INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w25 May axa 20-25
  • Nu Si Tae Mawu Ƒe Ŋkɔa Le Vevie Na Yesu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Si Tae Mawu Ƒe Ŋkɔa Le Vevie Na Yesu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “MENA WONYA WÒ ŊKƆ LA”
  • “WÒ ŊUTƆ WÒ ŊKƆ SI NÈNAM”
  • “FOFO, DO WÒ ŊKƆ ÐE DZI”
  • “METSƆ NYE AGBE ÐO ANYI”
  • “MEWU DƆ SI NÈTSƆ NAM BE MAWƆ LA NU”
  • Nu Si Tae Mawu Ƒe Ŋkɔa Le Vevie Na Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • “Mikafu Yehowa Ƒe Ŋkɔ”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Nu Kawoe Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Tafe Ƒe Ðoɖoa Me?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • “Mitia Ame Si Subɔ Ge Miala”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
w25 May axa 20-25

NUSƆSRƆ̃NYATI 22

HADZIDZI 15 Mikafu Yehowa Ƒe Ŋgɔgbevi La!

Nu Si Tae Mawu Ƒe Ŋkɔa Le Vevie Na Yesu

“Mena wonya wò ŋkɔ la, eye magana woanyae.”—YOH. 17:26.

TAÐODZINUA

Le nyati sia me la, míasrɔ̃ nu si Yesu wɔnɛ esi wògblɔ be yena wonya Yehowa ƒe ŋkɔa, eye míakpɔ ale si wòkɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu heʋli etae.

1-2. (a) Nu kae Yesu wɔ le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me? (b) Nu ka me míadzro le nyati sia me?

YAWOÐAGBE ɣetrɔ le Nisan 14 lia ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) me la, Yesu kple eƒe apostolo wɔnuteƒeawo ɖu fiẽnuɖuɖu tɔxɛ aɖe. Enyae be eteƒe madidi o Yuda ade ye asi, woadrɔ̃ ʋɔnu ye, woabu fɔ ye, woawɔ funyafunya ye, eye mlɔeba woawu ye. Eya ta esi woɖu nua vɔ la, egblɔ nya aɖewo tsɔ de dzi ƒo na eƒe apostoloawo. Hafi woadzo la, Yesu do gbe ɖa. Nya siwo wògblɔ le gbedodoɖaa me la le vevie ŋutɔ. Apostolo Yohanes ŋlɔ gbedodoɖa ma me nyawo ɖi; edze le Yohanes Ta 17 lia.

2 Le nyati sia me la, míasrɔ̃ nu tso Yesu ƒe gbedodoɖa ma ŋu eye míakpɔ nu siwo ŋu wòanya tsi dzi ɖo ɣemaɣi. Nu kae nɔ vevie nɛ esime wònɔ anyigba dzi? Na míakpɔe ɖa.

“MENA WONYA WÒ ŊKƆ LA”

3. Nya kae Yesu gblɔ tso Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu, eye nu kae eƒe nyawo fia? (Yohanes 17:​6, 26)

3 Yesu gblɔ le gbedodoɖa me be: “Mena wonya wò ŋkɔ la.” Egblɔ zi eve sɔŋ be yena yeƒe nusrɔ̃lawo nya Yehowa ƒe ŋkɔa. (Xlẽ Yohanes 17:​6, 26.) Eƒe nyawo gɔme ɖe? Ðe esia fia be ena wonya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa ko evɔa? Yudatɔwoe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nye, eya ta wonya Yehowa ƒe ŋkɔa xoxo. Ŋkɔ ma dze zi akpe geɖe le Hebri Ŋɔŋlɔawo me. Eya ta nu si Yesu ƒe nyawo fiae nye be yena wonya Mawu si ƒomevi Yehowa nye. Yesu kpe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu wonya Yehowa nyuie. Ekpe ɖe wo ŋu wonya Yehowa ƒe tameɖoɖowo, eƒe dɔwɔnawo, kple eƒe nɔnɔme lédzinamewo le mɔ si ame aɖeke mefia wo le kpɔ o nu.

4-5. (a) Nu kae wòfia be woanya ame aɖe nyuie wu? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu. (b) Nu kae kpe ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ŋu wova de asixɔxɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu geɖe wu?

4 Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be hamemetsitsi aɖe si ŋkɔe nye David le miaƒe hamea me eye wònye ɖɔkta. Ƒe geɖee nye esia nènyae le hamea me. Gbe ɖeka èdze dɔ vevie eye wòhiã be ɖɔkta aɖe nakpɔ gbɔwò kpata. Wokɔ wò yi kɔdzi; sigbeɖe afi mae hamemetsitsi ma wɔa dɔ le eye eyae kpɔ gbɔwò nèhaya. Fifia èva lɔ̃ nɔvi ma geɖe wu! Eye ne èse eƒe ŋkɔ la, èɖoa ŋku nu si wòwɔ na wò la dzi. Hamemetsitsi si nènya xoxoxo la koe David nye gake tso ema dzi la, ènyae hã be enye ɖɔkta bibi aɖe si xɔ wò ɖe agbe.

5 Nenema kee Yesu ƒe nusrɔ̃lawo hã nya Yehowa ƒe ŋkɔa xoxo. Gake Yesu to eƒe subɔsubɔdɔa dzi kpe ɖe wo ŋu wogava nya Yehowa nyuie wu hedea asixɔxɔ eŋu geɖe wu. Nu ka tae míegblɔe alea? Elabe Yesu to eƒe nuƒoƒo kple nuwɔnawo dzi ɖe Fofoa ƒe nɔnɔmewo fia. Eya ta esi apostoloawo lé ŋku ɖe ale si Yesu wɔ nu ɖe amewo ŋui ŋu heɖo to eƒe nufiafiawo la, wova ‘nya’ Yehowa nyuie wu.—Yoh. 14:9; 17:3.

“WÒ ŊUTƆ WÒ ŊKƆ SI NÈNAM”

6. Nu kae Yesu wɔnɛ esi wògblɔ be Yehowa tsɔ eƒe ŋkɔ na ye? (Yohanes 17:​11, 12)

6 Yesu do gbe ɖa ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ta be: “Kpɔ wo ta le wò ŋutɔ wò ŋkɔ si nènam la ta.” (Xlẽ Yohanes 17:​11, 12.) Ðe esia fia be woayɔ Yesu fifia be Yehowa? Ao. De dzesii be le Yesu ƒe gbedodoɖaa me la, egblɔ tso ŋkɔ Yehowa ŋu be “wò ŋutɔ wò ŋkɔ.” Eya ta Yehowa ƒe ŋkɔa meva zu Yesu tɔ o. Ne nyaa le alea, ke nu kae Yesu wɔnɛ esi wògblɔ be Mawu tsɔ eƒe ŋkɔ na ye? Gbã, Yesu nye Yehowa teƒenɔla kple eƒe Nyanuɖela. Yesu va le Fofoa ƒe ŋkɔ me, eye Fofoa ƒe ŋkɔ mee wòwɔ nukunu geɖewo le. (Yoh. 5:43; 10:25) Azɔ hã, Yesu ƒe ŋkɔa gɔmee nye “Yehowa Nye Xɔname.” Eya ta eme kɔ ƒãa be Mawu ƒe ŋkɔa dze le Yesu ƒe ŋkɔa hã me.

7. Nu ka tae Yesu te ŋu ƒo nu le Yehowa ƒe ŋkɔ me? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

7 Be nàse nu si wòfia be woaƒo nu le ame aɖe ƒe ŋkɔ me gɔme la, bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Dukplɔla ate ŋu adɔ dukɔteƒenɔla be wòanɔ ye teƒe aƒo nu. Eya ta ne dukɔteƒenɔlaa yi ɖaƒo nu la, kpekpeme nɔa eƒe nyaa ŋu abe dukplɔlaa tɔ ke ene. Nenema kee Yesu hã nɔ Yehowa teƒe ƒo nu le Yehowa ƒe ŋkɔ me.—Mat. 21:9; Luka 13:35.

8. Hafi Yesu nava anyigba dzi la, nu ka tae Yehowa gblɔ be ‘yeƒe ŋkɔ le eŋu’? (2 Mose 23:​20, 21)

8 Biblia yɔ Yesu be Nya la, elabena Yehowa zãnɛ wògblɔa eƒe nyawo kple mɔfiamewo na mawudɔlawo kple amegbetɔwo siaa. (Yoh. 1:​1-3) Anɔ eme be Yesue nye mawudɔla si Yehowa dɔ be wòalé be na Israel-viwo esime wonɔ gbea dzi. Esi Yehowa gblɔ na Israel-viwo be woaɖo to mawudɔla ma la, egblɔ hã be: “Elabena nye ŋkɔ le eya amea ŋu.”a (Xlẽ 2 Mose 23:​20, 21.) Yehowa te ŋu gblɔ nya ma elabe Yesu nye eteƒenɔla. Azɔ hã, Yesu koŋue nye ame si ɖo kpe edzi be Yehowa wɔa nu dzɔdzɔe ɣesiaɣi eye wòle kɔkɔe.

“FOFO, DO WÒ ŊKƆ ÐE DZI”

9. Aleke gbegbee Yehowa ƒe ŋkɔa nɔ vevie na Yesu? Ðe eme.

9 Abe ale si míegblɔe va yi ene la, hafi Yesu nava anyigba dzi gɔ̃ hã, Yehowa ƒe ŋkɔa nɔ vevie nɛ ŋutɔ. Eya ta mewɔ nuku o be esi Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖee fia le nu sia nu si wòwɔ me be Yehowa ƒe ŋkɔe nye nu vevitɔ na ye. Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ƒe nuwuwu lɔƒo la, egblɔ be: “Fofo, do wò ŋkɔ ɖe dzi.” Kasia, Fofoa ƒe gbe ɖi abe dziɖegbe ene tso dziƒo gblɔ be: “Medoe ɖe dzi, eye magadoe ɖe dzi ake.”—Yoh. 12:28.

10-11. (a) Aleke Yesu do Yehowa ƒe ŋkɔa ɖe dzi? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.) (b) Nu ka tae wòhiã be woakɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu ahaʋli eta?

10 Yesu ŋutɔ hã do Fofoa ƒe ŋkɔ ɖe dzi. Le mɔ ka nu? Mɔ aɖe si dzi wòto wɔ esiae nye be eɖe Yehowa ƒe nɔnɔme nyoameŋuawo kple nu dzɔtsu siwo wòwɔ la fia amewo. Gake Yesu gawɔ nu bubu aɖewo hã tsɔ do Fofoa ƒe ŋkɔ ɖe dzi. Ehiã be wòakɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu eye wòaʋli eta.b Yesu ɖe ale si gbegbe esia le vevie fia le kpɔɖeŋugbedodoɖa si wòfia eyomedzelawo me. Egblɔ be: “Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.”—Mat. 6:9.

11 Nu ka tae wòle be woakɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu ahaʋli eta? Susu si tae nye be Satana Abosam gblẽ Yehowa Mawu ƒe ŋkɔa ŋu hedo vloe le Eden-bɔa me. Satana tsɔ nya ɖe Yehowa ŋu be enye alakpatɔ eye wòtea nu nyuiwo Adam kple Xawa. (1 Mose 3:​1-5) Satana ƒe nyawo fia be Yehowa mewɔa nuwo le mɔ nyuitɔ nu o. Alakpanya siwo Satana gblɔ tso Yehowa ŋu ate ŋu ana amewo nabu susu vɔ̃wo ɖe Yehowa ŋu. Emegbe le Hiob ƒe ŋkekeawo me la, Satana tsɔ nya ɖe ame siwo le Yehowa subɔm ŋu be viɖe siwo kpɔm wole tso egbɔ ta koe wole esubɔm ɖo. Alakpatɔ vɔ̃ɖi ma gblɔ hã be amewo adzudzɔ Yehowa subɔsubɔ ne wova le nɔnɔme sesẽwo me tom, elabe womelɔ̃e ŋutɔŋutɔ o. (Hiob 1:​9-11; 2:4) Ehiã ɣeyiɣi be woakpɔ ame si tututu nye alakpatɔa, Yehowa alo Satana?

Yesu le Todzimawunyaa gblɔm na ameha aɖe.

Yesu fia eyomedzelawo be ele vevie ŋutɔ be woakɔ Mawu ƒe ŋkɔa ŋu (Kpɔ memama 10)


“METSƆ NYE AGBE ÐO ANYI”

12. Nu kae Yesu lɔ̃ faa wɔ le esi wòlɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔa ta?

12 Esi Yesu lɔ̃ Yehowa vevie ta la, edi be yeawɔ nu sia nu si yeate ŋui akɔ eƒe ŋkɔa ŋu ahaʋli eta. Egblɔ be: “Metsɔ nye agbe ɖo anyi.” (Yoh. 10:​17, 18) Ɛ̃, Yesu lɔ̃ gɔ̃ hã be yeaku ɖe Yehowa ƒe ŋkɔa ta.c Ame deblibo eve gbãtɔwo, Adam kple Xawa, trɔ megbe de Yehowa hewɔ ɖeka kple Satana. Gake Yesu ya lɔ̃ faa be yeava anyigba dzi ava ɖe ale si gbegbe yelɔ̃ Yehowae afia. Yesu ɖo to Yehowa bliboe le nu sia nu si wòwɔ me. (Heb. 4:15; 5:​7-10) Eyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa va se ɖe esime wòku le fuwɔameti ŋu. (Heb. 12:2) Eto esia dzi ɖee fia be yelɔ̃ Yehowa kple eƒe ŋkɔa vevie.

13. Nu ka tae Yesu ye nye ame si dze nyuie wu aɖee afia be Satana nye alakpatɔ? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

13 Ale si Yesu nɔ agbee na wòdze ƒãa be Satanae nye alakpatɔa, ke menye Yehowa o! (Yoh. 8:44) Ame aɖeke menya Yehowa nyuie de Yesu nu o. Eya ta ne ɖe nya siwo Satana tsɔ ɖe Yehowa ŋu ƒe ɖe nye nyateƒe la, anye ne Yesu nya. Gake esi Yesu nya be nya mawo katã nye alakpa ta la, eɖoe kplikpaa ʋli Yehowa ƒe ŋkɔa ta. Le ɣeyiɣi si me wòdze abe ɖe Yehowa gblẽ Yesu ɖi ene kura gɔ̃ hã la, Yesu lɔ̃ faa be yeaku ɖe Yehowa ƒe ŋkɔa ta tsɔ wu be yeatrɔ megbe ade ye Fofo lɔlɔ̃a.—Mat. 27:46.d

Yesu le fuwɔametia ŋu.

Yesu ƒe agbenɔnɔ na wòdze ƒãa be Satanae nye alakpatɔa, ke menye Yehowa o! (Kpɔ memama 13)


“MEWU DƆ SI NÈTSƆ NAM BE MAWƆ LA NU”

14. Aleke Yehowa ɖo Yesu ƒe nuteƒewɔwɔa teƒe nɛ?

14 Le gbe si Yesu do ɖa le zã mamlɛtɔ si do ŋgɔ na eƒe ku me la, egblɔ be: “Mewu dɔ si nètsɔ nam be mawɔ la nu.” Eka ɖe Yehowa dzi be aɖo yeƒe nuteƒewɔwɔa teƒe na ye. (Yoh. 17:​4, 5) Eye esɔ be wòwɔe nenema. Elabena Yehowa mena wòtsi yɔdo me o. (Dɔw. 2:​23, 24) Efɔ Yesu ɖe tsitre eye wòna ɖoƒe kɔkɔ eyama le dziƒo. (Flp. 2:​8, 9) Mlɔeba, Yesu va zu Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia eye wòte dziɖuɖu. Nu kae Fiaɖuƒea awɔ? Yesu ɖo nya ma ŋu le kpɔɖeŋugbedodoɖaa me be: “Wò Fiaɖuƒe nava. Wò [Yehowa ƒe] lɔlɔ̃nu nava eme le anyigba dzi abe ale si wòle le dziƒo ene.”—Mat. 6:10.

15. Nu bubu kawoe Yesu awɔ?

15 Eteƒe madidi o, Yesu aho aʋa ɖe eƒe futɔwo ŋu eye wòatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo le Armagedon-ʋaa me. (Nyaɖ. 16:​14, 16; 19:​11-16) Le ema megbe kpuie la, atsɔ Satana aƒu gbe ɖe “aʋli” me, si fia be axɔ ŋusẽ le esi eye magate ŋu awɔ naneke o. (Nyaɖ. 20:​1-3) Le Yesu ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, ahe ŋutifafa ava anyigba bliboa dzi eye wòakpe ɖe ameƒomea ŋu woade blibo. Afɔ ame kukuwo ɖe tsitre eye wòana anyigba bliboa nazu paradiso. Ɣemaɣi la, Yehowa ƒe tameɖoɖoa ava eme bliboe!—Nyaɖ. 21:​1-4.

16. Aleke nuwo anɔ le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu?

16 Aleke nuwo anɔ le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu? Nu vɔ̃ kple blibomademade nu ayi keŋkeŋ. Magahiã be ameƒomea nabia be Mawu nato tafea dzi atsɔ yewoƒe nu vɔ̃ ake yewo o. Azɔ hã míagahiã domenɔla aɖeke hafi mía kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli o. ‘Woaɖe futɔ mamlɛtɔ, si nye ku si ƒe dome míenyi tso Adam gbɔ, la ɖa.’ Yɔdowo atsi ƒuƒlu, elabe woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre. Mlɔeba, ame sia ame si le anyigba dzi ade blibo.—1 Kor. 15:​25, 26.

17-18. (a) Nu kae aɖe dzesi le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu? (b) Nu kae Yesu awɔ ne ɣeyiɣi si wonae be wòaɖu dzi la wu enu? (1 Korintotɔwo 15:​24, 28) (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

17 Nu bubu kawoe adzɔ le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu? Nu vevi aɖe adze ƒãa. Tso ɣemaɣi la, ame aɖeke magake ɖi be Yehowa nye Mawu kɔkɔetɔ kple dzɔdzɔetɔ o. Nu ka tae? Nu si tae nye be le Eden-bɔa me la, Satana tsɔ nya ɖe Yehowa ŋu be enye alakpatɔ eye be meɖua amegbetɔwo dzi le lɔlɔ̃ me o. Gake ame siwo lɔ̃ Yehowa hesubɔnɛ la yi edzi kɔ eƒe ŋkɔa ŋu eye wodea bubu deto eŋu. Eya ta le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu ƒe nuwuwu la, Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu akɔ keŋkeŋ. Adze ƒãa be Fofo lɔ̃amee wònye eye ɖikeke aɖeke manɔ esia ŋu o.

18 Le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu la, ame sia ame ava kpɔe kɔtɛ be nya siwo katã Satana tsɔ ɖe Yehowa ŋu nye alakpa sɔŋ. Nu kae Yesu awɔ ne ɣeyiɣi si wonae be wòaɖu dzi la wu enu? Ðe eya hã awɔ nu abe Satana ene adze aglã ɖe Yehowa ŋua? Kura o! (Xlẽ 1 Korintotɔwo 15:​24, 28.) Yesu atsɔ Fiaɖuƒea ade asi na Fofoa eye wòabɔbɔ ɖe Yehowa ƒe dziɖuɖu te. Ɛ̃, Yesu alɔ̃ faa atsɔ nu sia nu ade Yehowa si le esi wòlɔ̃e vevie ta; mawɔ nu abe Satana ene o.

Yesu le dziƒo, etsɔ eƒe fiakukua le asi dem na Yehowa.

Le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu la, Yesu alɔ̃ faa atsɔ Fiaɖuƒea ade asi na Yehowa (Kpɔ memama 18)


19. Aleke gbegbee Yehowa ƒe ŋkɔa le vevie na Yesu?

19 Mewɔ nuku o be Yehowa lɔ̃ faa tsɔ eƒe ŋkɔ na Yesu! Yesu ɖe ale si tututu Fofoa le la fia le mɔ deblibo nu. Eya ta aleke gbegbee Yehowa ƒe ŋkɔa le vevie na Yesu? Ele vevie nɛ wu nu sia nu. Elɔ̃ faa ku ɖe Yehowa ƒe ŋkɔa ta, eye le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu la, alɔ̃ faa atsɔ nu sia nu ade Fofoa si. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua? Míakpɔ nya sia ƒe ŋuɖoɖo le nyati si kplɔe ɖo me.

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

  • Mɔ ka nue Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo nya Mawu ƒe ŋkɔa le?

  • Gɔmesese ka nue wotsɔ Yehowa ƒe ŋkɔa na Yesu le?

  • Nu kae Yesu lɔ̃ faa wɔ le Mawu ƒe ŋkɔa ta, eye nu ka tae?

HADZIDZI 16 Mikafu Yah Ðe Mesia Fiaɖuƒea Ta

a Ɣeaɖewoɣi la, mawudɔlawo hã nɔa Yehowa teƒe gblɔa eƒe gbedeasi na amewo. Eya ta Biblia gblɔna ɣeaɖewoɣi be Yehowa ƒo nu togbɔ be mawudɔlae ƒo nu hã. (1 Mose 18:​1-33) Togbɔ be Ŋɔŋlɔawo gblɔ be Mose xɔ Sea tso Yehowa gbɔ hã la, mawunyakpukpui bubuwo ɖee fia be mawudɔlawo dzie Yehowa to na Sea.—3 Mose 27:34; Dɔw. 7:​38, 53; Gal. 3:19; Heb. 2:​2-4.

b NYA AÐEWO ME ÐEÐE: Be “woakɔ nane ŋu” fia be woade bubu deto eŋu eye woabui be ele kɔkɔe. Be “woaʋli” ame aɖe ta fia be woazã kpeɖodzinyawo atsɔ aɖee afia be nya siwo gblɔm wole tso eŋu la nye alakpa eye be meɖi fɔ le nya siwo wotsɔ ɖe eŋu la me o.

c Yesu ƒe kua hã ʋu mɔ na ameƒomea be woakpɔ agbe mavɔ.

d Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si dze le April 2021 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 30-31.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe