INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 144
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Dzotɔtɔ Ame Kukuwo Ŋu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Dzotɔtɔ Ame Kukuwo Ŋu?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Susu totro siwo le amewo si ku ɖe dzotɔtɔ ame kukuwo ŋu
  • Ðe Dzotɔtɔ Ame Kuku Aɖe Fu Na Wòa?
    Nyɔ!—2009
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Tɔtrɔ Ayi Anyi me—Alekee?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Ku ƒe Agbawo Dzi Ðeɖe Akpɔtɔ
    Nyɔ!—1992
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 144
Wokɔ ame si ku ƒe afi ɖe nugo me tsɔ da ɖe eƒe foto gbɔ

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Dzotɔtɔ Ame Kukuwo Ŋu?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Biblia mena mɔfiame aɖeke kã tso dzotɔtɔ ame kukuwo ŋu o. Biblia mede se aɖeke ku ɖe ame kukuwo ɖiɖi alo dzotɔtɔ wo ŋu o.

Biblia ƒo nu tso go vovovo siwo me Mawu subɔla wɔnuteƒewo ɖi woƒe ame kukuwo le ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Abraham dze agbagba ƒle anyigba aɖe be wòanye ameɖiƒe, eye wòɖi srɔ̃a, Sara ɖe afi ma.—1 Mose 23:2-20; 49:29-32.

Azɔ hã, Biblia na míenya be nuteƒewɔla aɖewo tɔ dzo woƒe ame kukuwo. Le kpɔɖeŋu me, esi Israel Fia Saul kple viaŋutsu etɔ̃ ku le aʋagbedzi la, woƒe kukuawo nɔ futɔawo ƒe anyigba dzi le gɔmedzedzea me, eye woɖi gbɔ woƒe kukuawo. Esi Israel-vi wɔnuteƒe siwo nye aʋawɔlawo se nu tso eŋu la, woyi ɖatsɔ Saul kple viaŋutsuawo ƒe kukuawo, wotɔ dzo wo, eye woɖi woƒe ƒuwo. (1 Samuel 31:8-13) Biblia ɖee fia be ale si Israel-vi mawo wɔ woƒe kukuawoe la sɔ.—2 Samuel 2:4-6.

Susu totro siwo le amewo si ku ɖe dzotɔtɔ ame kukuwo ŋu

Susu totro: Dzotɔtɔ ame kuku nye bubumademade eƒe ŋutilã ŋu.

Nyateƒenya: Biblia gblɔ be ne ame ku la, egatrɔna zua anyi, eye le dzɔdzɔme nu la, nu siae dzɔna ɖe ŋutilã kuku dzi ne enyunyɔ. (1 Mose 3:19) Ne wotɔ dzo ŋutilã kuku wòzu afi la, enana be wòzua anyi kaba.

Susu totro: Le blema la, ame siwo ŋu Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖo o koe wotɔa dzoe le woƒe ku megbe.

Nyateƒenya: Wotɔ dzo ame mawɔnuteƒe aɖewo, abe Akan kple eƒe ƒomea ene, ƒe kukuawo. (Yosua 7:25) Ke hã, le go akpa gãtɔ me la, menye nenemae wònɔna o. (5 Mose 21:22, 23) Abe ale si míekpɔe va yi ene la, wotɔ dzo nuteƒewɔla aɖewo, abe Fia Saul viŋutsu Yonatan ene, ƒe kukuawo.

Susu totro: Ne wotɔ dzo ame la, awɔe be Mawu mate ŋu afɔe ɖe tsitre o.

Nyateƒenya: Ku ɖe ame kukuwo fɔfɔ ɖe tsitre ŋu la, woɖaɖi ame si ku o, woɖatɔ dzoe o, atsiaƒu mee wòtsi o, lã wɔadã aɖee vuvui o, Mawu ate ŋu afɔe ɖe tsitre. (Nyaɖeɖefia 20:13) Ŋusẽkatãtɔ la ate ŋu agawɔ ŋutilã bubu na amea bɔbɔe.—1 Korintotɔwo 15:35, 38.

Dzotɔtɔ Ame Kuku Alo Eɖiɖi?—Ale Si Nàtso Nya Me

Ne eva hiã be nàtso nya me be yeatɔ dzo ame kuku loo alo aɖii la, bu nya siwo gbɔna la ŋu.

  • Nu si amea gblɔ be yedi hafi wòku. Biblia me kpɔɖeŋuwo li ku ɖe ale si ƒometɔwo wɔ ɖe nya siwo ame aɖe gblɔ da ɖi ku ɖe ale si woawɔ yeƒe kukua ŋui dzi la ŋu.—1 Mose 50:4, 5; 2 Mose 13:19.

  • Dekɔnuwo. Zi geɖe la, dekɔnuwo kpɔa ŋusẽ ɖe nu si wowɔa ŋutilã kukuwoe dzi. (Yohanes 19:40) Le kpɔɖeŋu me, le Biblia ŋlɔɣiwo la, zi geɖe la, woɖia ame siwo ku. (1 Mose 49:31; 1 Samuel 28:3) Nenema kee egbea, ame aɖe ate ŋu atiae be yeaɖi ame si ku la le woƒe dekɔnuwo nu, zi ale si dekɔnu mawo metsi tre ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo ŋu o ko.

  • Nu si dukɔa ƒe sewo bia. Biblia de dzi ƒo na mí be míabɔbɔ mía ɖokui ɖe ŋusẽtɔwo te. (Romatɔwo 13:1) Le teƒe aɖewo la, dziɖuɖua dea sewo ku ɖe nu si woawɔ na ame kukuwo ƒe ŋutilã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne woatɔ dzo ame kuku la, dziɖuɖu ƒe sewo li ku ɖe afi si woakɔ ame si wotɔ dzoe la ƒe afiwo ɖo ŋu.

  • Ame bubuwo ƒe seselelãme. Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na mí be míadi ame bubuwo ƒe nyonyo. (Filipitɔwo 2:4) Ne eva hiã be míatso nya me be míaɖi ame si ku loo alo atɔ dzoe la, míate ŋu ade ŋugble le nyabiase siawo ŋu: Nu kae nye ƒometɔ bubuwo ƒe susu le dzotɔtɔ ame kukuwo alo wo ɖiɖi ŋu? Nu kae nye nutoa me tɔwo ƒe susu le dzotɔtɔ ame kukuwo alo wo ɖiɖi ŋu?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe