July
Braɖa, July 1
[Yesu yi] ɖato anyigba blibo la dzi nɔ nyui wɔm henɔ dɔ dam na [amewo].—Dɔw. 10:38.
Le nya sia nya si Yesu gblɔ kple nu sia nu si wòwɔ mea, eɖe Fofoa ƒe nɔnɔmewo kple seselelãmewo fia pɛpɛpɛ. Esia dze ƒãa le nukunu siwo wòwɔ hã me. (Yoh. 14:9) Nu kawo míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe nukunuawo me? Yesu kple Fofoa lɔ̃ mí vevie. Esi Yesu nɔ anyigba dzia, ezã ŋusẽ si Mawu nɛ tsɔ kpe ɖe amewo ŋu, eye esia ɖe ale si gbegbe wòlɔ̃ amewoe fia. Gbe ɖekaa, ŋkunɔ eve do ɣli ɖe kuku nɛ be wòakpe ɖe yewo ŋu. (Mat. 20:30-34) Biblia gblɔ be “woƒe nu wɔ nublanui na Yesu” eye wòda dɔ na wo. Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘ame ƒe nu nawɔ nublanui na ame’ fia ale si ame ƒe dɔme natrɔ ɖe nɔvia ŋu vevie. Lɔlɔ̃e ʋãa ame wòɖea nɔnɔme ma fiana. Nɔnɔme ma kee ʋã Yesu wòna nu amewo woɖu eye wòda dɔ na anyidɔléla aɖe. (Mat. 15:32; Marko 1:41) Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa, ‘Mawu si ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu geɖe,’ kple Via wolɔ̃ mí vevie eye etena ɖe wo dzi ne míele fu kpem. (Luka 1:78; 1 Pet. 5:7) Míate ŋu aka ɖe edzi be mele tsɔtsɔm na wo be woaɖe kuxi siwo katã ɖe kpe na amegbetɔwoa ɖa o! w23.04 3 ¶4-5
Kuɖa, July 2
Oo mi ame siwo lɔ̃a Yehowa, mitsri vɔ̃. Ekpɔa ame siwo wɔa nuteƒe nɛ la ƒe agbe ta; eɖea wo tso ame vɔ̃ɖiwo si me.—Ps. 97:10.
Azɔ hã ele be míaku kutri vevie aƒo asa na ha siwo doa nuŋububu gbegblẽwo ɖe ŋgɔa sese kple film siwo me woɖea gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe nuwɔnawo lea kpɔkpɔ. Ke boŋ míalé fɔ ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu ale be míanɔ nu siwo sɔa ŋu bum. Kpekpeawo kple gbeadzi dede hã ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadzɔ míaƒe susu ŋu. Azɔ hã Yehowa do ŋugbe be yemaɖe mɔ woate mí akpɔ wu esi nu míate ŋu anɔ te ɖo o. (1 Kor. 10:12, 13) Le ŋkeke mamlɛ sesẽ siawo mea, ehiã vevie be mía dometɔ ɖe sia ɖe nado vevie gbedodoɖa ale be míate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa. Yehowa di be míagblɔ míaƒe dzimenyawo na ye. (Ps. 62:8) Kafu Yehowa eye nàda akpe nɛ ɖe nu siwo wòwɔna ta. Biae be wòakpe ɖe ŋuwò be dzi nanɔ ƒowò le gbeƒãɖeɖedɔa me. Do gbe ɖa nɛ be wòakpe ɖe ŋuwò be nàdo dzi le nɔnɔme sesẽ siwo me tom nèlea me, eye nàɖe kuku nɛ be wòakpe ɖe ŋuwò nàɖu tetekpɔ siwo ava dziwòa dzi. Mègaɖe mɔ ame aɖeke alo naneke naxe mɔ na wò be nàgado gbe ɖa na Yehowa edziedzi o. w23.05 7 ¶17-18
Yawoɖa, July 3
[Mina] míanɔ mía nɔewo ŋu bum, [eye] míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo.—Heb. 10:24, 25.
Nu ka tae míedea hame ƒe kpekpewo? Susu vevitɔe nye be míakafu Yehowa. (Ps. 26:12; 111:1) Susu bubue nye be míade dzi ƒo na mía nɔewo le ɣeyiɣi sesẽ siawo me. (1 Tes. 5:11) Ne míedo asi ɖe dzi ɖo nya ŋua, ewɔnɛ be míeɖoa taɖodzinu eve mawo gbɔ. Gake ɖewohĩ míedoa go kuxi aɖewo ne míedi be míaɖo nya ŋu. Ate ŋu anye be míevɔ̃na be míaɖo nya ŋu; alo míedina vevie be míaɖo nya ŋu, evɔ womeyɔa mí edziedzi o. Nu kae akpe ɖe mía ŋu? Apostolo Paulo gblɔ be ele be míaƒe taɖodzinu nanye be ‘míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo.’ Ne míeɖo ŋku edzi be nya kpui aɖe si míagblɔ tso dzi me ate ŋu ade dzi ƒo na amewo le kpekpea mea, esia aʋã mí be míaɖu vɔvɔ̃ dzi eye míalɔ̃ faa aɖo nya ŋu. Awɔe hã be ne womeyɔa mí edziedzi o hãa, dzi adzɔ mí be mɔnukpɔkpɔ sua ame bubuwo si le hamea me be woaɖo nya ŋu.—1 Pet. 3:8. w23.04 20 ¶1-3
Fiɖa, July 4
Miyi Yerusalem, ne miagbugbɔ Yehowa ƒe xɔ . . . la atu.—Ezra 1:3.
Woɖe gbeƒã nya vevi aɖe! Eyae nye be Yudatɔ siwo nɔ aboyo me le Babilon ƒe 70 sɔŋ la vo atrɔ ayi wo de Israel. (Ezra 1:2-4) Edze ƒãa be Yehowae na woɖe asi le Yudatɔwo ŋu. Elabe Babilontɔwo meɖea asi le woƒe aboyomewo ŋu o. (Yes. 14:4, 17) Gake nya lae nye be, Babilon dua mu eye dziɖula yeyeae le mɔ ɖem na Yudatɔwo be woate ŋu atrɔ ayi wo de. Nyametsotso vevi aɖe dze ŋgɔ Yudatɔwo katã, vevietɔ ƒome ƒe tawo: Ðe woatrɔ ayi wo dea, alo ɖe woatsi Babilon? Anɔ eme be nyametsotso sia manɔ bɔbɔe kura o. Le Yudatɔ geɖe gomea, tsitsi wɔe be womate ŋu azɔ mɔ legbee ma o. Eye esi Babilon ye wodzi Yudatɔ akpa gãtɔ le taa, afi ma koe nye aƒe wonya. Eya ta wobua Israel be enye yewo tɔgbuiwo de. Azɔ hã, nu va de Yudatɔ aɖewo dzi le Babilon, eya ta esesẽ na wo be woagblẽ woƒe aƒe nyuiawo kple woƒe dɔwo ɖi be woayi anyigba si womenya o dzi. w23.05 14 ¶1-2
Memleɖa, July 5
Minɔ dzadzraɖoɖi.—Mat. 24:44.
Mawu ƒe Nyaa de dzi ƒo na mí be míasrɔ̃ dzidodo, míaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu, eye míalɔ̃ amewo. Le kpɔɖeŋu me, Luka 21:19 gblɔ be: “Ne miedo dzi la, miaɖe miaƒe agbewo.” Kolosetɔwo 3:12 gblɔ be: “Mido dɔmetɔtrɔ.” Eye 1 Tesalonikatɔwo 4:9, 10 gblɔ be: “Mawu fia miawo ŋutɔwo be mialɔ̃ mia nɔewo. . . . Ke míele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, be miayi edzi awɔe geɖe wu.” Yehowa subɔla siwo nɔ nɔnɔme nyui siawo ɖem fia xoxoe woŋlɔ kpukpui siawo me nyawo na. Ke hã, ele be woayi edzi anɔ nɔnɔme siawo tum ɖo. Esia tututue wòle be míawo hã míawɔ. Nu si akpe ɖe ŋuwòe nye be nàde ŋugble le ale si Kristotɔ gbãtɔwo ɖe nɔnɔme siawo fiae ŋu eye nàsrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋu. Eye esia ana nànɔ dzadzraɖoɖi na xaxa gãa. Ekema anɔ bɔbɔe na wò be nàyi edzi ado dzi ne xaxa gãa dze egɔme, elabe èsrɔ̃ dzidodo xoxo. w23.07 2-3 ¶4, 8
Kwasiɖa, July 6
Mɔ gã aɖe anɔ afi ma, . . . Kɔkɔenyenye ƒe Mɔ.—Yes. 35:8.
Míeɖanye amesiaminawo alo ‘alẽ bubuawo’ me tɔwo o, ehiã be míayi edzi anɔ ‘Kɔkɔenyenye ƒe Mɔa’ dzi. Esia akpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ Yehowa subɔm fifia kple le etsɔme ne Fiaɖuƒea he yayra mavɔwo vɛ. (Yoh. 10:16) Tso ƒe 1919 K.Ŋ. mea, ame geɖe siwo dome ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo lea, do le Babilon Gã, si nye alakpasubɔsubɔhawo katã ƒe ƒuƒoƒo, la me eye wova le kɔkɔenyenye ƒe kpɔɖeŋumɔa dzi zɔm. Yehowa kpɔ egbɔ be woɖe kplamatsɛdonuwo ɖa le mɔa me na Yudatɔ siwo dzo le Babilon trɔ yi wo de. (Yes. 57:14) Ke aleke wodzra “Kɔkɔenyenye ƒe Mɔ” si li egbea dzi ɖo? Ƒe alafa geɖe do ŋgɔ na 1919 la, Yehowa zã ŋutsu mawuvɔ̃lawo wodzra mɔa dzi ɖo be wòanɔ bɔbɔe na amewo be woado le Babilon Gãa me. (Tsɔe sɔ kple Yesaya 40:3.) Wowɔ dɔ siwo hiã be wòanɔ bɔbɔe na dzinyuitɔ siwo ava emegbe be woate ŋu ado le alakpasubɔsubɔ me, eye woava wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe amewo asubɔ eyama. w23.05 16 ¶8-9
Dzoɖa, July 7
Misubɔ Yehowa kple dzidzɔ. Mitsɔ aseyetsotso do ɖe eŋkume.—Ps. 100:2.
Yehowa di be míasubɔ ye kple dzidzɔ eye míawɔ esia kple dzi faa. (2 Kor. 9:7) Ne míeɖo taɖodzinu aɖe gake didia mele mía me be míaɖo egbɔ oa, ɖe wòle be míanɔ kutri kum be míaɖo egbɔ kokokoa? Bu apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Mewɔa fu nye ŋutilã vevie hewɔnɛ kluvii.” (1 Kor. 9:25-27, etenuŋɔŋlɔ) Esia fia be Paulo zi eɖokui dzi be yeawɔ nu si sɔ esime didia menɔ eme o gɔ̃ hã. Ðe Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe Paulo ƒe subɔsubɔ ŋua? Ɛ̃, ekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu eye wòɖo eteƒe nɛ. (2 Tim. 4:7, 8) Edzɔa dzi na Yehowa ne ekpɔ ale si míele agbagba dzem be míaɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ, ne didia mele mía me o gɔ̃ hã. Elabe enya be esi míelɔ̃ ye tae míele ewɔm ɖo. Ale si ko Yehowa yra Pauloa, nenema kee wòayra míawo hã ɖe míaƒe agbagbadzedzewo ta. (Ps. 126:5) Ne míekpɔ ale si Yehowa le mía yramaa, míadi vevie be míawɔ geɖe wu. w23.05 29 ¶9-10
Braɖa, July 8
Yehowa ƒe ŋkeke la gbɔna.—1 Tes. 5:2.
Apostolo Paulo tsɔ ame siwo matsi agbe le Yehowa ƒe ŋkekea dzi o la sɔ kple ame siwo dɔa alɔ̃. Womenya be ɣeyiɣia le yiyim o, eye womenya nu siwo le edzi yim ƒo xlã wo o. Eya ta womedea dzesii ne nane le dzɔdzɔm kaka ahayi afɔ ɖe ge o. Ame geɖewo le alɔ̃ dɔm le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. (Rom. 11:8) Womedea dzesii be nu siwo le dzɔdzɔm le xexea me ɖo kpe edzi be míele “ŋkeke mamlɛawo” me eye be xaxa gãa adze egɔme kpuie o. (2 Pet. 3:3, 4) Ke hã, míawo ya míedea dzesii be zi ale si ŋkekeawo va le yiyim la, ehiã vevie be míanɔ ŋute. (1 Tes. 5:6) Ehiã vevie hã be míaƒe susu me nakɔ. Nu ka tae? Elabe esia akpe ɖe mía ŋu be míagaƒo mía ɖokuiwo ɖe dunyahenyawo me o eye míagavu ɖe xexe sia me kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu o. Esi Yehowa ƒe ŋkekea le aƒe tumaa, woagaƒoe ɖe mía nu geɖe wu be míade akpa aɖe dzi. Gake mele be míatsi dzi ɖe ale si míawɔ nu ɣemaɣia ŋu o. Mawu ƒe gbɔgbɔa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaƒe susu me nakɔ, míabu nuwo ŋu nyuie eye míatso nya me nyuie.—Luka 12:11, 12. w23.06 10 ¶6-7
Kuɖa, July 9
Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa, meɖe kuku ɖo ŋku dzinye; Oo Mawu, meɖe kuku do ŋusẽm.—Ʋɔn. 16:28.
Ne èse ŋkɔ Samson la, nu kae vaa susu me na wò? Ðewohĩ, èɖoa ŋku ale si ŋusẽ nɔ eŋui dzi. Nyateƒee, ŋusẽ nɔ eŋu ŋutɔ! Gake Samson da vo si na wòkpe fu vevie. Ke hã, Yehowa de dzesi ale si Samson wɔ nuteƒee, eye wòna woŋlɔ eƒe ŋutinya ɖe Biblia me be wòaɖe vi na mí. Yehowa to Samson dzi wɔ nu ɖedzesi geɖe tsɔ kpe ɖe eƒe dukɔ Israel ŋu. Ƒe alafa geɖe le Samson ƒe ku megbea, Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòyɔ Samson ƒe ŋkɔ kpe ɖe ame siwo ƒe xɔse ɖe dzesia ŋu. (Heb. 11:32-34) Kpɔɖeŋu nyui si Samson ɖo ate ŋu ade dzi ƒo na mí. Eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me. Míate ŋu asrɔ̃ Samson ƒe kpɔɖeŋua, eye míade dzesi ale si eƒe kpɔɖeŋua ate ŋu ade dzi ƒo na míi. w23.09 2 ¶1-2
Yawoɖa, July 10
[Mina] Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo.—Flp. 4:6.
Nu si míate ŋu awɔ be míado dzi ye nye be míanɔ nu si me tom míelea gblɔm na Yehowa edziedzi. (1 Tes. 5:17) Ðewohĩ mèle nɔnɔme sesẽ aɖeke me tom fifia o. Gake ɖe nèdia Yehowa ƒe mɔfiame ɣesiaɣi si nèdo dziku, nu te ɖe dziwò alo nètɔtɔa? Ne ètrɔna ɖe Yehowa ŋu edziedzi be wòakpe ɖe ŋuwò le kuxi suesuesue siwo nèdoa goe mea, anɔ bɔbɔe na wò be nàte ɖe eŋu geɖe wu ne èdo go kuxi sesẽwo le etsɔme. Esia ana dzi naɖo ƒowò nàka ɖe edzi be Yehowa nya nu si tututu wòawɔ atsɔ akpe ɖe ŋuwò le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. (Ps. 27:1, 3) Ne míedoa dzi le xaxa siwo me tom míele egbea mea, anɔ bɔbɔe na mí be míado dzi le xaxa gã si le ŋgɔ hã me. (Rom. 5:3) Nu ka tae míegblɔe nenema? Nɔvi geɖewo de dzesii be ɣesiaɣi si yewote ŋu do dzi le xɔse ƒe dodokpɔ aɖe mea, ekpena ɖe yewo ŋu yewogatea ŋu doa dzi le bubu hã me. Esia doa ŋusẽ woƒe xɔse eye wogakana ɖe edzi be Yehowa le klalo be yeakpe ɖe wo ŋu. Eye esi woxɔ Yehowa dzi se alea taa, wotea ŋu doa dzi ne nɔnɔme sesẽ bubu gava.—Yak. 1:2-4. w23.07 3 ¶7-8
Fiɖa, July 11
Maɖo to wò le esia . . . me.—1 Mose 19:21.
Esi Yehowa bɔbɔa eɖokui eye eƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu taa, esea nu gɔme na ame. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa ƒe ɖokuibɔbɔ dze ƒãa esime wòɖoe be yeatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖi siwo le Sodom. Edɔ eƒe dɔlawo be woakpe ɖe ame dzɔdzɔe Lot ŋu be wòasi ayi tonutowo me. Gake Lot nɔ vɔvɔ̃m be yeayi afi ma, ta eɖe kuku be woaɖe mɔ na ye kple yeƒe ƒomea yewoasi ayi Zoar, si nye du sue aɖe si Yehowa ɖo be yeatsrɔ̃. Yehowa ate ŋu azi Lot dzi be wòayi afi si tututu yegblɔ be wòayi hafi, gake mewɔe nenema o. Ke boŋ, eɖe mɔ na Lot wòyi Zoar eye metsrɔ̃ du ma o. (1 Mose 19:18-22) Ƒe alafa aɖewo megbea, Yehowa kpɔ nublanui na Niniwetɔwo. Edɔ nyagblɔɖila Yona be wòaɖe gbeƒã tsɔtsrɔ̃ si ava dua kple emenɔlawo siaa dzi. Gake esi Niniwetɔwo trɔ dzi mea, Yehowa se veve ɖe wo nu eye metsrɔ̃ wo o.—Yona 3:1, 10; 4:10, 11. w23.07 21 ¶5
Memleɖa, July 12
[Wowu Yehoas] . . . , gake womeɖii ɖe fiawo ɖiƒe o.—2 Kron. 24:25.
Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yehoas ƒe ŋutinyaa me? Yehoas le abe ati aɖe si ƒe ke meyi to o eye wòziɔ ɖe ati bubu ŋu hafi le te ene. Esi Yehoyada si nye ati si ŋu wòziɔ ɖo megali oa, Yehoas va nɔ to ɖom xɔsegbelawo si wɔe be mete ŋu yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa o. Esia na míekpɔe be, menye míaƒe ƒometɔwo alo hamea me tɔwoe míakpɔ hafi aɖo to Mawu o. Hafi míate ŋu anɔ Yehowa ŋu kplikplikplia, ele be mía ŋutɔwo míayi edzi alɔ̃e eye míavɔ̃e. Míate ŋu awɔ esia ne míesrɔ̃a nu, míedea ŋugble, eye míedoa gbe ɖa edziedzi. (Yer. 17:7, 8; Kol. 2:6, 7) Yehowa mebiaa nu geɖe tso mía si o. Nu si ko wòdi tso mía si la dze le Nyagblɔla 12:13. Afi ma gblɔ be: “Vɔ̃ Mawu vavã la, eye nàlé eƒe sewo me ɖe asi elabena nu sia koe wodi tso amegbetɔwo katã si.” Ne míevɔ̃a Mawua, anɔ bɔbɔe be míado dzi le dodokpɔ siwo ava mía dzi le etsɔme la me. Nu ka kee ɖadzɔ o, míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa. Eye naneke magblẽ mí kple Yehowa dome o. w23.06 19 ¶17-19
Kwasiɖa, July 13
Kpɔ ɖa! Mele nuwo katã wɔm yeyee.—Nyaɖ. 21:5.
Egbe ƒe mawunyakpukpuia dze egɔme be: “Ame si bɔbɔ nɔ fiazikpuia dzi la gblɔ be.” (Nyaɖ. 21:5a) Nya siae wotsɔ he susu yi zi etɔ̃ siwo Yehowa ŋutɔ ƒo nu tẽe le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa mea ƒe gbãtɔ dzi. Eya ta menye mawudɔla sẽŋu aɖee gblɔ kpeɖodzinya siawo o, eye menye Yesu si wofɔ ɖe tsitre hã ye o, ke Yehowa ŋutɔe! Esia na kakaɖedzi gale nya siwo kplɔe ɖoa ŋu geɖe wu. Nu ka tae míegblɔe alea? Elabe Yehowa “mate ŋu aka aʋatso o.” (Tito 1:2) Nyateƒenya sia na míekpɔe be míate ŋu aka ɖe Nyaɖeɖefia 21:5, 6 me nyawo dzi bliboe. De ŋugble le nya “Kpɔ ɖa!” ŋu. Helagbe me nya si gɔme woɖe be “kpɔ ɖa!” dze zi geɖe le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me. Nya kae Mawu gblɔ kplɔe ɖo? Egblɔ be: “Mele nuwo katã wɔm yeyee.” Le nyateƒe mea, Yehowa nɔ nu ƒom tso nu siwo wòava wɔ le etsɔmea ŋu, gake le egbɔa, kakaɖedzi le nya siawo ŋu ale gbegbe be egblɔe abe ɖe wole eme vam xoxo ene.—Yes. 46:10. w23.11 3-4 ¶7-8
Dzoɖa, July 14
Edo go yi xexe ɖafa avi vevie.—Mat. 26:75.
Apostolo Petro wɔ avu kple eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Bu kpɔɖeŋu siawo ŋu kpɔ. Esi Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo nya be yeakpe fu aku abe ale si Ŋɔŋlɔawo gblɔe ɖi enea, Petro gbe nya nɛ. (Marko 8:31-33) Petro kple apostolo bubuawo ʋli nya le wo nɔewo dome zi geɖe le ame si nye gãtɔ ŋu. (Marko 9:33, 34) Le zã mamlɛtɔ si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku mea, Petro kpa to na ame aɖe. (Yoh. 18:10) Le zã ma ke mea, amegbetɔvɔvɔ̃ wɔe be Petro gbe nu le exɔlɔ̃ Yesu gbɔ zi etɔ̃ sɔŋ. (Marko 14:66-72) Esia wɔe be Petro fa avi vevie. Yesu megbe nu le eƒe apostolo si ƒe dzi gbãa gbɔ o. Esi wofɔ Yesu ɖe tsitrea, ena mɔnukpɔkpɔ Petro be wòaɖe ale si gbegbe wòlɔ̃ ye afia; ede dɔ asi na Petro be wòanyi yeƒe alẽawo. (Yoh. 21:15-17) Petro lɔ̃ faa be yeawɔ dɔa. Eya ta eya hã nɔ ame gbãtɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na le Pentekoste ŋkekea dzia dome. w23.09 22 ¶6-7
Braɖa, July 15
Kplɔ nye alẽ sueawo.—Yoh. 21:16.
Apostolo Petro de dzi ƒo na nɔvia hamemetsitsiwo be: “Mikplɔ Mawu ƒe alẽha . . . la.” (1 Pet. 5:1-4) Ne hamemetsitsie nènyea, míenya be èlɔ̃ nɔviawo eye èdi be yealé be na wo. Ke hã ɣeaɖewoɣia, ɖeɖiteameŋu kple dɔ geɖe siwo le dziwò ate ŋu ana wòasesẽ na wò be nàwɔ dɔ vevi sia. Ne edzɔ alea, nu kae nàte ŋu awɔ? Do gbe ɖa nàgblɔ ale si nèle sesem le ɖokuiwò me na Yehowa. Petro gblɔ be: “Ne ame aɖe le subɔsubɔm la, netsɔ ŋusẽ si Mawu nana la subɔ.” (1 Pet. 4:11) Ðewohĩ kuxi siwo me tom nɔviawo lea dometɔ aɖewo nye esiwo gbɔ womate ŋu akpɔ bliboe le nuɖoanyi sia me o. Gake ɖo ŋku edzi be Yesu Kristo, ame si nye “alẽkplɔla gã la” ate ŋu akpe ɖe wo ŋu wu ame bubu ɖe sia ɖe fifia kple etsɔme siaa. Nu si Mawu di tso hamemetsitsiwo si koe nye be woalɔ̃ nɔviawo, woalé be na wo eye woazu “kpɔɖeŋu na alẽha la.” w23.09 29-30 ¶13-14
Kuɖa, July 16
Yehowa nya be nunyalawo ƒe tamebubuwo nye dzodzro.—1 Kor. 3:20.
Mele be míana amewo ƒe nuŋububu nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o. Ne míebua nuwo ŋu abe ale si ame siwo mevɔ̃a Yehowa o bunɛ enea, esia ate ŋu awɔe be mímagatsɔ ɖeke le Yehowa kple eƒe sewo me o. (1 Kor. 3:19) ‘Xexea ƒe nunya’ nana amewo gbea toɖoɖo Yehowa. Kristotɔ siwo nɔ Pergamo kple Tiatira dometɔ aɖewo ɖe mɔ ame siwo dome wole, siwo nye trɔ̃subɔlawo kple agbe gbegblẽ nɔlawo, ƒe nuwɔnawo kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi. Eya ta Yesu xlɔ̃ nu Kristotɔ mawo ŋkubiãtɔe ɖe ale si woɖe mɔ ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu ŋu le hamea me ta. (Nyaɖ. 2:14, 20) Egbea, ame siwo dome míele ate ŋu azi mía dzi be míava nɔ nuwo ŋu bum abe woawo ene. Ƒometɔwo kple ame nyanyɛwo ate ŋu ana míasusui be míelé Yehowa ƒe sewo me ɖe asi kpaɖii akpa, eye woaƒoe ɖe mía nu be míada le wo dzi. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu agblɔ be naneke megblẽ le eŋu ne míeɖi kɔ na míaƒe dzodzro ɖe sia ɖe o eye be Biblia ƒe se siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu nye tsigãdzinu. Ɣeaɖewoɣia, míate ŋu asusui be Yehowa ƒe mɔfiame aɖewo me mekɔ tututu o. Ate ŋu adzro mí gɔ̃ hã be ‘míawɔ nu wòagbɔ nu siwo woŋlɔ ɖi la ŋu.’—1 Kor. 4:6. w23.07 16 ¶10-11
Yawoɖa, July 17
Xɔlɔ̃ vavã lɔ̃a ame ɣeawokatãɣi eye ame nɔvi wònye wodzi ɖe xaxagbe ŋu.—Lod. 17:17.
Ehiã be dzi nanɔ Maria, si nye Yesu dada, ƒo be wòate ŋu awɔ dɔ si Yehowa de esi. Maria meɖe srɔ̃ o, medzi vi kpɔ o, eye mehe vi hã kpɔ o, evɔ eyae alé be na ɖevi si atsi ava zu Mesia la. Maria menya ŋutsu o, evɔ eyae nye ema fɔ fu. Aleke wòawɔ aɖe nya sia me na Yosef? (Luka 1:26-33) Nu kae kpe ɖe Maria ŋu? Ebia kpekpeɖeŋu. Le kpɔɖeŋu me, ebia Gabriel be wòakpe ɖe ye ŋu yease nuwo gɔme nyuie. (Luka 1:34) Ema megbe kpuiea, Maria yi va srã Elizabet kpɔ le ‘Yuda ƒe tonuto’ aɖe me. Elizabet kafui hekpɔ dzidzɔ ɖe eŋu eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã Elizabet wògblɔ nya ɖi tso vi si wòadzi ŋu. (Luka 1:39-45) Maria hã gblɔ be Yehowa tsɔ “eƒe alɔ wɔ nu dzɔtsuwo.” (Luka 1:46-51) Yehowa to Gabriel kple Elizabet dzi do ŋusẽ Maria. w23.10 14-15 ¶10-12
Fiɖa, July 18
[Ewɔ] mí míenye fiaɖuƒe kple nunɔlawo na eƒe Mawu kple Fofoa.—Nyaɖ. 1:6.
Wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na Kristo ƒe nusrɔ̃la aɖewo eye mɔnukpɔkpɔ su wo si be wova le ƒomedodo tɔxɛ me kple Yehowa. Ame siawo ƒe xexlẽmee nye 144,000. Woanye nunɔlawo asubɔ kple Yesu le dziƒo. (Nyaɖ. 14:1) Avɔgbadɔa ƒe Kɔkɔeƒea fia be Mawu xɔ wo abe viawo ene esime wokpɔtɔ le anyigba dzi. (Rom. 8:15-17) Avɔgbadɔa ƒe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe la le tsitre ɖi na dziƒo, si nye Yehowa nɔƒe. “Xɔmetsovɔ” si ma Kɔkɔeƒea kple Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea dome le tsitre ɖi na Yesu ƒe amegbetɔŋutilã. Eye mate ŋu atsɔ ŋutilã ayi dziƒo ava subɔ abe Nunɔlagã ene le gbɔgbɔmegbedoxɔa me o. Eya ta esi Yesu tsɔ eƒe amegbetɔŋutilãa sa vɔe la, eʋu mɔ na Kristotɔ amesiaminawo katã be woava nɔ agbe le dziƒo. Amesiaminawo hã mate ŋu atsɔ woƒe amegbetɔŋutilã ayi dziƒo o.—Heb. 10:19, 20; 1 Kor. 15:50. w23.10 28 ¶13
Memleɖa, July 19
Ɣeyiɣi mele asinye be maƒo nu tso Gideon . . . ŋu o.—Heb. 11:32.
Esi Efrayimtɔwo he nya ɖe Gideon ŋua, eɖo eŋu tufafatɔe. (Ʋɔn. 8:1-3) Meɖo nya ŋu le dziku me o, ke boŋ eɖo to wo ɖokuibɔbɔtɔe eye wòkpɔ nyaa gbɔ ŋuɖɔɖotɔe si wɔe be woƒe dzi dze eme. Hamemetsitsi siwo dze aɖaŋu srɔ̃a Gideon ƒe kpɔɖeŋua le mɔ sia nu be woɖoa to nyuie eye woɖoa nya ŋu tufafatɔe ne wokpɔ kpɔgblɔe le nu si wowɔ ŋu. (Yak. 3:13) Esia wɔnɛ be ŋutifafa nɔa hamea me. Esi Gideon ɖu Midiantɔwo dzi eye wokafui la, etsɔ kafukafua na Yehowa. (Ʋɔn. 8:22, 23) Aleke ame siwo le agbanɔamedzinɔƒewo ate ŋu asrɔ̃ Gideon? Ne wowɔ nane eye wokafu woa, ele be woatsɔ kafukafua ana Yehowa. (1 Kor. 4:6, 7) Le kpɔɖeŋu me, ne wokafu hamemetsitsi aɖe le ale si wòfia nui taa, ate ŋu ahe susu ayi afi si nufiamea tso, si nye Mawu ƒe Nyaa alo hehe si Yehowa ƒe habɔbɔa nae dzi. Ɣeaɖewoɣia, anyo be hamemetsitsiwo nade ŋugble akpɔe ɖa be ɖe yewole susu hem va yewo ɖokui dzi fũu akpa hã. w23.06 4 ¶7-8
Kwasiɖa, July 20
Nye susuwo menye miaƒe susuwo o.—Yes. 55:8.
Ne Yehowa mewɔ nu si míedo gbe ɖa biae na mí oa, anyo be míabia mía ɖokui be, ‘Ðe nu si biam mele sɔa?’ Zi geɖea, ewɔna na mí be míenya nu si nyo na mí. Gake ɖewohĩ nu si biam míelea maɖe vi boo na mí o. Ne míele gbe dom ɖa tso kuxi aɖe ŋua, ɖewohĩ egbɔkpɔnu aɖe li si nyo sãsãsã wu esi biam míele. Eye ate ŋu anye be nu si biam míelea mewɔ ɖeka kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu o. (1 Yoh. 5:14) Le kpɔɖeŋu me, dzila aɖewo do gbe ɖa be Yehowa nana yewo vi nanɔ nyateƒea me. Edze abe nu si wobia Yehowa sɔ ene. Gake Yehowa mezia ame aɖeke dzi be wòasubɔ ye o. Edi be mía dometɔ ɖe sia ɖe, mía viwo gɔ̃ hã, ŋutɔ natiae be yeasubɔ ye. (5 Mose 10:12, 13; 30:19, 20) Eya ta nu si asɔ wue nye be dzilaawo nabia Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu yewoaɖo yewo via ƒe dzi gbɔ ale be wòalɔ̃ Yehowa eye wòazu exɔlɔ̃.—Lod. 22:6; Ef. 6:4. w23.11 21 ¶5; 23 ¶12
Dzoɖa, July 21
Miyi edzi [mianɔ] akɔ fam na mia nɔewo.—1 Tes. 4:18.
Nu ka tae akɔfafa na amewo nye nu vevi aɖe si ɖenɛ fiana be míelɔ̃ wo? Biblia ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ tso Helagbe me nya si Paulo zã si gɔme woɖe be “fa akɔ” ŋu be “efia be woanɔ ame gbɔ ade dzi ƒo nɛ ne ele dodokpɔ sesẽ me tom.” Eya ta ne míefa akɔ na mía nɔvi Kristotɔ aɖe si le nɔnɔme sesẽ me tomaa, efia be míele kpekpem ɖe eŋu be wòayi agbemɔa zɔzɔ dzi. Ɣesiaɣi si míefa akɔ na mía nɔvi Kristotɔ aɖea, esia ɖenɛ fiana be míelɔ̃e. (2 Kor. 7:6, 7, 13) Kadodo kplikplikpli aɖe le vevesese ɖe amewo nu kple akɔfafa na amewo dome. Ame si sea veve ɖe ame nu dina vevie be yeafa akɔ na amewo eye yeakpe ɖe wo ŋu. Eya ta ne míesea veve ɖe amewo nua, eʋãa mí be míafa akɔ na wo. Paulo na míekpɔe be Yehowa sea veve ɖe ame nu eye wòfaa akɔ na ame. Egblɔ tso Yehowa ŋu be enye “dɔmetɔtrɔ Fofo kple akɔfafawo katã ƒe Mawu.”—2 Kor. 1:3. w23.11 9-10 ¶8-10
Braɖa, July 22
Mina míatso aseye le xaxawo me.—Rom. 5:3.
Kristo yomedzelawo katã ato xaxa aɖe sinu me. Bu apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Egblɔ na Tesalonikatɔwo be: “Esi míenɔ mia gbɔ la, míegblɔnɛ na mi be míato xaxa me tsã, eye esiae le eme vam.” (1 Tes. 3:4) Eye wòŋlɔe na Korintotɔwo hã be: “Míedi be xaxa si me míeto . . . la nanɔ manyamanya na mi o. . . . Míegaka ɖe edzi be míatsi agbe gɔ̃ hã o.” (2 Kor. 1:8; 11:23-27) Kristotɔ siwo li egbea hã ato xaxa aɖe me kokoko. (2 Tim. 3:12) Esi nèxɔ Yesu dzi se hedze eyome ta la, ɖewohĩ xɔ̃wòwo kple wò ƒometɔwo mewɔa nu ɖe ŋuwò nyuie o. Ðe ale si nèɖia anukware wɔe be wò dɔtɔ alo dɔwɔhatiwo melɔ̃a wò nya oa? (Heb. 13:18) Ðe dziɖuɖua tsi tre ɖe ŋuwò le esi nègblɔa mɔkpɔkpɔ si le asiwò ŋu nya na amewo ta? Xaxa ka kee ɖava mía dzi o, Paulo gblɔ be dzi nedzɔ mí. w23.12 10-11 ¶9-10
Kuɖa, July 23
Miehe vɔ̃ gã aɖe va dzinye.—1 Mose 34:30.
Yakob do dzi le kuxi geɖewo me. Viaŋutsu eve, siwo nye Simeon kple Lewi, he vlodoame va woƒe ƒomea kple Yehowa ƒe ŋkɔa dzi. Tsɔ kpe ɖe eŋua, Yakob srɔ̃ lɔlɔ̃a Rahel ku esime wònɔ vi evelia dzim. Eye le dɔ sesẽ aɖe si va to taa, eva hiã be Yakob naʋu ayi Egipte-nyigba dzi, togbɔ be eku amegã hã. (1 Mose 35:16-19; 37:28; 45:9-11, 28) Le xaxa siawo katã me hãa, Yakob gaxɔ Yehowa kple eƒe ŋugbedodowo dzi se kokoko. Yehowa hã ɖee fia Yakob be eƒe nu dzea ye ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa yrae wòkpɔ kesinɔnu geɖe. Eye ena woa kple via Yosef, si wòsusu be eku gbe aɖe gbe kea, gava wɔ ɖeka ake. Kpɔ ale si gbegbe Yakob ada akpe na Yehowa ɖe esia tae ɖa! Ale si Yakob kple Yehowa dome le kplikplikpli ye kpe ɖe eŋu wòte ŋu do dzi le eƒe kuxiwo me. (1 Mose 30:43; 32:9, 10; 46:28-30) Eya ta ne míawo hã míena mía kple Yehowa dome le kplikplikplia, akpe ɖe mía ŋu míado dzi le kuxi siwo míele mɔ kpɔm na o me. w23.04 15 ¶6-7
Yawoɖa, July 24
Yehowae nye Kplɔlanye. Naneke mahiãm o.—Ps. 23:1.
Le Psalmo 23 lia, David ɖee fia be yeka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ ye eye wòléa be na ye. Eƒo nu tso kadodo kplikplikpli si nɔ eya kple Yehowa dome ŋu, eye wògblɔ be enye yeƒe Kplɔla. David se le eɖokui me be yele dedie le esi wòna Yehowa fia mɔe ta. Eɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu le nu sia nu me. David nya be Yehowa alɔ̃ ye le yeƒe agbemeŋkekewo katã me. Nu kae na wòka ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ dzi nenema? David kpɔe be Yehowa léa be na ye, elabe ekpɔa yeƒe nuhiahiãwo gbɔ na ye ɣesiaɣi. David nya hã be Yehowa nye ye xɔlɔ̃ eye yeƒe nu dzea eŋu. Esia tae wòka ɖe edzi be nu ka kee ava dzɔ ɖe ye dzi o, Yehowa ayi edzi akpɔ yeƒe nuhiahiãwo katã gbɔ na ye. Esi David nya nyuie be Yehowa lɔ̃ ye eye alé be na ye taa, metsi dzimaɖi o, ke boŋ eyi edzi kpɔ dzidzɔ eye nu siwo le esi dze eŋu.—Ps. 16:11. w24.01 29 ¶12-13
Fiɖa, July 25
Meli kpli mi ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.—Mat. 28:20.
Tso Xexemeʋa Evelia wɔɣi kea, ŋutifafa kple ablɔɖe va nɔ dukɔ geɖe me, eya ta Yehowa ƒe amewo wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ yi gbeƒãɖeɖedɔa dzi. Esia na dɔa tse ku geɖe. Egbea, Dɔdzikpɔhaa gakpɔa Kristo sinu be wòana mɔfiame yewo. Wodina be yewoakpɔ egbɔ be mɔfiame siwo yewonana hameawo wɔ ɖeka kple Kristo ƒe susu. Eyome wotoa nutome sue dzikpɔlawo kple hamemetsitsiwo dzi naa mɔfiameawo ɖoa nɔviawo gbɔ. Hamemetsitsi amesiaminawo le Kristo ƒe “nuɖusi” me. (Nyaɖ. 2:1) Ele eme be hamemetsitsi siawo mede blibo o, eye woawo hã daa vo ɣeaɖewoɣi. Mose kple Yosua hã da vo ɣeaɖewoɣi, eye nenemae wònɔ le apostoloawo hã gome. (4 Mose 20:12; Yos. 9:14, 15; Rom. 3:23) Togbɔ be ele alea hã, Kristo yi edzi le mɔ fiam kluvi nuteƒewɔlaa kple hamemetsitsi siwo woɖo, eye ayi edzi awɔe nenema. Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be mɔfiame siwo wonana mí to ame siwo le ŋgɔ xɔm dzi la le eteƒe. w24.02 23-24 ¶13-14
Memleɖa, July 26
Mizu Mawu srɔ̃lawo abe via lɔlɔ̃awo ene.—Ef. 5:1.
Egbea míate ŋu ana Yehowa nakpɔ dzidzɔ ne míetsɔa dzidzɔ ƒoa nu tso eŋu na amewo eye míegblɔa ale si gbegbe míelɔ̃e na wo. Ne míele gbeadzia, ele be míaɖoe míaƒe taɖodzinu be míakpe ɖe amewo ŋu woate ɖe Yehowa ŋu eye woalɔ̃e abe ale si míelɔ̃e ene. (Yak. 4:8) Dzidzɔe wònyena na mí be míazã Biblia atsɔ akpe ɖe amewo ŋu woanya nɔnɔme nyui siwo le Yehowa si. Nɔnɔme siawo ƒe ɖewoe nye lɔlɔ̃, dzɔdzɔenyenye, nunya, ŋusẽ, kple bubuawo. Míekafua Yehowa ne míedzea agbagba srɔ̃a eƒe nɔnɔme nyuiwo, elabe esia dzea eŋu. Esia ana míato vovo le xexe vɔ̃ɖi sia me. Amewo akpɔe be míaƒe nɔnɔmewo to vovo eye woadi be yewoanya nu si tae. (Mat. 5:14-16) Le míaƒe gbe sia gbe dɔwɔnawo mea, míate ŋu awɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ atsɔ aɖe nu si tae míeto vovo me na wo. Ne míewɔe alea, ate ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le ɖe mía Mawua ŋu. Ne míetoa mɔ siawo dzi kafua Yehowa la, esia ado dzidzɔ nɛ.—1 Tim. 2:3, 4. w24.02 10 ¶7
Kwasiɖa, July 27
[Ele be nànya ale si nàtsɔ] nufiafia si le blibo la ade dzi ƒo na ame eye [nàgbe nya] na ɖeklemiɖelawo.—Tito 1:9.
Ehiã be nɔviŋutsu ɖekakpui natu ŋutete aɖewo ɖo be wòate ŋu ava zu Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me. Ŋutete mawo akpe ɖe eŋu be wòatsɔ agbanɔamedziwo le hamea me, wòakpɔ dɔ awɔ atsɔ akpɔ eɖokui alo eƒe ƒomea dzi, eye eya kple amewo dome nanɔ nyuie. Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ nyuie. Biblia gblɔ be dzidzɔtɔe nye ame si xlẽa Mawu ƒe Nyaa gbe sia gbe eye wòdea ŋugble le eŋu vevie. (Ps. 1:1-3) Biblia xexlẽ gbe sia gbe akpe ɖe ɖekakpui ŋu wòanya Yehowa ƒe susu le nuwo ŋu; ana wòabu nuwo ŋu nyuie eye wòawɔ Ŋɔŋlɔawo ŋu dɔ nyuie. (Lod. 1:3, 4) Mía nɔvi siwo le hamea mea kpɔa nɔviŋutsu siwo tsi le gbɔgbɔ me la sinu be woazã Biblia atsɔ afia nu yewo ahaɖo aɖaŋu na yewo. Ne ènya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ nyuiea, awɔe be nàte ŋu adzra nuƒo kple nyaŋuɖoɖo siwo me nufiame le ɖo, be nàtsɔ atu amewo ɖo. Akpe ɖe ŋuwò hã be nàte ŋu awɔ nuŋlɔɖi kpuiwo, siwo ado ŋusẽ wò xɔse, eye àte ŋu azãe atsɔ ade dzi ƒo na amewo. w23.12 26-27 ¶9-11
Dzoɖa, July 28
Ame si le mia dzi la lolo wu ame si le xexea dzi.—1 Yoh. 4:4.
Ne vɔvɔ̃ ɖo wòa, de ŋugble le nu siwo Yehowa awɔ le etsɔme ne Satana kple ame vɔ̃ɖiwo megali o ŋu. Míekpɔ wɔwɔfia aɖe le ƒe 2014 takpekpe gãa me si ɖe ale si vifofo aɖe dzro 2 Timoteo 3:1-5 me kple eƒe ƒomea, eye wòtrɔ asi le kpukpui ma me nyawo ŋu be wòaku ɖe ale si agbea anɔ le Paradisoa me ŋu. Egblɔ be: “Le xexe yeyea mea, dzidzɔ sɔŋ axɔ aƒe ɖi. Elabe amewo anye ame siwo lɔ̃a ame, ame siwo dea asixɔxɔ woa kple Mawu dome ƒomedodo ŋu, ame siwo nya afi si woƒe ŋutete se ɖo, ɖokuibɔbɔlawo, ame siwo kafua Mawu, ame siwo ɖoa to wo dzilawo, akpedalawo, nuteƒewɔlawo, ame siwo lɔ̃a woƒe ƒometɔwo vevie, ame siwo lɔ̃na ɖe ɖoɖo dzi, ame siwo ƒoa nu nyui tso ame bubuwo ŋu ɣesiaɣi, ɖokuidziɖulawo, ame fafawo, nu nyui lɔ̃lawo, ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo, ame siwo lɔ̃na ɖe ame bubuwo ƒe susu dzi, ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo ɖe anyi le dzi me, ame siwo lɔ̃a Mawu tsɔ wu be woalɔ̃ dzidzɔkpɔkpɔ, ame siwo ƒe agbenɔnɔ ɖenɛ fiana be wotsɔ wo ɖokuiwo na Mawu vavã; ku ɖe ame siawo ŋu goŋgoŋ.” Ðe nèɖoa dze kple wò ƒomea alo nɔvi bubuwo tso ale si agbea ava nɔ le xexe yeyea me ŋua? w24.01 6 ¶13-14
Braɖa, July 29
Wò nu dzea ŋunye.—Luka 3:22.
Edzɔa dzi na mí ŋutɔ be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe eƒe amewo ŋu! Biblia gblɔ be: “Yehowa ƒe dukɔ ƒe nu nyoa eŋu.” (Ps. 149:4) Gake ɣeaɖewoɣi la, dzi ɖena le Yehowa subɔla aɖewo ƒo wobiaa wo ɖokui be, ‘Ðe Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe nye hã ŋunyea?’ Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le Biblia ŋlɔɣiwo gɔ̃ hã dometɔ aɖewo se le wo ɖokui me nenema. (1 Sam. 1:6-10; Hiob 29:2, 4; Ps. 51:11) Biblia na eme kɔ ƒãa be amegbetɔ madeblibowo gɔ̃ hã ƒe nu ate ŋu adze Yehowa ŋu. Aleke wòanya wɔe? Ele be míaxɔ Yesu Kristo dzi ase eye míaxɔ nyɔnyrɔ̃. (Yoh. 3:16) Ne míewɔe alea, míaɖee afia amewo be míetrɔ dzi me tso míaƒe nu vɔ̃wo me eye míedo ŋugbe na Mawu be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. (Dɔw. 2:38; 3:19) Edzɔa dzi na Yehowa ŋutɔ ne míeɖe afɔ siawo be míanye exɔlɔ̃wo. Ne míekua kutri vevie wɔa adzɔgbe si míeɖe dzi la, míaƒe nu adze Yehowa ŋu eye abu mí be míenye ye xɔlɔ̃ veviwo.—Ps. 25:14. w24.03 26 ¶1-2
Kuɖa, July 30
Míate ŋu adzudzɔ nuƒoƒo le nu siwo míekpɔ kple nu siwo míese la ŋu o.—Dɔw. 4:20.
Míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ƒe kpɔɖeŋua ayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi ne dziɖuɖua de se be míadzudzɔ gɔ̃ hã. Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe mía ŋu míawɔ subɔsubɔdɔa ade goe. Eya ta ahiã be míado gbe ɖa be Yehowa nana nunya kple dzinɔameƒo mí eye wòakpe ɖe mía ŋu be míado dzi le xaxawo me. Mía dometɔ geɖe le nɔnɔme sesẽwo, abe lãmegbegblẽ, ame vevi aɖe ƒe ku, ƒomekuxiwo, kple yometiti ene, me tom. Eye dɔ vɔ̃ siwo le kakam kple aʋa siwo le edzi yim wɔe be nɔnɔmewo gava sesẽ ɖe edzi. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míado dzi? Do gbe ɖa nàgblɔ wò dzimenyawo na Yehowa abe ale si nàgblɔ wò dzimenya na xɔ̃wò vevi ene. Ka ɖe edzi be Yehowa “awɔe na wò.” (Ps. 37:3, 5) Ne míedoa gbe ɖa na Yehowa edziedzia, esia akpe ɖe mía ŋu ‘míado dzi le xaxa me.’ (Rom. 12:12) Yehowa nya nɔnɔme sesẽ siwo me tom esubɔlawo le eye ‘esea woƒe ɣlidodowo.’—Ps. 145:18, 19. w23.05 5-6 ¶12-15
Yawoɖa, July 31
Midze agbagba ɖe sia ɖe be nu siwo miewɔna la nadze Aƒetɔ la ŋu.—Ef. 5:10.
Ne ehiã be míatso nya me le nya vevi aɖewo ŋu la, ele be míakpɔ “nu si nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu” adze sii, eye míana esia nafia mɔ mí. (Ef. 5:17) Ne míedze agbagba di Biblia me mɔfiame siwo ku ɖe míaƒe nɔnɔmea ŋu la, efia be míedi be Mawu nafia mɔ mí. Eye ne míewɔ ɖe mɔfiame mawo dzia, esia ana míatso nya me nyuie. Míaƒe futɔ Satana, si nye “vɔ̃ɖitɔ” la, di be míavu ɖe xexea me nuwo ŋu ale gbegbe be míagavo ɖe Mawu subɔsubɔ ŋu o. (1 Yoh. 5:19) Ele bɔbɔe be Kristotɔ natsɔ ŋutilãmenuwo, sukudede, alo dɔwɔɖui ado ŋgɔ na Yehowa subɔsubɔ. Ne edzɔ alea la, efia be eɖe mɔ xexea ƒe nuŋububu kpɔ ŋusẽ ɖe edzi. Ele eme be nu siawo megblẽ ya o, gake mele be míatsɔ wo aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me gbeɖe o. w24.03 24 ¶16-17