INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 5/8 axa 16-21
  • Aboyomenɔnɔ le Siberia!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aboyomenɔnɔ le Siberia!
  • Nyɔ!—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wokplɔ Mí Yi Aboyo Mee
  • Dɔwɔwɔ Le Aboyo Me
  • Míaƒe Gbɔgbɔmenuwo
  • Dzidodo esi Nɔnɔmeawo Trɔ
  • Nye Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi
  • Alesi Dɔa Kpɔ Ŋgɔyiyii
  • Dzidzɔkpɔkpɔ le Takeke Gã la Ta
  • Amesiwo Koŋ Soviettɔwo Tɔ Ŋkui
    Nyɔ!—2001
  • Nuteƒewɔwɔ Ðaa—Eyae Nye Nusi Le Vevie Nam Wu
    Nyɔ!—2000
  • Kɔmiunisttɔwo Ƒe Mɔxeɖenu Te Nɔnɔ Ƒe 40 Kple Edzivɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • “Wowɔ Nuteƒe Le Dodokpɔ Me”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1999
g99 5/8 axa 16-21

Aboyomenɔnɔ le Siberia!

ABE ALESI VASILY KALIN GBLƆE ENE

Ne èkpɔ ŋutsu aɖe wòle Biblia xlẽm kpoo esime tugãwo le ɖiɖim la, màdi be yeanya nusi na wòli kpoo nenema oa? Fofonye kpɔ nu ma ƒomevi teƒe ƒe 56 kple edzivɔ enye sia.

JULY 1942 mee, esime Xexemeʋa II nu nɔ sesẽm. Esi Germany-srafowo nɔ fofonye ƒe kɔƒe si nye Vilshanitsa le Ukraine me tom la, fofonye tɔ ɖe ame tsitsi aɖewo ƒe aƒeme. Tugãwo nɔ ɖiɖim le teƒea katã, gake ŋutsua nɔ anyi ɖe eƒe mle gbɔ nɔ bli ɖam henɔ Biblia xlẽm.

Wodzim ƒe atɔ̃ megbe le teƒe aɖe si medidi tso Ivano-Frankivs’k si nye Ukraine-du dzeani si le ɣetoɖoƒe gome si nye Soviet Union ƒe akpa aɖe ɣemaɣi la gbɔ o. Fofonye gblɔ eƒe gododo kple ŋutsu ma, si nye Yehowa Ðasefo si meŋlɔ be kpɔ o kpakple ŋɔdzinu siwo dzɔ le aʋawɔƒeawo me nam. Nɔnɔmea na nu te amewo ŋu eye wotɔtɔ, eye ame geɖe bia le wo ɖokui me be, ‘Nukata numadzɔmadzɔwɔwɔ bɔ alea gbegbe? Nukata ame maɖifɔ akpe nanewo le kukum? Nukata Mawu ɖea mɔ ɖe eŋu? Nukatae? Nukatae? Nukatae?’

Papa ɖo dze kple ŋutsu tsitsia le nɔnɔmea ŋu ɣeyiɣi didi aɖe henɔ biabia mawo tɔgbe me dzrom. Ŋutsua nɔ mawunyakpukpuiwo kem le eƒe Biblia me ɖekaɖeka eye wòfia biabia siwo na Papa tɔtɔ ɣeyiɣi didi aɖe la ƒe ŋuɖoɖowoe. Eɖe eme be Mawu ɖo tame be yeahe aʋawɔwɔwo katã va nuwuwui le ɣeyiɣi si wòɖo ɖi dzi eye be anyigba ava zu paradiso dzeani aɖe.​—Psalmo 46:​10; Yesaya 2:⁠4; Nyaɖeɖefia 21:​3, 4.

Papa ƒu du va aƒeme eye wòdo ɣli be: “Mienya o ɖe? Le dzeɖoɖo kple Yehowa Ðasefowo zi ɖeka megbe la, nye ŋkuwo ʋu! Mekpɔ nyateƒea!” Papa gblɔ be togbɔ be yedea Katoliko Sɔleme edziedzi hã la, nunɔlawo mete ŋu ɖo yeƒe biabiawo ŋu na ye kpɔ o. Eyata Papa dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme eye danye wɔ ɖeka kplii. Woawo hã dze nufiafia wo vi etɔ̃awo gɔme​—nɔvinyenyɔnuvi si xɔ ƒe 2 pɛ ko, kple nɔvinyeŋutsu siwo xɔ ƒe 7 kple 11. Emegbe kpuie la, bɔmb aɖe gbã woƒe aƒe vevie ŋutɔ eye xɔ ɖeka koe susɔ na wo be woanɔ eme.

Dada tso ƒome gã aɖe si me nyɔnuvi ade kple ŋutsuvi ɖeka nɔ me. Fofoa nye hotɔ siwo nɔ nutoa me dometɔ ɖeka, eye edea asixɔxɔ eƒe ŋusẽ kple ɖoƒe ŋu. Eyata gbã la, ƒometɔwo tsi tre ɖe xɔse yeye si ŋu nye ƒomea ke ɖo ŋu. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, tsitretsiɖeŋula siawo dometɔ geɖe ɖe asi le subɔsubɔkɔnu siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o abe nɔnɔmewɔwɔwo zazã ene ŋu eye wowɔ ɖeka kple dzinyelawo le tadedeagu vavãtɔ me.

Nunɔlawo dea zi amewo me be woatsi tre ɖe Ðasefoawo ŋu wòdzena gaglã. Ewɔe be nutoa me tɔwo gbãa woƒe fesrewo eye wodoa ŋɔdzi na wo. Togbɔ be wowɔa nusia hã la, dzinyelawo yi Biblia sɔsrɔ̃ dzi. Eyata kaka woadzim le ƒe 1947 me la, míaƒe ƒomea nɔ Yehowa subɔm le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.​—Yohanes 4:⁠24.

Wokplɔ Mí Yi Aboyo Mee

Nusiwo dzɔ le April 8, 1951 ƒe ŋdi kanya tsi susu me nam ŋutɔ togbɔ be ƒe ene ko mexɔ ɣemaɣi hã. Asrafo siwo ŋu avuwo nɔ ge ɖe míaƒe aƒeme. Wotsɔ agbalẽ si bia be woakplɔ mí dzoe le nutoa me la fia mí eye wotsa aƒea me. Asrafo siwo si tugãwo kple avuwo nɔ tsi tre ɖe míaƒe ʋɔtru nu, eye ŋutsu siwo le asrafowu me nɔ míaƒe kplɔ̃ dzi, eye wonɔ mía lalam esi míenɔ du dzi be míadzra ɖo le gaƒoƒo eve si wona mí me be míadzo. Nyemete ŋu se nusi nɔ dzɔdzɔm la gɔme o, eye menɔ avi fam.

Woɖe gbe na dzinyelawo be woade asi agbalẽ si gblɔ be yewomeganye Yehowa Ðasefowo o, eye kadodo aɖeke maganɔ yewo dome azɔ o la te. Ne wode asi ete la, woaɖe asi le wo ŋu woanɔ woƒe aƒeme, le wo denyigba dzi. Gake Papa gblɔ kaŋ be: “Dzideƒo le asinye be afika ke mieɖakplɔ mí yii o, míaƒe Mawu Yehowa anɔ kpli mí.”

Asrafomegã la xlɔ̃ nui be: “Bu wò ƒomea kple viwòwo ŋu. Nyae be menye modzakaɖeƒee wokplɔ mi yinae o. Wokplɔ mi yina keke dziehe ke, afisi sno dzana le ɖaa eye sisiblisiwo zɔna ablɔwo dzi le.”

Ɣemaɣi la, ŋkɔ “Siberia” nye nu dziŋɔ kple teƒe si ŋu ame aɖeke menya nu le o. Gake xɔse kple lɔlɔ̃ sẽŋu na Yehowa nu sẽ wu vɔvɔ̃ na afisi míenya o. Wofɔ míaƒe nunɔamesiwo de tasiaɖam me, eye woku mí yi dua me va kpe ɖe ƒome bubu siwo anɔ 20 vaseɖe 30 ŋu hede mí keteke. Eyata míedze míaƒe mɔzɔzɔ yi Siberia ƒe ave dodowo me, alo gbedadaƒo la gɔme.

Ne míeɖo ketekedzeƒe siwo le mɔa dzi la, míekpɔa keteke bubu siwo me aboyomewo nɔ, eye míekpɔa dzesi si nye “Yehowa Ðasefowo le Ʋua Me” le ketekeawo ŋu. Esia ŋutɔ hã nye ɖaseɖiɖi tɔxɛ le eɖokui si, elabena ame geɖe to ema dzi va nya be wokplɔ Yehowa Ðasefo akpe geɖe kple woƒe ƒomewo yina dziehe kple ɣedzeƒe ʋĩ ƒe nuto vovovowo me.

Nuŋlɔɖi siwo ŋu kakaɖedzi le la li be wolé Yehowa Ðasefowo hekplɔ wo yi aboyo me le April 1951 me. Ŋutinyaŋlɔla Walter Kolarz ŋlɔ nu tso eŋu le eƒe agbalẽ si nye Religion in the Soviet Union me be: “Esia menye ‘Ðasefoawo’ ƒe nuwuwu le Russia o, ke boŋ enye woƒe dzimetɔtrɔnamedɔwo ƒe mɔnu yeye ƒe gɔmedzedze ko. Esi wonɔ mɔ dzi yina aboyo me la, wodze agbagba gɔ̃ hã be yewoakaka yewoƒe xɔsea ne wotɔ ɖe ketekedzeƒe siwo le mɔa dzi. Alesi Soviet Dziɖuɖua kplɔ wo dzoe le woƒe nutowo me de wo dzi le woƒe xɔsea kaka me. Wokplɔ ‘Ðasefoawo’ tso woƒe saɖagakɔƒewo me va nuto si lolo wu me, ne eganye nuto sia mee fuwɔamegaxɔ dziŋɔ kple kluvidɔwɔƒewo le hã o.”

Nuwo ka ɖe eme na nye ƒomea elabena woɖe mɔ na mí míetsɔ nuɖuɖu ɖe asi​—abolowɔ, bli, kple ayi. Woɖe mɔ na tɔgbuinye gɔ̃ hã wòwu ha ɖeka, eye eyae mía kple Ðasefo bubuwo míeɖu. Hadzidzi siwo tso dzi me nɔ ɖiɖim le ketekeawo me le mɔa dzi. Yehowa na ŋusẽ si míatsɔ ado dzii la mí.​—Lododowo 18:⁠10.

Míezɔ mɔ kwasiɖa etɔ̃, tso Russia ƒe akpa ɖeka yi eƒe nuwuƒe eye mlɔeba míeva ɖo Siberia si nye saɖaganuto fafa si gbɔ didi. Wokplɔ mí yi Toreya-ketekedzeƒe si le Chunsk le Irkutsk-nutoa me. Wogakplɔ mí tso afima yi kɔƒe sue aɖe si nɔ nutotroea me ɖaa, afisi míaƒe agbalẽa gblɔ be anye míaƒe “nɔƒe tegbee.” Ƒome 15 ƒe nunɔamesiwo te ŋu yi tasiaɖam sue aɖe me bɔbɔe, eye agbleŋlɔʋu aɖe hee to adame ba la me. Wokplɔ ƒome 20 de asrafoxɔ si ŋu akpata legbe siwo me wometso o le la me. Dumegãwo do ŋgɔ xlɔ̃ nu dua me tɔwo be Yehowa Ðasefowo ƒe nya me ɖe wòsẽ. Eyata le gɔmedzedzea me la, amewo vɔ̃na na mí eye womewɔ afɔɖeɖe aɖeke be yewoanya mí nyuie o.

Dɔwɔwɔ Le Aboyo Me

Yehowa Ðasefowo ƒe dɔe nye atiwo tsotso, eye wowɔnɛ le nɔnɔme sesẽtɔ kekeake me. Míewɔa dɔ ɖesiaɖe kple asi​—atiwo dzedze, wo lalã, wo dede tasiaɖam siwo sɔwo hena me, kple emegbe wo lɔlɔ de keteke. Nusi gana nɔnɔmea gblẽ ɖe edzie nye mũ gbogbo aɖe siwo nu womate ŋu asi le o. Fofonye kpe fu vevie ŋutɔ. Eƒe ametia katã te, eye wòdo gbe ɖa vevie na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu yeado dzi. Gake le nɔnɔme sesẽ mawo katã me la, Yehowa Ðasefo akpa gãtɔ ƒe xɔse kpɔtɔ nɔ sesĩe.

Eteƒe medidi o, wokplɔ mí yi du si nye Irkutsk me, eye nye ƒomea nɔ teƒe si nye gaxɔmenɔlawo ƒe nɔƒe tsã eye míewɔ dɔ le anyikpemeƒe aɖe. Míezãa asi tsɔ lɔa anyikpeawo tso kpodzo gã xɔdzowo me, eye wonɔ gbesiagbedɔwo dzim ɖe edzi ale be eva hiã be ɖeviwo gɔ̃ hã nakpe ɖe wo dzilawo ŋu be woate ŋu awu enu. Ena míeɖo ŋku kluvidɔ si Israel-viwo wɔ le blema Egipte la dzi.​—Mose II, 5:​9-⁠16.

Eva dze ƒã be Ðasefowo nye dɔsesẽwɔlawo kple anukwareɖilawo, ke menye “amewo ƒe futɔwo” abe alesi wogblɔ ene o. Wode dzesii be Ðasefo ɖeka gɔ̃ hã medzu amegãwo loo alo tsi tre ɖe dziɖulawo ƒe nyametsotsowo ŋu kpɔ o. Woƒe xɔse gɔ̃ hã va dze ame geɖe ŋu.

Míaƒe Gbɔgbɔmenuwo

Togbɔ be wotsa Ðasefoawo ŋu edziedzi​—hafi woɖe aboyo wo, esi wonɔ mɔ dzi yina, kple le woƒe aboyomenɔƒeawo hã la​—ame geɖe te ŋu ɣla Gbetakpɔxɔ magazinewo kple Biblia gɔ̃ hã. Emegbe wozã asi kple mɔ bubuwo tsɔ gbugbɔ ŋlɔ woe. Míewɔa Kristotɔwo ƒe kpekpewo edziedzi le mía nɔƒea. Ne asrafomegãa va kpɔ mí míeƒo ƒu le ha dzim la, eɖea gbe na mí be míadzudzɔ. Míedzudzɔna. Gake ne eyi nɔƒe bubu la, míegayia edzidzi dzi. Womete ŋu tɔ te mí o.

Míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa hã metɔ te o. Ðasefowo ƒoa nu na amesiame le afisiafi. Nɔvinyeŋutsu tsitsiawo kple dzinyelawo gblɔa alesi wowɔna gblɔa Biblia me nyateƒewo na amewo nam zi geɖe. Esia wɔe be Biblia me nyateƒea dze ŋusẽ kpɔkpɔ ɖe anukwareɖilawo ƒe dzi dzi. Eyata le ƒe 1950 ƒe gɔmedzedze la, wona amewo nya nu tso Yehowa ƒe Fiaɖuƒea ŋu le Irkutsk kple eƒe nutowo me.

Gbã la wobua Ðasefoawo be wonye dukɔa ƒe futɔwo, gake emegbe dziɖuɖua va de dzesii be subɔsubɔha ŋutɔŋutɔe míaƒe habɔbɔa nye. Ke hã amegãwo dze agbagba be yewoatɔ te míaƒe dɔa. Eyata míekpena srɔ̃a Biblia le ƒuƒoƒo sue siwo me ƒome eve alo etɔ̃ nɔna me be womagade dzesii o. Wova tsa mía ŋu nyuie le February ƒe ŋdi kanya aɖe le ƒe 1952 me. Emegbe wolé Ðasefo ewo, eye wokplɔ mí ame mamlɛawo yi teƒe vovovowo. Wokplɔ míaƒe ƒomea yi kɔƒe si nye Iskra si me nɔlawo anɔ ame alafa ɖeka eye wòdidi tso Irkutsk gbɔ abe kilomita 30 ene.

Dzidodo esi Nɔnɔmeawo Trɔ

Dumegã siwo nɔ kɔƒea me xɔ mí nyuie si nye nusi míenɔ mɔ kpɔm na o. Ameawo nye ɖokuibɔbɔla siwo doa vivi ɖe ame ŋu​—ame geɖe gɔ̃ hã do tso woƒe aƒewo me va na kpekpeɖeŋu mí. Míaƒe ƒomeae nye etɔ̃lia si wokplɔ de xɔ sue aɖe si ƒe lolome anye meta 17 togodo me. Gomekaɖiwo koe nɔ mía si.

Eƒe ŋufɔke nye akɔdagbe. Dzinyelawo gblɔ be yewoda akɔ na Mawu ƒe Fiaɖuƒea xoxo, si gɔme ameawo mese o. Eyata wolé ame tsitsi siwo nɔ nye ƒomea me de xɔ ŋkeke bliboa. Emegbe ame geɖe bia nu ku ɖe woƒe xɔse ŋu, eye esia na mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe nye ƒomea be woaƒo nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu be eya koe nye ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia.

Le ƒe ene siwo míenɔ Iskra me la, Ðasefo bubu aɖeke mete ɖe mía ŋu si míate ŋu ade ha kplii o. Hafi míado le kɔƒea me la, ehiã be míabia mɔ tso asrafomegãa gbɔ, eye melɔ̃na ɖea mɔ o, elabena nusita koŋ wokplɔ mí dzoe le mía de enye be míaɖe ɖe aga tso ame bubuwo gbɔ. Gake Ðasefoawo dzea agbagba ɣesiaɣi be yewoate ɖe yewo nɔewo ŋu be yewoamã gbɔgbɔmenuɖuɖu yeye ɖesiaɖe si su yewo si.

Esi Stalin ku le ƒe 1953 megbe la, woɖe Ðasefo siwo katã wolé ƒe gaxɔmenɔƒewo dzi tso ƒe 25 va ƒe 10. Le amesiwo nɔ Siberia gome la, megahiã be woaxɔ agbalẽ tɔxɛ aɖeke hafi ayi teƒe aɖe o. Gake medidi o, dziɖulawo dze amewo ŋu kple woƒe agbawo me kaka gɔme eye woléa Ðasefo siwo si wokpɔ Biblia alo Biblia-srɔ̃gbalẽwo le. Wotu agbadɔ tɔxɛwo na Ðasefoawo eye wokplɔ nɔviŋutsu 400 kple nɔvinyɔnu 200 yi teƒe mawo le Irkutsk gbɔ lɔƒo.

Míaƒe yometiti le Soviet Union ŋuti nyatakaka ɖo Yehowa Ðasefowo gbɔ le xexeame katã. Eyata tso 1956 ƒe dzomeŋɔli vaseɖe February 1957 me la, wode asi biabia tɔxɛ aɖe te le nutome gã takpekpe 199 siwo wowɔ le xexeame katã me ɖe mía ta. Vavala 462,936 siwo nɔ eteƒe da asi ɖe biabia tɔxɛ si woŋlɔ ɖo ɖe Soviet-dukplɔla Nikolay A. Bulganin la dzi. Nusiwo nɔ biabiaa me ƒe ɖewoe nye be, “woana ablɔɖe mí” eye be “woaɖe mɔ na mí be míaxɔ Gbetakpɔxɔ magazinewo ahata wo le Russiagbe, Ukraingbe kple gbe bubu siwo wokpɔ be ehiã me hekpe ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽ bubu siwo Yehowa ɖasefowo zãna le xexeame katã ŋu.”

Ɣemaɣi la, wokplɔ míaƒe ƒomea yi saɖagakɔƒe si nye Khudyakovo si didi tso Irkutsk gbɔ anɔ kilometa 20 la me. Míenɔ afima ƒe adre. Le ƒe 1960 me la, nɔvinyeŋutsu Fyodor dzo yi Irkutsk eye ƒe si kplɔe ɖo la, nɔvinyeŋutsu tsitsitɔ ɖe srɔ̃, eye nɔvinyenyɔnua dzo le mía gbɔ. Eye le ƒe 1962 me la, wolé Fyordor de game le eƒe gbeƒãɖeɖea ta.

Nye Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi

Míete ŋu doa gasɔ alo zɔa afɔ kilometa 20 tso míaƒe kɔƒe si nye Khudyakovo va kpena kple ame bubuwo hena Biblia sɔsrɔ̃. Eyata míete kpɔ be míaʋu ayi Irkutsk be míate ɖe Ðasefo bubuwo ŋu wu. Gake amegã si le nuto si me míenɔ nu la tsi tre ɖe míaƒe ʋuʋua ŋu, eye wòwɔ nusianu si wòate ŋui tsɔ xe mɔ na mí. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ŋutsua va te nuwɔwɔ ɖe mía ŋu nyuie, eye míete ŋu ʋu yi Pivovarikha-kɔƒe si didi tso Irkutsk gbɔ anɔ kilometa 10 la me. Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe nɔ afima eye medze agbe yeye gɔme. Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo kple nɔviŋutsu siwo kpɔa gbɔgbɔmedɔwo dzi nɔ Pivovarikha. Aleke gbegbe dzi dzɔm enye esi!

Vaseɖe fifia la, meva lɔ̃ Biblia me nyateƒea vevie, eye medi be maxɔ nyɔnyrɔ. Le August 1965 me la, nye didia va eme esi wonyrɔm le Olkhe-tɔsisi sue la me, afisi wonyrɔ Ðasefo yeye geɖe le ɣemaɣi. Adze na nukpɔlawo abe modzaka ko ɖem míenɔ henɔ tsi ƒum le tɔa me ene. Ema megbe kpuie la, mexɔ nye dɔdasi gbãtɔ si nye Teokrasi Subɔsubɔ Suku dzikpɔla. Azɔ le November 1965 me la, nu bubu si na míekpɔ dzidzɔ dzɔ esi Fyodor gbɔ tso gaxɔ me.

Alesi Dɔa Kpɔ Ŋgɔyiyii

Le ƒe 1965 me la, woƒo aboyomewo katã nu ƒu, eye woɖe gbeƒãe na mí be mɔ li be míayi afisiafi si míedi, eyata míaƒe “nɔƒe tegbee” la nɔnɔ va nuwuwu. Àte ŋu abu dzidzɔ si yɔ mía me la ŋua? Esi mía dometɔ geɖe dzo yi dukɔa ƒe akpa bubuwo la, ame bubuwo tiae be yewoakpɔtɔ anɔ afisi Yehowa yra mí hedo alɔ mí le míaƒe gbɔgbɔ me ŋgɔyiyi kple dɔwɔnawo me le la. Wo dometɔ geɖe nyi wo viwo, woƒe tɔgbuiyɔviwo kple woƒe tɔgbuitɔgbuiyɔviwo le Siberia, afisi le ɣeyiɣi aɖe megbe la, megava ɖi vɔvɔ̃ nenema o.

Le ƒe 1967 me la, medo go Maria, nyɔnuvi aɖe si hã ƒe ƒome woɖe aboyoe tso Ukraine yi Siberia. Esi míenɔ ɖevime la, mía kple evea míenɔ Ukraine-kɔƒe si nye Vilshanitsa. Míeɖe srɔ̃ le ƒe 1968 me eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woyra mí kple viŋutsuvi si ŋkɔe nye Yaroslav eye emegbe míedzi nyɔnuvi si ŋkɔe nye Oksana.

Míeyi edzi zã kuteƒewo kple srɔ̃kpegbewo kpena le agbɔsɔsɔ gãwo me hena gbɔgbɔ me hadede. Míezãa azã siawo tsɔ ɖea Biblia me nyateƒewo me na ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o kple xɔlɔ̃ siwo va. Zi geɖe asrafomegãwo vaa wɔna siawo teƒe, afisi míeɖea gbeƒã le gaglãgbe tso Biblia me le tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa alo srɔ̃ɖeɖoɖo si Yehowa wɔ kple etsɔme yayra siwo ava le eƒe xexe yeyea me ŋu.

Gbeɖeka esi menɔ nuƒo aɖe nu wum le kuteƒe aɖe la, ʋu aɖe va tɔ, woʋu ʋɔa, eye ŋutsu siwo nɔ eme dometɔ ɖeka do eye wòɖe gbe nam be mage ɖe ʋua me. Nyemevɔ̃ o. Ne èbu eŋu kpɔ la menye hlɔ̃nuwɔlawo míenye o, Mawu dzixɔselawo ko míenye. Gake míaƒe hamea me tɔwo ƒe subɔsubɔdɔ ƒe akɔntabubuwo nɔ nye kotoku me. Woate ŋu além ɖe eta. Eyata mebia ne màte ŋu ana ga srɔ̃nye hafi woakplɔm ayii. Esi wolɔ̃ la, metsɔ nye gakotoku kple hamea ƒe akɔntabubuawo nɛ le woƒe ŋku me afima.

Tso ƒe 1974 me la, mía kple Maria míedze Biblia-srɔ̃gbalẽwo tata gɔme le míaƒe aƒeme le adzame. Esi viŋutsuvi sue nɔ mía si ta la, míewɔnɛ le zãtsiƒe be maganya nu tso eŋu o. Gake esi ɖevia kua nu me ta la, ewɔna abe ɖe wòdɔ alɔ̃ ene, eye wòfia ŋku nɔa nusi wɔm míenɔ kpɔm. Emegbe egblɔ be: “Menya amesi nɔa Mawu ŋuti magazineawo wɔm.” Vɔvɔ̃ ɖo mi vie, gake míebiaa Yehowa ɣeawokatãɣi be wòakpɔ míaƒe ƒomea ta le dɔ vevi sia wɔwɔ me.

Mlɔeba la, dziɖulawo va nɔ nu wɔm ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu nyuie wu, eyata míewɔ ɖoɖo be míawɔ kpekpe gã aɖe le Mir modzakaɖeƒe kple aɖaŋunuwo dzraƒe si le Usol’ye-Sibirskoye dua me. Míena kakaɖedzi dumegãwo be míewɔa míaƒe kpekpewo hena Biblia sɔsrɔ̃ kple Kristotɔwo ƒe hadede dzaa ko. Amesiwo wu 700 va ƒo ƒu le January 1990 me, woyɔ xɔa eye ame geɖe kpɔ mí.

Le kpekpea megbe la, nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe bia be: “Ɣekaɣie miedze agbagba na hehe miaƒe sɔhɛwo?” Ewɔ nuku na eya kple vavala bubuwo be wonɔ anyi kpoo gaƒoƒo ene si dutoƒokpekpe gbãtɔ sia xɔ. Eteƒe medidi o, woŋlɔ nya nyui aɖe tso Yehowa Ðasefowo ŋu ɖe afima nyadzɔdzɔgbalẽ me. Egblɔ be: “Woate ŋu asrɔ̃ nane tso [ Yehowa Ðasefowo] gbɔ vavã”

Dzidzɔkpɔkpɔ le Takeke Gã la Ta

Le 1991 me la míewɔ takpekpe gã adre le Soviet Union eye ame 74,252 de. Emegbe esi du siwo nɔ tsã Soviet Union me xɔ ɖokuisinɔnɔ la, mexɔ dɔdasi tso Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la gbɔ be mayi Moscow. Le afima la, wobiam ne anya wɔ be makeke nye Fiaɖuƒedɔa ɖe enu. Ɣemaɣi Yaroslav ɖe srɔ̃ eye vi nɔ esi eye Oksana nye ƒewuivi. Eyata le ƒe 1993 me la, mía kple Maria míedze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme le Moscow. Le ƒe ma ke me, wotiam mezu Russia Nutome Yehowa Ðasefowo ƒe Subɔsubɔha ƒe Dɔdzikpɔƒe ƒe dɔdzikpɔla.

Fifia mía kple Maria míele subɔsubɔm le míaƒe alɔdzedɔwɔƒe yeye si le St. Petersburg gbɔ. Enye bubu be mele asi kpem ɖe nɔviŋutsu nuteƒewɔla bubuwo ŋu be míakpɔ Fiaɖuƒe gbeƒãɖela siwo ƒe agbɔsɔsɔ le dzidzim ɖe edzi le Russia ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Egbea Ðasefo siwo wu 260,000 ye le tsã Soviet Union ƒe dukɔwo me, eye wowu 100,000 le Russia ɖeɖeko!

Zi geɖe mía kple Maria míebua míaƒe ƒometɔ kple xɔlɔ̃ lɔlɔ̃tɔ siwo yi edzi lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le woƒe Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa me le Siberia, afisi va zu mía de lɔlɔ̃a la ŋu. Egbea wowɔa takpekpe gãwo le afima edziedzi, eye Ðasefo siwo ade 2,000 le dɔ wɔm le Irkutsk kple eƒe nutowo me. Nyagblɔɖi si le Yesaya 60:​22 le eme vam le xexeame ƒe akpa ma nyateƒe be: “Ame suewo azu akpe, eye ame ʋeewo azu dukɔ sesẽ.”

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Mía kple fofonye, míaƒe ƒomea, kple aboyome bubuwo le Irkutsk le ƒe 1959 me

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Ðevi siwo nɔ aboyo me le Iskra

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Ƒe si me míeɖe srɔ̃

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Mía kple Maria egbea

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe