Nu Kawoe Yia Edzi Le Yehowa Ðasefowo Ƒe Srɔ̃ɖeƒewo?
Zi geɖe le Yehowa Ðasefowo ƒe srɔ̃ɖeƒewo la, woƒoa Biblia me nuƒo kpui aɖe. Wɔna bliboa nɔa kpokploe eye bubu nɔa eŋu. Ɣeaɖewoɣi la, wowɔa ɖoɖo be amewo naƒo ƒu emegbe ado vivi ɖe srɔ̃tɔawo ŋu eye woaɖu nu ɖekae.a Yesu de wɔna sia tɔgbi le Kana le eƒe subɔsubɔdɔa ƒe gɔmedzedze.—Yohanes 2:1-11.
Nu kae yia edzi le srɔ̃ɖeƒea?
Wɔnaa ƒe akpa vevi aɖe nye miniti 30 ƒe nuƒo si Yehowa Ðasefo ŋutsu aɖe aƒo. Nuƒolaa gblɔa ale si Biblia ate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔawo ŋu be lɔlɔ̃ kple dzidzɔ nanɔ woƒe srɔ̃ɖeɖea me eye wòanɔ anyi ɖaa. Eƒoa nuƒoa lɔlɔ̃tɔe eye wòdea dzi ƒo na srɔ̃tɔawo.—Efesotɔwo 5:33.
Le dukɔ geɖe me la, dziɖuɖua naa ŋusẽ Yehowa Ðasefo ŋutsu aɖewo be woakpɔ srɔ̃ɖeɖea dzi eye woadee agbalẽ me le se nu. Ne dziɖuɖusrɔ̃ɖeɖe siae woawɔ la, ke srɔ̃tɔawo aka atam le nuƒoa ƒe nuwuwu lɔƒo eye woate ŋu ade asigɛ na wo nɔewo. Eyome Ðasefo ŋutsu si dziɖuɖua na ŋusẽe la aɖe gbeƒãe be srɔ̃ɖelaawo zu atsu kple asi.
Le dukɔ bubuwo me la, se bia be woaɖe srɔ̃ le dziɖuɖua ƒe dɔwɔƒe aɖe. Srɔ̃tɔawo awɔ esia do ŋgɔ teti na srɔ̃ɖenuƒoa. Ne womeka atam esi wonɔ srɔ̃a ɖem le dziɖuɖua ƒe dɔwɔƒe o la, ke woate ŋu awɔe le srɔ̃ɖenuƒoa ƒe nuwuwu lɔƒo. Ne woka atam la le dziɖuɖua ƒe dɔwɔƒea xoxo la, woate ŋu atiae be yewoagawɔe, gake woagblɔe wòadze be woka atam la va yi. Nuƒolaa ado gbe ɖa abia Mawu be wòayra srɔ̃tɔ yeyeawo atsɔ awu nuƒoa nu.
Afi kae Yehowa Ðasefowo wɔa woƒe srɔ̃ɖeɖewo le?
Yehowa Ðasefo geɖe tianɛ be yewoawɔ yewoƒe srɔ̃ɖeɖe le afi si wokpena subɔna le, si woyɔna be Fiaɖuƒe Akpata, ne anya wɔ.b Ne srɔ̃tɔawo wɔ ɖoɖo be yewoaɖo kplɔ̃ emegbe, akpe ame aɖewo ale be yewoakpɔ dzidzɔ ɖekae la, ke woatia teƒe bubu na esia wɔwɔ.
Ame kawoe ate ŋu ava srɔ̃ɖeƒea?
Ne Fiaɖuƒe Akpata me woawɔ srɔ̃ɖeɖea le la, zi geɖe la, ame sia ame ate ŋu ade—Ðasefowo kple ame siwo menye Ðasefowo o. Ne srɔ̃tɔawo wɔ ɖoɖo be yewoaɖo kplɔ̃ emegbe la, woawo ŋutɔ tiana ame siwo wodi be yewoakpe ava kplɔ̃ɖoƒea.
Ðe vavalawo doa awu aɖe koŋua?
Togbɔ be wometiaa awu aɖe koŋ be ame siwo ava srɔ̃ɖeƒe le Fiaɖuƒe Akpataa me nado o hã la, Yehowa Ðasefowo dzena agbagba wɔna ɖe Biblia ƒe mɔfiame si nye be míadzra ɖo le nɔnɔme nyui me eye bubu nanɔ eŋu la dzi. Eya ta ne ame bubuwo hã dze agbagba dzra ɖo le nɔnɔme sia me hafi va la, edzɔa dzi na wo ŋutɔ. (1 Timoteo 2:9) Nenema kee ne srɔ̃tɔawo wɔ ɖoɖo be yeawoakpe amewo ava kplɔ̃ɖoƒe la, woawɔ ɖe dzadzraɖo ƒe mɔfiame siawo ke dzi.
Ðe amewo naa nuwo srɔ̃ɖela yeyeawoa?
Biblia de dzi ƒo na mí be míana nu amewo. (Psalmo 37:21) Edzɔa dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoana nu ame siwo le srɔ̃ ɖem eye woawɔe na yewo hã ne yewo le srɔ̃ ɖem. (Luka 6:38) Gake Ðasefowo menɔa biabiam be amewo natsɔ nunanawo vɛ alo nɔa gbeƒã ɖem ame siwo na nu srɔ̃tɔawo la ƒe ŋkɔwo o. (Mateo 6:3, 4; 2 Korintotɔwo 9:7; 1 Petro 3:8) Nuwɔna siawo mewɔ ɖeka kple nya si Biblia gblɔ o, azɔ hã, menana vavalawo vona le wo ɖokui me o.
Ðe wokpea ahanokpluwoa?
Biblia mede se ɖe ahanokpluwo dodo ɖe dzi alo wo kpekpe ŋu o. Gake srɔ̃tɔ aɖewo ate ŋu abia tso ame siwo wokpe va woƒe srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒewo si be woagawɔ esia o, ale be wòagaɖia amewo nu o.—Romatɔwo 14:21.
Ðe vavalawo wua mɔlu alo nu bubuwo ɖe srɔ̃ɖelaawo dzia?
Ao. Le teƒe aɖewo la, amewo wua mɔlu alo nu bubu mawo tɔgbi ɖe ame siwo le srɔ̃ ɖem la dzi. Woxɔe se be nu mawo ahe dzɔgbenyui, dzidzɔ kple agbe didi vɛ na srɔ̃tɔ yeyeawo. Gake Yehowa Ðasefowo mewɔa nu siwo do ka kple alakpadzixɔsewo o. Nu mawo ƒe ɖee nye dzɔgbenyui biabia na ame, elabe Biblia meda asi ɖe edzi o.—Yesaya 65:11.
Ðe nuɖuɖu kple nunono nɔa anyia?
Ne wole srɔ̃ ɖem le Fiaɖuƒe Akpata me la, nuɖuɖu kple nunono meyia edzi le afi ma o. Srɔ̃tɔ aɖewo tianɛ be yewoaɖo kplɔ̃ emegbe, akpe ame aɖewo ale be yewoakpɔ dzidzɔ ɖekae. Le afi ma la, nuɖuɖu kple nunono tea ŋu nɔa anyi. (Nyagblɔla 9:7) Ne wotiae be aha muame anɔ kplɔ̃ɖoƒea la, ke woakpɔ egbɔ be masɔ gbɔ akpa be amewo nanoe amu o, eye ame siwo xɔ ƒe si se ɖe mɔ be woanoe la koe anoe.—Luka 21:34; Romatɔwo 13:1, 13.
Ðe woƒoa ha alo ɖua ɣea?
Le kplɔ̃ɖoƒea la, srɔ̃tɔawo ate ŋu atiae be yewoaƒo ha aɖu ɣe. (Nyagblɔla 3:4) Ha siwo woatia la anye esiwo dzɔa dzi na woawo ŋutɔ kple esiwo asɔ na ame siwo wokpe. Gake woakpɔ egbɔ be wonye ha vivi siwo dze to. Zi geɖe la, ha siwo woƒona le Fiaɖuƒe Akpataa me le srɔ̃ɖeɣia la nyea esiwo wotu ɖe Biblia dzi.
Ðe Yehowa Ðasefowo ɖua srɔ̃ɖezã?
Esi wònye be Biblia mede se be míaɖu srɔ̃ɖezã alo míagaɖui o ta la, Ðasefo siwo nye srɔ̃tɔwo ŋutɔ ate ŋu atiae ne woaɖu woƒe srɔ̃ɖezã alo womaɖui o. Ne wotiae be yewoaɖui la, woawo ɖeɖe woate ŋu awɔe alo woakpe woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo.
a Srɔ̃ɖewɔnawo alo kɔnu nyanyɛ aɖewo kple senyawo ate ŋu ato vovo tso teƒe yi teƒe.
b Yehowa Ðasefo si aƒo srɔ̃ɖenuƒoa la maxɔ ga ɖe esia ta o eye womaxe fe hã ɖe Fiaɖuƒe Akpata zazã ta o.