INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Wòe Zɔ
Esia nye dɔwɔnu siwo wotsɔ wɔa numekuku le Yehowa Ɖasefowo ƒe agbalẽwo me le gbe vovovowo me.
Ne èdi be yeawɔ agbalẽwo ƒe kɔpi la, taflatsɛ yi ɖe jw.org.
  • Egbe

Kwasiɖa, September 14

[Se] nyateƒea ƒe kekeme kple didime kple kɔkɔme kpakple goglome gɔme.—Ef. 3:18.

Ne èdi be yeaƒle aƒe aɖea, àdi be yealé ŋku ɖe aƒea ŋu tsitotsito hafi aƒlee. Míate ŋu alé ŋku ɖe nuwo ŋu nyuie alea ne míele Biblia srɔ̃m. Ne èxlẽe dzradzradzraa, “Mawu ƒe gbedeasi kɔkɔeawo ƒe gɔmedzenuwo” koe nànya. (Heb. 5:12) Eya ta abe ale si ko nàyi aƒea me alé ŋku ɖe nuwo ŋu nyuie enea, anyo be nàdzro Biblia hã me tsitotsito. Mɔ nyui aɖe si dzi nàto awɔ esiae nye be nàde dzesi ale si Biblia ƒe akpa vovovoawo de nu wo nɔewo me. Dze agbagba nàse nyateƒenya siwo dzi nèxɔ se kple nu siwo tae nèxɔ wo dzi se hã gɔme. Hafi míate ŋu ase Biblia me nyawo gɔme nyuiea, ele be míadzro Biblia me nyateƒe goglowo me. Apostolo Paulo de dzi ƒo na nɔvia Kristotɔwo be woalé fɔ ɖe Mawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃ ŋu ale be woase “nyateƒea ƒe kekeme kple didime kple kɔkɔme kpakple goglome gɔme tsitotsito.” Esia awɔe be ‘woaƒo ke ɖe to ali ke sesĩe ɖe’ xɔse la me. (Ef. 3:​14-19) Ele be míawo hã míawɔ nenema ke. w23.10 18 ¶1-3

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025

Dzoɖa, September 15

Nɔviwo, mina nyagblɔɖila siwo ƒo nu le Yehowa ƒe ŋkɔ me la ƒe fukpekpewo, kple woƒe dzigbɔgbɔ blewu la, nanye kpɔɖeŋu na mi.—Yak. 5:10.

Ame siwo gbɔ dzi ɖi ƒe ŋutinyawo le Biblia me. Ðe manyo be nàku nu me tso wo ŋu oa? Wo dometɔ ɖekae nye David. Togbɔ be ɖevime kee wosi ami nɛ be wòava nye Israel-fia hãa, ehiã be wòalala ƒe geɖe hafi fianyenyea nasu esi. Simeon kple Ana hã yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa esime wonɔ lalam dzigbɔɖitɔe be yewoakpɔ Mesia si ƒe ŋugbe wodo. (Luka 2:​25, 36-38) Esi nèle ŋutinya siawo me dzromaa, di ŋuɖoɖo na biabia siwo gbɔna: Nu kae anya kpe ɖe ame sia ŋu be wòte ŋu gbɔ dzi ɖi? Esi wògbɔ dzi ɖia, vi kae wòɖe nɛ? Aleke mate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua? Àte ŋu asrɔ̃ nu tso ame siwo megbɔ dzi ɖi o hã ƒe ŋutinyawo me. (1 Sam. 13:​8-14) Ne èle woƒe ŋutinyawo xlẽm la, bia ɖokuiwò be: ‘Nu ka gbɔe wòtso be womete ŋu gbɔ dzi ɖi o? Nu kae do tso eme na wo?’ w23.08 25 ¶15

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025

Braɖa, September 16

Míexɔe se, eye míeva dze sii be wòe nye Mawu ƒe Kɔkɔetɔ la.—Yoh. 6:69.

Apostolo Petro yi edzi wɔ nuteƒe, eku ɖe Yesu ŋu eye meɖe mɔ naneke xe mɔ nɛ wòdo kpo eyome dzedze o. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka esi Yesu gblɔ nya aɖe si gɔme eƒe nusrɔ̃lawo mese oa, wotrɔ le eyome eye womelala alo biae gɔ̃ hã be wòaɖe nyaa me o. (Yoh. 6:68) Gake Petro ya mewɔe nenema o. Elabe ekpɔe dze sii be Yesu ɖeɖe ko sie “agbe mavɔ nyawo le.” Yesu nya be Petro kple apostolo bubuawo agblẽ ye ɖi. Ke hã, eka ɖe edzi be Petro ƒe xɔse agasẽ eye wòayi edzi awɔ nuteƒe. (Luka 22:​31, 32) Yesu se egɔme hã be, “gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilãa ya gbɔdzɔ.” (Marko 14:38) Eya ta togbɔ be Petro gbe nu le Yesu gbɔ hãa, Yesu ya megbee o. Esi wofɔ Yesu ɖe tsitrea, eɖe eɖokui fia Petro, eye anɔ eme be ame bubu aɖeke menɔ eteƒe o. (Marko 16:7; Luka 24:34; 1 Kor. 15:5) Ðikeke mele eme o be esia de dzi ƒo na Petro si lé blanui la vevie! w23.09 22 ¶9-10

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025
Wòe Zɔ
Esia nye dɔwɔnu siwo wotsɔ wɔa numekuku le Yehowa Ɖasefowo ƒe agbalẽwo me le gbe vovovowo me.
Ne èdi be yeawɔ agbalẽwo ƒe kɔpi la, taflatsɛ yi ɖe jw.org.
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe