INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 40
  • Nu Vevi Kawoe Akpe Ðe Ŋuwò Nàse Biblia Gɔme?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Vevi Kawoe Akpe Ðe Ŋuwò Nàse Biblia Gɔme?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Àdi Be Yease Biblia Gɔmea?
    Nyɔ!—2017
  • Nu Kae Nye “Fiaɖuƒe La Ƒe Safuiwo”?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Biblia La Gɔme Sese Nukae Akpe Ðe Ŋuwò?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Nukatae Wòle Be Nàxlẽ Biblia?
    Àdi be Yeanya Nu Geɖe tso Biblia Ŋua?
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 40
Nyɔnu aɖe le Biblia xlẽm.

Nu Vevi Kawoe Akpe Ðe Ŋuwò Nàse Biblia Gɔme?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Biblia ŋutɔ gblɔ nu vevi siwo akpe ɖe mía ŋu míase egɔme la dometɔ geɖe na mí. Afi ka tɔe nèɖanye alo afi ka nèɖade suku se ɖe o, Mawu ƒe gbedeasi si le Biblia me la, “menye nya masegɔmea wònye o, eye mele didiƒe tso gbɔwò o.”—5 Mose 30:11.

Nu vevi siwo akpe ɖe ŋuwò nàse biblia gɔme

  1. Susu nyui nènɔ asiwò. Xɔ Biblia be enye Mawu ƒe Nya. Bɔbɔ ɖokuiwò, elabena Mawu tsia tsitre ɖe ɖokuidoɖedzilawo ŋu. (1 Tesalonikatɔwo 2:13; Yakobo 4:6) Ke hã ne èxlẽe la ehiã be nàbu tame tso nu si nèxlẽ la ŋu, elabena Mawu di be nàzã wò “tamebubu ŋutete.”—Romatɔwo 12:1, 2.

  2. Do gbe ɖa nàbia nunya. Biblia gblɔ le Lododowo 3:5 be: “Mègaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o.” Ke boŋ ‘yi edzi’ nànɔ nunya biam Mawu be nàse Biblia gɔme.—Yakobo 1:5.

  3. Nɔ nu srɔ̃m edziedzi. Biblia-sɔsrɔ̃ edziedzi aɖe vi geɖe na wò wu be nànɔ anyi ʋuu adae ɖe eme zi ɖeka.—Yosua 1:8.

  4. Nɔ nyatiwo srɔ̃m. Ne èsrɔ̃a nyati siwo ɖe Biblia me nufiafia aɖewo koŋ gɔme alo dzro wo me la, akpe ɖe ŋuwò geɖe ŋutɔ nànya Biblia me nufiafiawo nyuie. Dze egɔme kple “gɔmedzenufiafiawo” emegbe nàyi edzi kple nufiafia siwo bia “tsitsinyenye.” (Hebritɔwo 6:1, 2) Àva kpɔe be yeate ŋu atsɔ mawunyakpukpuiwo anɔ sɔsɔm kple wo nɔewo eye esia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔe be Biblia ƒe akpa vovovowo ɖe wo nɔewo me, woɖe esiwo “gɔme sese sesẽ” gɔ̃ hã me.—2 Petro 3:16.

  5. Bia kpekpeɖeŋu tso ame bubuwo gbɔ. Biblia de dzi ƒo na mí be míalɔ̃ faa axɔ kpekpeɖeŋu tso ame siwo se Biblia gɔme la gbɔ. (Dɔwɔwɔwo 8:30, 31) Yehowa Ðasefowo srɔ̃a Biblia kple amewo faa gamaxɔmaxɔe. Abe ale si Kristotɔ gbãtɔwo wɔnɛ ene la, wozãa Biblia me nyawo ŋutɔ tsɔ kpena ɖe amewo ŋu wokpɔa nu si tututu nye Biblia ƒe nufiafia dzea sii.—Dɔwɔwɔwo 17:2, 3.

Nu siwo mèhiã hafi nàse Biblia gɔme o

  1. Mehiã agbalẽnyanya fũu kple suku kɔkɔ dede o. Yesu ƒe apostolo wuieveawo se Ŋɔŋlɔawo gɔme eye wofiaa amewo togbɔ be wobu wo “ame manyagbalẽwo kple ame tsɛwo” hã.—Dɔwɔwɔwo 4:13.

  2. Mehiã ga o. Àte ŋu asrɔ̃ nu si Biblia fia femaxee. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Faa miexɔe, faa minae.”—Mateo 10:8.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe