Dzoɖa, October 27
Srɔ̃ŋutsuwo nalɔ̃ wo srɔ̃wo abe woawo ŋutɔwo ƒe ŋutilã ene.—Ef. 5:28.
Yehowa di tso srɔ̃ŋutsu si be wòalɔ̃ srɔ̃a, wòalé be nɛ, eye wòakpɔ eƒe seselelãme kple gbɔgbɔme nuhiahiãwo gbɔ. Ne ètu tamebubuŋutete ɖo, nèdea bubu nyɔnuwo ŋu, eye nènye ame si dzi woate ŋu aka ɖoa, akpe ɖe ŋuwò nàva nye srɔ̃ŋutsu nyui. Ne èɖe srɔ̃a, ɖewohĩ àva nye vifofo. Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Yehowa gbɔ ale be nànye vifofo nyui? (Ef. 6:4) Yehowa gblɔ na Via Yesu be yelɔ̃e eye eƒe nu dzea ye ŋu. (Mat. 3:17) Ne èva zu vifofoa, ka ɖe edzi na viwòwo edziedzi be yelɔ̃ wo. Nɔ wo kafum ɖe nu nyui siwo wowɔna ta. Vifofo siwo srɔ̃a Yehowa la kpena ɖe wo viwo ŋu be woava zu Kristotɔ siwo tsi le xɔse me. Àte ŋu adzra ɖo fifia ava zu vifofo nyui le etsɔme ne èɖea lɔlɔ̃ fiaa wò ƒomea kple hamea me tɔwo, ètsɔa ɖe le eme na wo, eye nèdea asixɔxɔ wo ŋu.—Yoh. 15:9. w23.12 29 ¶17-18
Braɖa, October 28
[Yehowa] ana mianɔ te sesĩe.—1 Pet. 5:10.
Mí Yehowa subɔla wɔnuteƒewo hã míedzea dɔ, eye míetoa nɔnɔme sesẽwo me abe ame bubuwo ke ene. Azɔ hã, ame siwo lé fu Mawu ƒe amewo tea ŋu tsia tre ɖe mía ŋu alo tia mía yome. Togbɔ be Yehowa mexea mɔ be nu siawo nagadzɔ ɖe mía dzi o hãa, edo ŋugbe be yeakpe ɖe mía ŋu. (Yes. 41:10) Le eƒe kpekpeɖeŋu mea, míate ŋu ayi edzi akpɔ dzidzɔ, atso nya me nyuie, eye míayi edzi awɔ nuteƒe nɛ le nɔnɔme sesẽtɔwo gɔ̃ hã me. Yehowa do ŋugbe be yeana ‘yeƒe ŋutifafa’ mí. (Flp. 4:6, 7) Mawu ƒe ŋutifafa sia nye dziɖeɖi kple dzidzeme si sua ame si ne ele ƒomedodo nyui me kple Yehowa. Ŋutifafa sia “ƒo gɔmesesewo katã ta,” si fia be ale si ŋutifafa sia wɔa dɔe la wɔ nuku ŋutɔ. Ðe wòdzɔ ɖe dziwò be èdo gbe ɖa na Yehowa vevie eye kasia wò dzi dze eme kpɔa? Emae nye “Mawu ƒe ŋutifafa.” w24.01 20 ¶2; 21 ¶4
Kuɖa, October 29
Makafu Yehowa; nu sia nu si le menye nekafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la.—Ps. 103:1.
Nuteƒewɔla siwo lɔ̃ Mawu la, akafu eƒe ŋkɔ tso dzi blibo me. Fia David se egɔme be, be woakafu Yehowa ƒe ŋkɔa fia be woakafu Yehowa ŋutɔ. Ne míese ŋkɔ Yehowa la, míaƒe susu yia ame si wònye, nɔnɔme nyui siwo le esi kple eƒe dɔ wɔnukuwo katã dzi. David di be yeakɔ ye Fofo si le dziƒo ƒe ŋkɔa ŋu eye yeakafui. Edi be yeakafu Yehowa kple dzi blibo, eya tae wògblɔ be “nu sia nu si le menye nekafu eƒe ŋkɔ.” Nenema kee Lewi-viwo hã xɔ ŋgɔ kafu Yehowa. Wolɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be kafukafu si Yehowa dze na la, yewomate ŋu agblɔe kple nu wòade edeƒe gɔ̃ hã o. (Neh. 9:5) Ðikeke mele eme o be ale si wobɔbɔ wo ɖokui kafu Yehowa tso dzi me na Yehowa kpɔ dzidzɔ. w24.02 9 ¶6