INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Wòe Zɔ
Esia nye dɔwɔnu siwo wotsɔ wɔa numekuku le Yehowa Ɖasefowo ƒe agbalẽwo me le gbe vovovowo me.
Ne èdi be yeawɔ agbalẽwo ƒe kɔpi la, taflatsɛ yi ɖe jw.org.
Gbeƒãɖeɖe
Gbegbɔgblɔ bubu va kpee: Mbum
  • Egbe

Memleɖa, July 26

Mizu Mawu srɔ̃lawo abe via lɔlɔ̃awo ene.—Ef. 5:1.

Egbea míate ŋu ana Yehowa nakpɔ dzidzɔ ne míetsɔa dzidzɔ ƒoa nu tso eŋu na amewo eye míegblɔa ale si gbegbe míelɔ̃e na wo. Ne míele gbeadzia, ele be míaɖoe míaƒe taɖodzinu be míakpe ɖe amewo ŋu woate ɖe Yehowa ŋu eye woalɔ̃e abe ale si míelɔ̃e ene. (Yak. 4:8) Dzidzɔe wònyena na mí be míazã Biblia atsɔ akpe ɖe amewo ŋu woanya nɔnɔme nyui siwo le Yehowa si. Nɔnɔme siawo ƒe ɖewoe nye lɔlɔ̃, dzɔdzɔenyenye, nunya, ŋusẽ, kple bubuawo. Míekafua Yehowa ne míedzea agbagba srɔ̃a eƒe nɔnɔme nyuiwo, elabe esia dzea eŋu. Esia ana míato vovo le xexe vɔ̃ɖi sia me. Amewo akpɔe be míaƒe nɔnɔmewo to vovo eye woadi be yewoanya nu si tae. (Mat. 5:​14-16) Le míaƒe gbe sia gbe dɔwɔnawo mea, míate ŋu awɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ atsɔ aɖe nu si tae míeto vovo me na wo. Ne míewɔe alea, ate ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le ɖe mía Mawua ŋu. Ne míetoa mɔ siawo dzi kafua Yehowa la, esia ado dzidzɔ nɛ.—1 Tim. 2:​3, 4. w24.02 10 ¶7

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025

Kwasiɖa, July 27

[Ele be nànya ale si nàtsɔ] nufiafia si le blibo la ade dzi ƒo na ame eye [nàgbe nya] na ɖeklemiɖelawo.—Tito 1:9.

Ehiã be nɔviŋutsu ɖekakpui natu ŋutete aɖewo ɖo be wòate ŋu ava zu Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me. Ŋutete mawo akpe ɖe eŋu be wòatsɔ agbanɔamedziwo le hamea me, wòakpɔ dɔ awɔ atsɔ akpɔ eɖokui alo eƒe ƒomea dzi, eye eya kple amewo dome nanɔ nyuie. Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ nyuie. Biblia gblɔ be dzidzɔtɔe nye ame si xlẽa Mawu ƒe Nyaa gbe sia gbe eye wòdea ŋugble le eŋu vevie. (Ps. 1:​1-3) Biblia xexlẽ gbe sia gbe akpe ɖe ɖekakpui ŋu wòanya Yehowa ƒe susu le nuwo ŋu; ana wòabu nuwo ŋu nyuie eye wòawɔ Ŋɔŋlɔawo ŋu dɔ nyuie. (Lod. 1:​3, 4) Mía nɔvi siwo le hamea mea kpɔa nɔviŋutsu siwo tsi le gbɔgbɔ me la sinu be woazã Biblia atsɔ afia nu yewo ahaɖo aɖaŋu na yewo. Ne ènya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ nyuiea, awɔe be nàte ŋu adzra nuƒo kple nyaŋuɖoɖo siwo me nufiame le ɖo, be nàtsɔ atu amewo ɖo. Akpe ɖe ŋuwò hã be nàte ŋu awɔ nuŋlɔɖi kpuiwo, siwo ado ŋusẽ wò xɔse, eye àte ŋu azãe atsɔ ade dzi ƒo na amewo. w23.12 26-27 ¶9-11

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025

Dzoɖa, July 28

Ame si le mia dzi la lolo wu ame si le xexea dzi.—1 Yoh. 4:4.

Ne vɔvɔ̃ ɖo wòa, de ŋugble le nu siwo Yehowa awɔ le etsɔme ne Satana kple ame vɔ̃ɖiwo megali o ŋu. Míekpɔ wɔwɔfia aɖe le ƒe 2014 takpekpe gãa me si ɖe ale si vifofo aɖe dzro 2 Timoteo 3:​1-5 me kple eƒe ƒomea, eye wòtrɔ asi le kpukpui ma me nyawo ŋu be wòaku ɖe ale si agbea anɔ le Paradisoa me ŋu. Egblɔ be: “Le xexe yeyea mea, dzidzɔ sɔŋ axɔ aƒe ɖi. Elabe amewo anye ame siwo lɔ̃a ame, ame siwo dea asixɔxɔ woa kple Mawu dome ƒomedodo ŋu, ame siwo nya afi si woƒe ŋutete se ɖo, ɖokuibɔbɔlawo, ame siwo kafua Mawu, ame siwo ɖoa to wo dzilawo, akpedalawo, nuteƒewɔlawo, ame siwo lɔ̃a woƒe ƒometɔwo vevie, ame siwo lɔ̃na ɖe ɖoɖo dzi, ame siwo ƒoa nu nyui tso ame bubuwo ŋu ɣesiaɣi, ɖokuidziɖulawo, ame fafawo, nu nyui lɔ̃lawo, ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo, ame siwo lɔ̃na ɖe ame bubuwo ƒe susu dzi, ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo ɖe anyi le dzi me, ame siwo lɔ̃a Mawu tsɔ wu be woalɔ̃ dzidzɔkpɔkpɔ, ame siwo ƒe agbenɔnɔ ɖenɛ fiana be wotsɔ wo ɖokuiwo na Mawu vavã; ku ɖe ame siawo ŋu goŋgoŋ.” Ðe nèɖoa dze kple wò ƒomea alo nɔvi bubuwo tso ale si agbea ava nɔ le xexe yeyea me ŋua? w24.01 6 ¶13-14

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025
Wòe Zɔ
Esia nye dɔwɔnu siwo wotsɔ wɔa numekuku le Yehowa Ɖasefowo ƒe agbalẽwo me le gbe vovovowo me.
Ne èdi be yeawɔ agbalẽwo ƒe kɔpi la, taflatsɛ yi ɖe jw.org.
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe