INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 108
  • Nu Kae Nye Nyagblɔɖi?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Kae Nye Nyagblɔɖi?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋu
  • Aleke Mawu ƒe Gbɔgbɔ Ʋã Amewo Woŋlɔ Biblia Lae?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Ðe Ame Aɖe Kpɔ Mawu Kpɔa?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Mose Gãtɔ La Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • “Gbɔgbɔ Kɔkɔe Ye Ʋã Amewo”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 108
Yohanes Amenyrɔɖetsimela

Nu Kae Nye Nyagblɔɖi?

Ale si Biblia ɖo eŋu

Nyagblɔɖi nye gbedeasi alo nu si Mawu ɖe fia ame to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi. Biblia gblɔ be “gbɔgbɔ kɔkɔe ye ʋã [nyagblɔɖilawo] wogblɔ Mawu ƒe nyawo ɖi.” (2 Petro 1:20, 21) Eya ta nyagblɔɖila nye ame si Mawu gblɔ eƒe nyawo na be wòagblɔ na ame bubuwo.—Dɔwɔwɔwo 3:18.

Mɔ kawo dzie Mawu to gblɔ eƒe nyawo na nyagblɔɖilawo?

Mawu to mɔ vovovowo dzi na eƒe nyagblɔɖilawo nya eƒe susuwo:

  • Eŋlɔe na wo. Mawu zã mɔnu sia zi ɖeka ya teti; esiae nye esime eya ŋutɔ ŋlɔ Se Ewoawo na Mose tẽe.—2 Mose 31:18.

  • Eƒo nu na wo to mawudɔlawo dzi. Le kpɔɖeŋu me, Mawu to mawudɔla aɖe dzi na Mose nya nya siwo wòagblɔ na Egipte-fia Farao. (2 Mose 3:2-4, 10) Ne Mawu di be woagblɔ nyaa ale si tututu yegblɔe la, enana mawudɔlawo gblɔnɛ na nyagblɔɖilawo tẽe eye wonɔa eŋlɔm ɖi abe ale si wowɔe na Mose ene, esi wogblɔ nɛ be: “Ŋlɔ nya siawo ɖi, elabena nya siawo dzie nu, si blam mele kpli wò kpakple Israel la, nɔ te ɖo.”—2 Mose 34:27.a

  • Ena wokpɔ ŋutegawo. Ɣeaɖewoɣi la, Mawu nana nu si wòdi be nyagblɔɖilaa nanya la dzena nɛ gaglã esime wòle ŋu eye mele alɔ̃ dɔm o. (Yesaya 1:1; Habakuk 1:1) Ŋutegaawo dometɔ aɖewo dzena nu ŋutɔŋutɔ na nyagblɔɖilaa ale gbegbe be eya ŋutɔ hã wɔa akpa aɖewo le eme. (Luka 9:28-36; Nyaɖeɖefia 1:10-17) Ɣeaɖewoɣi hã la, ŋutega dzena na nyagblɔɖilaa esime mele ŋu tututu o alo le akɔlɔ̃e dɔm. (Dɔwɔwɔwo 10:10, 11; 22:17-21) Mawu gblɔa eƒe gbedeasi na nyagblɔɖilaa le drɔ̃e me hã esime wòle alɔ̃ me.—Daniel 7:1; Dɔwɔwɔwo 16:9, 10.

  • Efia mɔ woƒe susuwo. Mawu nana eƒe nyagblɔɖilawo bua nuwo ŋu ale si wòdi ale be woagblɔ yeƒe susu na amewo. Mɔ sia ŋue Biblia ƒo nu tsoe esi wògblɔ be: “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me.” Woagate ŋu agblɔ nya si nye “tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me” le mɔ bubu nu be “[Mawu ƒe] gbɔgbɔ si wɔ dɔ le amewo me.” (2 Timoteo 3:16; Agbenya La) Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea alo eƒe dɔwɔŋusẽa “wɔ dɔ le” esubɔlawo me ale be wonya eƒe susuwo. Eya ta nya siwo nyagblɔɖilawo ŋlɔ la nye Mawu ƒe susuwo, gake woŋlɔe le woawo ŋutɔ ƒe nyagbewo me.—2 Samuel 23:1, 2.

Nu siwo ava dzɔ le etsɔme koe nyagblɔɖilawo gblɔ ɖia?

Ao, Biblia me nyagblɔɖiwo meku ɖe nu siwo ava dzɔ le etsɔme ɖeɖe ko ŋu o. Gake Mawu ƒe gbedeasi geɖe ku ɖe nu siwo ava dzɔ le etsɔme ŋu, ne womegblɔe tẽe o hã. Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe nyagblɔɖilawo xlɔ̃ nu blema Israel-viwo enuenu tso woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ŋu. Le nuxlɔ̃amenya mawo me la, wogblɔ yayra siwo woakpɔ ne wotrɔ dzi me kple vɔ̃ si adzɔ ɖe wo dzi ne wogbe dzimetɔtrɔ la siaa na wo. (Yeremiya 25:4-6) Tiatia si Israel-viawo awɔ lae ana woakpɔ yayra alo fiƒode.—5 Mose 30:19, 20.

Biblia me nyagblɔɖi siwo meku ɖe nu siwo ava dzɔ le etsɔme ŋu o

  • Ɣeaɖeɣi esi Israel-viwo bia Mawu be wòakpe ɖe yewo ŋu la, Mawu dɔ eƒe nyagblɔɖila aɖe ɖe wo be wòana woanya be esi womeɖo to ye o tae yemekpe ɖe wo ŋu o ɖo.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 6:6-10.

  • Esi Yesu nɔ nu ƒom kple Samaria nyɔnu aɖe la, egblɔ nu siwo nyɔnua wɔ va yi la nɛ eye Mawu koe ate ŋu ana Yesu nanya nu mawo. Nyɔnua de dzesii be nyagblɔɖilae Yesu nye togbɔ be Yesu megblɔ nya aɖeke ɖi be adzɔ le etsɔme o hã.—Yohanes 4:17-19.

  • Esi wonɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu la, eƒe futɔwo tsyɔ nu mo nɛ eye woƒoe. Emegbe wogblɔ nɛ be: “Gblɔ nya ɖi! Ame kae ƒo wò?” Menye ɖe wonɔ Yesu biam be wòagblɔ nu si ava dzɔ le etsɔme ɖi o, ke boŋ be Mawu nakpe ɖe eŋu wòanya ame si ƒoe.—Luka 22:63, 64, Agbenya La.

a Togbɔ be edze abe Mawu ŋutɔe ƒo nu na Mose tẽe le afi sia ene hã la, Biblia na míenya be mawudɔlawo dzie Mawu to tsɔ Sea na Mose.—Dɔwɔwɔwo 7:53; Galatiatɔwo 3:19.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe