INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w25 September axa 32
  • Yesu “Srɔ̃ Toɖoɖo”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yesu “Srɔ̃ Toɖoɖo”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe ‘Dzi Ðoto’ Le Asiwòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Toɖoɖo—Nu Vevi si Woasrɔ̃ le Ðevimee Wònyea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Yehowa Dea Asixɔxɔ Wò Toɖoɖo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Kpe Ðe Amewo Ŋu be ‘Woaɖo To tso Dzi Me Faa’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
w25 September axa 32

BIBLIA ME NYAGBE

Yesu “Srɔ̃ Toɖoɖo”

Yesu ɖoa to Yehowa ɣesiaɣi. (Yoh. 8:29) Ne nyaa le alea la, ke nu ka tae Biblia gblɔ be: “Esrɔ̃ toɖoɖo le fu siwo wòkpe la me”?—Heb. 5:8.

Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, eto nɔnɔme aɖewo me siwo me meto kpɔ le dziƒo o. Le kpɔɖeŋu me, edzilawo lɔ̃ Yehowa gake womede blibo o. (Luka 2:51) Subɔsubɔhakplɔlawo kple dziɖuɖumegãwo mewɔ nu ɖe eŋu nyuie o, gake edo dzi le emawo katã me. (Mat. 26:59; Marko 15:15) Azɔ hã, ese veve heliheli hafi ku. Biblia gblɔ be “ebɔbɔ eɖokui, eye wòɖo to yi ɖase keke ku me ke.”—Flp. 2:8.

Nu siawo siwo me Yesu to le anyigba dzi la na wòsrɔ̃ ɖokuibɔbɔ le mɔ tɔxɛ aɖe nu. Esia na wòva nye Fia deblibo kple Nunɔlagã, si sea veve ɖe míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nu. (Heb. 4:15; 5:9) Yehowa dea asixɔxɔ Yesu ŋu vevie elabe esrɔ̃ ɖokuibɔbɔ tso fu siwo wòkpe la me. Ne míawo hã míeyi edzi bɔbɔ mía ɖokui eye míedo dzi le nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe si ava mía dzi me la, Yehowa ade asixɔxɔ mía ŋu eye wòazã mí le dɔ vovovowo me.—Yak. 1:4.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe