Tɔtrɔ Ayi Anyi me—Alekee?
“ANYI nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!” Esime ame gbãtɔ Adam se nya mawo la, enya nusi wòakpɔ mɔ na. Anyie wotsɔ wɔe eye anyi ko mee wòagatrɔ ayi. Aku elabena meɖo to eƒe Wɔla, Yehowa Mawu, o.—Mose I, 2:7, 15-17; 3:17-19.
Biblia ɖee fia be anyie wotsɔ wɔ amegbetɔwoe. Egblɔ hã be: “Luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku.” (Xezekiel 18:4; Psalmo 103:14) Ku he nuxaxa vɛ na ame miliɔn geɖe eye efɔa biabiawo ɖe te enuenu le alesi woadzra ame kuku ɖoe ŋu.
Alesi Wowɔnɛ Tsã Kple Fifia
Aleke wodzraa ame kukuwo ɖoe le Mawu ƒe amewo dome le blemaɣeyiɣiwo me? Le Biblia ƒe axa gbãtɔwo me la, woƒo nu tso mɔ vovovo siwo nu wotrɔa asi le ame kuku ŋui ŋu, eye eɖiɖi ɖe tome hã le eme. (Mose I, 35:8) Maxpela-kpeto mee woɖi blemafofo Abraham kple srɔ̃a Sara, kpakple wo vi Isak kple wo tɔgbuiyɔvi kple mamayɔvi Yakob ɖo. (Mose I, 23:2, 19; 25:9; 49:30, 31; 50:13) Woɖi Israel-ʋɔnudrɔ̃la siwo nye Gideon kple Simson ɖe ‘wo fofowo ƒe yɔdowo me.’ (Ʋɔnudrɔ̃lawo 8:32; 16:31) Esia fia be wodina be ameɖiƒewo nanɔ ƒomewo si le Mawu ƒe blemadukɔ la dome. Esime Yesu Kristo ku le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, woda eƒe ŋutilã ɖe yɔdo yeye aɖe si woɖe ɖe kpeto me la me. (Mateo 27:57-60) Ekema ne míagblɔe gbadza la, woɖia ame kukuwo ɖe tome alo wodaa wo ɖe kpeto me. Aleae wògale le anyigba ƒe teƒewo ƒe akpa gãtɔ.
Gake le xexeame ƒe akpa aɖewo egbea la, anyigba manɔanyi si nye ŋkubiãnya kple eƒe asixɔxɔ vevie na wòle sesẽm ɖe edzi be woaƒle ameɖiƒewo. Eyata ame aɖewo le mɔ bubu siwo dzi woato adzra ame kukuwo ɖoe ŋu bum.
Dzofiwo hehlẽ ɖi le dzotɔtɔ ame kukua vɔ megbe va le bɔbɔm ŋutɔ. Le England la, mɔ sia nue wotona dzraa ame kuku 40 le alafa me ɖoe fifia. Le Sweden, afisi wotɔa dzo ame kuku siwo wu 80 le alafa me le dugãwo me la, wotia ave aɖewo be woahlẽ dzofiawo ɖe afima. Eye le Shanghai kple China ƒe ƒutadu ʋee bubu aɖewo me la, dugãdzikpɔlawo kpɔa dzofiwo hehlẽ ɖe ƒu me le agbɔsɔsɔ gã me si wowɔna zi geɖe le ƒea me la dzi.
Teƒe kawoe woate ŋu ahlẽ dzofiwo ɖo? Menye teƒe ɖesiaɖe koe o. Ame aɖewo avɔ̃ be dzofiwo hehlẽ ɖi agblẽ nu le nutoa me. Gake le nyateƒe me la, nusianu si ate ŋu ahe dɔvɔ̃ vɛ la, fiãna ne wotɔ dzo amea. Ameɖiƒe aɖewo siwo le England kple United States gblẽ abɔwo alo seƒoƒobɔ aɖewo ɖi be woahlẽ dzofiwo ɖe afima. Le nyateƒe me la, Kristotɔwo tsia dzi ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe nukpɔsusu le dzotɔtɔ ame kukuwo kple dzofiwo hehlẽ ɖi ŋu vevie.
Nukae Nye Ŋɔŋlɔawo ƒe Nukpɔsusu?
Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ le fɔbunya si wògblɔ ɖe “Babel-fia” ŋu me be: “Wotsɔ wò . . . ƒu gbe tso wò yɔdo gbɔ.” (Yesaya 14:4, 19) Ðe wòle be míatsɔ dzofiwo hehlẽ ɖi asɔ kple gbɔɖiamenya sia? Ao, elabena womeƒo nu tso dzotɔtɔame kple dzofia dzadzraɖo alo ehehlẽ ɖi ŋu o.
Yesu Kristo ƒo nu tso ame kukuwo ƒe tsitretsitsi le anyigba dzi si ava eme le eƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me ŋu esime wògblɔ be: “Amesiwo katã le yɔdowo me la, woase [nye] gbe; eye . . . woado go.” (Yohanes 5:28, 29) Gake nyateƒe si wònye be menye yɔdo me ame anɔ kokoko hafi woafɔe ɖe tsitre o la dze le tsitretsitsi ŋuti nyagblɔɖi bubu me. Nyaɖeɖefia 20:13 gblɔ be: “Atsiaƒu ɖe ame kuku, siwo le eme la, hena, eye ku kple tsiẽƒe woɖe ame kuku, siwo le wo si la, hena.” Eyata menye afisi ame ‘trɔ yi anyi me’ le alo mɔ si dzi wòto yi ye le vevie o. Ke boŋ ne Mawu aɖo ŋku edzi afɔe ɖe tsitre ye le vevie. (Hiob 14:13-15; tsɔe sɔ kple Luka 23:42, 43.) Edze ƒã be menye amewo ɖiɖi ɖe yɔdo dzeaniwo mee akpe ɖe Yehowa ŋu wòaɖo ŋku amewo dzi o. Dzotɔtɔ ame kuku maxe mɔ na eƒe tsitretsitsi o. Eye ne wotsɔ susu nyui hlẽ dzofiwo ɖi alakpasubɔsubɔ ƒe kɔnuwɔwɔwo manɔmee la, matsi tre ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu o.
Ele be amesiwo lɔ̃ be yewoahlẽ dzofiwo ɖi nawɔ ɖe dukɔa ƒe sewo dzi. Asɔ hã be woabu kutɔwo kple ame bubuwo ƒe seselelãme ŋu. Anyo be Yehowa subɔlawo naɖɔ ŋu ɖo be woagawɔ ablɔɖe si Ŋɔŋlɔawo na le go sia me ŋudɔ wòado vlo ŋkɔ nyui si le Kristotɔwo ŋu o. Esia hiã vevietɔ le dukɔ siwo me se ɖe mɔ ɖe dzotɔtɔ ame kukuwo kple dzofiwo hehlẽ ɖi ŋu gake nutoa me tɔwo meda asi ɖe edzi bliboe haɖe o. Le nyateƒe me la, Kristotɔ makpɔ gome le nuwɔna alo kɔnu siwo wotu ɖe amegbetɔ ƒe luʋɔ makumaku dzixɔse dzi me o.
Ablɔɖe Blibo Kpɔkpɔ tso Yɔdo Si Me!
Ame aɖewo siwo lɔ̃ ɖe dzofiwo hehlẽ ɖi dzi gblɔ be efia be woavo tso amewo ɖiɖi ɖe yɔdowo me si me. Gake ŋugbe si Biblia do be “futɔ mamletɔ, si woaɖe ɖa la, enye ku” la me vavae ahe gbɔdzɔe gãtɔ kekeake vɛ.—Korintotɔwo I, 15:24-28.
Esia fia be yɔdowo, kpetowo, dzotɔtɔ ame kukuwo kple dzofiwo hehlẽ ɖi gɔ̃ hã nu ayi. Ẽ, ku maganɔ anyi o. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Yohanes wòŋlɔ bena: “Mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
Nusiawo katã ava eme ne woɖe amegbetɔ ƒe ku si tso Adam ƒe nuvɔ̃ me ɖa keŋkeŋ le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te. Ɣemaɣi la, ameƒome toɖolawo magakpɔ mɔ na tɔtrɔ ayi anyi me azɔ o.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 29]
Asitɔtrɔ le ame kukuwo ŋu ƒe mɔnu siwo bɔ
[Nɔnɔmetata si le axa 31]
Dzofiwo hehlẽ ɖi le Sagami Bay, Japan
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Le Koueisha, Tokyo, ƒe mɔɖeɖe nu