INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w25 September axa 26-30
  • Yehowa Kpe Ðe Mía Ŋu ‘Míetse Ku Le Afi Sia Afi Si Wodo Mí Ðo’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Kpe Ðe Mía Ŋu ‘Míetse Ku Le Afi Sia Afi Si Wodo Mí Ðo’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Yram Wu Ale Si Mesusui
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Yehowa ‘Na Nye Mɔwo Dzɔ’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Yehowa Nye Nye Sitsoƒe Kple Ŋusẽ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Ale Si Nàwɔ Akpɔ Dzidzɔ Le Wò Dɔdeasi Yeyea Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
w25 September axa 26-30
Mats kple Ann-Catrin tɔ ɖe woƒe ʋua gbɔ le kɔƒenuto aɖe me.

AGBEMEŊUTINYA

Yehowa Kpe Ðe Mía Ŋu ‘Míetse Ku Le Afi Sia Afi Si Wodo Mí Ðo’

ABE ALE SI MATS KPLE ANN-CATRIN KASSHOLM GBLƆE ENE

“MITSE KU le afi sia afi si wodo mi ɖo” adze aɖaŋuɖoɖo si wɔ moyaa. Ke hã aɖaŋuɖoɖo ma tututue Mats kple Ann-Catrin hiã na. Wonye atsu kple asi siwo tso Sweden, eye wogbugbɔ ‘do’ wo zi gbɔ zi geɖe. Mɔ ka nue wodo wo le, eye aleke aɖaŋuɖoɖo ma ɖe vi na woe?

Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kassholms de Gilead Sukua le ƒe 1979 me. Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, “wodo wo” alo ne míagblɔe le mɔ bubu nua, wode dɔ wo si be woasubɔ le teƒe vovovowo; wosubɔ le Iran, Mauritius, Myanmar, Tanzania, Uganda, kple Zaire. Le Gilead Sukua mea, Jack Redford si nye nufialawo dometɔ ɖekae ɖo aɖaŋu ma si kpe ɖe wo ŋu ɣesiaɣi si wode dɔ yeye wo si. Mina míase woawo ŋutɔ ƒe numenyawo.

Mats kple Ann-Catrin, mabia mi lo, aleke miewɔ ke ɖe nyateƒea ŋu?

Mats: Fofonye nɔ Poland le Xexemeʋa Evelia wɔɣi, eye ekpɔ alakpanuwɔwɔ geɖe siwo yi edzi le Katolikohaa me la teƒe. Ke hã egblɔna zi geɖe be, “Subɔsubɔha vavãtɔ anɔ afi aɖe kokoko!” Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, meva kpɔe be eƒe nyawo le eme. Meƒlea agbalẽ xoxo aɖewo xlẽna. Wo dometɔ ɖeka ƒe akpa le blɔ eye eƒe tanyae nye Nyateƒe Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee. Agbalẽa ƒe tanya de dzi gbɔ nam, eya ta le zã ma me la, mexlẽ agbalẽ bliboa. Kaka ŋu nakea, mekpɔe be meke ɖe nyateƒea ŋu!

Tso April ƒe 1972 mea, mete Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo xexlẽ. Esia na mekpɔ nyabiase siwo nɔ asinye tso Biblia ŋu la ƒe ŋuɖoɖowo. Mese le ɖokuinye me abe asitsala si le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me ene; esi wòke ɖe dzonu xɔasia ŋu la, eyi ɖadzra nu sia nu si le esi la tsɔ ƒlee. Esia ta nye hã “medzra” alo ɖe asi le taɖodzinu si le asinye be made Yunivɛsiti ava zu ɖɔkta ŋu ale be mate ŋu aƒle nyateƒea ƒe “dzonu xɔasi” si ŋu meke ɖo. (Mat. 13:45, 46) Mexɔ nyɔnyrɔ le December 10, 1972 me.

Le ƒe ɖeka mea, dzinyelawo kple nɔvinyeŋutsua hã va srɔ̃ nyateƒea eye woxɔ nyɔnyrɔ. Le July 1973 mea, medze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme. Gbesiagbe mɔɖela dovevienuwo nɔ míaƒe hamea me. Wo dometɔ ɖekae nye Ann-Catrin; edze tugbe eye wòlɔ̃ Yehowa vevie. Míaƒe nu lé dzi na mía nɔewo eye míeɖe srɔ̃ le ƒe 1975 me. Le ƒe ene siwo kplɔe ɖo me la, míenɔ Strömsund, si nye Sweden ƒe du dzeani aɖe me. Ame geɖe dina be yewoase Biblia me gbedeasia le afi ma.

Ann-Catrin: Fofonye srɔ̃ nyateƒea esime wònɔ Yunivɛsiti dem le Stockholm. Vidzĩ ko menye ɣemaɣi, gake ne eyina kpekpeawo kple gbeadzi la, ekɔam ɖe asi. Esia medzɔa dzi na nɔnye o, eya ta edze agbagba be yeaɖee afia be Ðasefowo ƒe nufiafiawo mele eteƒe o. Gake mete ŋui o, eya ta le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eya hã va xɔ nyɔnyrɔ. Mexɔ nyɔnyrɔ esime mexɔ ƒe 13, eye medze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme esi mexɔ ƒe 16. Mesubɔ le Umeå, afi si Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe hiã le; emegbe woɖom mɔɖela vevi.

Le nye kple Mats ƒe srɔ̃ɖeɖe megbe la, míekpe ɖe ame geɖe ŋu wosrɔ̃ nyateƒea. Wo dometɔ ɖekae nye Maivor; enye ɖetugbui aɖe si kamedefefe nye eƒe dɔwɔɖui, gake eɖe asi le eŋu eye eya kple nɔvinyenyɔnu wonɔ mɔɖeɖedɔa wɔm ɖekae. Wode Gilead Suku le ƒe 1984 me eye wozu dutanyanyuigblɔlawo le subɔsubɔm le Ecuador.

Le miaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa mea, aleke miewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si nye “mitse ku le afi sia afi si wodo mi ɖo” la dzi?

Mats: Wode dɔ vovovowo mía si zi geɖe si na wòva hiãna be míaʋu enuenu. Gake nu vevi aɖe si kpe ɖe mía ŋu ɣesiaɣi si “wogbugbɔ do mí” ye nye be míeɖoe be míasrɔ̃ Yesu, vevietɔ eƒe ɖokuibɔbɔ, ale be ‘míaƒo ke ɖe to’ sesĩe. (Kol. 2:6, 7) Le kpɔɖeŋu me, míekpɔa mɔ be nɔvi siwo le nutoa me nawɔ nu wòasɔ ɖe mía tɔ dzi o, ke boŋ míedzea agbagba be míase nu si tae wowɔa nanewo le mɔ aɖe nu la gɔme. Míedina be míase woƒe nuŋububu kple dekɔnuwo gɔme. Zi ale si míeyi edzi srɔ̃ Yesu la, zi nenemae wònɔ bɔbɔe na mí be míatrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu. Míeva nɔ “abe ati si wodo ɖe tɔʋu to ene.” Míekpɔa dzidzɔ le afi sia afi si woɖo mí ɖo.—Ps. 1:2, 3.

Mats kple Ann-Catrin tsɔ woƒe agbawo kple nuɖuɖu.

Míezɔa mɔ edziedzi vae srãa hamewo kpɔna

Ann-Catrin: Ne míeʋu yi dɔdeasi yeye aɖe me la, míenɔa abe ati si wogbugbɔ do si hiã ɣe ƒe keklẽ be wòate ŋu atsi nyuie la ene. Yehowa ɖee fia ɣesiaɣi be yenye “ɣe” si klẽna na mí. (Ps. 84:11) Yehowa na nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo lɔ̃ mí eye wodoa vivi ɖe ame ŋu la mí. Le kpɔɖeŋu me, nɔvi siwo nɔ hame sue si me míenɔ le Tehran, le Iran, la nyoa dɔme eye wowɔa amedzro ale gbegbe. Woƒe dɔmenyonyoa le abe ale si wònɔ le Biblia ŋlɔɣiwo ke ene. Míaƒe didie wònye be míayi edzi anɔ Iran hafi, gake le July 1980 mea, dziɖuɖua ɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi le afi ma, eye gbe ɖeka la, wona gaƒoƒo 48 mí be míatsɔ adzo le dukɔa me. Eya ta Yehowa ƒe habɔbɔa ɖo mí ɖe Zaire (si woyɔna fifia be Congo) le Afrika.

Aƒe kpokploe siwo le kɔƒenuto aɖe me le Zaire la dometɔ ɖeka.

Esime míenɔ Zaire, le ƒe 1982 me

Esi mesee zi gbãtɔ be woɖo mí ɖe Afrika la, mefa avi. Nya siwo mese tso dawo kple dɔlélewo ŋu le Afrika la na vɔvɔ̃ ɖom. Gake mía xɔlɔ̃ aɖewo siwo subɔ le Afrika ƒe geɖe la gblɔ na mí be: “Migavɔ̃ o! Ele eme be mienɔ Afrika kpɔ o, gake míenya be miava lɔ̃e ŋutɔ.” Eye alea tututue wòdzɔe! Afrika nɔviawo lɔ̃a ame eye wodoa vivi ɖe ame ŋu. Le nyateƒe mea, esi woɖo asi dɔa dzi le ƒe ade megbe si na wòva hiã be míadzo le Zaire la, meko alɔgbɔnu elabe ewɔ nuku nam be meva nɔ gbe dom ɖa na Yehowa be, “Meɖe kuku na míanɔ Afrika ko.”

Yayra kple nuteƒekpɔkpɔ kawoe su mia si le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me?

Ann-Catrin nɔ anyi ɖe woƒe ʋua gbɔ.

Míaƒe “xɔdɔme” le Tanzania, le ƒe 1988 me

Mats: Míaƒe dɔdeasia wɔe be míeva dze xɔ̃ dutanyanyuigblɔla geɖe siwo tso dukɔ vovovowo me. Le teƒe aɖewo la, míekpɔa dzidzɔ elabe míewɔa Biblia nusɔsrɔ̃ geɖe; ɣeaɖewoɣia, Biblia nusrɔ̃vi siwo ade blaeve nɔa mía dometɔ ɖe sia ɖe si! Nyemaŋlɔ ale si Afrika nɔviawo lɔ̃a ame eye wowɔa amedzro la be akpɔ o. Esi míenɔ hamewo srãm kpɔ le Tanzania la, míedzea nɔviawo gbɔ eye míaƒe ʋuae nye míaƒe “xɔdɔme.” Togbɔ be nu mede nɔviawo dzi o hã la, wo dometɔ geɖe nyo dɔme na mí “wògbɔ woƒe ŋutete ŋu.” (2 Kor. 8:3) Nane si hã nɔa vevie na mí ye nye ɣeyiɣi siwo me míeɖoa dze. Nye kple Ann-Catrin míenɔa anyi ɖoa dze tso nu siwo yi edzi le ŋkekea me ŋu eye míedaa akpe na Yehowa be wònɔ kpli mí le ŋkeke bliboa me.

Ann-Catrin: Le gonyeme la, nu si dzɔa dzi nam yenye be made ha kple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo tso xexea ƒe akpa vovovowo eye manya wo nyuie. Míesrɔ̃ gbe yeye geɖe; ɖewoe nye Farsigbe, Fransegbe, Lugandagbe, kple Swahiligbe, eye míeva nya nu tso dekɔnu vovovowo hã ŋu. Míena hehe nɔvi siwo xɔ nyɔnyrɔ eteƒe medidi o, míedze xɔlɔ̃ yeyewo, eye mí katã ‘míesubɔ Yehowa le ɖekawɔwɔ me.’—Zef. 3:9.

Míekpɔ Yehowa ƒe nuwɔwɔ dzeani geɖewo hã. Ɣesiaɣi si wode dɔ yeye aɖe mía si la, ewɔna na mí be Yehowa ye le mía kplɔm hele mɔ fiam mí. Ena míesrɔ̃ nu geɖe siwo anye ne míanya wo le mía ɖokui si o.

Fotoawo: 1. Mats kple Ann-Catrin le gbeƒã ɖem na vidada aɖe kple viawo. 2. Ann-Catrin le ɖase ɖim na Maasai ŋutsuvi aɖe.

Esime míenɔ gbeƒã ɖem le Tanzania ƒe nutowo me

Nɔnɔme sesẽ kawo mee mieto, eye nu kae kpe ɖe mia ŋu miete ŋu do dzi?

Mats: Ɣeaɖewoɣi la, dɔlélewo ɖe fu na mí; ɖekae nye asrã. Eva hiãna be woawɔ dɔ na Ann-Catrin kpata ɣeaɖewoɣi. Míetsi dzi ɖe mía dzila tsitsiwo hã ŋu, eya ta dzi dzɔ mí be mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo dzɔ ɖe mía yome la nɔ be lém na wo. Míekpɔ ŋudzedze ɖe woƒe agbagbadzedzeawo ŋu ale gbegbe. Wowɔ esia nuteƒewɔwɔtɔe kple dzidzɔ. (1 Tim. 5:4) Togbɔ be míele adzɔge hã la, míekpea asi ɖe wo ŋu ale si míate ŋui. Gake ɣeaɖewoɣia, ewɔna na mí be ne ɖe míetsɔ ɖe wo gbɔ la, anye ne míagawɔe geɖe wu.

Ann-Catrin: Le ƒe 1983 me esime míenɔ subɔsubɔm le Zaire la, koléra dɔléle dze dzinye vevie. Ðɔktaa gblɔ na Mats be, “Wò afɔ nètsɔ nàkplɔe dzoe le dukɔ sia me egbea!” Esi ŋu ke la, míedze mɔ ɖo ta Sweden, gake agbatsɔyameʋu koe li míeɖo.

Mats: Míesusui be míaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ase ɖe afi ma, eya ta míefa avi vevie. Togbɔ be ɖɔktaa susu be dɔa mavɔ na Ann-Catrin o hã la, evɔ nɛ keŋkeŋ. Eteƒe medidi o, wogbugbɔ ɖo mí ɖe Zaire, gake fifia ɖe Swahili hame sue aɖe si le Lubumbashi me.

Ann-Catrin: Esi míenɔ Lubumbashi la, mefɔ fu gake fua gblẽ. Togbɔ be míeɖoe be míadzi vi o hã la, esi fua gblẽ la, ete ɖe dzinye vevie ŋutɔ. Le ɣeyiɣi sesẽ mawo me la, Yehowa wɔ nu nyui aɖe na mí si míenɔ mɔ kpɔm na o. Ena míekpɔ Biblia nusrɔ̃vi geɖe wu ale si wònɔ tsã. Le ƒe ɖeka ko me la, hame si me míenɔ ƒe gbeƒãɖelawo dzi ɖe edzi tso 35 va ɖo 70, eye ame siwo dea kpekpeawo hã dzi ɖe edzi tso 40 va ɖo 220. Vovo menɔ mía ŋu kura o elabe ɣesiaɣia, míenɔa gbeadzi, eye Yehowa yra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi si na míaƒe dzi dze eme. Ke hã míebua mía vi sue lɔlɔ̃a ŋu eye míaɖoa dze tso eŋu zi geɖe. Míele mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me Yehowa aɖe míaƒe vevesesewo katã ɖa le paradisoa me.

Mats: Eva ɖo ɣeyiɣi aɖe la, nu va nɔ Ann-Catrin ŋu tem eye wònɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm. Le ɣeyiɣi ma ke me la, ɖɔktawo de dzesii be kansa xɔ nye dɔgbo me keŋ, eya ta eva hiã be woawɔ dɔ nam. Gake fifia mele lãmesẽ me eye Ann-Catrin hã le etɔ sinua wɔm le Yehowa subɔsubɔ me.

Míeva de dzesii be menye míawo koe le nɔnɔme sesẽwo me tom o. Esi ame ƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ɖa si yi edzi le Rwanda le ƒe 1994 me wu enu la, míeyi ɖasrã mía xɔlɔ̃ aɖewo kpɔ le sitsoƒedilawo ƒe asaɖawo me. Ale si mía nɔviawo do dzi ɖe xɔse fia eye woyi edzi nyo dɔme na wo nɔewo la fia mí be ŋusẽ le Yehowa si be wòalé eƒe amewo ɖe te le nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe me.—Ps. 55:22.

Ann-Catrin: Kuxi bubu aɖe gado mo ɖa le ƒe 2007 me esi míeyi ɖakɔ alɔdzedɔwɔƒe si le Uganda ŋu. Esi wɔnaa wu enu la, mí ame 25 siwo nye dutanyanyuigblɔlawo kple Betel-ƒomea me tɔwo míeɖo ʋu yina ɖe Nairobi, Kenya. Hafi míaɖo Kenya ƒe dea dzi la, bɔs aɖe si le ŋgɔ gbɔna la tra ɖa tso eƒe mɔ dzi va lɔ míaƒe ʋua ɖe eme. Míaƒe ʋukulaa kple mía xɔlɔ̃ atɔ̃ aɖewo ku enumake eye nɔvinyɔnu aɖe hã ku le kɔdzi emegbe. Ele mía dzrom vevie be míagakpɔ mía xɔlɔ̃awo ake!—Hiob 14:13-15.

Mexɔ abi le afɔkua me, ke le ɣeyiɣi aɖe megbea, abiawo ku. Afɔkua wɔe be dzidzi gakpɔtɔ ƒoa nye kple Mats kpakple ame siwo nɔ ʋua me la dometɔ aɖewo kokoko. Nye ya zã me koŋue dzidzi ƒoam; medzia vo nyɔna le alɔ̃ me eye nye dzi nɔa tsotsom kpokpokpo. Esia nana mevɔ̃na ŋutɔ. Gake gbedodoɖa na Yehowa kple ŋugbledede le míaƒe mawunyakpukpui vevi aɖewo ŋu kpena ɖe mía ŋu míeɖea dzi ɖi. Azɔ hã míeyi kɔdzi eye ɖɔkta siwo kpɔa kuxi siawo tɔgbi gbɔ la kpe ɖe mía ŋu. Fifia míegatsia dzimaɖi fũu o, míaƒe dzi dze eme, eye míebiaa Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míafa akɔ na ame siwo le nɔnɔme sesẽ siawo tɔgbi me tom.

Nya kae miagblɔ tso ale si Yehowa kpe ɖe mia ŋu le nɔnɔme sesẽwo me ŋu?

Mats: Swahilitɔwo gblɔna be “Tumebebwa kama mayai mabichi,” si gɔmee nye “Wokɔ mí ɖɔɖɔɖɔ abe koklozi ene.” Ale si ko woléa koklozi ɖɔɖɔɖɔ be wòagagbã o la, nenemae Yehowa lé be na mí lɔlɔ̃tɔe le dɔ siwo katã wode mía si la me. Nu sia nu si míehiã sua mía si; míekpɔnɛ wògbɔa edzi gɔ̃ hã. Ale si Dɔdzikpɔhaa sea nu gɔme na mí hã nana míesena le mía ɖokui me be Yehowa lɔ̃ mí eye wòkpena ɖe mía ŋu.

Ann-Catrin: Madi be magblɔ ale si Yehowa kpe ɖe mía ŋu lɔlɔ̃tɔe la ƒe kpɔɖeŋu. Gbe ɖekaa, woyɔm tso Sweden le fon dzi hegblɔ nam be tɔnye dze dɔ vevie eye woxɔe ɖe kɔdzi. Ðeko Mats nɔ hayahayam tso asrãdɔ si me koe nye ema. Ga menɔ mía si míatsɔ aƒle tiket aɖo yameʋu ayi o, eya ta míeɖoe be míadzra míaƒe ʋua. Medidi o, ame eve aɖewo hã yɔ mí. Gbãtɔ nye atsu kple asi aɖe siwo se nu tso míaƒe nɔnɔmea ŋu eye wodi be yewoaxe mía dometɔ ɖeka ƒe yameʋuɖofe. Ame evelia si yɔ la nye nɔvinyɔnu tsitsi aɖe. Enɔ ga dzram ɖo ɖe aɖaka aɖe me; eŋlɔ ɖe edzi be “Na ame aɖe si hiã kpekpeɖeŋu.” Le miniti ʋɛ aɖewo ko me la, Yehowa kpe ɖe mía ŋu míekpɔ ga si míatsɔ aɖo yameʋuae!—Heb. 13:6.

Nu kawoe miesrɔ̃ le ƒe 50 siwo katã mietsɔ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me?

Mats kple Ann-Catrin ɖo nukomo.

Esime míenɔ subɔsubɔm le Myanmar

Ann-Catrin: Meva srɔ̃e be ‘ne míeɖe dzi ɖi heɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu’ la, ado ŋusẽ mí. Ne míeka ɖe Yehowa dzi la, axɔ na mí. (Yes. 30:15; 2 Kron. 20:15, 17) Esi míezã míaƒe ŋusẽ katã tsɔ wɔ dɔ ɖe sia ɖe si wode mía si le Yehowa subɔsubɔ me ta la, míekpɔ yayra geɖe siwo anye ne masu mía si ne dɔ bubu aɖe ŋue míegbla ɖo o.

Mats: Nu vevi aɖe si mesrɔ̃e nye be maɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le nɔnɔme ɖe sia ɖe me eye makpɔ ale si eya ŋutɔ awɔe nam. (Ps. 37:5) Megblẽm ɖi kpɔ o; ewɔ eƒe ŋugbedodowo katã dzi. Fifia, míele subɔsubɔm le Myanmar Betel eye Yehowa yi edzi le kpekpem ɖe mía ŋu.

Míele mɔ kpɔm vevie be Yehowa naɖe lɔlɔ̃ sia si wòɖe fia mí la afia sɔhɛ siwo hã di be yewoawɔ geɖe le eƒe subɔsubɔdɔa me. Míeka ɖe edzi kple dzi blibo be ne woɖe mɔ Yehowa zã wo la, woatse ku bliboe le afi sia afi si wodo wo ɖo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe