INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w25 April axa 8-13
  • ‘Enyo Na Mí Be Míate Ðe Mawu Ŋu’!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Enyo Na Mí Be Míate Ðe Mawu Ŋu’!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NE ‘MÍETE ÐE MAWU ŊU’ LA, MÍAKPƆ DZIDZƆ
  • NE ‘MÍETE ÐE MAWU ŊU’ LA, MƆKPƆKPƆ ASU MÍA SI
  • ALE SI NÀWƆ AYI EDZI ANƆ ‘TETEM ÐE MAWU ŊU’
  • NE MÍEDA VO GƆ̃ HÃ LA, MÍATE ŊU ‘ATE ÐE MAWU ŊU’
  • ‘TE ÐE MAWU ŊU’ ÐAA
  • Enyo Be Mía Kple Mía Nɔviwo Dome Nanɔ Kplikplikpli!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Ðo Ŋku Edzi Be Yehowa Ye Nye “Mawu Gbagbe La”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Nu Si Akpe Ðe Ŋuwò Ne Nuŋububu Aɖewo Nana Dzi Ðena Le Ƒowò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Lɔ̃ Ðe Edzi Ðokuibɔbɔtɔe Be Menye Nu Sia Nue Yeate Ŋu Anya O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
w25 April axa 8-13

NUSƆSRƆ̃NYATI 15

HADZIDZI 30 Yehowae Nye Fofonye Kple Xɔ̃nye

‘Enyo Na Mí Be Míate Ðe Mawu Ŋu’!

“Enyo nam be mate ɖe Mawu ŋu.”—PS. 73:28.

TAÐODZINUA

Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si míawɔ ate ɖe Yehowa ŋu geɖe wu kple nu nyui siwo ado tso eme ne míewɔ esia.

1-2. (a) Hafi mía kple ame aɖe dome nanɔ kplikplikpli la, nu kae wòhiã be míawɔ? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

XƆLƆ̃ kplikplikpli le asiwòa? Nu kae na mieva zu xɔlɔ̃wo? Anɔ eme be miewɔa nu ɖekae zi geɖe, ènya eƒe kuxiwo, nu siwo dzɔa dzi nɛ kple nu siwo medzɔa dzi nɛ o. Èva de dzesii hã be nɔnɔme nyui aɖewo le esi si nèdi be yeasrɔ̃. Eye esiawo katã wɔe be èva lɔ̃ xɔ̃wòa vevie.

2 Ebia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze geɖe hafi amewo nate ŋu ava nye xɔlɔ̃ kplikplikpliwo. Nenema kee wòbia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze geɖe be míanye Yehowa xɔlɔ̃wo. Le nyati sia mea, míakpɔ nu siwo míawɔ be mía kple Mawu dome nanɔ kplikplikpli kple yayra siwo míakpɔ tso esia me. Gake gbãa, na míadzro nu si tae wònyo be míate ɖe mía Xɔlɔ̃ Yehowa ŋu kplikplikpli la me.

3. Nu ka tae wònyo be míanɔ ŋugble dem le nu nyui siwo dona tso eme ne míete ɖe Yehowa ŋua ŋu? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

3 Ðikeke mele eme o be àlɔ̃ ɖe edzi be enyo be míate ɖe Yehowa ŋu. Gake ne míede ŋugble le ale si gbegbe esia wɔwɔ nyoe ŋu la, aʋã mí be míayi edzi anɔ tetem ɖe eŋu. (Ps. 63:​6-8) Le kpɔɖeŋu me, míenyae be ne míeɖua nu siwo me nunyiame le, míedea kame edziedzi, míeɖina ɖe eme nyuie eye míenoa tsi edziedzi la, enana míenɔa lãmesẽ me. Gake nu siawo megale vevie na ame geɖewo o, si wɔe be womegava tsɔa ɖeke le woƒe lãmesẽ me o. Nya lae nye be ne míedea ŋugble le ale si nu siawo ade míaƒe lãmesẽ dzi ŋu edziedzi la, esia ana míayi edzi anɔ wo wɔm. Nenema kee míenyae be tete ɖe Yehowa ŋu nyo na mí, gake ne míedea ŋugble le nu si ta wònyo na mí ŋu la, aʋã mí be míayi edzi anɔ tetem ɖe mía Xɔlɔ̃ Yehowa ŋu.—Ps. 119:​27-30.

4. Nya kae Psalmo 73:28 lia ŋlɔla gblɔ?

4 Xlẽ Psalmo 73:28. Psalmo 73 lia ŋlɔla nye Lewi vi aɖe si wotia be wòasubɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔa me anɔ ha ƒom. Anɔ eme be ewɔ nuteƒe subɔ Yehowa ƒe geɖe. Gake ekpɔe be ehiã be yeaɖo ŋku edzi na ye ɖokui be, ‘enyo na ye be yeate ɖe Mawu ŋu,’ eye edi be ame bubuwo hã nanyae be enyo be woate ɖe Mawu ŋu. Nu ka tae wònyo be míate ɖe Yehowa ŋu geɖe wu?

NE ‘MÍETE ÐE MAWU ŊU’ LA, MÍAKPƆ DZIDZƆ

5. (a) Nu ka tae míekpɔa dzidzɔ ne míete ɖe Yehowa ŋu geɖe wu? (b) Abe ale si wòdze le Lododowo 2:​6-16 ene la, mɔ kawo nue Yehowa ƒe nunya kpe ɖe ŋuwò hekpɔ tawò le?

5 Zi ale si míete ɖe Yehowa ŋu la, zi nenemae míanɔ dzidzɔ kpɔm. (Ps. 65:4) Nya sia nye nyateƒe le susu geɖewo ta. Gbã, ne míezɔ ɖe Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo le eƒe Nya Biblia me dzi la, eɖea vi na mí ŋutɔ. Míedzea nunya, ekpɔa mía ta tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo si me, eye míeƒoa asa na vodada gãwo wɔwɔ. (Xlẽ Lododowo 2:​6-16.) Biblia gblɔe wòsɔ nyuie be: “Dzidzɔtɔe nye ame si ke ɖe nunya ŋu kple ame si si nugɔmesese su.”—Lod. 3:13.

6. Nu kae na Psalmo 73 lia ŋlɔla megava nɔ dzidzɔ kpɔm o?

6 Le nyateƒe mea, Yehowa xɔlɔ̃wo gɔ̃ hã léa blanui ɣeaɖewoɣi. Edzɔ be Psalmo 73 lia ŋlɔla megava nɔ nuwo ŋu bum nyuie o si na dzi menɔ edzɔm o. Eva nɔ susum be agbea nɔ edzi dzem na ame vɔ̃ɖiwo, evɔ womenɔ Mawu subɔm alo wɔna ɖe eƒe sewo dzi o, eye esia na wòdo dziku henɔ ŋu ʋãm wo. Esusui vodadatɔe be ame vɔ̃ɖiwo kple dadalawo nɔa lãmesẽ me ɣesiaɣi, nu sia nu si wodi sua wo si, eye womekpea fu aɖeke gɔ̃ hã o. (Ps. 73:​3-7, 12) Ɣeaɖeɣia, dzi ɖe le eƒo wòlé blanui vevie hegblɔ gɔ̃ hã be: “Nyateƒee, dzodzroe mena nye dzi dza, eye meklɔ nye asi le fɔmaɖimaɖi me.”—Ps. 73:13.

7. Ne míelé blanui la, nu kae míate ŋu awɔ be míakpɔ dzidzɔ? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

7 Togbɔ be hakpala sia lé blanui vevie hãa, ewɔ nane tsɔ ɖɔ eƒe susu ɖo. Ege ɖe “Mawu ƒe kɔkɔeƒe gã la,” afi si Yehowa ɖɔ eƒe nuŋububu ɖo le. (Ps. 73:​17-19) Ne míelé blanui la, Yehowa si nye mía Xɔlɔ̃ vevitɔ nyana. Ne míedoa gbe ɖa biaa eƒe mɔfiame, míewɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le eƒe Nyaa me dzi eye míelɔ̃na faa xɔa kpekpeɖeŋu tso mía nɔviwo gbɔ la, ado ŋusẽ mí míayi edzi ado dzi le nɔnɔmea me. Ne kuxiwo do agba ɖe mía dzi eye míetsi dzimaɖi gɔ̃ hã la, Yehowa afa akɔ na mí eye míaƒe dzi adze eme.—Ps. 94:19.a

Lewi vi aɖe le tsitre ɖe akɔblivɔsamlekpuia kple gbedoxɔa ƒe akpataa dome.

Lewi vi si ŋlɔ Psalmo 73 lia le tsi tre ɖe “Mawu ƒe kɔkɔeƒe gã la” (Kpɔ memama 7)


NE ‘MÍETE ÐE MAWU ŊU’ LA, MƆKPƆKPƆ ASU MÍA SI

8. Ne míete ɖe Mawu ŋu la, mɔ kawo nu wòɖea vi na mí le?

8 Ne míete ɖe Mawu ŋu la, eɖea vi na mí le mɔ vevi eve aɖewo hã nu. Gbã, míaƒe agbe anyo ɖe edzi. Evelia, etsɔmemɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le sua mía si. (Yer. 29:11) Mina míadzro nya siawo me ayi ŋgɔ.

9. Aleke tete ɖe Yehowa ŋu nana taɖodzinu va nɔa míaƒe agbe ŋu?

9 Ne míete ɖe Yehowa ŋu la, taɖodzinu va nɔa míaƒe agbe ŋu. Ame geɖe siwo li egbea gblɔna be Mawu meli o, eya ta womenya taɖodzinu si le agbea ŋu o. Woxɔe se be ɣeyiɣi aɖe ava si amegbetɔwo maganɔ anyi o. Gake Biblia kpe ɖe mía ŋu míeva ka ɖe edzi be ‘Mawu li’ eye nu sia nu si míawɔ nɛ la manye dzodzro o, elabe ‘enyea teƒeɖola na ame siwo dinɛ vevie.’ (Heb. 11:6) Fifia gɔ̃ hã, dzi dzɔa mí elabena míele nu si ta wowɔ mí ɖo la wɔm, si nye be míasubɔ Yehowa mía Fofo si le dziƒo.—5 Mose 10:​12, 13.

10. Le Psalmo 37:29 la, ŋugbe kae Yehowa do na ame siwo ka ɖe eyama dzi?

10 Mɔkpɔkpɔ vavã aɖeke mele ame geɖe si o. Wo tɔ koe nye be yewoawɔ dɔ, aɖe srɔ̃ adzi viwo, adzra ga ɖo ɖe yewoƒe tsitsime ŋu ko evɔ. Woɖe Mawu le nyaa me kura. Gake Yehowa subɔlawo ya ɖoa ŋu ɖe eyama ŋu. (Ps. 25:​3-5; 1 Tim. 6:17) Míeka ɖe mía Mawua dzi eye míenyae be awɔ ŋugbe siwo wòdo la dzi. Míele mɔ kpɔm na nu nyui geɖe le etsɔme, vevietɔ ale si míasubɔe tegbee le Paradiso me.—Xlẽ Psalmo 37:29.

11. Aleke wòɖea vi na mí ne míete ɖe Yehowa ŋu, eye aleke wòsena le eɖokui me?

11 Ne míete ɖe Mawu ŋu la, eɖea vi na mí le mɔ bubu geɖewo hã nu. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa do ŋugbe be yeatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí ne míetrɔ dzi me. (Yes. 1:18) Eya ta mele be míaɖe mɔ míaƒe dzitsinya nanɔ fɔ bum mí ɖe nu vɔ̃ siwo míewɔ va yi ta o. (Ps. 32:​1-5) Azɔ hã edzɔa dzi na Yehowa ne míete ɖe eyama ŋu. (Lod. 23:15) Anɔ eme be wò ŋutɔ hã èkpɔ yayra aɖewo tso esime nèva le Yehowa subɔm. Ke nu kae nàwɔ be nàyi edzi anɔ tetem ɖe Mawu ŋu geɖe wu?

ALE SI NÀWƆ AYI EDZI ANƆ ‘TETEM ÐE MAWU ŊU’

12. Afɔ kawoe nèɖe si na nèva te ɖe Mawu ŋu?

12 Ne èɖe adzɔgbe xɔ nyɔnyrɔ xoxo la, efia be kadodo aɖe sinu le wò kple Yehowa dome. Èsrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa Mawu kple Kristo Yesu ŋu, ètrɔ dzi me tso wò nu vɔ̃wo me, èɖee fia be yexɔ Mawu dzi se eye nèku kutri le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm. Be míate ɖe Mawu ŋu geɖe wu la, ele be míayi edzi anɔ nu siawo wɔm.—Kol. 2:6.

13. Nu etɔ̃ kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ tetem ɖe Yehowa ŋu?

13 Nu kae akpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ tetem ɖe Yehowa ŋu? (1) Ele be míanɔ Biblia srɔ̃m. Ne míele Biblia xlẽm la, míaganɔ exlẽm kple susu be míanya nu ʋɛ aɖewo tso Mawu ŋu ko evɔ o. Ke boŋ míadze agbagba anya Mawu ƒe susu le nuwo ŋu, anya nu si wòdi tso mía si, eye míanɔ agbe ale si wòdi. (Ef. 5:​15-17) (2) Ele be míanɔ ŋugble dem le nu siwo ɖee fia be Yehowa lɔ̃ mí la ŋu atsɔ ado ŋusẽ míaƒe xɔse. (3) Ele be míayi edzi atsri nu siwo Yehowa lé fui eye míagade ha kple ame siwo wɔa nu mawo o.—Ps. 1:1; 101:3.

14. Nu kae míate ŋu awɔ gbe sia gbe be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu? (1 Korintotɔwo 10:31) (Kpɔ fotoawo hã.)

14 Xlẽ 1 Korintotɔwo 10:31. Ele vevie be míawɔ nu siwo hea kafukafu vɛ na Yehowa ɣesiaɣi. Esia mefia be míanɔ kpekpeawo dem anɔ gbeadzi yim ko evɔ o. Ele be nu siwo míewɔna gbe sia gbe hã nadze Yehowa ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne míeɖia anukware le nuwo katã me eye míenyoa dɔme na amewo la, Yehowa kpɔa dzidzɔ. (2 Kor. 8:21; 9:7) Edi be míaɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe agbe si yena mí la ŋu. Ne míedana sɔna le nuɖuɖu kple nunono me eye míewɔa nu siwo ana míanɔ lãmesẽ me la, míate ɖe mía Mawu Yehowa si gbɔ míaƒe agbe dzɔ tso la ŋu. Yehowa alɔ̃ mí ɖe edzi ne míedzea agbagba wɔa nu siwo dzea eŋu ɣesiaɣi.—Luka 16:10.

Fotoawo: Nu siwo míawɔ be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu. 1. Míaku ʋu alo mɔ̃ le ŋuɖɔɖo me: Nɔviŋutsu aɖe si le ʋu kum la tɔ esime akaɖi dzĩa si. 2. Míalé be na mía ɖokui: Nɔviŋutsu aɖe le zɔzɔm tsɔ le kame dem. 3. Míaɖu nu siwo me nunyiame le: Nuɖuɖu si me nunyiame vovovowo le. 4. Míanyo dɔme na amewo: Nɔvinyɔnu aɖe tsɔ nuɖuɖu kple seƒoƒowo vɛ na nɔvinyɔnu tsitsi aɖe si nu vevi wɔ eye wobla abɔ na.

Nu siwo míawɔ be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu dometɔ aɖewoe nye be míaku ʋu alo mɔ̃ le ŋuɖɔɖo me, míanɔ kame dem, míaɖu nu siwo me nunyiame le eye míanyo dɔme na amewo (Kpɔ memama 14)


15. Aleke Yehowa di be míawɔ nu ɖe amewo ŋui?

15 Yehowa nyoa dɔme na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa. (Mat. 5:45) Edi be míawo hã míawɔ nenema ke na amewo. Le kpɔɖeŋu me, ‘mele be míagblɔ nya vɔ̃ ɖe ame aɖeke ŋu o, míaganye dzrewɔlawo o, ke boŋ míafa tu na amewo katã.’ (Tito 3:2) Ne esia le susu me na mí la, míasusui gbeɖe be míenyo wu ame siwo mexɔ Yehowa dzi se o la o. (2 Tim. 2:​23-25) Mía kple Yehowa dome nyona ɖe edzi ne míewɔa nu ɖe ame sia ame ŋu nyuie ɣesiaɣi.

NE MÍEDA VO GƆ̃ HÃ LA, MÍATE ŊU ‘ATE ÐE MAWU ŊU’

16. Aleke Psalmo 73 lia ŋlɔla si wɔ nuteƒe ƒe geɖe la va nɔ sesem le eɖokui me?

16 Ke ne vodada siwo nèwɔ va yi na nèsena le ɖokuiwò me be yeƒe nu megadzea Yehowa ŋu o ya ɖe? Abe ale si míegblɔe va yi ene la, nu sia tɔgbi dzɔ ɖe Psalmo 73 lia ŋlɔla dzi. Egblɔ be: “Nye afɔ da kloe, nye afɔ ɖiɖi kloe.” (Ps. 73:2) Egblɔ gɔ̃ hã be, “nye dzi xa nu,” “mezu bometsila” eye “menɔ abe lã ene” le Yehowa ŋkume. (Ps. 73:​21, 22) Ðe hakpala sia susui be esi yemebu nuwo ŋu nyuie o ta la, Yehowa megalɔ̃ ye o, eye matsɔ ake ye gbeɖe oa?

17. (a) Esi dzi ɖe le Psalmo ŋlɔla sia ƒo vevie la, nu kae wòwɔ? (b) Nu kae míesrɔ̃ tso nu si dzɔ ɖe edzi la me? (Kpɔ fotoawo hã.)

17 Ne Psalmo ŋlɔla sia susui be Yehowa gblẽ ye ɖi gɔ̃ hã, anɔ eme be ɣeyiɣi kpui aɖe koe wòse le eɖokui me nenema. Esi dzi ɖe le eƒo vevie gɔ̃ hã, enya be ele be yeanɔ Mawu ŋu kplikplikpli. Egblɔ be: “Ke fifia mele gbɔwò ɖaa; èlé nye nuɖusi ɖe asi. Ètsɔ wò nuxlɔ̃amenyawo fia mɔm, eye emegbe àkplɔm ayi ŋutikɔkɔe me.” (Ps. 73:​23, 24) Ne míaƒe xɔse gbɔdzɔ alo dzi ɖe le mía ƒo le vodada siwo míewɔ ta la, anyo be míawo hã míabia Yehowa be wòado ŋusẽ mí. (Ps. 73:26; 94:18) Eye ne edzɔ be míetra hena ɣeyiɣi aɖe gɔ̃ hã, míate ŋu atrɔ ava Yehowa gbɔ ahaka ɖe edzi be ele ‘klalo be yeatsɔ ake’ mí. (Ps. 86:5) Ne dzi ɖe le mía ƒo vevie la, ele be míate ɖe mía Mawu la ŋu.—Ps. 103:​13, 14.

Fotoawo: 1. Nɔviŋutsu aɖe si ƒo dzi ɖe le nɔ anyi ɖe aba dzi. 2. Emegbe nɔviŋutsua ɖo nukomo esime atsu kple asi aɖe le gbe dom nɛ le Fiaɖuƒe Akpata me.

Ne míaƒe xɔse gbɔdzɔ la, ele be míatsɔ dzo ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu ale be míate ɖe eŋu geɖe wu (Kpɔ memama 17)


‘TE ÐE MAWU ŊU’ ÐAA

18. Nu ka tae míate ŋu ayi edzi anɔ tetem ɖe Yehowa ŋu ɖaa?

18 Míate ŋu ayi adzi anɔ tetem ɖe Yehowa ŋu ɖaa eye míadzudzɔ nusɔsrɔ̃ tso eŋu gbeɖe o. Biblia gblɔ be Yehowa ƒe mɔwo, eƒe nunya kple sidzedze me goglo eye ‘wo me dzodzro tsitotsito meli o.’—Rom. 11:33.

19. Kakaɖedzinya kae le Psalmowo ƒe agbalẽa me na mí?

19 Psalmo 79:13 gblɔ be: “Mí, wò dukɔ, wò alẽha si le wò lãnyiƒe la, míada akpe na wò ɖaa; eye míakafu wò tso dzidzime yi dzidzime.” Esi wò hã nèyi edzi le tetem ɖe Mawu ŋu la, àte ŋu aka ɖe edzi be ayra wò tegbee. Neva eme be nàgblɔ kple kakaɖedzi be: “Mawu anye agakpe na nye dzi, kple nye gome tegbee.”—Ps. 73:26.

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

  • Nu ka tae wòle be míanɔ ŋugble dem le viɖe siwo kpɔm míele le Yehowa subɔsubɔ me ŋu?

  • Nu ka tae ‘wònyo be míate ɖe Mawu ŋu’?

  • Afɔ kawoe míaɖe be míayi edzi ‘anɔ tetem ɖe Mawu ŋu’?

HADZIDZI 32 Nɔ Yehowa Ƒe Akpa Dzi!

a Ahiã be ame siwo lé blanui, ame siwo tsi dzimaɖi alo ame siwo dzi nu te ɖo ɣeyiɣi didi la nayi kɔdzi. Ne èdi numekɔkɔ geɖe tso nya sia ŋu la, kpɔ Gbetakpɔxɔ, No. 1 2023.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe