Braɖa, September 9
Nyɔnu movitɔ doa aƒa. Mebua nu ŋu yia ŋgɔe o.—Lod. 9:13.
Ehiã be ame siwo kpem ‘nyɔnu movitɔa’ lea natso nya me ne woayi loo alo womayi o. Susu nyuiwo li siwo tae wòle be míaƒo asa na gbɔdɔdɔ manɔsenu. Nya siwo ‘nyɔnu movitɔa’ gblɔa ƒe ɖee nye be: “Tsi si wofi la, ɖe wòvivina.” (Lod. 9:17) Nu kae “tsi si wofi la” le tsitre ɖi na? Biblia tsɔ gbɔdɔnuwɔna siwo yia edzi le srɔ̃tɔwo domea sɔ kple tsi nyui. (Lod. 5:15-18) Ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖe wo nɔewo le se nu ate ŋu adɔ wo nɔewo gbɔ eye woase vivi nɛ. Esia to vovo sãa na “tsi si wofi.” “Tsi si wofi la” le tsitre ɖi na gbɔdɔdɔ si mele se nu o. Zi geɖea, ame siwo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe emea wɔnɛ le bebe me abe ale si fiafi wɔa nui ene. “Tsi si wofi” alo gbɔdɔdɔ manɔsenu adze abe ɖe wòvivi ene, vevietɔ ne ame siwo ƒoa wo ɖokui ɖe eme susui be ame aɖeke manya nu tso nuvɔ̃gbe si nɔm yewole ŋu o. Woble wo ɖokuiwo ŋutɔ! Elabe Yehowa kpɔa nu sia nu. Ŋkubiãnya gã aɖee wònye be ame kple Yehowa dome nagblẽ. Eya ta naneke ‘mevivi’ le nu si gbegbe wòagblẽ le wo ŋu la ŋu o.—1 Kor. 6:9, 10. w23.06 22 ¶7-9
Kuɖa, September 10
Ne nyemewɔe tso dzi me o hã la, wotsɔ aƒedzikpɔkpɔdɔ de asi nam.—1 Kor. 9:17.
Ne èva le sesem le ɖokuiwò me be yeƒe gbedodoɖawo metso dzi me o eye yeƒe subɔsubɔdɔa va zu kɔnu dzro aɖe ko ɖe? Mègasusui be Yehowa ƒe gbɔgbɔa megale ye dzi o. Esi mède blibo o ta la, àte ŋu ase le ɖokuiwò me alea ɣeaɖewoɣi. Ne dzo si le mewò le tsitsim la, anyo be nàde ŋugble le apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋua ŋu. Togbɔ be edze agbagba vevie be yeasrɔ̃ Yesu hã la, enya be ɣeaɖewoɣi la didia manɔ anyi o. Paulo ɖoe kplikpaa be yeawɔ subɔsubɔdɔa ade goe aleke kee wòle sesem le eɖokui me o. Nenema kee wò hã mèganɔ te ɖe wò seselelãmewo ko dzi atso nya me o. Ðoe kplikpaa be yeawɔ nu si sɔ ne medzro wò be nàwɔe nenema o gɔ̃ hã. Elabe ne èyi edzi wɔ nu si sɔ la, vivivi la, wò seselelãmewo hã ava trɔ.—1 Kor. 9:16. w24.03 11-12 ¶12-13
Yawoɖa, September 11
Miɖe miaƒe lɔlɔ̃ fia wo.—2 Kor. 8:24.
Míate ŋu aɖee afia be míelɔ̃ mía nɔviwo ne míedzea xɔ̃ wo eye míekpɔa vovo ɖe wo ŋu. (2 Kor. 6:11-13) Mía dometɔ geɖe le hame siwo me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo ƒe dekɔnuwo kple amenyenye to vovo lea me. Ne míaƒe susu le woƒe nɔnɔme nyuiwo ŋua, míayi edzi alɔ̃ wo. Ne míebua amewo abe ale si Yehowa bua woe enea, esia ɖenɛ fiana be míelɔ̃ wo. Ahiã be míalɔ̃ mía nɔewo vevie le xaxa gãa me. Ne xaxa gãa dze egɔmea, aleke Yehowa akpɔ mía tae? Bu mɔfiame si Yehowa na eƒe amewo esi futɔwo dze blema Babilon dua dzi ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Nye dukɔ, yi ɖe wò xɔgãwo me, eye nàtu ʋɔa ɖe ɖokuiwò nu. Ɣla ɖokuiwò vie va se ɖe esime dziku la nu nava yi.” (Yes. 26:20) Ahiã be míawo hã míawɔ ɖe mɔfiame mawo dzi ne xaxa gã la dze egɔme. w23.07 6-7 ¶14-16