NUSƆSRƆ̃NYATI 17
HADZIDZI 99 Nɔvi Akpeakpewo
Yehowa Megblẽ Mí Ði O
“Makpe ɖe ŋuwò.”—YES. 41:10.
TAÐODZINUA
Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míade dzesi mɔ ene siwo dzi Yehowa tona léa be na mí.
1-2. (a) Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Yehowa megblẽa mí ɖi ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom o? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?
NE MÍELE nɔnɔme sesẽwo ne tom la, ate ŋu awɔ na mí abe ɖe míebú ɖe ave dodo aɖe me, eye wɔna aɖeke megali o ene. Gake kpekpeɖeŋu li na mí. Nyateƒeae nye be, mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo kpɔa nu siwo me tom míele eye wòdo ŋugbe be yeakpe ɖe mía ŋu. Yehowa ka ɖe esia dzi na esubɔla wɔnuteƒewo esi wògblɔ be: “Makpe ɖe ŋuwò.”—Yes. 41:10.
2 Le nyati sia me la, míakpɔ mɔ ene siwo dzi Yehowa tona kpena ɖe mía ŋu: (1) efiaa mɔ mí, (2) ekpɔa míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí, (3) ekpɔa mía ta, kple (4) efaa akɔ na mí. Yehowa ka ɖe edzi na mí be, kuxi ka kee ɖava mía dzi le agbe me o, yemaŋlɔ mí be gbeɖe o, yeli kpli mí ɣesiaɣi. Eya ta míetsi asi kura o!
YEHOWA FIAA MƆ MÍ
3-4. Mɔ kawo dzie Yehowa tona fiaa mɔ mí? (Psalmo 48:14)
3 Xlẽ Psalmo 48:14. Yehowa nya be míate ŋu afia mɔ mía ɖokui o; míehiã yeƒe mɔfiame. Aleke wòfiaa mɔ esubɔla wɔnuteƒewo egbea? Mɔ ɖekae nye to Biblia dzi. (Ps. 119:105) Etoa eƒe Nya la dzi kpena ɖe mía ŋu be míatso nya me nyuie eye míasrɔ̃ nɔnɔme nyui siwo akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ dzidzɔ fifia, eye míadze akpɔ agbe mavɔ le etsɔme.a Le kpɔɖeŋu me, efiaa nu mí be míatsɔ ake amewo, míagalé dziku ɖe dɔme o, míaɖi anukware le nuwo katã me, eye míalɔ̃ amewo vevie tso dzi me. (Ps. 37:8; Heb. 13:18; 1 Pet. 1:22) Ne míeɖea nɔnɔme nyui siawo fiana la, míeva nyea dzila nyuiwo, srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu nyuiwo, kple xɔlɔ̃ nyuiwo.
4 Azɔ hã, Yehowa na woŋlɔ ame siwo to nɔnɔme sesẽwo me eye woƒe seselelãmewo sɔ kple mía tɔ ƒe ŋutinyawo ɖe eƒe Nya la me na mí. (1 Kor. 10:13; Yak. 5:17) Ne míexlẽ ŋutinya siawo hewɔ ɖe nufiame siwo le wo me dzi la, aɖe vi na mí le mɔ eve ya teti nu. Gbã, ana míakpɔe be menye míawo koe le nɔnɔme sesẽwo me tom o. Ame aɖewo hã to eme kpɔ eye Yehowa kpe ɖe wo ŋu wodo dzi. (1 Pet. 5:9) Evelia, ana míade dzesi nu siwo akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe míaƒe kuxiwo nu ale be míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm.—Rom. 15:4.
5. Ame kawo dzie Yehowa tona fiaa mɔ mí?
5 Yehowa toa mía nɔviwo hã dzi fiaa mɔ mí.b Le kpɔɖeŋu me, nutome sue dzikpɔlawo srãa hamewo kpɔna edziedzi dea dzi ƒo na nɔviawo. Woƒe nuƒowo doa ŋusẽ míaƒe xɔse eye wokpena ɖe mía ŋu be míayi edzi awɔ ɖeka. (Dɔw. 15:40–16:5) Hamemetsitsiwo hã kua kutri vevie be yewoakpe ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu be mía kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli. (1 Pet. 5:2, 3) Dzilawo fiaa nu wo viwo be woalɔ̃ Yehowa, woanya ale si woatso nya me nyuie, woatu nɔnɔme nyuiwo ɖo, eye wòalé fɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu. (Lod. 22:6) Nenema kee nɔvinyɔnu tsitsiwo hã ɖoa kpɔɖeŋu nyui na ɖetugbuiwo, woɖoa aɖaŋu nyuiwo na wo eye wodea dzi ƒo na wo.—Tito 2:3-5.
6. Nu kae míawɔ be Yehowa ƒe mɔfiamewo naɖe vi na mí?
6 Edze ƒãa be Yehowa na nu sia nu si míehiã be míatso nya me nyuie eye míakpɔ dzidzɔ le agbe me la mí. Aleke míate ŋu aɖee afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo wɔm wòle na mí ŋu? Lododowo 3:5, 6 gblɔ be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, eye mègaɖo ŋu ɖe wò ŋutɔ wò gɔmesese ŋu o.” Ne míewɔe alea la, ‘ana míaƒe mɔwo nadzɔ,’ si fia be akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na kuxi geɖe eye míakpɔ dzidzɔ le agbe me. Míedaa akpe be Yehowa nya mí nyuie helɔ̃ mí ale gbegbe be wòɖoa aɖaŋu siwo aɖe vi na mía dometɔ ɖe sia ɖe la na mí!—Ps. 32:8.
YEHOWA KPƆA MÍAƑE NUHIAHIÃWO GBƆ NA MÍ
7. Mɔ kawo nue Yehowa kpɔa míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí le? (Filipitɔwo 4:19)
7 Xlẽ Filipitɔwo 4:19. Tsɔ kpe ɖe mɔfiame siwo Yehowa nana mí ŋu la, eyrana ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi ale be míekpɔa nuɖuɖu, nudodo kple mlɔƒe. (Mat. 6:33; 2 Tes. 3:12) Ele dzɔdzɔme nu be míatsi dzi ɖe míaƒe nuhiahiãwo ŋu, gake Yehowa de dzi ƒo na mí be míagatsi dzimaɖi fũu akpa ɖe nu siawo ŋu o. (Mat. 6:25) Nu ka tae? Elabena mía Fofo la magblẽ esubɔla wɔnuteƒewo ɖi le hiãɣi gbeɖe o. (Mat. 6:8; Heb. 13:5) Míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí abe ale si wògblɔe ene.
8. Nu kae Yehowa wɔ na David?
8 Bu ale si Yehowa kpe ɖe David ŋui ŋu kpɔ. Esi David nɔ sisim le Saul nu la, Yehowa kpɔ eya kple eŋumewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo le ɣeyiɣi sesẽ mawo katã me. Esi David de ŋugble le ale si Yehowa lé be nɛ le ɣeyiɣi mawo me ŋu la, egblɔ be: “Menɔ ɖevime tsã, azɔ metsi, ke nyemekpɔ wogblẽ ame dzɔdzɔe ɖi loo, alo be viawo ɖo abologbe kpɔ o.” (Ps. 37:25) Abe David ene la, wò hã ànya kpɔ ale si Yehowa lé be na esubɔla wɔnuteƒewo hekpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ le ɣeyiɣi sesẽwo me la teƒe.
9. Aleke Yehowa kpɔa eƒe amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo egbea ne afɔku dzɔ? (Kpɔ fotoawo hã.)
9 Yehowa kpɔa eƒe amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo ne afɔku dzɔ. Esi dɔ to le Yerusalem le ƒe alafa gbãtɔ me la, Kristotɔ siwo le teƒe bubuwo ɖo kpekpeɖeŋununanawo ɖe nɔvi siwo hiã tu. (Dɔw. 11:27-30; Rom. 15:25, 26) Egbea hã, Mawu ƒe amewo kpena ɖe wo nɔewo ŋu. Ne afɔku dzɔ la, Yehowa ʋãa eƒe amewo wotsona kpla ɖoa nuɖuɖu, tsi, nudodo, atikewo kple nuhiahiã bubuwo ɖe nɔvi siwo dzi afɔkua dzɔ ɖo. Nɔvi siwo wɔa xɔtudɔwo yina vae dzraa Fiaɖuƒe Akpata kple nɔviwo ƒe aƒe siwo ŋu nu gblẽ lea ɖo. Azɔ hã Yehowa ƒe amewo melalana kura o, wozãa Ŋɔŋlɔawo tsɔ dea dzi ƒo na ame siwo dzi afɔkua dzɔ ɖo hefaa akɔ na wo.c
Aleke Yehowa faa akɔ na mí ne afɔku dzɔ? (Kpɔ memama 9)e
10-11. Nu kae nèsrɔ̃ tso Borys ƒe nuteƒekpɔkpɔa me?
10 Yehowa kpɔa ame siwo mesubɔnɛ o hã ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo dɔmenyotɔe. Nenema kee míawo hã míedia mɔ siwo dzi míato anyo dɔme na ame siwo mesubɔa Yehowa o. (Gal. 6:10) Esia nana woƒoa nu nyui tso mía ŋu eye wodina be yewoasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu. Aleae wònɔ le Borys si nye sukutatɔ le Ukraine gome. Togbɔ be Borys menye Yehowa Ðasefo o hã la, ewɔa nu ɖe eƒe sukuvi Ðasefowo ŋu nyuie ɣesiaɣi eye wòdea bubu woƒe dzixɔsewo ŋu. Esi aʋa dzɔ le dukɔa me la, eɖoe be yeasi ayi dukɔa ƒe akpa si le dedie wu, eye Ðasefowo kpe ɖe ŋu. Emegbe Borys de Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia. Esi Borys bu nu siwo katã nɔviwo wɔ nɛ ŋu la, egblɔ be: “Ðasefoawo tsɔ ɖe le eme nam vevie eye wolé be nam. Mele akpe manyagblɔ dam na Yehowa Ðasefowo.”
11 Míawo hã míate ŋu asrɔ̃ mía Fofo si le dziƒo aɖe lɔlɔ̃ afia ame siwo hiã tu, woɖanye Yehowa subɔlawo alo womeɖanyee o. (Luka 6:31, 36) Míele mɔ kpɔm be lɔlɔ̃ si míaɖe afia amewo naʋã wo woadi be yewoasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu ahasubɔe. (1 Pet. 2:12) Aleke kee wòɖale o, míawo ya míakpɔ dzidzɔ si dona tso nunana me.—Dɔw. 20:35.
YEHOWA KPƆA MÍA TA
12. Ŋugbe kae Yehowa do na eƒe amewo? (Psalmo 91:1, 2, 14)
12 Xlẽ Psalmo 91:1, 2, 14. Egbea, Yehowa do ŋugbe be yeakpɔ yeƒe amewo ta ale be naneke nagagblẽ ƒomedodo si le mía kpli ye dome o. Maɖe mɔ Satana nagblẽ tadedeagu dzadzɛa me gbeɖe o. (Yoh. 17:15) Ne “xaxa gã la” fe ati la, míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Yehowa awɔ ŋugbe si wòdo la dzi akpɔ eƒe amewo ta ale be woƒe xɔse me nagagbɔdzɔ o, eye wòaɖe wo.—Nyaɖ. 7:9, 14.
13. Mɔ kawo dzie Yehowa tona kpɔa esubɔla ɖekaɖekawo ta?
13 Aleke Yehowa kpɔa esubɔla ɖekaɖekawo tae? Etoa Ŋɔŋlɔawo dzi kpena ɖe mía ŋu be míade dzesi nu si nye nyui kple vɔ̃. (Heb. 5:14) Ne míenɔa agbe ɖe mɔfiame siwo le eƒe Nyaa me nu la, esia ana míakpɔ mía kplii dome ƒomedodoa ta eye míatso nya me nyuie si ana míakpɔ dzidzɔ ahanɔ lãmesẽ me. (Ps. 91:4) Azɔ hã, Yehowa toa hamea dzi kpɔa mía ta. (Yes. 32:1, 2) Mía nɔvi siwo le hamea me lɔ̃ Yehowa eye wowɔna ɖe eƒe mɔfiamewo dzi. Eya ta ne míedea ha kpli wo le kpekpeawo kple gbeadzi eye míeɖea modzaka kpli wo la, wodoa ŋusẽ mí be míaƒo asa na nuwɔna gbegblẽwo.—Lod. 13:20.
14. (a) Nu ka tae Mawu meɖea eƒe amewo tso xaxa ɖe sia ɖe me o? (b) Kakaɖedzinya kae le Psalmo 9:10 na mí? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)
14 Le blema la, Yehowa kpɔ eƒe amewo ta ɣeaɖewoɣi ale be amewo nagawɔ nuvevi wo alo awu wo o. Gake menye ɣesiaɣie wòwɔe nenema o. ‘Nuɖiɖeamewo’ wɔe be eƒe amewo kpe fu ɣeaɖewoɣi. (Nyagb. 9:11) Be Yehowa naɖee afia be Satana nye alakpatɔ la, eɖe mɔ woti esubɔla aɖewo yome eye wowu ɖewo gɔ̃ hã. (Hiob 2:4-6; Mat. 23:34) Nu siawo ate ŋu adzɔ ɖe míawo hã dzi egbea. Togbɔ be ɣeaɖewoɣi Yehowa maɖe míaƒe xaxawo ɖa o hã la, míate ŋu aka ɖe edzi be magblẽ ame siwo lɔ̃e la ɖi akpɔ gbeɖe o.d—Ps. 9:10.
YEHOWA FAA AKƆ NA MÍ
15. Aleke gbedodoɖa, Mawu ƒe Nyaa kple mía nɔvi Kristotɔwo faa akɔ na mí? (2 Korintotɔwo 1:3, 4)
15 Xlẽ 2 Korintotɔwo 1:3, 4. Ɣeaɖewoɣi míexaa nu, míetsia dzimaɖi eye nu tena ɖe mía dzi. Ðewohĩ èle nɔnɔme sesẽ aɖe me tom fifia si na nètsi akogo. Ðe ame aɖe nya ale si tututu nèle sesem le ɖokuiwò mea? Ɛ̃, Yehowa nya. Menye ɖeko wòsea veve ɖe mía nu ko evɔ o, ke ‘efaa akɔ na mí le míaƒe xaxawo katã me’ hã. Aleke wòwɔa esia? Ne míeƒo koko na Yehowa gblɔ míaƒe dzimenyawo nɛ la, enaa “ŋutifafa si ƒo gɔmesesewo katã ta” la mí. (Flp. 4:6, 7) Ne míexlẽ Yehowa ƒe Nya Biblia la, efaa akɔ na mí. Mawu ƒe Nyaa na míenya ale si gbegbe Yehowa lɔ̃ mí, efiaa ale si míawɔ adze nunya la mí, eye wònaa mɔkpɔkpɔ mí. Le kpekpeawo la, míedea ha tuameɖowo kple mía nɔviwo eye míesea Biblia me nuƒo siwo dea dzi ƒo na mí hefaa akɔ na mí.
16. Nu kae nèsrɔ̃ tso nu si dzɔ ɖe Nathan kple Priscilla dzi la me?
16 Nu si dzɔ ɖe atsu kple asi siwo nye Nathan kple Priscilla, siwo le Amerika, dzi ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si Yehowa toa eƒe Nyaa dzi faa akɔ na mí hedea dzi ƒo na mí. Ƒe aɖewo va yi la, woɖoe be yewoaʋu ayi afi si Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe hiã le. Nathan gblɔ be: “Míeka ɖe edzi be Yehowa ayra ɖe míaƒe ɖoɖoa dzi.” Esi wovae ɖo anyigbamamaa me la, lãmegbegblẽ kple ganyawo ɖe fu na wo. Mlɔeba, eva hiã be atsu kple asi siawo natrɔ agbɔ va aƒe, gake esi wotrɔ gbɔ hã la, ganyawo yi edzi nɔ fu ɖem na wo. Nathan gblɔ be: “Nyemenya nu si tae Mawu meyra mí abe ale si míenɔ mɔ kpɔm ene o. Meva nɔ ɖokuinye biam gɔ̃ hã be, ‘Ðe mewɔ nu gbegblẽ aɖea?’” Gake esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, Nathan kple Priscilla va de dzesii be Mawu megblẽ yewo ɖi o. Nathan gblɔ be: “Le ɣeyiɣi sesẽ mawo katã me la, Biblia nɔ na mí abe xɔlɔ̃ nyui aɖe si de dzi ƒo na mí hefia mɔ mí ene. Míaƒe susu va nɔ ale si Yehowa nɔ kpekpem ɖe mía ŋu be míado dzi ŋu, ke menye xaxaawo ŋu o. Esia na míeva ka ɖe edzi be Yehowa akpɔ mía ta le xɔse ƒe dodokpɔ siwo ava mía dzi le etsɔme hã me.”
17. Mɔ ka dzie Yehowa to fa akɔ na nɔvinyɔnu Helga? (Kpɔ fotoa hã.)
17 Míate ŋu akpɔ akɔfafa tso mía nɔvi Kristotɔwo hã gbɔ. Le mɔ ka nu? Bu nɔvinyɔnu Helga si le Hungary ƒe nuteƒekpɔkpɔa ŋu kpɔ. Eto kuxi sesẽwo me ƒe geɖe, si na nu tena ɖe edzi eye wòsusuna be yemele ɖeke me o. Gake ne eɖo ŋku nu siwo dzɔ le ƒe mawo me dzi la, ekpɔnɛ be Yehowa to hamea dzi fa akɔ na ye. Egblɔ be: “Ne nye dɔwɔɖuia, beléle na vinye si ƒe lãme gblẽ, kple kuxi bubuwo wɔe be ŋusẽ vɔ le ŋunyea, Yehowa dea dzesii hedoa ŋusẽm ɣesiaɣi. Le ƒe blaetɔ̃ siwo katã va yi mea, Yehowa wɔ eƒe ŋugbedodo dzi fa akɔ nam. Ŋkeke aɖeke meva yi kpɔ si mewɔ esia o. Eʋãa nɔviwo wogblɔa nya tuameɖowo kple dzideƒonyawo tsɔ doa ŋusẽm zi geɖe. Nɔvi aɖewo hã ŋlɔa akɔfanyawo kple kafukafunyawo ɖe fon alo agbalẽvi dzi ɖona ɖem, eye zi geɖea, esiawo vana ɖe ɣeyiɣi si tututu mehiã nɛ dzi.”
Aleke Yehowa ate ŋu ato dziwò afa akɔ na amewo? (Kpɔ memama 17)
18. Aleke míate ŋu afa akɔ na amewo?
18 Mɔnukpɔkpɔ su mía si be míasrɔ̃ mía Mawu la afa akɔ na amewo. Aleke míate ŋu awɔ esiae? Míate ŋu aɖo to wo dzigbɔɖitɔe, míaƒo nu na wo veveseɖeamenutɔe, eye míawɔ nanewo atsɔ akpe ɖe wo ŋu dɔmenyotɔe. (Lod. 3:27) Ele be míaɖoe kplikpaa afa akɔ na ame siwo katã le fu kpem, ame siwo mele Mawu subɔm kpli mí haɖe o hã le eme. Ne ku dzɔ ɖe míaƒe aƒelikawo dzi, wodze dɔ alo wotsi dzimaɖi la, míayi avae srã wo kpɔ, míaɖo to wo eye míagblɔ dzideƒonyawo tso Biblia me na wo. Ne míesrɔ̃ Yehowa, si nye “akɔfafawo katã ƒe Mawu” la, menye ɖeko míakpe ɖe mía nɔvi haxɔsetɔwo ŋu woado dzi le woƒe xaxawo me ko o, ke míakpe ɖe ame siwo mesubɔa Yehowa o hã ŋu woadi be yewoasrɔ̃ nu tso eyama ŋu.—Mat. 5:16.
YEHOWA LI NA MÍ ƔESIAƔI
19. Nu kawoe Yehowa wɔna na mí, eye aleke míate ŋu asrɔ̃e?
19 Yehowa tsɔa ɖe le eme na ame siwo lɔ̃e la vevie. Ne míele kuxiwo alo xaxawo me tom la, megblẽa mí ɖi o. Ale si ko dzila lɔ̃amewo léa be na wo viwo la, nenema kee Yehowa léa be na esubɔla wɔnuteƒewo hã. Efiaa mɔ mí, ekpɔa míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí, ekpɔa mía ta, eye wòfaa akɔ na mí. Míesrɔ̃a mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la ne míekpena ɖe amewo ŋu hedea dzi ƒo na wo le woƒe xaxawo me. Togbɔ be kuxiwo kple dzigbãnyawo ava mía dzi ɣeaɖewoɣi hã la, míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Yehowa li kpli mí. Eya ŋutɔ do ŋugbe be: “Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò.” (Yes. 41:10) Aleke gbegbee nya siawo faa akɔ na amee nye esi! Nyateƒee, Yehowa megblẽ mí ɖi kpɔ o.
HADZIDZI 100 Miwɔ Amedzro Na Wo
a Kpɔ nyati si nye “Wɔ Nyametsotso Siwo Dea Bubu Mawu Ŋu” si dze le April 15, 2011 ƒe Gbetakpɔxɔ me.
b Kpɔ nyati si nye “Yi Edzi Nàwɔ Ðe Yehowa Ƒe Mɔfiamewo Dzi” si dze le February 2024 ƒe Gbetakpɔxɔ me, memama 11-14.
c Àte ŋu akpɔ ale si Yehowa ƒe amewo wɔa esia le míaƒe nyatakakadzraɖoƒea. Ʋu jw.org eye nàŋlɔ “kpekpeɖeŋunadɔwo” ɖe nyadiƒea.
d Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si dze le February 2017 ƒe Gbetakpɔxɔ me.
e NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Habɔbɔa wɔ ɖoɖo wotsɔ kpekpeɖeŋununanawo yi na nɔvi siwo dzi afɔku dzɔ ɖo le Malawi, eye wole dzi dem ƒo na wo.