NUSƆSRƆ̃NYATI 51
HADZIDZI 132 Fifia Míezu Ŋutilã Ðeka
Ale Si Nàwɔ Ðoɖo Ðe Srɔ̃kpekpe Ŋu Be Wòade Bubu Yehowa Ŋu
“Mina nuwo katã nayi edzi nyuie ɖe ɖoɖo nu.”—1 KOR. 14:40.
TAÐODZINUA
Nyati sia akpe ɖe Kristotɔ siwo le ɖoɖo wɔm ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la ŋu be woawɔ nu siwo adze Yehowa ŋu le woƒe srɔ̃kpegbe.
1-2. Aleke Yehowa di be nuwo nayi edzi le wò srɔ̃ɖegbe?
ÐE WÒ kple ame aɖe miedo ŋugbe na mia nɔewo eye eteƒe madidi o miaɖe srɔ̃a? Ne nenemae la, ke miawoe gbɔna dɔ wɔ ge loo! Anɔ eme be miele ɖoɖo wɔm ŋkubiãtɔe. Yehowa di be nuwo nayi edzi nyuie le miaƒe srɔ̃kpekpeaa eye dzidzɔ nanɔ miaƒe srɔ̃ɖeɖea me ɖaa.—Lod. 5:18; Haw. 3:11.
2 Ele vevie ŋutɔ be nu siwo miawɔ le miaƒe srɔ̃ɖegbea nade bubu Yehowa ŋu. Nu ka tae? Eye aleke miate ŋu awɔ esiae? Togbɔ be nyati sia me nyawo yi na ame siwo le ɖoɖo wɔm ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu koŋ hã la, mɔfiameawo akpe ɖe mí katã ŋu míade bubu Yehowa ŋu ne míeyi srɔ̃ɖeƒe aɖe alo ne ŋugbetɔawo bia be míaɖo aɖaŋu na yewo.
NU SI TAE WÒLE BE SRƆ̃KPEKPE NADE BUBU YEHOWA ŊU
3. Nu kae wòle be wòanɔ vevie na Kristotɔ siwo le ɖoɖo wɔm ɖe srɔ̃kpekpe ŋu, eye nu ka tae?
3 Ele be Kristotɔ siwo le ɖoɖo wɔm be yewoaɖe srɔ̃ la nawɔ ɖe mɔfiame siwo Yehowa Mawu na le eƒe Nyaa me la dzi. Nu ka tae? Elabena Yehowae ɖo srɔ̃ɖeɖe anyi. Eyae wɔ ɖoɖo ɖe srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ ŋu esi wòte Adam kple Xawa ƒo ƒu wozu srɔ̃tɔwo. (1 Mose 1:28; 2:24) Eya ta nu si wòle be wòanɔ vevie na ame siwo le ɖoɖo wɔm ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋue nye ale si woawɔ be woƒe srɔ̃kpekpea nahe kafukafu vɛ na Mawu.
4. Susu ka tae wòle be ame siwo le ɖoɖo wɔm ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu nakpɔ egbɔ be srɔ̃kpekpea de bubu Yehowa ŋu?
4 Susu vevi bubu si tae wòle be nàna Yehowa nafia mɔ wò le wò srɔ̃kpegbe ye nye be, eyae nye Fofowò si le dziƒo kple Xɔ̃wò vevitɔ. (Heb. 12:9) Ðikeke mele eme o be èdi be ye kplii dome nakpɔtɔ anɔ kplikplikpli. Màdi be naneke nayi edzi le srɔ̃ɖegbea alo le ŋkeke bubu aɖe dzi si ado vevesese na Yehowa o. (Ps. 25:14) Ne èbu nu siwo katã Yehowa wɔ na wò kple esiwo wòawɔ le etsɔme ŋu la, ɖe màlɔ̃ ɖe edzi be edze be nàde bubu eŋu le wò srɔ̃kpegbe oa?—Ps. 116:12.
ALE SI MIADE BUBU YEHOWA ŊU
5. Aleke Biblia ate ŋu akpe ɖe ame siwo le ɖoɖo wɔm ɖe srɔ̃kpekpe ŋu la ŋu?
5 Biblia mewɔ se gbogbo aɖeke ku ɖe ale si wòle be Kristotɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖe alo srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoɖo nanɔ ŋu o. Ame siwo le srɔ̃ ɖem ƒe nɔnɔmewo, dekɔnuwo kple didiwo ate ŋu ana nuwo nato vovo. Azɔ hã Kristotɔ vavãwo wɔna ɖe dukɔa ƒe se si ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la dzi. (Mat. 22:21) Aleke kee wòɖale o, Biblia ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ awɔe be srɔ̃kpekpea nade bubu Yehowa ŋu ahana wòakpɔ dzidzɔ. Eya ta Biblia ƒe mɔfiame kawoe wòle be wòanɔ susu me na mi?
6. Nu ka tae wòle vevie be ame siwo le ɖoɖo wɔm ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu nawɔ ɖe dziɖuɖua ƒe sewo dzi? (Romatɔwo 13:1, 2)
6 Miwɔ ɖe dziɖuɖua ƒe sewo dzi. (Rom. 13:1, 2) Le dukɔ geɖe me la, dziɖuɖua biaa nanewo tso ame siwo aɖe srɔ̃ la si. Ele be ame siawo naku nu me anya nudidi mawo. Ne miehiã kpekpeɖeŋu le esia me la, miate ŋu abia miaƒe hamemetsitsiwo woakpe ɖe mia ŋu.b
7. Aleke wòle be nuwo nayi le srɔ̃kpegbea, eye nu kae miawɔ be wòanɔ nenema?
7 Mikpɔ egbɔ be bubu le wɔna bliboa ŋu. (1 Kor. 10:31, 32) Midze agbagba miana Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetse nadze le wɔnaa ƒe akpa sia akpa, ke menye xexea ƒe gbɔgbɔ o. (Gal. 5:19-26) Le Ŋɔŋlɔawo nu la, ŋutsua ava nye ƒomea ƒe ta, eya ta eƒe agbanɔamedzie wònye be wòakpɔ egbɔ be srɔ̃kpekpea yi nyuie hede bubu Yehowa ŋu. Nu kae esia bia? Awɔ ɖoɖo woaƒo srɔ̃ɖenuƒo si wotu ɖe Biblia dzi. Ne nuƒolaa trɔ asi le eŋu nyuie heƒoe le lɔlɔ̃, vividoɖeameŋu, kple bubu me la, akpe ɖe vavalawo ŋu woade asixɔxɔ Mawu ƒe nunana si nye srɔ̃ɖeɖe ŋu. Akpe ɖe wo ŋu woakpɔe hã be srɔ̃kpekpea menye fefenu o. Eya ta Kristotɔ akpa gãtɔ tianɛ be yewoawɔ yewoƒe srɔ̃ɖeɖea le Fiaɖuƒe Akpata me, ne anya wɔ. Ne miedi be yewoazã Fiaɖuƒe Akpata na miaƒe srɔ̃ɖeɖea la, miŋlɔ agbalẽ na hamemetsitsiwo ƒe haa kaba miatsɔ abia.
8. Nu kae nàwɔ be nuwo nayi edzi nyuie le miaƒe srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea? (Romatɔwo 13:13)
8 Xlẽ Romatɔwo 13:13. Ne mietiae be yewoaɖo kplɔ̃ le srɔ̃ɖeɖea megbe la, nu kae miate ŋu awɔ be wòagaɖe xexea ƒe gbɔgbɔ afia o? Helagbe me nya si gɔme woɖe be “kplɔ̃ɖoɖo siwo gbɔ eme” la fia kplɔ̃ɖoɖo siwo me amewo noa aha tsu eye haƒoƒo yia edzi ʋuu va se ɖe zãtiƒe. Ne mieɖoe be aha muamewo nanɔ kplɔ̃ɖoƒea la, ke ele be miawɔ ɖoɖo ɖe eŋu nyuie ale be miate ŋu akpɔ egbɔ be ame aɖeke naganoe wòagbɔ eme o.c Eye ne miaƒo ha la, mikpɔ egbɔ be wòagade dzi bobobo o ale be vavalawo nate ŋu aɖo dze le wo nɔewo dome bɔbɔe. Milé ŋku ɖe ha siwo tɔgbi woaƒo kple hagbeawo ŋu nyuie ale be naneke nagaɖe fu na ame aɖeke ƒe dzitsinya o.
9. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na ame siwo le srɔ̃ ɖem ku ɖe nya siwo amewo agblɔ kple dzidzɔdonamenu siwo ayi edzi le srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea ŋu?
9 Le teƒe aɖewo la, ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo gblɔa nya ʋɛ aɖewo na srɔ̃tɔ yeyeawo le kplɔ̃ɖoƒea alo ɖea srɔ̃tɔ yeyeawo ƒe fotowo kple videowo fiana le mɔ̃ dzi be vavalawo nakpɔ. Esiawo tea ŋu nana wɔnaa nɔa etɔxɛ. Ke hã, ne mieɖoe be yewoawɔ nu siawo tɔgbi le miaƒe srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒe la, ke mikpɔ egbɔ be woanye nu siwo atu ame ɖo. (Flp. 4:8) Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe wòade bubu amewo ŋua? Ðe wòana bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖea ŋua?’ Eye vevietɔ wu la, ‘Ðe wòade bubu Yehowa ŋua?’ Togbɔ be woate ŋu awɔ nu siwo ado nukokoe na amewo hã la, ele be miakpɔ egbɔ be woagagblɔ nya madzeto aɖeke si ahe amewo ƒe susu ayi gbɔdɔnuwɔnawo dzi o. (Ef. 5:3) Ne ƒometɔwo alo xɔlɔ̃wo agblɔ nya aɖewo le miaƒe srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒe la, mina woanya nya siwo tɔgbi mimadi be woagblɔ le afi ma o, eye miakpɔ egbɔ be wowɔ ɖe edzi.
10. Nu ka tae wòle be ame siwo le ɖoɖo wɔm ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu nana wòanɔ kpokploe? (1 Yohanes 2:15-17)
10 Mina nuwo nanɔ kpokploe. (Xlẽ 1 Yohanes 2:15-17.) Edzɔa dzi na Yehowa ne esubɔlawo wɔ nu siwo de bubu eyama ŋu, ke menye nu si ahe susu ava wo ɖokuiwo dzi o. Kristotɔ siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo mazã ga fũu akpa ɖe woƒe srɔ̃kpekpe ŋu o, eye womatsɔ woƒe ‘nunɔamesiwo afia adegbeƒoƒotɔe hã o.’ Aleke wòaɖe vi na wò ne èna wò srɔ̃kpekpe le kpokploe? Bu ale si wòɖe vi na nɔviŋutsu Mike si tso Norway ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Míeƒo asa na fenyinyi eye míete ŋu yi mɔɖeɖedɔa dzi. Míaƒe srɔ̃ɖeɖea nɔ kpokploe, gake enya kpɔ ŋutɔ, eye míaŋlɔe be akpɔ o.” Nɔvinyɔnu Tabitha si tso India gblɔ be: “Esi míena míaƒe srɔ̃ɖeɖea nɔ kpokploe ta la, ewɔe be nu ʋɛ aɖewo ŋu koe wòhiã be míatso nya me le. Eya ta nyaʋiʋli boo aɖeke meyi edzi le mía kple míaƒe ƒometɔwo dome o. Esia na míeɖe dzi ɖi.”
Xexea ƒe akpa ka kee míeɖale o, míate ŋu ana míaƒe srɔ̃ɖeɖe nanɔ kpokploe, wòanya kpɔ, eye wòanye wɔna si dzi míaɖo ŋkui kple dzidzɔ (Kpɔ memama 10-11)
11. Aleke ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ate ŋu adzra ɖo le ŋukpekpe kple ŋuɖɔɖo me le woƒe srɔ̃ɖegbe? (Kpɔ fotoawo hã.)
11 Ðe mietso nya me le awu si miado ŋua? Ðikeke mele eme o be gbe ma gbe la, miadi be yewoanya kpɔ wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Le Biblia-ŋlɔɣiwo gɔ̃ hã la, ŋugbetɔa kple ŋugbetɔsrɔ̃a ƒe dzedzeme nɔa vevie na wo ŋutɔ. (Yes. 61:10) Ele eme be awu si miado le srɔ̃kpegbea ate ŋu ato vovo vie na awu siwo miado le wɔna bubuwo ya. Ke hã, ele be miadzra ɖo le ŋukpekpe kple ŋuɖɔɖo me, si fia be miagado awu siwo ana miaƒe teƒeteƒewo nanɔ dzedzem alo aɖe fu na amewo ƒe dzitsinya o. (1 Tim. 2:9) Mègana awu si nàdo kple ale si nàdzra ɖoe nanye nu vevitɔ na wò le wò srɔ̃kpegbea o.—1 Pet. 3:3, 4.
12. Nu ka tae wòle be ŋugbetɔa kple ŋugbetɔsrɔ̃a naƒo asa na srɔ̃ɖekɔnu siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o?
12 Miƒo asa na kɔnu siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o. (Nyaɖ. 18:4) Le srɔ̃kpekpe geɖe me egbea, amewo wɔa nu siwo do ka kple trɔ̃subɔsubɔ, gbɔgbɔyɔyɔ kple alakpadzixɔsewo. Yehowa xlɔ̃ nu mí vevie be míate mía ɖokui ɖa xaa tso nuwɔna makɔmakɔ mawo gbɔ. (2 Kor. 6:14-17) Ne wowɔa srɔ̃ɖekɔnu aɖewo le miaƒe nutoa me eye mienya ne wodzea Yehowa ŋu o la, miku nu me tso wo ŋu be miate ŋu atso nya me nyuie.
13. Aleke ame siwo le srɔ̃ ɖem la ate ŋu asrɔ̃ ale si Yehowa bua nunanawoe?
13 Ðe wòbɔ le miaƒe nutoa me be ame kpekpewo tsɔa nunanawo vanɛ na srɔ̃tɔ yeyeawoa? Anɔ eme be nu siwo ame kpekpeawo ana la anɔ te ɖe ale si ganyawo le na wo dzi. Ele eme be Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na Kristotɔwo be woanye nunalawo, eye edzɔa dzi na wo be yewoawɔ esia. (Lod. 11:25; Dɔw. 20:35) Ke hã, mele be míana vavalawo nase le wo ɖokui me be ele be yewoana nu kokoko alo ana woasusui be ele be kpekpeme nanɔ nunanaa ŋu o. Ele be míasrɔ̃ Yehowa akpɔ ŋudzedze ɖe nu sia nu si amewo ana mí tso dzi me le woƒe ŋutete nu la ŋu.—2 Kor. 9:7.
ALE SI MIAƑO ASA NA KUXIWO ALO AKPƆ WO GBƆ
14. Kuxi kawoe ame aɖewo doa goe ne wole ɖoɖo wɔm ɖe woƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu?
14 Esi miele agbagba dzem be yewoawɔ ɖoɖo ɖe srɔ̃kpekpea ŋu wòadze Yehowa ŋu la, anɔ eme be miado go kuxiwo. Le kpɔɖeŋu me, manɔ bɔbɔe be miawɔ ɖoɖo ɖe srɔ̃kpekpe si le kpokploe ŋu o. Charlie si tso Solomon Islands (Iles Salomon) gblɔ be: “Menɔ bɔbɔe kura be míatia ame siwo míakpe na srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoɖoa o. Xɔlɔ̃ geɖe le mía si, eye le míaƒe dekɔnu nu la, ame sia ame le mɔ kpɔm be nàkpe ye!” Tabitha si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Le mía gbɔ la, wowɔa srɔ̃kpekpe kpeɖiwo. Eya ta esi míeɖoe be míakpe ame 100 aɖewo ko la, exɔ ɣeyiɣi hafi mía dzilawo lɔ̃ ɖe edzi.” Sarah si tso India gblɔ be: “Ame aɖewo tsia dzi ɖe ga si gbegbe le wo si kple ale si amewo bua wo le nutoa mee ŋu. Nye ƒometɔ aɖe wɔ srɔ̃kpekpe kpeɖii. Esia da agba ɖe dzinye be nye hã mawɔe abe etɔa ene alo wòawu ema gɔ̃ hã.” Ne aleae wòle le gowòme la, ke nu kae akpe ɖe ŋuwò nàɖu kuxi siawo tɔgbi kple bubuwo dzi?
15. Nu ka tae wòle vevie be mianɔ gbe dom ɖa tso miaƒe srɔ̃ɖeɖoɖoawo ŋu?
15 Minɔ gbe dom ɖa tso miaƒe srɔ̃ɖeɖoɖoawo ŋu. Miate ŋu agblɔ kuxi siwo miele go domee kple ale si miele sesem le mia ɖokui me na Yehowa. (Flp. 4:6, 7) Miate ŋu abiae be wòakpe ɖe mia ŋu miatso nya me nyuie, miaɖe dzi ɖi ne mietsi dzimaɖi, eye dzi nanɔ mia ƒo mianɔ te sesĩe awɔ nu si sɔ ne ame bubuwo ƒe susu to vovo gɔ̃ hã. (1 Pet. 5:7) Ne miekpɔ ale si Yehowa ɖo miaƒe gbedodoɖawo ŋu la, esia ana miagaka ɖe edzi geɖe wu. Tabitha si ŋu míeƒo nu tsoe va yi gblɔ be: “Nye kple nye ŋugbetɔa míetsi dzi vevie elabe míedi be naneke nahe masɔmasɔ va mí ame evea alo mía kple míaƒe ƒometɔwo dome o. Eya ta ɣesiaɣi si míaɖo dze tso srɔ̃ɖeɖoɖoawo ŋu la, míedzea egɔme kple gbedodoɖa. Míekpɔe be Yehowa kpe ɖe mía ŋu be nu sia nu yi edzi nyuie.”
16-17. Aleke dzeɖoɖo nyui ate ŋu akpe ɖe mia ŋu ne miele ɖoɖo wɔm ɖe miaƒe srɔ̃kpekpe ŋu?
16 Miɖo dze tso nyawo ŋu le bubu kple ŋuɖɔɖo me. (Lod. 15:22) Ne miele srɔ̃ɖeɖoɖoa wɔm la, ahiã be mi ame evea miatso nya me le nu geɖe ŋu. Esia ƒe ɖewoe nye ŋkeke si dzi miawɔ srɔ̃kpekpea, ga home si miazã ɖe srɔ̃kpekpea ŋu, ame siwo miakpe, kple bubuawo. Hafi miatso nya me le nane ŋu la, mida susu vovovoawo kpɔ ɖekae, eye miadzro Biblia ƒe mɔfiame siwo ku ɖe nyaa ŋu kple aɖaŋu siwo nɔvi kpɔnuteƒewo ɖo na mi hã me. Ne miele susuawo lém kpɔ le mia nɔewo dome alo kple miaƒe ƒometɔwo la, mifa tu, susu nenɔ miaƒe nyawo me, eye migalé miaƒe nyawo me ɖe asi kpaɖii o. Ne mia dzilawo alo ƒometɔ kplikplikpliwo di be miade nanewo ɖoɖoa me evɔ magblẽ naneke o la, midze agbagba miawɔ woƒe didia dzi. Ŋkeke vevi aɖee wònye na woawo hã. Gake ne manya wɔ na mi o la, ke miɖe eme na wo bubutɔe. (Kol. 4:6) Mitsɔ tufafa ɖe eme na miaƒe ƒometɔwo be yewodi be srɔ̃kpekpea nanye dzidzɔɣi na yewo katã, gake vevietɔ wue nye be wòade bubu Yehowa ŋu.
17 Tiatia siwo miewɔ la me ɖeɖe na mia dzilawo ate ŋu asesẽ, vevietɔ ne womele nyateƒea me o. Ke hã, ne miegbɔ dzi ɖi ɖe nu me na wo le tufafa me la, aɖe vi ŋutɔ. Nɔviŋutsu Santhosh si tso India gblɔ be: “Míaƒe ƒometɔwo di be míawɔ Hindu kɔnu aɖewo. Gake nye kple nye ŋugbetɔa míeɖe nu me na wo, eye exɔ ɣeyiɣi hafi wova se nu gɔme na mí. Míelɔ̃ wɔ woƒe didi aɖewo siwo magblẽ mía kple Yehowa dome o dzi. Le kpɔɖeŋu me, míetrɔ nuɖuɖu si míeɖo be míaɖa le kplɔ̃ɖoƒea heɖa esi adzɔ dzi na wo boŋ, eye esi woawo medoa vivi ɖe hadzidzi kple ɣeɖuɖu ŋu o ta la, míete fli ɖe wo me.”
18. Nu kae miawɔ be nu sia nu nayi edzi nyuie le srɔ̃kpegbea? (1 Korintotɔwo 14:40) (Kpɔ fotoa hã.)
18 Miwɔ ɖoɖoawo nyuie. Ne miewɔ ɖoɖoawo nyuie la, nu mate mia ŋu le srɔ̃ɖegbea o. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 14:40.) Nɔviŋutsu Wayne si tso Taiwan gblɔ be: “Ŋkeke ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na srɔ̃kpegbea, míekpe kple ame siwo katã awɔ akpa aɖe le wɔnaa me. Míeɖo dze tso ale si nuwo ayii ŋu, eye míewɔ eƒe akpa aɖewo ƒe wɔwɔfia ale be nuwo natsɔ afɔ nyuie.” Azɔ nya vevi aɖe hãe nye esi: Ehiã ŋutɔ be miawɔ ɖe game dzi. Esia aɖee afia be miede bubu ame siwo miekpe la ŋu.
Ðoɖo nyui wɔwɔ ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu ana nuwo nayi nyuie (Kpɔ memama 18)
19. Nu kawoe miawɔ be nuwo nayi edzi nyuie le miaƒe srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea?
19 Nuwo ŋu bubu do ŋgɔ ana miaƒo asa na kuxi geɖe le srɔ̃kpegbea. (Lod. 22:3) Le kpɔɖeŋu me, ne enye nu si bɔ le miaƒe nutoa me be ame siwo womekpe o gɔ̃ hã tea ŋu vaa srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒe la, mibu nu siwo miawɔ be esia nagadzɔ o la ŋu. Mina miaƒe ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o la nanya nu siwo ayi edzi eye miana woanya miaƒe susu le srɔ̃ɖekɔnu aɖewo ŋu. Miate ŋu ahe woƒe susu ayi nyati si nye “Nu Kawoe Yia Edzi Le Yehowa Ðasefowo Ƒe Srɔ̃ɖeƒewo?” si dze le jw.org la dzi. Be nuwo nayi edzi nyuie le srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea la, anyo be miabia tso nɔviŋutsu aɖe si si nuteƒekpɔkpɔ geɖe su la si be wòanye “srɔ̃ɖeɖoɖoa dzi kpɔla.” (Yoh. 2:8) Ne mieɖe miaƒe ɖoɖoawo me nɛ nyuie la, ate ŋu akpɔ egbɔ be bubu nanɔ wɔnaa ŋu eye nuwo nayi ale si miedi.
20. Nu ka dzie wòle be ame siwo le ɖoɖo wɔm ɖe srɔ̃kpekpe ŋu naɖo ŋkui?
20 Ne èbu nu siwo gbegbe ɖoɖowɔwɔ ɖe srɔ̃kpekpe ŋu bia ŋu la, ate ŋu adzɔ be nàtsi dzimaɖi. Gake ɖo ŋku edzi be ŋkeke ɖeka ƒe nu koe srɔ̃kpekpea nye. Ale si mi ame evea mianɔ anyi ɖekae asubɔ Yehowa ƒe gɔmedzeƒe koe nye ema. Midze agbagba miana miaƒe srɔ̃kpekpea nanɔ kpokploe eye bubu nanɔ eŋu. Miɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ne wòafia mɔ mi miawɔ ɖoɖo ɖe miaƒe srɔ̃ɖeɖea ŋu nyuie. Ne míewɔe alea la, ke ɣesiaɣi si miaɖo ŋku miaƒe srɔ̃ɖeŋkekea dzi la, dzi adzɔ mi, eye mave mi akpɔ o.—Ps. 37:3, 4.
HADZIDZI 107 Lɔlɔ̃ Ƒe Kpɔɖeŋu Si Mawu Ðo
a NYAMEÐEÐE: Le teƒe aɖewo la, srɔ̃kpekpe nye wɔna aɖe si me ŋutsu kple nyɔnu kaa atam na wo nɔewo le, le Mawu ŋkume. Wotea ŋu ɖoa srɔ̃ɖekplɔ̃ hekpea ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo. Le teƒe siwo srɔ̃ɖewɔna alo srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoɖo aɖeke meyia edzi le o gɔ̃ hã la, ehiã be ame siwo le srɔ̃a ɖem naxɔ Biblia me mɔfiamewo le woƒe srɔ̃kpegbea.
b Ne èdi be yeanya nu geɖe tso ale si wòle be Kristotɔ naɖe srɔ̃ le se nu ŋu la, kpɔ nyati si nye “Srɔ̃ɖeɖe Si Ŋu Bubu Le Le Mawu Kple Amewo Ŋku Me” si dze le October 15, 2006 ƒe Gbetakpɔxɔ me.
c Kpɔ video si nye Ðe Wòle Be Mana Aha Sesẽ Ame Siwo Mekpea? le jw.org.