INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbv nyati 53
  • Luka 1:37—‘Elabena Naneke Mesesẽ Na Mawu O’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Luka 1:37—‘Elabena Naneke Mesesẽ Na Mawu O’
  • Mawunyakpukpui Siwo Me Woɖe
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu si Luka 1:37 fia
  • Nya siwo ƒo xlã Luka 1:37
  • Wode Bubu Yesu Ŋu Hafi Wodzii
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Gabriel Va Maria Gbɔ
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Mawudɔla Aɖe Yi Maria Gbɔ
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Wode Bubu Eŋu Hafi Wodzii
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
Kpɔ Bubuwo
Mawunyakpukpui Siwo Me Woɖe
ijwbv nyati 53

MAWUNYAKPUKPUI SIWO ME WOÐE

Luka 1:37—‘Elabena Naneke Mesesẽ Na Mawu O’

“Elabena Mawu ƒe nya aɖeke mado kpo emevava o.”—Luka 1:37, Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe.

“Elabena naneke mesẽ na Mawu o.”—Luka 1:37, Eʋegbe Biblia.

Nu si Luka 1:37 fia

Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ate ŋu awɔ nu siwo amegbetɔwo susu be manya wɔ o. Naneke mate ŋu axe mɔ nɛ be wòagawɔ nya si wògblɔ alo ŋugbe si wòdo la dzi o.

Esi wònye be Yehowa Mawu ƒe nyawo vaa eme ɣesiaɣi ta la, woagate ŋu agbugbɔ agblɔ Helagbe me nya gbãtɔ si dze le Luka 1:37 be: “Mawu ƒe ŋugbedodowo katã ava eme godoo” alo “Mawu ate ŋu awɔ nu sia nu.” Nya siawo ɖo kpe nyateƒenya vevi aɖe dzi. Eyae nye be: Mawu ƒe nya alo ŋugbedodo ɖe sia ɖe ava eme, elabe naneke mesesẽ na Mawu o.—Yesaya 55:10, 11.

Wogblɔ nya siawo tɔgbi tso Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu le Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa gblɔ to mawudɔla aɖe dzi be Abraham srɔ̃, Sara si medzi vi kpɔ o, afɔ fu le eƒe tsitsime. Mawu gagblɔ kpee be: “Ðe nane sesẽ na Yehowaa?” (1 Mose 18:13, 14) Esi blemafofo Hiob de ŋugble le Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋu la, egblɔ na Yehowa be: “Naneke meli nàɖo, si màte ŋu awɔ o.” (Hiob 42:2) Esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo tsi dzi be yewomate ŋu awɔ Mawu ƒe sewo dzi akpɔ agbe o la, Yesu ɖo ŋku edzi na wo be ‘Mawu tea ŋu wɔa nu sia nu.’—Mateo 19:25, 26.a

Nya siwo ƒo xlã Luka 1:37

Mawudɔla si woyɔna be Gabriel ye gblɔ nya siwo dze le Luka 1:37 na Yuda ɖetugbui leaƒe Maria. Ðeko Gabriel gblɔ nɛ be adzi “Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi” eye wòana “ŋkɔe be Yesu” teti koe ma. Eyae anye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia eye wòaɖu dzi tegbee.—Luka 1:26-33; Nyaɖeɖefia 11:15.

Maria bia mawudɔla la be aleke nu sia ate ŋu ava eme esi yemeɖe srɔ̃ o eye ‘yemenya ŋutsu o.’ (Luka 1:34, 35) Gabriel ɖo eŋu nɛ be Mawu azã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ana esia nava eme. Ɣemaɣi la, Yesu nye Mawu ƒe gbɔgbɔmevi si nɔ dziƒo. Eya ta Yehowa zã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ trɔ Yesu ƒe agbe tso dziƒo va de Maria ƒe vidzidɔ me. (Yohanes 1:14; Filipitɔwo 2:5-7) Esia na Maria fɔ fu nukutɔe. Be Maria naxɔ Mawu ƒe ŋusẽ dzi ase la, mawudɔlaa gblɔ nɛ be eƒe ƒometɔ Elizabet si tsi ko eye ‘wòku nyagã’ hã fɔ fu le ŋutsuvi dzi ge. (Luka 1:36) Elizabet kple srɔ̃a Zakariya ye dzi Yohanes Amenyrɔɖetsimela; Yehowa gblɔ subɔsubɔdɔ si Yohanes va wɔ la ŋu nya hã ɖi do ŋgɔ.—Luka 1:10-16; 3:1-6.

Ðewohĩ Maria kple Elizabet ye nɔ susu me na mawudɔla Gabriel esi wògblɔ nya si dze le Luka 1:37. Nya mawo na Yehowa subɔla siwo li egbea hã ka ɖe edzi be Yehowa awɔ eƒe ŋugbedodowo dzi. Ŋugbedodo siawo dometɔ ɖekae nye be Mawu ana eƒe dziƒo Fiaɖuƒea nava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu teƒe eye Via Yesu Kristoe nye Fiaɖuƒe yeye sia ƒe Fia.—Daniel 2:44; 7:13, 14.

Xlẽ Luka ta 1 le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ƒe nusɔsrɔ̃tɔ si le yevugbe mea me. Ele bɔbɔe be nàxlẽ Biblia sia ase egɔme. Numeɖenyawo, mawunyakpukpui bubu siwo wofia asii, nɔnɔmetatawo, videowo kple anyigbatatawo le eme. Eƒe odio hã li.

Kpɔ video kpui sia be nànya nu si ŋu Luka ƒe agbalẽa ku ɖo.

a Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:18) Kpɔ nyati si nye “Ame Kae Nye Yehowa?”

Nya siawo tɔgbi dze le 4 Mose 23:19; Yosua 21:45; 1 Fiawo 8:56; Hiob 37:5; Psalmo 135:6; Yeremiya 32:17; Daniel 4:35.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe