Yawoɖa, September 11
Miɖe miaƒe lɔlɔ̃ fia wo.—2 Kor. 8:24.
Míate ŋu aɖee afia be míelɔ̃ mía nɔviwo ne míedzea xɔ̃ wo eye míekpɔa vovo ɖe wo ŋu. (2 Kor. 6:11-13) Mía dometɔ geɖe le hame siwo me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo ƒe dekɔnuwo kple amenyenye to vovo lea me. Ne míaƒe susu le woƒe nɔnɔme nyuiwo ŋua, míayi edzi alɔ̃ wo. Ne míebua amewo abe ale si Yehowa bua woe enea, esia ɖenɛ fiana be míelɔ̃ wo. Ahiã be míalɔ̃ mía nɔewo vevie le xaxa gãa me. Ne xaxa gãa dze egɔmea, aleke Yehowa akpɔ mía tae? Bu mɔfiame si Yehowa na eƒe amewo esi futɔwo dze blema Babilon dua dzi ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Nye dukɔ, yi ɖe wò xɔgãwo me, eye nàtu ʋɔa ɖe ɖokuiwò nu. Ɣla ɖokuiwò vie va se ɖe esime dziku la nu nava yi.” (Yes. 26:20) Ahiã be míawo hã míawɔ ɖe mɔfiame mawo dzi ne xaxa gã la dze egɔme. w23.07 6-7 ¶14-16
Fiɖa, September 12
Xexe sia ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm.—1 Kor. 7:31.
Anyo be míabia mía ɖokui be: ‘Ðe amewo buam be mesea nu gɔmea? Ðe wonyam be melɔ̃na ɖe ame bubuwo ƒe susuwo dzi, eye nyemetea tɔ ɖe nye nyawo dzi oa? Alo ɖe wobuam be mele kpaɖii, nye nya me sẽ, eye nyemelɔ̃na ɖe ame aɖeke ƒe susu dzi oa? Ðe meɖoa to ame bubuwo eye mewɔna ɖe woƒe didiwo dzi ne anya wɔa?’ Ne míesea nu gɔmea, aɖee afia be míele Yehowa kple Yesu srɔ̃m. Ne nuwo trɔ le míaƒe agbe mea, ele be míalɔ̃ faa atrɔ ɖe eŋu. Tɔtrɔ siawo tɔgbi ate ŋu ana míato nɔnɔme sesẽ siwo míenɔ mɔ kpɔm na o me. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu adzɔ be míadze dɔ kpata alo tɔtrɔ siwo wowɔ le dunyahenyawo kple ganyawo me le afi si míele nawɔe be nuwo nasesẽ na mí le agbe me. (Nyagb. 9:11) Eye ne woɖɔ li dɔ na mí le habɔbɔa mea, ate ŋu asesẽ na mí be míatrɔ ɖe eŋu. Àte ŋu atrɔ ɖe eŋu dzidzedzetɔe ne èɖe afɔ vevi siwo gbɔna: (1) lɔ̃ ɖe edzi be nuwo trɔ, (2) kpɔ ŋgɔ tẽe, (3) wò susu nenɔ nu nyuiwo ŋu, eye (4) kpe ɖe amewo ŋu. w23.07 21-22 ¶7-8
Memleɖa, September 13
Ame vevi nènye.—Dan. 9:23.
Ðekakpui dzaa koe nyagblɔɖila Daniel nye esi Babilontɔwo ɖe aboyoe kplɔe dzoe le wo de Yerusalem yi keke Babilon. Gake edze ƒãa be eƒe nu nyo Babilontɔwo ŋu. Wokpɔ Daniel ƒe “dzedzeme” eye wokpɔe be ‘nu mewɔ afi aɖeke nɛ o, edze ɖeka,’ eye wòtso ƒome vevi aɖe hã me. (1 Sam. 16:7) Le susu mawo taa, Babilontɔwo na hehee be wòasubɔ le fiasã me. (Dan. 1:3, 4, 6) Yehowa lɔ̃ Daniel le esi wòtiae be yeawɔ nuteƒe na ye ta. Le nyateƒe mea, Daniel anya xɔ abe ƒe 20 ene esi Yehowa gblɔ tso eŋu be enye ame dzɔdzɔe abe Noa kple Hiob, siwo subɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe ene. (1 Mose 5:32; 6:9, 10; Hiob 42:16, 17; Eze. 14:14) Yehowa yi edzi lɔ̃ Daniel le eƒe agbemeŋkekewo katã me.—Dan. 10:11, 19. w23.08 2 ¶1-2