INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwyp nyati 100
  • Nu Kae Mawɔ Ne Meda Le Dzinyelawo Ƒe Se Aɖe Dzi?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Kae Mawɔ Ne Meda Le Dzinyelawo Ƒe Se Aɖe Dzi?
  • Sɔhɛwo Biana Be
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu si mele be nàwɔ o
  • Nu si wòle be nàwɔ boŋ
  • Nu Kae Mawɔ Be Dzinyelawo Naka Ðe Dzinye?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Nu Ka Tae Dzinyelawo Mekana Ðe Dzinye o?
    Nyɔ!—2008
  • Nu ka tae Dzinyelawo Maɖe Mɔ Nam Mado Dzidzɔ Na Ðokuinye O?
    Nyɔ!—2011
  • Nu ka ƒe sewoe nye gbogbo siawo?
    Nyɔ!—2007
Kpɔ Bubuwo
Sɔhɛwo Biana Be
ijwyp nyati 100
Dzila aɖewo tsi dzi vevie eye wole nu ƒom na wo vinyɔnu si megbɔ va aƒe me kaba o.

SƆHƐWO BIANA BE

Nu Kae Mawɔ Ne Meda Le Dzinyelawo Ƒe Se Aɖe Dzi?

Le ƒome ɖe sia ɖe kloe me la, dzilawo dea se aɖewo na wo viwo. Le kpɔɖeŋu me, ɣeyiɣi si wòle be woagbɔ va aƒe me, ale si woazã woƒe elektrɔnikmɔ̃wo kple ale si wòle be woawɔ nu ɖe amewo ŋu.

Nu kae nàte ŋu awɔ ne èda le dziwòlawo ƒe se aɖe dzi? Nu si dzɔ la dzɔ xoxo, gake àte ŋu awɔ nane tso eŋu ale be dziwòlawo nagado dziku ɖe ŋuwò fũu o. Nyati sia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nu siwo nàte ŋu awɔ.

  • Nu si mele be nàwɔ o

  • Nu si wòle be nàwɔ boŋ

  • Nya siwo hawòtiwo gblɔ

Nu si mele be nàwɔ o

  • Ne èda le dziwòlawo ƒe se aɖe dzi eye womenya o la, ɖewohĩ àdi be yeaɣla nu gbegblẽ si yewɔ.

  • Ne dziwòlawo nya be èda le yewoƒe se aɖe dzi la, ɖewohĩ àdi be yeatsɔ nanewo aɖe ye ɖokui nu alo ada vodadaa ɖe ame bubu dzi.

Manyo be nàwɔ nu siawo dometɔ aɖeke o. Nu ka tae? Elabe ne èɣlaa nu si nèwɔ alo tsɔa nya maɖinya aɖewo nɔa ɖokuiwò nu ɖem la, anye ɖevinuwɔwɔ. Ðeko esia ana dziwòlawo nakpɔe be ègakpɔtɔ nye ɖevi.

“Alakpadada made dziwò kura o. Gbe ɖeka gbe ɖeka la, nyateƒea adze eye dziwòlawo ahe to na wò wu ale si woawɔe ne ɖe nèto nyateƒe le gɔmedzedzea.”—Diana.

Nu si wòle be nàwɔ boŋ

  • Lɔ̃ ɖe edzi be yemewɔe nyuie o. Biblia gblɔ be: “Ame si tsyɔa nu eƒe dzidadawo dzi la, madze edzi nɛ o.” (Lododowo 28:13) Dziwòlawo nya be mède blibo o. Gake ɖe ema fia be màte ŋu anɔ nyateƒe tom oa?

    “Ne èto nyateƒe na dziwòlawo la, anɔ bɔbɔe wu be woatsɔ nu si nèwɔ la ake wò. Woaka ɖe dziwò geɖe eye woade bubu hã ŋuwò.”—Olivia.

  • Ðe kuku. Biblia gblɔ be: “Mido ɖokuibɔbɔ.” (1Petro 5:5) Ðokuibɔbɔ ana nàɖe kuku ɖe nu si nèwɔ ta eye mànɔ ɖokuiwò nu ɖem o.

    “Ame siwo yia edzi nɔa wo ɖokuiwo nu ɖem la ƒe dzitsinya va kuna. Vivivi la, megaɖea fu na wo kura ne wowɔ nu gbegblẽ o; woƒe dzi megaʋãna wo gɔ̃ hã o.”—Heather.

  • Lɔ̃ nàxɔ tohehea. Biblia gblɔ be: ‘Ðo to amehehe.’ (Lododowo 8:33) Mègato nyatoƒoe o, eye lɔ̃ nàxɔ tohehe ɖe sia ɖe si dziwòlawo ana wò.

    “Ne èyi edzi le nyatoƒoe tom le tohehe si wona wò ŋu la, ɖeko dziwòlawo agado dziku ɖe edzi. Le ema teƒe la, dze agbagba nàxɔ tohehea ne medzɔ dzi na wò o gɔ̃ hã.”—Jason.

  • Wɔ nu siwo ana woagaka ɖe dziwò. Biblia gblɔ be: ‘Miɖe amenyenye xoxo si sɔ ɖe miaƒe agbenɔnɔ tsãtɔ nu la ɖa.’ (Efesotɔwo 4:22) Nɔ nu siwo nyo la wɔm ale be dziwòlawo nagaka ɖe dziwò ake.

    “Ne èdzea agbagba wɔa nu si sɔ ɣeawokatãɣi eye nèɖee fia dziwòlawo be yemagawɔ nu gbegblẽ si yewɔ va yi o la, woagava ka ɖe dziwò ake.”—Karen.

AÐAŊUÐOÐO: Ne dziwòlawo bia be nàwɔ nane la, dze agbagba nàwɔe memie wu ale si wodii gɔ̃ hã. Esia ana woakpɔe be yewoate ŋu aka ɖe dziwò. Le kpɔɖeŋu me, ne èyi teƒe aɖe eye nètrɔ gbɔna aƒe me la, yɔ dziwòlawo nàgblɔe na wo be yele mɔ dzi gbɔna—ne màtsi megbe o gɔ̃ hã. Esia ana woakpɔe be èdi be woagaka ɖe ye dzi.

Nya siwo hawòtiwo gblɔ

Darius.

“Ne èwɔ nu gbegblẽ aɖe eye mègblɔe na dziwòlawo o la, ema hã fia be èda alakpa. Woava nya godoo eye ne edzɔ alea la, ke nyae be evɔ na ye, elabe ale si woahe to na wò la asesẽ wu ne ɖe nèto nyateƒe le gɔmedzedzea.”—Darius.

Sierra.

“Ne míewɔ nu gbegblẽ aɖe gake míetsɔ vodadaa da ɖe ame bubu dzi la, enana wòdzena abe ɖeviwo ko míeganye ene eye mímele klalo be míatsɔ nu siwo dona tsoa míaƒe vodadawo me o. Mía dzilawo magaka ɖe mía dzi o ne mímetea ŋu lɔ̃na ɖe míaƒe vodadawo dzi ɖea kuku o.”—Sierra.

Nu siwo me míedzro: Nu kae mawɔ ne meda le dzinyelawo ƒe se aɖe dzi?

  • Lɔ̃ ɖe edzi be yemewɔe nyuie o. Dziwòlawo nya be mède blibo o. Gake ɖe ema fia be màte ŋu anɔ nyateƒe tom oa?

  • Ðe kuku. Lɔ̃ faa nàgblɔ be “Meɖe kuku,” eye mègatsɔ nya maɖinya aɖewo anɔ ɖokuiwò nu ɖem o.

  • Lɔ̃ nàxɔ tohehea. Tohehe ɖe sia ɖe si dziwòlawo ana wò la, lɔ̃ faa nàxɔe.

  • Wɔ nu siwo ana woagaka ɖe dziwò. Nɔ nu siwo nyo la wɔm ale be dziwòlawo nagaka ɖe dziwò ake.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe