NUSƆSRƆ̃NYATI 32
HADZIDZI 38 Yehowa Ana Nàsẽ Ŋu
Ale Si Yehowa Le Kpekpem Ðe Mía Ŋu Be Míado Dzi
‘Amenuvevewo katã ƒe Mawu la ana miali ke, ana miasẽ ŋu, ana mianɔ te sesĩe.’—1 PET. 5:10.
TAÐODZINUA
Le nyati sia me la, míakpɔ ɖoɖo siwo Yehowa wɔ tsɔ le kpekpem ɖe mía ŋu be míado dzi kple ale si míana ɖoɖo nyui siawo naɖe vi na mí.
1. Nu kawo mee wòhiã be míado dzi le, eye kpekpeɖeŋu kae li na mí? (1 Petro 5:10)
EHIÃ be Yehowa ƒe amewo nado dzi le ŋkeke mamlɛ sesẽ siawo me. Nu si tae nye be mía dometɔ aɖewo le avu wɔm kple dɔléle sesẽ aɖewo ɣeyiɣi didi aɖee nye esia. Mía nɔvi aɖewo ƒe lɔlɔ̃tɔwo ku eye wole nu xam vevie. Nɔvi aɖewo hã le yometiti sesẽwo me tom tso woƒe ƒometɔwo alo dziɖuɖuwo gbɔ. (Mat. 10:18, 36, 37) Nɔnɔme sesẽ ka ke me tom nèle o, ka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe ŋuwò nàyi edzi ado dzi.—Xlẽ 1 Petro 5:10.
2. Ame ka gbɔe wòtsona be míetea ŋu doa dzi?
2 Dzidodo nye ŋutete si le ame si be wòanɔ te sesĩe le xaxawo, yometitiwo, kple tetekpɔwo me eye wòalé mɔkpɔkpɔ me ɖe asi awɔ nuteƒe. Kristotɔ mate ŋu aɖo ŋu ɖe eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ ŋu ado dzi o. Ke boŋ Yehowa, ame si naa “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” mí gbɔe wòtsona be míedoa dzi. (2 Kor. 4:7) Le nyati sia me la, míadzro nu ene aɖewo siwo Yehowa na mí be woakpe ɖe mía ŋu míado dzi la me. Azɔ hã, míakpɔ ale si míawɔ nu siwo Yehowa na mí la ŋu dɔ be woaɖe vi na mí bliboe.
GBEDODOÐA
3. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be gbedodoɖa nye nu wɔnuku?
3 Yehowa na nunana wɔnuku aɖe mí si akpe ɖe mía ŋu míado dzi. Togbɔ be míenye nuvɔ̃mewo hã la, ewɔ ɖoɖo na mí be míate ŋu aƒo nu kpli ye. (Heb. 4:16) Wò ya bu eŋu kpɔ ko: Míate ŋu ado gbe ɖa na Yehowa ɣesiaɣi aƒo nu tso nu sia nu ŋu. Gbegbɔgblɔ ka kee míeɖado o, afi ka kee míeɖale o—eɖanye teƒe tsoabo aɖe alo gaxɔ me o—Yehowa ate ŋu ase míaƒe gbedodoɖa. (Yona 2:1, 2; Dɔw. 16:25, 26) Ne nu glo mí eye míenya nya si tututu míagblɔ gɔ̃ hã o la, Yehowa ate ŋu anya nu si míedi be míagblɔ. (Rom. 8:26, 27) Gbedodoɖa nye nunana wɔnuku vavã!
4. Aleke míewɔ nya be ne míedo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míado dzi la, aɖo to mí?
4 Yehowa ka ɖe edzi na mí le eƒe Nya la me be ‘nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple yeƒe lɔlɔ̃nu la, yeaɖo to mí.’ (1 Yoh. 5:14) Ðe míate ŋu abia Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míado dzia? Ɛ̃! Elabe esia wɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu. Nu ka tae míegblɔe alea? Ne míedo dzi le xaxawo me la, Yehowa ate ŋu aɖo nya ŋu na Satana Abosam si le alɔme ɖem le eŋu. (Lod. 27:11) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia gblɔ be Yehowa di vevie be ‘yeazã yeƒe ŋusẽ atsɔ axɔ na ame siwo ku ɖe ye ŋu kple woƒe dzi blibo.’ (2 Kron. 16:9) Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa di vevie be yeakpe ɖe mía ŋu míado dzi, eye ŋusẽ le eŋu be wòawɔe hã.—Yes. 30:18; 41:10; Luka 11:13.
5. Aleke gbedodoɖa ate ŋu ana míaƒe susu nadze akɔ anyi? (Yesaya 26:3)
5 Biblia gblɔ be ne míedo gbe ɖa vevie tso míaƒe dzimaɖitsitsiwo ŋu la, ‘Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ míaƒe dziwo kple míaƒe tamesusuwo ŋu.’ (Flp. 4:7) Wò ya bu nu si esia fia ŋu kpɔ. Ne ame siwo mele Yehowa subɔm o le nɔnɔme sesẽwo me tom la, wotoa mɔ vovovowo dzi be yewoana yewoƒe susu nadze akɔ anyi. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo zãa ŋugbledede ƒe mɔnu aɖe si ana woaɖe susu ɖa le nu sia nu ŋu, yewoƒe kuxiwo gɔ̃ hã. Ne ame aɖe ɖe susu ɖa le nu sia nu ŋu la, afɔku le eme, elabe esia ate ŋu aɖe mɔ na gbɔgbɔ vɔ̃wo. (Tsɔe sɔ kple Mateo 12:43-45.) Azɔ hã, ŋutifafa si Yehowa nana ne míedo gbe ɖa nɛ la de ŋgɔ sãsãsã wu ŋutifafa si ame aɖe akpɔ to ŋugbledede ƒe mɔnu aɖe dzi. Míeɖenɛ fiana be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe ne míedoa gbe ɖa nɛ, eye eya hã naa “ŋutifafa si nɔa anyi ɖaa” la mí. (Xlẽ Yesaya 26:3.) Mɔ aɖe si dzi Yehowa tona kpena ɖe mía ŋue nye be enana míeɖoa ŋku nyateƒenya fakɔname siwo míesrɔ̃ le eƒe Nyaa me dzi. Nyateƒenya mawo nana míekana ɖe edzi be Yehowa léa be na mí eye wòdi be eme nanyo na mí, si wɔnɛ be míeɖea dzi ɖi eye míaƒe susu dzea akɔ anyi.—Ps. 62:1, 2.
6. Aleke nàna gbedodoɖa ƒe mɔnu si Yehowa na mí la naɖe vi na wò bliboe? (Kpɔ fotoa hã.)
6 Nu si nàte ŋu awɔ. Ne èle xɔse ƒe dodokpɔwo me tom la, “dro wò agba ɖe Yehowa dzi” eye nàbia eƒe ŋutifafa. (Ps. 55:22) Do gbe ɖa nàbia nunya si nèhiã be nànya nu si wòle be nàwɔ le wò nɔnɔmea me. (Lod. 2:10, 11) Gake mègaŋlɔ akpedada na Yehowa be o. (Flp. 4:6) Dze agbagba nàde dzesi mɔ siwo dzi tom Yehowa le le kpekpem ɖe ŋuwò, eye nànɔ akpe dam nɛ ɖe eta. Mègana kuxiawo natsyɔ ŋku dzi na wò ale gbegbe be nàdo kpo yayrawo kpɔkpɔ o.—Ps. 16:5, 6.
Ne èle gbe dom ɖa la, efia be èle nu ƒom na Yehowa. Ne èle Biblia xlẽm la, efia be Yehowa hã le nu ƒom na wò (Kpɔ memama 6)b
MAWU ƑE NYAA
7. Aleke Biblia sɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi?
7 Yehowa na eƒe Nya la mí be wòakpe ɖe mía ŋu míado dzi. Biblia ƒe kpukpui gbogbo aɖewo na míekpɔe be Yehowa akpe ɖe mía ŋu godoo. Bu wo dometɔ ɖeka ŋu kpɔ. Yesu gblɔ le Mateo 6:8 be: “Mia Fofo la nya nu siwo le mia hiãm hafi mieva bianɛ gɔ̃ hã.” Yesu ye nye ame si nya Yehowa nyuie wu ame sia ame. Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be ne míele xaxawo me tom la, mía Fofo la nya eye akpe ɖe mía ŋu. Ŋugbedodo nyui geɖewo le Biblia me siwo na míeka ɖe edzi be Yehowa ado ŋusẽ mí ahakpe ɖe mía ŋu míado dzi.—Ps. 94:19.
8. (a) Gblɔ Biblia me aɖaŋuɖoɖo aɖe si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom. (b) Nu kae akpe ɖe mía ŋu míaɖo ŋku Biblia me gɔmeɖosewo dzi bɔbɔe?
8 Biblia me mɔfiamewo dzi wɔwɔ hã ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi. Susu si tae nye be nunya le eƒe mɔfiamewo me eye woate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie. (Lod. 2:6, 7) Le kpɔɖeŋu me, Biblia xlɔ̃ nu mí be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu gbe sia gbe, eye míadzudzɔ dzimaɖitsitsi ɖe etsɔ ŋu elabe ɖewohĩ nu siwo ŋu míele dzi tsim ɖo la madzɔ gɔ̃ hã o. (Mat. 6:34) Ne Ŋɔŋlɔawo xexlẽ edziedzi kple ŋugbledede le wo ŋu va zu numame na mí la, anɔ bɔbɔe na mí be míaɖo ŋku mɔfiameawo dzi ɣesiaɣi si wohiã mí.
9. Ne míexlẽ nu tso ale si Yehowa kpe ɖe esubɔla siwo nɔ anyi le blema ŋu la, vi kae wòɖena na mí?
9 Biblia ƒo nu tso ame geɖe siwo ƒe nɔnɔmewo sɔ kple mía tɔ la ŋu. Ame siawo ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye eya hã megblẽ wo ɖi o. (Heb. 11:32-34; Yak. 5:17) Ne míede ŋugble le ŋutinya siawo ŋu la, wonana míekana ɖe Yehowa dzi be eyae nye “míaƒe sitsoƒe kple míaƒe ŋusẽ, eyae nye xɔnametɔ si li ɖaa le xaxaɣiwo.” (Ps. 46:1) Ne míede ŋugble le ale si Mawu subɔla siwo nɔ anyi le blema do dzi hewɔ nuteƒe ŋu la, eʋãa mí be míasrɔ̃ woƒe xɔse kple dzidodo.—Yak. 5:10, 11.
10. Aleke nàwɔ be Mawu ƒe Nyaa naɖe vi na wò bliboe?
10 Nu si nàte ŋu awɔ. Xlẽ Biblia gbe sia gbe eye nàŋlɔ mawunyakpukpui siwo nèkpɔ be woaɖe vi na ye la ɖi. Ame geɖe hã kpɔe be ŋɔŋlɔawo me dzodzro gbe sia gbe nye mɔ nyui aɖe si dzi yewotona dzea ŋkekea gɔme kple Biblia me nya dedziƒonamewo. Ŋɔŋlɔawo me dzodzro gbe sia gbe ɖe vi na nɔvinyɔnu Marie,a vevietɔ esi ɖɔktawo kpɔ kansa le fofoa kple dadaa siaa ŋu. Nu kae kpe ɖe eŋu wòte ŋu do dzi esime wònɔ be lém na wo le woƒe ŋkeke ʋɛ mamlɛawo me? Marie gblɔ be: “Ŋdi sia ŋdi la, medzroa ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia me le Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe gbalẽvia me eye medea ŋugble le eŋu. Esia wɔe be nye susu nɔa Yehowa kple nu siwo mesrɔ̃ le eƒe Nyaa me ŋu tsɔ wu be manɔ kuxiawo ko ŋu bum.”—Ps. 61:2.
MÍA NƆVI KRISTOTƆWO
11. Ne míeɖo ŋku edzi be mía nɔvi bubuwo hã le dzi dom le woƒe kuxiwo me la, aleke esia ɖea vi na mí?
11 Yehowa na mía nɔvi Kristotɔwo mí be woakpe ɖe mía ŋu míado dzi. Míenya be menye míawo koe le fu kpem o, ke boŋ mía “nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo si le xexea me la hã le fukpekpe mawo ke me tom.” (1 Pet. 5:9) Esia fia be kuxi ka ke me tom míeɖale o, mía nɔvi aɖewo to eme kpɔ eye wodo dzi. Esia na míeka ɖe edzi be míawo hã míate ŋu ado dzi!—Dɔw. 14:22.
12. Mɔ kawo nue mía nɔvi Kristotɔwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le, eye aleke míawo hã míate ŋu akpe ɖe wo ŋu? (2 Korintotɔwo 1:3, 4)
12 Mía nɔvi Kristotɔwo ate ŋu ade dzi ƒo na mí be míayi edzi ado dzi. Nɔvi aɖewo wɔ esia na apostolo Paulo. Esi wosika Paulo ɖe aƒe me la, wogblɔ akɔfanyawo kple dzideƒonyawo nɛ eye wokpɔ eƒe hiahiã aɖewo hã gbɔ nɛ. Le esia ta la, Paulo yɔ nɔvi siawo ƒe ŋkɔwo ɖe eƒe lɛtawo me eye wòda akpe na wo. (Flp. 2:25, 29, 30; Kol. 4:10, 11) Egbea hã, mía nɔviwo li be yewoakpe ɖe mía ŋu míado dzi le nɔnɔme ɖe sia ɖe me. Nenema kee míawo hã míeli akpe ɖe wo ŋu le woƒe xaxawo me.—Xlẽ 2 Korintotɔwo 1:3, 4.
13. Nu kae kpe ɖe Nɔvinyɔnu Maya ŋu wòyi edzi le dzi dom?
13 Mía nɔviwo de dzi ƒo na Nɔvinyɔnu Maya si le Russia la ale gbegbe. Le ƒe 2020 me la, kpovitɔwo va ka eƒe aƒe me eye wokplɔe yi ʋɔnu hetso enu be ele eƒe dzixɔsewo gblɔm na amewo. Nɔvinyɔnu Maya gblɔ be: “Ɣemaɣi la, nu te ŋunye, metsi dzimaɖi eye melé blanui hã. Gake nɔviwo ƒo ka nam, woŋlɔ lɛta nam eye woŋlɔ nu to fon dzi ɖo ɖem heka ɖe edzi nam be yewolɔ̃m vevie. Menyae xoxo be ƒome gã si me tɔwo lɔ̃m vevie domee mele. Gake tso ƒe 2020 me la, meva ka ɖe esia dzi geɖe wu le nu siwo nɔviawo wɔ nam la ta.”
14. Nu kae míate ŋu awɔ si akpe ɖe mía ŋu míado dzi? (Kpɔ fotoa hã.)
14 Nu si nàte ŋu awɔ. Esi nèkpɔtɔ le dzi dom la, yi edzi nàku ɖe nɔviawo ŋu goŋgoŋ. Bia kpekpeɖeŋu tso hamemetsitsiawo gbɔ faa. Wole abe “sitsoƒe tso ya nu kple bebeƒe tso tsidzadza gã nu ene.” (Yes. 32:2) Ðo ŋku edzi be nɔviawo hã le dzi dom le nɔnɔme sesẽ vovovowo me. Ne ènyo dɔme na nɔvi aɖe si hã le xaxawo me tom la, àkpɔ dzidzɔ eye wò susu manɔ wò ɖeka wò kuxiwo ŋu fũu o.—Dɔw. 20:35.
Ku ɖe nɔviwò Kristotɔwo ŋu goŋgoŋ (Kpɔ memama 14)c
MÍAƑE MƆKPƆKPƆA
15. Aleke mɔkpɔkpɔ do ŋusẽ Yesu, eye aleke wòdoa ŋusẽ míawo hã? (Hebritɔwo 12:2)
15 Yehowa na mɔkpɔkpɔ vavã aɖe mí si akpe ɖe mía ŋu míado dzi. (Rom. 15:13) Ðo ŋku ale si mɔkpɔkpɔ kpe ɖe Yesu ŋu wòte ŋu do dzi le ɣeyiɣi sesẽtɔ kekeake le eƒe anyigba dzi gbenɔnɔ me la dzi. (Xlẽ Hebritɔwo 12:2.) Yesu nyae be ne yeyi edzi wɔ nuteƒe la, ana Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu nakɔ. Enɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me yeagawɔ ɖeka kple ye Fofo kple ɣeyiɣi si me ye nɔvi amesiaminawo ava wɔ ɖeka kpli ye le Dziƒofiaɖuƒea me. Nenema kee mɔkpɔkpɔ si le mía si be míava nɔ agbe tegbee le Mawu ƒe xexe yeyea me la kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi le nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe si Satana ƒe xexea he va mía dzi la me.
16. Aleke mɔkpɔkpɔ kpe ɖe nɔvinyɔnu aɖe ŋu wòdo dzi, eye nu kae nèsrɔ̃ tso eƒe nyawo me?
16 Bu ale si Fiaɖuƒe ƒe mɔkpɔkpɔa kpe ɖe nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Alla si le Russia ŋu kpɔ. Kpovitɔwo lé srɔ̃a hesikae ɖi do ŋgɔ na ɣeyiɣi si woava drɔ̃ eƒe nyaa. Alla gblɔ be: “Esi wòdzɔ alea la, gbedodoɖa tso míaƒe etsɔmemɔkpɔkpɔa ŋu kple ŋugbledede le eŋu kpe ɖe ŋunye be dzi meɖe le ƒonye nenema gbegbe o. Menya be nɔnɔme sesẽ siawo katã nu ava yi. Yehowa aɖu aʋa dzi eye wòaɖo eteƒe na mí.”
17. Aleke míaɖee afia be míedea asixɔxɔ mɔkpɔkpɔ si le mía si la ŋu? (Kpɔ fotoa hã.)
17 Nu si nàte ŋu awɔ. Di ɣeyiɣi nàde ŋugble le etsɔme nyui si ƒe ŋugbe Yehowa do la ŋu. Nɔ ɖokuiwò kpɔm le Mawu ƒe xexe yeyea me eye nàbu yayra siwo gbegbe ava su asiwò la ŋu. Esia ana nàkpɔe be nu si me tom yele la, “ɣeyiɣi vi aɖe ƒe xaxa si nu mesẽ o koe” wònye. (2 Kor. 4:17) Azɔ hã, dze agbagba nàgblɔ nu siwo ƒe ŋugbe Mawu do ku ɖe etsɔme ŋu na amewo. Bu eŋu kpɔ: Ame siwo mele Yehowa subɔm o la hã toa kuxi geɖe me abe míawo ke ene, gake woƒe nɔnɔmea wɔ nublanui wu elabe womenya nu nyui siwo ƒe ŋugbe Yehowa do ku ɖe etsɔme ŋu la o. Ne nya ʋɛ aɖewo koe nègblɔ na wo tso Fiaɖuƒe ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu hã la, awɔe be woadi be yewoasrɔ̃ nu geɖe tso eŋu.
Di ɣeyiɣi nànɔ ŋugble dem le nu nyui siwo ŋugbe Yehowa do na mí la ŋu (Kpɔ memama 17)d
18. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi?
18 Esi Hiob do dzi nuteƒewɔwɔtɔe le nɔnɔme sesẽ mawo katã me vɔ la, egblɔ na Yehowa be: “Azɔ menyae be àte ŋu awɔ nu sia nu eye naneke meli nàɖo, si màte ŋu awɔ o.” (Hiob 42:2) Abe ale si Hiob va de dzesii ene la, naneke mate ŋu axe mɔ na Yehowa ƒe tameɖoɖowo be woagava eme o. Nyateƒenya sia ate ŋu ado ŋusẽ mí míayi edzi ado dzi. Tsɔe be nyɔnu aɖe dze dɔ ɣeyiɣi didi aɖee nye esia. Eyi ɖɔkta vovovowo gbɔ gake gbeɖegbeɖea koe. Ke gbe ɖeka eva ke ɖe ɖɔkta kpɔnuteƒe aɖe ŋu eye ɖɔktaa gblɔ nu si tututu nye kuxia kple ale si wòawɔ akpɔ egbɔ la nɛ. Enumake dzi dzɔe togbɔ be axɔ ɣeyiɣi hafi wòahaya hã. Azɔ dzi ɖo eƒo eye anɔ bɔbɔe nɛ be wòado dzi, elabe mɔkpɔkpɔ li be ahaya. Nenema kee Paradiso ƒe mɔkpɔkpɔa nana dzi ɖoa mía ƒo eye wòkpena ɖe mía ŋu míedoa dzi.
19. Nu kawoe akpe ɖe mía ŋu míayi edzi ado dzi?
19 Abe ale si míeva de dzesii ene la, nu siwo Yehowa na mí be woakpe ɖe mía ŋu míado dzi ye nye gbedodoɖa, eƒe Nya la, mía nɔvi xɔsetɔwo, kple míaƒe etsɔmemɔkpɔkpɔa. Ne míewɔ nu siawo siwo Yehowa na mí ŋu dɔ bliboe la, nɔnɔme sesẽ ka kee ɖava mía dzi o, Yehowa akpe ɖe mía ŋu míato eme ahayi edzi ado dzi va se ɖe esime Satana ƒe xexe vɔ̃ɖi sia nu yi keŋkeŋ.—Flp. 4:13.
HADZIDZI 33 Dro Wò Agba Ðe Yehowa Dzi
a Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me dometɔ aɖewo.
b NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Nɔviŋutsu tsitsi aɖe yi edzi le dzi dom nuteƒewɔwɔtɔe tso ŋkeke yi ŋkeke.
c NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsu tsitsi aɖe yi edzi le dzi dom nuteƒewɔwɔtɔe tso ŋkeke yi ŋkeke.
d NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsu tsitsi aɖe yi edzi le dzi dom nuteƒewɔwɔtɔe tso ŋkeke yi ŋkeke.