INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Wòe Zɔ
Esia nye dɔwɔnu siwo wotsɔ wɔa numekuku le Yehowa Ɖasefowo ƒe agbalẽwo me le gbe vovovowo me.
Ne èdi be yeawɔ agbalẽwo ƒe kɔpi la, taflatsɛ yi ɖe jw.org.
  • Egbe

Kwasiɖa, October 26

Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.—Yak. 4:6.

Biblia ƒo nu tso nyɔnu nuteƒewɔla siwo lɔ̃ Yehowa eye wosubɔe dometɔ geɖe ŋu. Nyɔnu mawo ‘da sɔ le nuwɔna me, eye wonye nuteƒewɔlawo le nu sia nu me.’ (1 Tim. 3:11) Azɔ hã, nɔvinyɔnu nuteƒewɔlawo le míaƒe hamewo me, siwo ƒe kpɔɖeŋu nɔvinyɔnu ɖetugbuiwo ate ŋu asrɔ̃. Nɔvinyɔnu ɖetugbuiwo, ɖe mienya nɔvinyɔnu kpɔnuteƒe aɖewo siwo ƒe kpɔɖeŋu miate ŋu asrɔ̃a? Mide dzesi woƒe nɔnɔme nyuiwo, eye miade ŋugble le ale si miate ŋu asrɔ̃ woƒe nɔnɔmea ŋu. Be míanye Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ mea, ehiã vevie be míabɔbɔ mía ɖokui. Ne nyɔnu bɔbɔ eɖokuia, ƒomedodo nyui anɔ eya kple Yehowa dome, eye eya kple ame bubuwo dome hã anɔ nyuie. Le kpɔɖeŋu me, nyɔnu si lɔ̃ Yehowa alɔ̃ faa abɔbɔ ɖe tanyenye ƒe ɖoɖo si Fofoa si le dziƒo wɔa te. (1 Kor. 11:3) Tanyenye ƒe ɖoɖo ma wɔa dɔ le hamea kple ƒomea siaa me. w23.12 18-19 ¶3-5

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025

Dzoɖa, October 27

Srɔ̃ŋutsuwo nalɔ̃ wo srɔ̃wo abe woawo ŋutɔwo ƒe ŋutilã ene.—Ef. 5:28.

Yehowa di tso srɔ̃ŋutsu si be wòalɔ̃ srɔ̃a, wòalé be nɛ, eye wòakpɔ eƒe seselelãme kple gbɔgbɔme nuhiahiãwo gbɔ. Ne ètu tamebubuŋutete ɖo, nèdea bubu nyɔnuwo ŋu, eye nènye ame si dzi woate ŋu aka ɖoa, akpe ɖe ŋuwò nàva nye srɔ̃ŋutsu nyui. Ne èɖe srɔ̃a, ɖewohĩ àva nye vifofo. Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Yehowa gbɔ ale be nànye vifofo nyui? (Ef. 6:4) Yehowa gblɔ na Via Yesu be yelɔ̃e eye eƒe nu dzea ye ŋu. (Mat. 3:17) Ne èva zu vifofoa, ka ɖe edzi na viwòwo edziedzi be yelɔ̃ wo. Nɔ wo kafum ɖe nu nyui siwo wowɔna ta. Vifofo siwo srɔ̃a Yehowa la kpena ɖe wo viwo ŋu be woava zu Kristotɔ siwo tsi le xɔse me. Àte ŋu adzra ɖo fifia ava zu vifofo nyui le etsɔme ne èɖea lɔlɔ̃ fiaa wò ƒomea kple hamea me tɔwo, ètsɔa ɖe le eme na wo, eye nèdea asixɔxɔ wo ŋu.—Yoh. 15:9. w23.12 29 ¶17-18

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025

Braɖa, October 28

[Yehowa] ana mianɔ te sesĩe.—1 Pet. 5:10.

Mí Yehowa subɔla wɔnuteƒewo hã míedzea dɔ, eye míetoa nɔnɔme sesẽwo me abe ame bubuwo ke ene. Azɔ hã, ame siwo lé fu Mawu ƒe amewo tea ŋu tsia tre ɖe mía ŋu alo tia mía yome. Togbɔ be Yehowa mexea mɔ be nu siawo nagadzɔ ɖe mía dzi o hãa, edo ŋugbe be yeakpe ɖe mía ŋu. (Yes. 41:10) Le eƒe kpekpeɖeŋu mea, míate ŋu ayi edzi akpɔ dzidzɔ, atso nya me nyuie, eye míayi edzi awɔ nuteƒe nɛ le nɔnɔme sesẽtɔwo gɔ̃ hã me. Yehowa do ŋugbe be yeana ‘yeƒe ŋutifafa’ mí. (Flp. 4:​6, 7) Mawu ƒe ŋutifafa sia nye dziɖeɖi kple dzidzeme si sua ame si ne ele ƒomedodo nyui me kple Yehowa. Ŋutifafa sia “ƒo gɔmesesewo katã ta,” si fia be ale si ŋutifafa sia wɔa dɔe la wɔ nuku ŋutɔ. Ðe wòdzɔ ɖe dziwò be èdo gbe ɖa na Yehowa vevie eye kasia wò dzi dze eme kpɔa? Emae nye “Mawu ƒe ŋutifafa.” w24.01 20 ¶2; 21 ¶4

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025
Wòe Zɔ
Esia nye dɔwɔnu siwo wotsɔ wɔa numekuku le Yehowa Ɖasefowo ƒe agbalẽwo me le gbe vovovowo me.
Ne èdi be yeawɔ agbalẽwo ƒe kɔpi la, taflatsɛ yi ɖe jw.org.
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe