INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Wòe Zɔ
Esia nye dɔwɔnu siwo wotsɔ wɔa numekuku le Yehowa Ɖasefowo ƒe agbalẽwo me le gbe vovovowo me.
Ne èdi be yeawɔ agbalẽwo ƒe kɔpi la, taflatsɛ yi ɖe jw.org.
  • Egbe

Memleɖa, October 25

Safan te emenyawo xexlẽ le fia la ŋkume.—2 Kron. 34:18.

Esi Fia Yosiya xɔ ƒe 26 la, ena wodze gbedoxɔa dzadzraɖo gɔme. Esi wonɔ dɔa wɔmaa, wova ke ɖe “Yehowa ƒe Segbalẽ si wòna to Mose dzi la” ŋu. Esi fia la se agbalẽa me nyawoa, eʋãe wòɖe afɔ enumake be yeawɔ ɖe edzi. (2 Kron. 34:​14, 19-21) Ðe nàdi be yeanɔ Biblia xlẽm gbe sia gbea? Ne èdze egɔme xoxoa, ke aleke wòle yiyimee? Ðe nèdea dzesi mawunyakpukpui siwo ate ŋu aɖe vi na wòa? Esi Yosiya xɔ ƒe 39 la, woɖo aɖaŋu nɛ gake meɖo to o, eye esia na wòku. Eka ɖe eɖokui dzi eye mebia Yehowa ƒe mɔfiame o. (2 Kron. 35:​20-25) Nufiameae nye esi: Míeɖale Yehowa subɔm ɣeyiɣi didi aɖee enye esia alo nyitsɔ laa koe míedze egɔme o, ele be míayi edzi anɔ Yehowa dim. Esia fia be míanɔ gbe dom ɖa edziedzi be Yehowa nafia mɔ mí, míanɔ eƒe Nyaa srɔ̃m, eye míalɔ̃ faa nɔvi siwo tsi le xɔse me naɖo aɖaŋu na mí. Ne míewɔe alea, míaƒo asa na vodada gãwo wɔwɔ eye míakpɔ dzidzɔ.—Yak. 1:25. w23.09 12-13 ¶15-16

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025

Kwasiɖa, October 26

Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.—Yak. 4:6.

Biblia ƒo nu tso nyɔnu nuteƒewɔla siwo lɔ̃ Yehowa eye wosubɔe dometɔ geɖe ŋu. Nyɔnu mawo ‘da sɔ le nuwɔna me, eye wonye nuteƒewɔlawo le nu sia nu me.’ (1 Tim. 3:11) Azɔ hã, nɔvinyɔnu nuteƒewɔlawo le míaƒe hamewo me, siwo ƒe kpɔɖeŋu nɔvinyɔnu ɖetugbuiwo ate ŋu asrɔ̃. Nɔvinyɔnu ɖetugbuiwo, ɖe mienya nɔvinyɔnu kpɔnuteƒe aɖewo siwo ƒe kpɔɖeŋu miate ŋu asrɔ̃a? Mide dzesi woƒe nɔnɔme nyuiwo, eye miade ŋugble le ale si miate ŋu asrɔ̃ woƒe nɔnɔmea ŋu. Be míanye Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ mea, ehiã vevie be míabɔbɔ mía ɖokui. Ne nyɔnu bɔbɔ eɖokuia, ƒomedodo nyui anɔ eya kple Yehowa dome, eye eya kple ame bubuwo dome hã anɔ nyuie. Le kpɔɖeŋu me, nyɔnu si lɔ̃ Yehowa alɔ̃ faa abɔbɔ ɖe tanyenye ƒe ɖoɖo si Fofoa si le dziƒo wɔa te. (1 Kor. 11:3) Tanyenye ƒe ɖoɖo ma wɔa dɔ le hamea kple ƒomea siaa me. w23.12 18-19 ¶3-5

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025

Dzoɖa, October 27

Srɔ̃ŋutsuwo nalɔ̃ wo srɔ̃wo abe woawo ŋutɔwo ƒe ŋutilã ene.—Ef. 5:28.

Yehowa di tso srɔ̃ŋutsu si be wòalɔ̃ srɔ̃a, wòalé be nɛ, eye wòakpɔ eƒe seselelãme kple gbɔgbɔme nuhiahiãwo gbɔ. Ne ètu tamebubuŋutete ɖo, nèdea bubu nyɔnuwo ŋu, eye nènye ame si dzi woate ŋu aka ɖoa, akpe ɖe ŋuwò nàva nye srɔ̃ŋutsu nyui. Ne èɖe srɔ̃a, ɖewohĩ àva nye vifofo. Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Yehowa gbɔ ale be nànye vifofo nyui? (Ef. 6:4) Yehowa gblɔ na Via Yesu be yelɔ̃e eye eƒe nu dzea ye ŋu. (Mat. 3:17) Ne èva zu vifofoa, ka ɖe edzi na viwòwo edziedzi be yelɔ̃ wo. Nɔ wo kafum ɖe nu nyui siwo wowɔna ta. Vifofo siwo srɔ̃a Yehowa la kpena ɖe wo viwo ŋu be woava zu Kristotɔ siwo tsi le xɔse me. Àte ŋu adzra ɖo fifia ava zu vifofo nyui le etsɔme ne èɖea lɔlɔ̃ fiaa wò ƒomea kple hamea me tɔwo, ètsɔa ɖe le eme na wo, eye nèdea asixɔxɔ wo ŋu.—Yoh. 15:9. w23.12 29 ¶17-18

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025
Wòe Zɔ
Esia nye dɔwɔnu siwo wotsɔ wɔa numekuku le Yehowa Ɖasefowo ƒe agbalẽwo me le gbe vovovowo me.
Ne èdi be yeawɔ agbalẽwo ƒe kɔpi la, taflatsɛ yi ɖe jw.org.
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe