INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w25 October axa 18-23
  • Ale Si Nàdo Gbe Ða Tso Dzi Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Nàdo Gbe Ða Tso Dzi Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • MÈGAVƆ̃ O, GBLƆ WÒ DZIMENYAWO NA YEHOWA
  • ALE SI MÍADO GBE ÐA ALE BE MÍA KPLE YEHOWA DOME NANƆ KPLIKPLIKPLI WU
  • SRƆ̃ NU TSO YEHOWA SUBƆLA SIWO NƆ ANYI LE BLEMA ƑE GBEDODOÐAWO ME
  • NƆ GBE DOM ÐA EDZIEDZI BE NÀTE ÐE YEHOWA ŊU GEÐE WU
  • Nɔ Gbe Dom Ða Ðe Ame Bubuwo Hã Ta
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Te Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Na Wò Gbedodoɖawo Nanyo Ðe Edzi Wu To Biblia Sɔsrɔ̃ Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Gbedodoɖa Ate Ŋu Ana Wò Kple Mawu Dome Nanɔ Kplikplikpli
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
w25 October axa 18-23

NUSƆSRƆ̃NYATI 42

HADZIDZI 44 Ame Si Dzi Nu Te Ðo Ƒe Gbedodoɖa

Ale Si Nàdo Gbe Ða Tso Dzi Me

“Meyɔ wò tso dzi blibo me. Oo Yehowa, tɔ nam.”—PS. 119:145.

TAÐODZINUA

Le nyati sia me la, míakpɔ nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa subɔla siwo nɔ anyi le blema ƒe gbedodoɖawo me.

1-2. (a) Nu kawoe ate ŋu ana wòasesẽ be míagblɔ míaƒe dzimenyawo na Yehowa? (b) Aleke míewɔ nya be Yehowa ɖoa to ne míele gbe dom ɖa nɛ?

ÐE WÒWƆNA na wò ɣeaɖewoɣi be wò gbedodoɖawo zu kɔnu dzro aɖe ko, wotoa mɔ ɖeka ɣesiaɣi eye mètea ŋu gblɔa ale si tututu nèle sesem le ɖokuiwò me na Yehowa oa? Ne nenemae la, ke menye wò ɖekae o. Esi wònye be míetsoa hloloe gbe sia gbe ta la, ɣeaɖewoɣia míetea ŋu gbɔa dzi ɖi doa gbe ɖa o. Alo ate ŋu anye be esi míese le mía ɖokui me be míedze ate ɖe Yehowa ŋu o ta la, esesẽ be míagblɔ míaƒe dzimenyawo nɛ.

2 Biblia ka ɖe edzi na mí be menye nyagbe wɔdɔɖeamedzi siwo míazã le gbedodoɖa me ye nɔa vevie na Yehowa o; nu si nɔa vevie nɛ ye nye be míado gbe ɖa na ye tso dzi me. Biblia gblɔ be eɖoa to “ame fafawo . . . ƒe dzimedidiwo.” (Ps. 10:17) Esi wòtsɔ ɖe le eme na mí vevie ta la, eɖoa to nyuie sea nya sia nya si míegblɔna.—Ps. 139:1-3.

3. Biabia kawo mee míadzro le nyati sia me?

3 Le nyati sia me la, míadzro nyabiase siawo me: Nu ka tae mele be míavɔ̃ be míagblɔ míaƒe dzimenyawo na Yehowa o? Aleke míate ŋu ado gbe ɖa ale be mía kple Yehowa dome naganɔ kplikplikpli wu? Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa subɔla siwo nɔ anyi le blema la ƒe gbedodoɖawo me, eye aleke ema akpe ɖe mía ŋu be míado gbe ɖa tso dzi me? Nu kae míate ŋu awɔ ne nu te ɖe mía dzi ale gbegbe be míenya ale si míagblɔ míaƒe seselelãmewo na Yehowa o? Na míadi ŋuɖoɖo na biabia siawo.

MÈGAVƆ̃ O, GBLƆ WÒ DZIMENYAWO NA YEHOWA

4. Nu kae ana dzi nanɔ mía ƒo míagblɔ míaƒe dzimenyawo na Yehowa? (Psalmo 119:145)

4 Ne míebua Yehowa be enye xɔlɔ̃ vavã si dia míaƒe nyonyo la, míavɔ̃ be míagblɔ míaƒe dzimenyawo nɛ ne míele gbe dom ɖa o. Psalmo 119 ŋlɔla bu Yehowa be enye ye xɔlɔ̃ vavã. Kuxiwo ɖe kpe nɛ le agbe me. Amewo gblɔ nya vɔ̃wo tso eŋu. (Ps. 119:23, 69, 78) Eya ŋutɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo hã na dzi ɖe le eƒo ɣeaɖewoɣi. (Ps. 119:5) Ke hã, egblɔ eƒe dzimenyawo na Yehowa faa.—Xlẽ Psalmo 119:145.

5. Nu ka tae mele be míaɖe mɔ míaƒe seselelãmewo nana míadzudzɔ gbedodoɖa o? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

5 Yehowa di be ame siwo wɔ nu vɔ̃ gãwo gɔ̃ hã nado gbe ɖa na ye. (Yes. 55:6, 7) Eya ta mele be míase le mía ɖokui me be míedze ado gbe ɖa na Yehowa o. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be èbu le avedodo aɖe me eye mènya afi si nàto o. Kaka nàkpɔa, adela aɖee nye ema. Ðe wòakpe ŋu na wò be nàbiae wòafia mɔ si nàto la wòa? Kura koŋ o! Nenema kee ne edzɔ be míetra mɔ alo dze nu vɔ̃ me gɔ̃ hã la, míate ŋu ate ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me eye míaka ɖe edzi be aɖo to mí.—Ps. 119:​25, 176.

ALE SI MÍADO GBE ÐA ALE BE MÍA KPLE YEHOWA DOME NANƆ KPLIKPLIKPLI WU

6-7. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míagblɔ ale si tututu míele sesem le mía ɖokui me na Yehowa? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu. (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

6 Ne míegblɔa nu siwo ŋu bum míele kple ale si míele sesem le mía ɖokui me na Yehowa la, mía kplii dome ganɔa kplikplikpli wu. Ke aleke míate ŋu awɔ esiae?

7 De ŋugble le Yehowa ƒe nɔnɔmewo ŋu.a Ne míedea ŋugble le Yehowa ƒe nɔnɔme lédzinamewo ŋu la, enɔa bɔbɔe na mí be míagblɔ nu siwo ŋu bum míele kple ale si míele sesem le mía ɖokui me la nɛ. (Ps. 145:8, 9, 18) Le kpɔɖeŋu me, bu nɔvinyɔnu Kristine ŋu kpɔ. Fofoa nye ame si sẽa ŋuta. Kristine gblɔ be: “Menɔ bɔbɔe be mabu Yehowa be enye Fofo lɔ̃ame si mate ŋu aƒo nu na o. Mese le ɖokuinye me be nye gbɔdzɔgbɔdzɔwo awɔe be Yehowa magalɔ̃ nye nya o.” Nu kae kpe ɖe eŋu wòdzudzɔ nuwo ŋu bubu nenema? Egblɔ be: “Mede ŋugble le Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la ŋu vevie eye esia na meka ɖe edzi be elɔ̃m. Menya be anɔ kplim ɣesiaɣi. Ne edzɔ be meda vo gɔ̃ hã la, ayi edzi alɔ̃m eye wòakpe ɖe ŋunye. Ŋugbledede le Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ŋu nana wònɔa bɔbɔe nam be magblɔ nu siwo nana mekpɔa dzidzɔ alo xaa nu hetsia dzimaɖi la nɛ.”

8-9. Ne míebua nya siwo míagblɔ ŋu hafi doa gbe ɖa la, aleke esia ɖea vii? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

8 Bu nya siwo nàgblɔ ŋu. Hafi nàdo gbe ɖa la, àte ŋu abia nya aɖewo ɖokuiwò. Le kpɔɖeŋu me: ‘Kuxi kawo me tom mele fifia? Ðe ame aɖe dze agɔ le dzinye wòle be matsɔ akeea? Ðe mehiã Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu be makpɔ kuxi aɖe gbɔa?’ (2 Fia. 19:​15-19) Azɔ hã, àte ŋu awɔ ɖe aɖaŋu si Yesu ɖo dzi abu nya siwo nàte ŋu agblɔ le gbedodoɖa me tso Yehowa ƒe ŋkɔ, eƒe Fiaɖuƒea, kple eƒe lɔlɔ̃nu ŋu la ŋuti hafi ado gbe ɖa.—Mat. 6:9, 10.

9 Esi ɖɔktawo na nɔvinyɔnu Aliska nya be ahɔhɔ̃mekansa le fu ɖem na srɔ̃a eye ɣeyiɣi kpui aɖe ko wòanɔ agbe la, esesẽ nɛ be wòado gbe ɖa. Aliska gblɔ be: “Metɔtɔ ale gbegbe be nyemenya nya si tututu magblɔ ne mebe mado gbe ɖa o.” Nu kae kpe ɖe eŋu? Egblɔ be: “Hafi mado gbe ɖa la, metɔna sẽe bua nya siwo magblɔ ŋu. Esia kpe ɖe ŋunye be nyemedoa gbe ɖa tso nye ŋutɔ alo srɔ̃nye ƒe dɔlélea ko ŋu o. Meɖea dzi ɖi wu eye metea ŋu doa gbe ɖa tso nu bubuwo hã ŋu na Yehowa.”

10. Nu ka tae wòle be míagbɔ dzi ɖi ado gbe ɖa wòadidi vie wu? (Kpɔ fotoawo hã.)

10 Gbɔ dzi ɖi nàdo gbe ɖa wòadidi vie wu. Togbɔ be gbe kpuiwo dodo ɖa ate ŋu ate mí ɖe Yehowa ŋu hã la, ne míegbɔa dzi ɖi doa gbe ɖa ɣeaɖewoɣi wòdidina vie la, awɔe be míaɖe dzi ɖi agblɔ míaƒe seselelãmewo katã na Yehowa.b Nɔvinyɔnu Aliska srɔ̃ Elijah gblɔ be: “Medzea agbagba be mado gbe ɖa zi gbɔ zi geɖe le ŋkekea me, eye mekpɔnɛ be metena ɖe Yehowa ŋu geɖe wu ne megbɔ dzi ɖi do gbea ɖa wòdidi vie wu. Menya be Yehowa mele dzi tsim nam be mado gbe ɖa kabakaba o, eya ta megbɔa dzi ɖi doa gbe ɖa.” Te esia kpɔ: Di ɣeyiɣi kple teƒe aɖe si ɖoɖoezizi le nànɔ ado gbe ɖa. Àte ŋu adoe ɖa wòaɖi faa eye nàna wòadidi wu. Àte ŋu aɖoe be yeanɔ ewɔm alea edziedzi.

Fotoawo: 1. Nɔviŋutsu aɖe fɔ fɔŋli nɔ anyi ɖe kplɔ̃ ŋu le ŋugble dem; eʋu Biblia da ɖe kplɔ̃a dzi eye kɔfi hã le kplu me le egbɔ. 2. Ŋu ke gake ekpɔtɔ le kplɔ̃a ŋu le gbe dom ɖa ɣeyiɣi didi.

Di ɣeyiɣi kple teƒe si nàte ŋu anɔ ado gbe ɖa le wòadidi vie (Kpɔ memama 10)


SRƆ̃ NU TSO YEHOWA SUBƆLA SIWO NƆ ANYI LE BLEMA ƑE GBEDODOÐAWO ME

11. Ne míede ŋugble le Yehowa subɔla siwo nɔ anyi va yi ƒe gbedodoɖawo ŋu la, aleke wòaɖe vi na mí? (Kpɔ aɖaka si nye “Ðe Nàte Ŋu Akpɔ Ðokuiwò Le Woƒe Nɔnɔmea Mea?”)

11 Ne ède ŋugble le Yehowa subɔla siwo nɔ anyi le blema ƒe gbedodoɖawo kple ha siwo wodzi tsɔ kafu Yehowa ŋu la, aɖe vi geɖe na wò. Ale si woɖe woƒe dzimenyawo gblɔ na Yehowa ate ŋu aʋã wò nàwɔe nenema ne èle gbe dom ɖa. Àte ŋu ade dzesi nya aɖewo le woƒe gbedodoɖawo me hã siwo nàte ŋu azã atsɔ akafu Yehowa. Àkpɔe be nu siwo ŋu wo dometɔ aɖewo do gbe ɖa tsoe la nye nu siwo tututu le fu ɖem na wò hã alo wonye nu siwo nèdi be yeabia Yehowa.

Ðe Nàte Ŋu Akpɔ Ðokuiwò Le Woƒe Nɔnɔmea Mea?

Mawusubɔla wɔnuteƒe siwo to nɔnɔme vovovowo me la gblɔ woƒe dzimenyawo na Yehowa. Ðe wò hã èsena le ɖokuiwò me abe woawo ke enea?

  • Esi vɔvɔ̃ ɖo Yakob la, egblɔ eƒe seselelãmewo na Yehowa, gake menye ema ko o, eda akpe na Yehowa eye wòɖee fia be yeka ɖe edzi.—1 Mose 32:9-12.

  • Esi Fia Salomo se le eɖokui me be yemetsi o eye nuteƒekpɔkpɔ mesu ye si ne yeawɔ dɔ si Yehowa de ye si o la, eƒo koko na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu.—1 Fia. 3:7-9.

  • Esi David wɔ ahasi kple Bat-Seba megbe la, edo gbe ɖa na Yehowa be wòana “dzi dzadzɛ” nasu ye si.—Ps. 51:9-12.

  • Esi Yehowa de dɔ tɔxɛ aɖe Maria si la, ekafu Yehowa.—Luka 1:46-49.

Nu siwo nàgate ŋu awɔ: Xlẽ nu tso mawusubɔla aɖe ƒe gbedodoɖa ŋu eye nàbia ɖokuiwò be, ‘Aleke Yehowa ɖo esubɔlaa ƒe gbedodoɖaa ŋui?’ Wɔ nufiame siwo nède dzesi le eme la ŋu dɔ le wò agbe me.

12. Nya kawoe míate ŋu abia mía ɖokui ne míele ŋugble dem le gbedodoɖa siwo le Biblia me ŋu?

12 Ne èle ŋugble dem le gbedodoɖa siwo le Biblia me ŋu la, bia ɖokuiwò be: ‘Ame kae do gbea ɖa, eye nu ka me tom wònɔ hafi? Ðe nya siwo wògblɔ la sɔ kple nu siwo ŋu bum nye hã melea? Nu kae mate ŋu asrɔ̃ tso eme?’ Ðewohĩ ahiã be nàku nu me be nàkpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo. Gake ne èwɔe alea la, aɖe vi geɖe na wò. Na míadzro gbedodoɖa siawo dometɔ aɖewo me.

13. Nu vevi kae míesrɔ̃ tso Hana ƒe gbedodoɖaa me? (1 Samuel 1:10, 11) (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

13 Xlẽ 1 Samuel 1:​10, 11. Hana nɔ kuxi sesẽ eve me tom hafi do gbe sia ɖa. Etsi ko eye etsusia hã nɔ enu ɖiam, si na be menɔ dzidzɔ aɖeke kpɔm o. (1 Sam. 1:4-7) Ne èle kuxi aɖe me tom si na be mèle dzidzɔ kpɔm o la, nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Hana ƒe gbedodoɖaa me? Esi wògbɔ dzi ɖi ɖe eƒe kuxiawo katã dzi na Yehowa la, eƒe dzi dze eme. (1 Sam. 1:12, 18) Ne ‘míedro míaƒe agbawo ɖe Yehowa dzi,’ si fia be míegblɔ míaƒe kuxiwo katã kple ale si míele sesem le mía ɖokui me nɛ la, míawo hã míaƒe dzi adze eme.—Ps. 55:22.

Fotoawo: 1. Hana lé blanui eye wòtrɔ ɖe adzɔge esime Elkana le fefem kple viawo dometɔ eve. 2. Penina lé vidzĩ ɖe asi hele alɔgbɔnu kom. 3. Hana le gbe dom ɖa vevie eye wòle avi fam. 4. Nunɔlagã Eli nɔ anyi kpla asi akɔ hele Hana kpɔm ɖeƒomevii.

Esi Hana tsi ko eye etsusia nɔ alɔme ɖem le eŋu la, Hana trɔ eƒe dzi ƒo ɖe Yehowa ŋkume (Kpɔ memama 13)


14. (a) Nu bubu kae míagate ŋu asrɔ̃ tso Hana ƒe gbedodoɖaa me? (b) Aleke ŋugbledede le Ŋɔŋlɔawo ŋu ana míanya nu geɖe siwo ŋu míate ŋu ado gbe ɖa tsoe? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

14 Esi Hana dzi Samuel ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, ekplɔe yi na Nunɔlagã Eli. (1 Samuel 1:24-28) Hana do gbe ɖa tso dzi me da akpe na Yehowa, elabe ekpɔe be Yehowa kpɔa esubɔla wɔnuteƒewo ta eye wòléa be na wo.c (1 Sam. 2:1, 8, 9) Hana ƒe kuxiawo mevɔ ya o, gake etsɔ susu ɖo ale si Yehowa yrae la ŋu. Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Ne míaƒe susu nɔa ale si Yehowa le kpekpem ɖe mía ŋu va se ɖe fifia ŋu la, awɔe be míanɔ te ɖe míaƒe kuxiwo nu nyuie wu.

15. Ne wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋutɔwo alo ame bubuwo ŋu la, nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nyagblɔɖila Yeremiya ƒe gbedodoɖaa me? (Yeremiya 12:1)

15 Xlẽ Yeremiya 12:1. Esi nyagblɔɖila Yeremiya kpɔ ale si nu nɔ edzi dzem na ame vɔ̃ɖiwo la, dzi ɖe le eƒo vevie. Eye ale si nɔvia Israel-viwo wɔ nu ɖe eŋu hã te ɖe edzi. (Yer. 20:7, 8) Ne míekpɔ ale si nu le edzi dzem na ame vɔ̃ɖiwo, alo amewo le fewu ɖum le mía ŋu la, míawo hã míate ŋu ase le mía ɖokui me nenema. Togbɔ be Yeremiya gblɔ ale si nɔnɔmea te ɖe edzii hã la, mebu fɔ Mawu be ewɔ nu madzɔmadzɔ o. Esi wòkpɔ eteƒe Yehowa he to na eƒe dukɔ dzeaglã la, egaka ɖe edzi geɖe wu be Yehowa nye Mawu si lɔ̃a nu dzɔdzɔe. (Yer. 32:19) Míawo hã míate ŋu ado gbe ɖa agblɔ ale si wòtena ɖe mía dzi ne amewo le nu madzɔmadzɔ wɔm la na Yehowa. Míeka ɖe edzi be le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la, aɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo katã ɖa.

16. Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Lewi vi aɖe si woɖe aboyoe la ƒe gbedodoɖa me? (Psalmo 42:1-4) (Kpɔ nɔnɔmetataawo hã.)

16 Xlẽ Psalmo 42:1-4. Psalmo sia ŋlɔla nye Lewi vi aɖe si nɔ aboyo me si magate ŋu asubɔ kple nɔvia Israel-viwo le gbedoxɔa me o. Nya siwo wògblɔ la na míekpɔ ale si wònɔ sesem le eɖokui me. Míawo hã míate ŋu ase le mía ɖokui me nenema ne dɔléle alo nɔnɔme aɖe wɔe be míetsi teƒe ɖeka alo wode mí gaxɔ me ɖe míaƒe xɔse ta. Ate ŋu adzɔ be ɣeaɖewoɣi la, ànɔ dzidzɔ kpɔm nyuie, eye ɣebubuɣiwo hã àlé blanui vevie. Aleke kee wòɖale o, wò ya gblɔe na Yehowa ko. Esia ana nàda asɔ le ale si nèle wò nɔnɔmea bumee me. Lewi vi la va de dzesii be nu bubuwo li yeate ŋu awɔ atsɔ akafu Yehowa. (Ps. 42:5) Ede ŋugble le ale si Yehowa le be lém nɛ hã ŋu. (Ps. 42:8) Ne míedoa gbe ɖa na Mawu vevie tso dzi me la, esia awɔe be míakpɔ ŋutifafa, susu nyui anɔ mía si ɖe míaƒe nɔnɔmea ŋu, míaƒe dzi adze eme eye wòado ŋusẽ mí míado dzi.

Fotoawo: 1. Lewi vi aɖe le gbe dom ɖa vevie le gbedadaƒo. 2. Nɔviŋutsu aɖe nɔ anyi ɖe dɔba dzi le kɔdzi; eʋu Biblia da ɖe ata dzi eye wòle gbe dom ɖa.

Lewi vi si ŋlɔ Psalmo 42 lia gblɔ eƒe dzimenyawo na Mawu. Ne míegblɔa míaƒe dzimenyawo na Yehowa la, susu nyui ava nɔ mía si ku ɖe nɔnɔmea ŋu (Kpɔ memama 16)


17. (a) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso gbe si nyagblɔɖila Yona do ɖa me? (Yona 2:1, 2) (b) Aleke Psalmowo me nyawo ate ŋu afa akɔ na mí ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

17 Xlẽ Yona 2:1, 2. Nyagblɔɖila Yona nɔ tɔmelã gã aɖe ƒe dɔme hafi do gbe sia ɖa. Togbɔ be Yona meɖo to Yehowa va yi o hã la, eka ɖe edzi be Mawu ase yeƒe gbedodoɖa. Le eƒe kokoƒoƒoa me la, eyɔ nya geɖewo tso Psalmowo me.d Edze ƒãa be enya Psalmowo me nyawo nyuie. Ŋugbledede le wo ŋu na wòka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe ye ŋu. Nenema kee anyo be míawo hã míalé mawunyakpukpui aɖewo ɖe susu me, elabe ne míedo go kuxiwo eye míedo gbe ɖa na Yehowa la, akpe ɖe mía ŋu míaɖo ŋku wo dzi ale be míakpɔ akɔfafa.

NƆ GBE DOM ÐA EDZIEDZI BE NÀTE ÐE YEHOWA ŊU GEÐE WU

18-19. Ne esesẽna na mí ɣeaɖewoɣi be míagblɔ míaƒe seselelãmewo na Yehowa la, kakaɖedzinya kawoe le Romatɔwo 8:26, 27 na mí? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

18 Xlẽ Romatɔwo 8:26, 27. Ɣeaɖewoɣi la, nu tea mía ŋu ale gbegbe be míenyaa nya si tututu míagblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me o. Gake kpekpeɖeŋu li. Ne edzɔ alea la, Mawu ƒe “gbɔgbɔ [kɔkɔe] la ŋutɔ xɔa míaƒe ŋeŋe siwo míeɖe gblɔ o la ɖe akɔ.” Nu kae nya sia fia? Efia be Yehowa to eƒe gbɔgbɔa dzi na woŋlɔ esubɔla siwo to nɔnɔme sesẽ siwo tɔgbi me tom míele egbea dometɔ aɖewo ƒe gbedodoɖawo ɖe Biblia me. Ne míenya nya siwo míagblɔ le gbedodoɖa me o la, Yehowa ate ŋu abu gbe siwo esubɔla mawo do ɖa abe ɖe wonye nya siwo míedi be míagblɔ le míaƒe gbedodoɖawo me ene eye wòaɖo wo ŋu.

19 Nyateƒenya sia nyanya ɖe vi na nɔvinyɔnu Yelena si tso Russia. Wolée de gaxɔ me le esi wòdoa gbe ɖa eye wòxlẽa Biblia ta. Nu va te ɖe Yelena dzi ale gbegbe be esesẽna nɛ be wòado gbe ɖa. Egblɔ be: “Meɖo ŋku edzi ɣemaɣi be ne nuwo wu tsɔtsɔ nam eye nyemenya nya si magblɔ le gbedodoɖa me o la, Yehowa abu gbe siwo esubɔla siwo nɔ anyi va yi do ɖa abe ɖe wonye nya siwo medi be magblɔ le nye gbedodoɖa me ene eye wòaɖo eŋu nam. . . . Esia fa akɔ nam le ɣeyiɣi sesẽ mawo me ŋutɔ.”

20. Ne nu te ɖe mía dzi la, nu kawoe míate ŋu awɔ atsɔ adzra susu ɖo hafi ado gbe ɖa?

20 Ne nu te ɖe mía dzi vevie la, ate ŋu asesẽ be míaƒe susu nadze akɔ anyi míado gbe ɖa. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu? Míate ŋu aƒo Psalmowo me nya siwo woxlẽ lé ɖi la ase hafi ado gbe ɖa. Míate ŋu aŋlɔ ale si míele sesem le mía ɖokui me hã ɖi, abe ale si Fia David wɔe ene. (Ps. 18, 34, 142; etamenuŋɔŋlɔwo.) Le nyateƒe me la, míate ŋu awɔ nu bubuwo hã atsɔ adzra míaƒe susu ɖo hafi ado gbe ɖa. (Ps. 141:2) Le wo katã me la, wɔ esi nèkpɔ be asɔ na ye wu.

21. Nu ka tae míate ŋu ado gbe ɖa tso dzi blibo me?

21 Yehowa nya míaƒe seselelãmewo nyuie hafi míegblɔa wo, eye esia dzɔa dzi na mí ŋutɔ. (Ps. 139:4) Ke hã, edi be míagblɔ míaƒe dzimenyawo kple ale si gbegbe míeka ɖe ye dzi la na ye. Eya ta mègavɔ̃ kura o, do gbe ɖa na Fofowò si le dziƒo. Srɔ̃ nu tso mawusubɔla siwo nɔ anyi le blema la ƒe gbedodoɖawo me. Gblɔ wò dzimenyawo na Yehowa. Gblɔ nu siwo nana nèkpɔa dzidzɔ kple nu siwo doa nuxaxa na wò la nɛ. Yehowae nye Xɔ̃wò nyuitɔ kekeake, aɖo to wò ɣesiaɣi!

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

  • Nu kae akpe ɖe ŋuwò nàgblɔ wò dzimenyawo na Yehowa?

  • Nu kawoe nàwɔ be wò gbedodoɖa nate wò ɖe Yehowa ŋu geɖe wu?

  • Aleke ŋugbledede le Bibliamemewo ƒe gbedodoɖawo ŋu aɖe vi na wòe?

HADZIDZI 45 Nye Ŋugbledede Nedze Ŋuwò

a Ʋu agbalẽ si nye Biblia Me Mɔfiamewo Na Kristotɔwo nàkpɔ tanya si nye “Yehowa,” eye nàyi akpa si nye “Yehowa ƒe nɔnɔme ɖedzesi aɖewo” ale be nàde ŋugble le Yehowa ƒe nɔnɔmewo ŋu.

b Zi geɖe la, nɔvi si le hamea teƒe le gbe dom ɖa la ana wòanɔ kpuie.

c Nya siwo Hana zã le eƒe gbedodoɖaa me la dometɔ geɖe de sɔsɔ ge kple nya siwo dze le Mose ƒe nuŋlɔɖiawo me. Edze ƒãa be edi ɣeyiɣi de ŋugble le Ŋɔŋlɔawo ŋu. (5 Mose 4:35; 8:18; 32:4, 39; 1 Sam. 2:2, 6, 7) Le ƒe alafa aɖewo megbe la, Yesu dada Maria hã zã kafukafunya siwo de sɔsɔ ge kple esiwo Hana zã.—Luka 1:46-55.

d Le kpɔɖeŋu me, tsɔ Yona 2:3-9 sɔ kple Psalmo 69:1; 16:10; 30:3; 142:2, 3; 143:4, 5; 18:6; kple 3:8, le ɖoɖo si nu Yona zã wo le.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe