyɔnua te ɖe Ðasefo atsu kple asi siwo le ɖaseɖikekevi gbɔ la ŋu.

Ðe nàʋli Yehowa ƒe ŋkɔa ta? (Kpɔ memama 14)b


15. Esi apostolo Paulo wɔ tɔtrɔwo le eƒe agbe me la, nu nyui kawoe do tso eme nɛ? (Filipitɔwo 3:​7, 8)

15 Míelɔ̃na faa wɔa tɔtrɔ aɖewo le agbe me ale be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu eye míawɔ geɖe le esubɔsubɔ me. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Paulo nɔ ɖoƒe vevi aɖe le Yudasubɔsubɔ me, gake eɖe asi le wo katã ŋu ale be yeate ŋu azu Kristotɔ asubɔ Yehowa. (Gal. 1:14) Esia na wòkpɔ dzidzɔ le agbe me eye mɔnukpɔkpɔ su esi be wòaɖu fia kple Kristo le dziƒo. Mevee kpɔ gbeɖe be yetso nya me be yeasubɔ Yehowa o, eye mave míawo hã akpɔ o.—Xlẽ Filipitɔwo 3:​7, 8.

16. Nu kae nèsrɔ̃ tso Julia ƒe nuteƒekpɔkpɔa me? (Kpɔ fotoawo hã.)

16 Ne míena Yehowa subɔsubɔ nye nu vevitɔ na mí le agbe me la, ayra mí fifia kple etsɔme siaa. Bu nɔvinyɔnu Julia ŋu kpɔ. Esi Julia nye nyɔnuvi dzaa la, edzia ha le sɔleme. Hadzila xɔŋkɔ aɖe de dzesi Julia ƒe ŋutetea eye wòva nɔ hehe namee. Eteƒe medidi o Julia va xɔ ŋkɔ eye wòdzia ha le teƒeteƒewo. Esi wònɔ suku si wofiaa hadzidzi le dem la, eƒe sukuhati aɖe ƒo nu nɛ tso Mawu ŋu eye wòfiae be ŋkɔ le Mawu si, si nye Yehowa. Ɣeyiɣi kpui aɖe megbea, Julia te Biblia sɔsrɔ̃. Wosrɔ̃a Biblia kplii zi eve le kwasiɖaa me. Mlɔeba etso nya me be yeaɖe asi le hadzidzidɔa ŋu atsɔ ye ɖokui ana Yehowa. Nyametsotso sia menɔ bɔbɔe nɛ kura o. Egblɔ be: “Ame geɖewo gblɔ nam be mele nye nunanaa gum. Gake medi be matsɔ nye ɖokuinye ana Yehowa asubɔe bliboe.” Mía nɔvinyɔnua tso nya me ƒe 30 kple edzivɔe nye esia. Aleke wòle sesem le eɖokui me fifia? Egblɔ be: “Nye dzi dze eme eye meka ɖe Yehowa dzi be ana nye dzimedidiwo katã nava eme nam le etsɔme.”—Ps. 145:16.

Fotoawo: Foto sia ɖe tɔtrɔ siwo Julia wɔ fia. 1. Etsi tre ɖe amehawo ŋkume le ha dzim. 2. Eya kple srɔ̃a le ha dzim le hame ƒe kpekpe me.

Ne Yehowa subɔsubɔe nye nu vevitɔ na mí la, míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ le agbe me (Kpɔ memama 16)c


YI EDZI NÀSUBƆ YEHOWA

17. (a) Nu kae wòle be ame siwo mele Yehowa subɔm o nawɔ, eye nu ka tae? (b) Nu kae ame siwo tso nya me le Yehowa subɔm xoxo ya nya?

17 Nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu tu aƒe. Apostolo Paulo gblɔ be: “Elabena ‘esusɔ vie ko,’ eye ‘ame si gbɔna la ava ɖo, eye mahe ɖe megbe o.’” (Heb. 10:37) Nu kae esia fia? Efia be ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ be ame siwo mele Yehowa subɔm o nawɔ kaba atso nya me ava subɔ Yehowa. (1 Kor. 7:29) Ke le mí ame siwo tso nya me le Yehowa subɔm xoxo gomea, míenya be míato xaxawo me, gake dzidzɔnyae nye be “esusɔ vie ko” xaxawo nu ayi keŋkeŋ.

18. Nu kae Yesu kple Yehowa di be míawɔ?

18 Yesu de dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo be woadze ye yome, eye woanɔ ye yome ɖaa. (Mat. 16:24) Eya ta ne ƒe geɖee nye esia nèle Yehowa subɔm la, mègana ta o. Yesu kple Fofoa di be míaku kutri vevie ayi edzi asubɔ nuteƒewɔwɔtɔe. Togbɔ be esia manɔ bɔbɔe o hã la, míaƒe dzi adze eme fifia eye míakpɔ yayra geɖe le etsɔme.—Ps. 35:27.

19. Nu kae míesrɔ̃ tso nu si dzɔ ɖe Gene dzi me?

19 Ame aɖewo susu be ne yewova le Yehowa subɔm la, yewomase vivi na agbea o. Ne sɔhɛe nènye la, ɖe nèsena le ɖokuiwò me be Yehowa subɔsubɔ ana nanewo nato ye ŋu le agbe mea? Nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Gene gblɔ be: “Mese le ɖokuinye me be mexaxa le esi menye Yehowa Ðasefo ta. Ewɔ nam be hanyeti geɖewo kpɔa dzidzɔ elabe woyia agbeɖuƒewo, ahiãvi le wo si eye woƒoa videofefe siwo me ŋutasẽnuwo le faa. Gake nye ya kpekpeawo kple gbeadzi koe medena.” Esi Gene va nɔ nuwo ŋu bum alea la, ŋusẽ kae wòkpɔ ɖe edzi? Egblɔ be: “Meva nɔ agbe eve nɔm eye meɖu agbe vi aɖe ya. Gake mena mekpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ o. Meva de ŋugble le Biblia ƒe mɔfiame siwo dzi meŋe aɖaba ƒui la ŋu eye metso nya me be masubɔ Yehowa kple dzi blibo. Tso ɣemaɣia, mekpɔe be Yehowa ɖoa nye gbedodoɖa ɖe sia ɖe ŋu.”

20. Nu kae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ?

20 Hakpala aɖe dzi ha na Yehowa be: “Dzidzɔtɔe nye ame si nètia eye nèhee vɛ be wòanɔ wò xɔxɔnuwo.” (Ps. 65:4) Eya ta mina míaɖoe kplikpaa ayi edzi asubɔ Yehowa, eye abe Yosua ene la, míawo hã míagblɔ be: “Ke nye kple nye aƒe ya, míasubɔ Yehowa.”—Yos. 24:15.

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

  • Nu ka tae Yesu tiae be yeasubɔ Yehowa?

  • Nu ka tae Yehowa ɖeka koe dze be míasubɔ?

  • Nu ka tae nètiae be yeasubɔ Yehowa?

HADZIDZI 28 Míanye Yehowa Xɔlɔ̃wo

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

b NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Yehowa Ðasefowo le takpekpe wɔm eye tsitretsiɖeŋulawo va le nya manyomanyowo gblɔm ɖe Ðasefoawo ŋu. Nyɔnu aɖe si tso eme va yina se nya siwo gblɔm wole eye wòte ɖe Ðasefo siwo le ɖaseɖikekevia gbɔ la ŋu eye wole Biblia me nyateƒea gblɔm nɛ.

c NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Foto sia na míekpɔ tɔtrɔ siwo Julia wɔ be yeate ŋu asubɔ Yehowa.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe