INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwyp nyati 19
  • Nu Ka Tae Mesia Ðokuinye?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Tae Mesia Ðokuinye?
  • Sɔhɛwo Biana Be
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Si Ta Meɖe Asi Le Gadɔ Gã Aɖe Ŋu
    Nyɔ!—2010
  • Ne Viwò Ƒewuivi Wɔa Nu Vevi Eɖokui
    Nyɔ!—2013
  • Nu Ka Tae Maganɔ Agbe Ðo?
    Nyɔ!—2014
  • Ke Ne Lãmesẽkuxiwo Ðe Kpe Nam Ðe? (Akpa 3)
    Sɔhɛwo Biana Be
Kpɔ Bubuwo
Sɔhɛwo Biana Be
ijwyp nyati 19

SƆHƐWO BIANA BE

Nu Ka Tae Mesia Ðokuinye?

  • Nu kae wòfia be woasi ame ɖokui?

  • Nu ka tae amewo wɔa nu sia?

  • Ne èwɔa nu sia la, aleke nàwɔ atasii?

  • Gbebiame

  • Biabia Siwo Ŋu Nàde Nugble Le

  • Mawunyakpukpui Siwo Meŋlɔ Da Ði

Nu kae ameɖokuisisi nye?

Ameɖokuisisi nye eɖoɖo koŋ atsɔ lãnuwo anɔ nu vevi wɔm ame ɖokui. Esia nye nu vevi wɔwɔ ame ɖokui gbogbo siwo li la dometɔ ɖeka ko. Ðewoe nye dzotsɔtsɔ amè ame ɖokui kple ameɖokuiƒoƒo. Nyati sia ku ɖe ameɖokuisisi ŋu, gake mɔfiame siwo le eme ate ŋu akpe ɖe ame siwo wɔa nu vevi bubuwo wo ɖokuiwo hã ŋu.

Do wò sidzedze kpɔ: Nyateƒee alo aʋatsoe.

  1. Nyɔnuviwo koe sia wo ɖokuiwo.

  2. Ameɖokuisisi nye Biblia ƒe sedede si le 3 Mose 19:28 si gblɔ be: ‘Migasi mia ɖokuiwo o’ la dzi dada.

Ŋuɖoɖo nyuitɔwo:

  1. Aʋatsoe. Togbɔ be nyɔnuviwo koŋue sia wo ɖokuiwo hã la, ŋutsuvi aɖewo hã sia wo ɖokuiwo eye wowɔa nu vevi ƒomevi bubuwo hã wo ɖokuiwo.

  2. Aʋatsoe. Nya si 3 Mose 19:28 gblɔ la ku ɖe trɔ̃subɔla siwo nɔ anyi le blema ƒe kɔnuwo ŋu, ke menye nu vevi wɔwɔ ame ɖokui si ŋu míele nu ƒom tsoe le nyati sia me ŋu o. Ke hã susu le eme be míaƒo nya ta be mía Wɔla lɔ̃ame la medi be míawɔ nu vevi mía ɖokuiwo o.—1 Korintotɔwo 6:12; 2 Korintotɔwo 7:1; 1 Yohanes 4:8.

Nu ka tae amewo wɔa nu sia?

Do wò sidzedze kpɔ: Nya siawo dometɔ kae nèsusu be enye ŋuɖoɖo nyuitɔ?

Amewo sia wo ɖokuiwo . . .

  1. be yewoatsi nuxaxa nu.

  2. be yewoawu yewo ɖokuiwo.

Ŋuɖoɖo nyuitɔ: A. Ame siwo sia wo ɖokuiwo ƒe akpa gãtɔ medina be yewoaku o. Ðeko wowɔnɛ be yewoatsɔ atsi nuxaxa nu.

Kpɔ nya siwo sɔhɛ siwo sia wo ɖokuiwo dometɔ aɖewo gblɔ ɖa.

Celia : “Enana nye dzi dzea eme.”

Tamara: “Ewɔna nam abe ɖe nuxaxa nu yi ene. Veve si ame sena ne ewɔ nu vevi eɖokui la nyo sãsãsã wu nuxaxa.”

Carrie: “Nyemedina be malé blanui kura o. Ne mesi ɖokuinyea, nye susu meganɔa nye blanuilélea dzi o, nye susu va nɔa abi si le veyem la boŋ dzi.”

Jerrine: “Ɣesiaɣi si mesi ɖokuinyea, nye susu dzona le kuxi ɖe sia ɖe kloe dzi, eye megahiãna be makpe akɔ kple nye kuxiwo o. Tɔtrɔ sia dzɔa dzi nam.”

Ne kuxi sia le ŋuwò la, aleke nàwɔ atasii?

Gbedodoɖa na Yehowa nye nu vevi si kpena ɖe ame ŋu wòdzudzɔa nuwɔna sia. Biblia gblɔ be: ‘Midro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe eyama dzi, elabena eléa be na mi.’—1 Petro 5:7.

Aɖaŋuɖoɖo: Gbã la, do gbe kpui aɖe ɖa, ɖewohĩ nàgblɔ na Yehowa ko be, “Mehiã kpekpeɖeŋu.” Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ŋutete ava su asiwò nàgblɔ wò dzimenya geɖewo na “akɔfafa katã ƒe Mawu” la.—2 Korintotɔwo 1:3, 4.

Menye susumenu dzro aɖe si nana ame sena le eɖokui be yekpɔ gbɔdzɔe gbedodoɖa nye o. Enye dzeɖoɖo ŋutɔŋutɔ kple Fofowò si le dziƒo, ame si do ŋugbe be: “Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wò, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xɔname ƒe nuɖusi alé wò.”—Yesaya 41:10.

Ame siwo sia wo ɖokuiwo dometɔ geɖe kpɔ gbɔdzɔe esi woƒo nu tso woƒe kuxia ŋu na wo dzilawo alo ame tsitsi aɖe si dzi woka ɖo. Se nya siwo sɔhɛ siawo dometɔ etɔ̃ gblɔ la ɖa.

Gbebiame

  • Diana, ƒe 21

  • Kathy, ƒe 15

  • Lorena, ƒe 17

Ƒe nenie nèxɔ esime nète ɖokuiwò sisi?

Lorena: Mexɔ ƒe 14.

Diana: Mexɔ ƒe 18, menɔa ɖoɖo nu o. Mesia ɖokuinye gbe sia gbe hena kwasiɖa ɖeka alo eve, eyome menɔa anyi ɣleti ɖeka sɔŋ esi nyemewɔa nu sia o.

Kathy: Mexɔ ƒe 14. Megawɔnɛ ɣeaɖewoɣi kokoko.

Nu ka tae nèwɔa nu vevi ɖokuiwò?

Kathy: Elabena meléa fu ɖokuinye. Ewɔna nam be ame aɖeke medi be manye ye xɔlɔ̃ o.

Diana: Ɣeaɖewoɣi la, blanuiléle nana be nu tena ɖe dzinye eye dzi ɖena le ƒonye. Dziɖeleameƒoa nu nɔa sesẽm va se ɖe esime wòwua tsɔtsɔ nam. Ðeko wònɔna abe lã wɔadã aɖee le menye eye wòhiã be madze ɖokuinye ne wòado go ene.

Lorena: Nu tena ɖe dzinye vevie, medoa dziku eye nyemegakpɔa ŋudzedze ɖe ɖokuinye ŋu o. Ewɔna nam be meƒo ɖi, eye medina be maɖe seselelãme dziŋɔ ma aƒu gbe. Ɣeaɖewoɣi la, mesusunɛ be ele be mawɔ nu vevi ɖokuinye.

Ðe wò dzi dzea eme ne èwɔ nu vevi ɖokuiwòa?

Diana: Ɛ̃. Mevona le ɖokuinye me abe ɖe wodro agba kpekpe aɖe le ta nam ene.

Kathy: Ede sɔsɔ ge kloe kple avifafa. Nye dzi dzea eme ne mesi ɖokuinye abe ale si ko ame aɖewo hã ƒe dzi dzea emee ne wofa avi wosu wo nyuie ene.

Lorena: Nu vevi wɔwɔ ɖokuinye le ko abe bɔl aɖee le menye si me wotu nye nuxaxawo ɖo la ŋɔŋɔ ene. Maho o; ɖeko ya ado le eme eye wòaɖe asi le nye nuxaxawo katã ŋu woado le menye vivivi.

Ðe nèvɔ̃a nuƒoƒo tso nu si me tom nèlea ŋu na ame bubuwoa?

Lorena: Ɛ̃. Mevɔ̃na be woabum be menye ame sagã. Eye nyemedina hã be amewo nanya nye agbemenyawo o.

Diana: Amewo gblɔna ɣesiaɣi be yewobuam ame sesẽe, eye medi be woanɔ buyem nenema. Mesusunɛ be ne mebia be woakpe ɖe ŋunye la, ekema medo kpo nu.

Kathy: Mevɔ̃na be amewo abum be nyemele nyuie o, eye esia awɔe be ale si mebua ɖokuinyee la nagagblẽ ɖe edzi kura. Gawu la, ewɔna nam be medze na nu vevi si wɔm mele ɖokuinye la.

Nu kae kpe ɖe ŋuwò nètasii?

Lorena: Meƒo nu tso nye nuwɔnaa ŋu na nɔnye. Ðɔkta aɖe hã na kpekpeɖeŋum, ekpe ɖe ŋunye meɖu nye seselelãme manyomanyoawo dzi. Megawɔnɛ ɣeaɖewoɣi ya, gake Biblia-sɔsrɔ̃ edziedzi kpe ɖe ŋunye. Meƒoa ɖokuinye ɖe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔa me edziedzi hã. Ðewohĩ ahiã be makpe akɔ kple viɖemanɔameŋu ƒe seselelãme tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi le nye agbe me katã ya, gake medzea agbagba be nyemaɖe mɔ wòakpe dzinye o.

Kathy: Nɔvinyɔnu Kristotɔ si tsi wum ƒe ewo la de dzesi be nane le fu ɖem nam, eye meɖe nye nyawo gblɔ nɛ mlɔeba. Nukutɔe la, eya hã to nɔnɔme ma me kpɔ. Ŋu mekpem be maƒo nu tso nye kuxia ŋu nɛ o, elabe eya ŋutɔ hã to nɔnɔme ma me kpɔ. Meyi ɖakpɔ ɖɔkta aɖe hã, ekpe ɖe nye kple dzinyelawo ŋu míeva se nuwɔna sia gɔme nyuie wu.

Diana: Mele atsu kple asi aɖe si dzi meka ɖo la ƒe aƒe me zã aɖe me eye srɔ̃ŋutsua de dzesii be nane le fu ɖem nam. Ede dzi ƒom nam veveseseɖeamenutɔe be magblɔ nu si le dzɔdzɔm ɖe dzinye la na yewo. Nɔvinyɔnua lé nye asi eye wòkpla asi kɔ nam abe ale si ko nɔnye wɔna nam le nye ɖevime ene. Mewò avi, eye eya hã wò avi. Esesẽ nam be magblɔ nu si me tom mele la na wo, gake dzi dzɔm ŋutɔ esi megblɔe na wo.

Aleke Biblia kpena ɖe ŋuwò?

Diana: Biblia kpe ɖe ŋunye mekpɔe dze sii be nye ɖeka nyemate ŋu akpe akɔ kple nuwɔna sia o. Mehiã Yehowa Mawu ƒe kpekpeɖeŋu.​—Lododowo 3:5, 6.

Kathy: Biblia-xexlẽ kple enyanya be Mawu gbɔe gbedeasi si le eme la tso faa akɔ nam ŋutɔ!​—2 Timoteo 3:16.

Lorena: Ne mawunyakpukpui aɖe wɔ dɔ ɖe dzinye la, meŋlɔnɛ ɖe agbalẽ me, eye meva dea ŋugble le eŋu emegbe.​—1 Timoteo 4:​15.

Mawunyakpukpui kae wɔ dɔ ɖe dziwò vevie?

Diana: Lododowo 18:1 gblɔ be: “Ame si ɖe eɖokui ɖe aga le eya ŋutɔ ƒe dzodzro yome dim la, etsia tre ɖe nunyanyawo katã ŋu.” Ɣeaɖewoɣi la, esesẽna nam be manɔ amewo dome, gake mawunyakpukpui sia kpe ɖe ŋunye meva kpɔe be afɔku le ameɖokuiɖeɖe ɖe aga me.

Kathy: Mateo 10:29, 31 nye mawunyakpukpui eve siwo dɔa dzidzɔ nam ŋutɔ, afi si Yesu gblɔ le be atsutsrɔe ɖeka teti hã mekuna le Yehowa Mawu ƒe manyamanya me o. Eye wògblɔ kpee be: “Migavɔ̃ o: Miexɔ asi sãsãsã wu atsutsrɔe geɖewo.” Va se ɖe egbe la, ne mexlẽ nya mawo la, eɖoa ŋku edzi nam be Yehowa dea asixɔxɔ ŋunye.

Lorena: Mekpɔa ŋudzedze ɖe Yesaya 41:9, 10 me nyawo ŋu ŋutɔ. Yehowa gblɔ na eƒe amewo le afi ma be: “Nyemegbe wò o; megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; . . . mali ke wò.” Ne mele nu si li ke ŋu bum la nye susu yia nane si sesẽ goŋgoŋ, glikpɔ sesẽ, si naneke mate ŋu aŋɔ o dzi. Mawunyakpukpui sia doa ŋusẽm, elabe menyae be Yehowa lɔ̃m eye wòli kplim.

Biabia Siwo Ŋu Nàde Nugble Le

  • Ne èdi be yeabia kpekpeɖeŋu la, ame kae nàdi be yeaƒo nu tso yeƒe kuxiawo ŋu na?

  • Nya kae nàte ŋu agblɔ tso kuxia ŋu ne èle gbe dom ɖa na Yehowa Mawu?

  • Àte ŋu ayɔ mɔnu eve aɖewo (siwo menye nu vevi wɔwɔ ame ɖokui o) siwo dzi nàto aɖu wò nuteɖeamedzi kple nuxaxaa dzia?

Mawunyakpukpui Siwo Meŋlɔ Da Ði

Aɖaŋuɖoɖo: Ne èxlẽ mawunyakpukpui aɖe si na nèkpɔe be Yehowa lɔ̃ ye alo kpe ɖe ŋuwò be nàda asɔ le ale si nèbua ɖokuiwò kple wò gbɔdzɔgbɔdzɔwoe la, ŋlɔ mawunyakpukpui ma da ɖi. Ŋlɔ nu si tae mawunyakpukpui ma le vevie na wò la le nyagbe ɖeka alo eve me ɖe egbɔ. Be nàkpɔ ale si yeate ŋu awɔ esiae la, mawunyakpukpui aɖewoe nye esi Diana, Kathy kple Lorena ŋlɔ da ɖi.

  • Romatɔwo 8:​38, 39

    “Mawunyakpukpui siawo ɖee fiam be Yehowa lɔ̃m nenye be mese le ɖokuinye me be nɔnɔmea wu tsɔtsɔ nam gɔ̃ hã.”​—Diana.

  • Psalmo 73:23

    “Mawunyakpukpui siawo tɔgbi naa kakaɖedzim be nyemetsi akogo o. Ðeko wòle abe ɖe Yehowa le gbɔnye tututu ene.”​—Kathy.

  • 1 Petro 5:​10

    “Ate ŋu adzɔ be mímakpɔ gbɔdzɔe enumake o; abia be ‘míakpe fu vi aɖe.’ Gake mlɔeba la, Yehowa ate ŋu ana ŋusẽ si hiã la naɖo mía ŋu míado dzi atsɔ nɔnɔme ɖe sia ɖe.”​—Lorena.

Mawunyakpukpui Bubu Siwo Ŋu Nàde Ŋugble Le

  • Psalmo 34:19

  • Psalmo 54:6

  • Psalmo 55:23

  • Yesaya 57:15

  • Mateo 11:28, 29

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe