INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Wòe Zɔ
Esia nye dɔwɔnu siwo wotsɔ wɔa numekuku le Yehowa Ɖasefowo ƒe agbalẽwo me le gbe vovovowo me.
Ne èdi be yeawɔ agbalẽwo ƒe kɔpi la, taflatsɛ yi ɖe jw.org.
  • Egbe

Kuɖa, September 10

Ne nyemewɔe tso dzi me o hã la, wotsɔ aƒedzikpɔkpɔdɔ de asi nam.—1 Kor. 9:17.

Ne èva le sesem le ɖokuiwò me be yeƒe gbedodoɖawo metso dzi me o eye yeƒe subɔsubɔdɔa va zu kɔnu dzro aɖe ko ɖe? Mègasusui be Yehowa ƒe gbɔgbɔa megale ye dzi o. Esi mède blibo o ta la, àte ŋu ase le ɖokuiwò me alea ɣeaɖewoɣi. Ne dzo si le mewò le tsitsim la, anyo be nàde ŋugble le apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋua ŋu. Togbɔ be edze agbagba vevie be yeasrɔ̃ Yesu hã la, enya be ɣeaɖewoɣi la didia manɔ anyi o. Paulo ɖoe kplikpaa be yeawɔ subɔsubɔdɔa ade goe aleke kee wòle sesem le eɖokui me o. Nenema kee wò hã mèganɔ te ɖe wò seselelãmewo ko dzi atso nya me o. Ðoe kplikpaa be yeawɔ nu si sɔ ne medzro wò be nàwɔe nenema o gɔ̃ hã. Elabe ne èyi edzi wɔ nu si sɔ la, vivivi la, wò seselelãmewo hã ava trɔ.—1 Kor. 9:16. w24.03 11-12 ¶12-13

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025

Yawoɖa, September 11

Miɖe miaƒe lɔlɔ̃ fia wo.—2 Kor. 8:24.

Míate ŋu aɖee afia be míelɔ̃ mía nɔviwo ne míedzea xɔ̃ wo eye míekpɔa vovo ɖe wo ŋu. (2 Kor. 6:​11-13) Mía dometɔ geɖe le hame siwo me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo ƒe dekɔnuwo kple amenyenye to vovo lea me. Ne míaƒe susu le woƒe nɔnɔme nyuiwo ŋua, míayi edzi alɔ̃ wo. Ne míebua amewo abe ale si Yehowa bua woe enea, esia ɖenɛ fiana be míelɔ̃ wo. Ahiã be míalɔ̃ mía nɔewo vevie le xaxa gãa me. Ne xaxa gãa dze egɔmea, aleke Yehowa akpɔ mía tae? Bu mɔfiame si Yehowa na eƒe amewo esi futɔwo dze blema Babilon dua dzi ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Nye dukɔ, yi ɖe wò xɔgãwo me, eye nàtu ʋɔa ɖe ɖokuiwò nu. Ɣla ɖokuiwò vie va se ɖe esime dziku la nu nava yi.” (Yes. 26:20) Ahiã be míawo hã míawɔ ɖe mɔfiame mawo dzi ne xaxa gã la dze egɔme. w23.07 6-7 ¶14-16

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025

Fiɖa, September 12

Xexe sia ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm.—1 Kor. 7:31.

Anyo be míabia mía ɖokui be: ‘Ðe amewo buam be mesea nu gɔmea? Ðe wonyam be melɔ̃na ɖe ame bubuwo ƒe susuwo dzi, eye nyemetea tɔ ɖe nye nyawo dzi oa? Alo ɖe wobuam be mele kpaɖii, nye nya me sẽ, eye nyemelɔ̃na ɖe ame aɖeke ƒe susu dzi oa? Ðe meɖoa to ame bubuwo eye mewɔna ɖe woƒe didiwo dzi ne anya wɔa?’ Ne míesea nu gɔmea, aɖee afia be míele Yehowa kple Yesu srɔ̃m. Ne nuwo trɔ le míaƒe agbe mea, ele be míalɔ̃ faa atrɔ ɖe eŋu. Tɔtrɔ siawo tɔgbi ate ŋu ana míato nɔnɔme sesẽ siwo míenɔ mɔ kpɔm na o me. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu adzɔ be míadze dɔ kpata alo tɔtrɔ siwo wowɔ le dunyahenyawo kple ganyawo me le afi si míele nawɔe be nuwo nasesẽ na mí le agbe me. (Nyagb. 9:11) Eye ne woɖɔ li dɔ na mí le habɔbɔa mea, ate ŋu asesẽ na mí be míatrɔ ɖe eŋu. Àte ŋu atrɔ ɖe eŋu dzidzedzetɔe ne èɖe afɔ vevi siwo gbɔna: (1) lɔ̃ ɖe edzi be nuwo trɔ, (2) kpɔ ŋgɔ tẽe, (3) wò susu nenɔ nu nyuiwo ŋu, eye (4) kpe ɖe amewo ŋu. w23.07 21-22 ¶7-8

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025
Wòe Zɔ
Esia nye dɔwɔnu siwo wotsɔ wɔa numekuku le Yehowa Ɖasefowo ƒe agbalẽwo me le gbe vovovowo me.
Ne èdi be yeawɔ agbalẽwo ƒe kɔpi la, taflatsɛ yi ɖe jw.org.
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe