INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g01 11/8 axa 10-11
  • “Mesusuna Ɣeaɖewoɣi be Drɔ̃e Kum Mele!”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Mesusuna Ɣeaɖewoɣi be Drɔ̃e Kum Mele!”
  • Nyɔ!—2001
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Nàyi Edzi Anye Anukwaretɔ Le Xexe Maɖianukware Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Sɔhɛ Siwo Lɔ̃ Nyateƒea
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Asitɔtrɔ Le Hakplɔɖoɖowo Ŋu Hena ‘Ŋutifafa Mawu La’ Subɔsubɔ
    Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2001
g01 11/8 axa 10-11

“Mesusuna Ɣeaɖewoɣi be Drɔ̃e Kum Mele!”

Lourdes tɔ ɖe eƒe xɔ ƒe fesre nu, tsɔ asi tsyɔ eƒe nu si le ƒoƒom kpakpakpa la heledua me kpɔm dũ. Enye Latin-Amerika nyɔnu aɖe si srɔ̃a Alfredo adãnuwɔla la wɔ fui ƒe 20 kple edzivɔ. Alfredo va se le eɖokui me be yeatrɔ. Ke hã egasesẽ na Lourdes kokoko be wòaƒo nu tso ŋutilã ƒe vevesese kple nuxaxa si me wòto la ŋu.

Lourdes gblɔ kple gbe blewu be: “Kwasiɖa eve le míaƒe srɔ̃kpekpe megbe koe wòdze egɔme. Gbeɖeka eƒom nye aɖu eve ho. Ɣebubuɣi esi wòbe yeaxlã kɔ ɖem la, mebɔbɔ kaba eye eƒe kɔ va dze awuɖaka. Gake nya siwo wògblɔna ɖe ŋunye vena wu gɔ̃ hã. Egblɔna be menye ‘gbeɖuɖɔ maɖinu’ eye wòwɔa nu ɖe ŋunye abe ɖe nunya aɖeke mele tagbɔ na nye ya o ene. Medina be madzo, gake ɖe wòanya wɔ be makplɔ vi etɔ̃ adzoea?”

Alfredo ƒo abɔta na Lourdes lɔlɔ̃tɔe. Egblɔ be: “Dɔmemetsitsie menye. Ŋu kpem ale gbegbe esi wotsɔ samãgbalẽ vɛ nam hede se kpe ɖe eŋu be makpɔ nyuie le ŋuwò. Medze agbagba be mawɔ tɔtrɔ, gake medidina hafi megawɔa nu nenema o.”

Aleke nuwo wɔ trɔ? Lourdes, amesi ɖe dzi ɖi fifia azɔ gblɔ be: “Nyɔnu si le fiase si le mɔa to me nye Yehowa Ðasefo. Egblɔ be yeakpe ɖe ŋunye mase Biblia gɔme. Mesrɔ̃e be Yehowa Mawu dea asixɔxɔ nyɔnuwo ŋu. Mete Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dede, togbɔ be ena Alfredo do dziku vevie le gɔmedzedzea me hã. Enye nɔnɔme yeye nam be manɔ anyi kple xɔlɔ̃wo le Fiaɖuƒe Akpata me. Ewɔ nuku nam esi medze sii be dzixɔse si dze ŋunye va le nye ŋutɔ asinye, mete ŋu ƒoa nu tso wo ŋu faa, eye mefiaa wo ame bubuwo gɔ̃ hã. Mekpɔe dze sii be mexɔ asi le Mawu ŋkume. Esia na dzi ɖo ƒonye.

“Nanewo va trɔ si nyemaŋlɔ be akpɔ o. Alfredo kpɔtɔ dea Katolikotɔwo ƒe Misa Kwasiɖa ɖesiaɖe, eye wòtsia tre ɖe nusi wɔm mele kple Yehowa Ðasefowo la ŋu. Mekpɔ eŋkume tututu hegblɔ moveviɖoɖotɔe blewuu be: ‘Alfredo, menye wò nukpɔsusue le asinye o.’ Meƒom le nya sia me o! Ema megbe kpuie la, mexɔ nyɔnyrɔ, eye ƒe atɔ̃e nye sia tso ɣemaɣi si megaƒom kpɔ o.”

Gake tɔtrɔ siwo lolo wu ganɔ ŋgɔ. Alfredo ɖe nyaa me ale: “Anye ƒe etɔ̃ le Lourdes ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, hanyeti aɖe si nye Yehowa Ðasefo kpem va eƒeme heɖe nya dodzidzɔname geɖe me nam tso Biblia me. Melɔ̃ wòdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplim gake nyemegblɔe na srɔ̃nye o. Eteƒe medidi o mete Lourdes kpɔkplɔ ɖo yi kpekpeawo. Nuƒo siwo mese le afima dometɔ geɖe ku ɖe ƒomegbenɔnɔ ŋu, eye nya siawo na ŋu kpem zi geɖe.”

Ewɔ dɔ ɖe Alfredo dzi esime wòkpɔ hamea me tɔwo, siwo dome ŋutsuwo hã nɔ wonɔ xɔme kplɔm le kpekpewo megbe. Esi wòɖi tsa srã wo kpɔ le woƒe aƒewo me la, ekpɔ srɔ̃ŋutsuwo wokpena ɖe wo srɔ̃wo ŋu woklɔa nuɖugbawo. Nudzɔdzɔ ʋɛ siawo ɖe nusi lɔlɔ̃ vavãtɔ wɔna fia Alfredo.

Emegbe kpuie la, Alfredo xɔ nyɔnyrɔ, eye woa kple srɔ̃a le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm fifia. Lourdes gblɔ be: “Ekpena ɖe ŋunye zi geɖe míedzraa nuɖukplɔ̃ dzi ɖo le nuɖuɖu megbe eye wòɖoa aba hã. Ekafuam ɖe nye nuɖaɖawo ta, eye wòɖea mɔ mewɔa tiatiawo—abe ha si medi be mase alo nusiwo míaƒle azã le aƒea me ene. Anye ne Alfredo mawɔ nusiawo tɔgbe akpɔ gbeɖe o! Nyitsɔ laa la, eƒle seƒoƒo dzeani aɖe nam zi gbãtɔ. Mesusuna ɣeaɖewoɣi be drɔ̃e kum mele!”

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

“Medze sii be mexɔ asi le Mawu ŋkume. Esia de dzi ƒo nam”

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Ewɔ dɔ ɖe Alfredo dzi esime wòkpɔ hamea me tɔwo, siwo dome ŋutsuwo hã nɔ wonɔ xɔme kplɔm le kpekpea megbe

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Ekpɔ srɔ̃ŋutsuwo wokpena ɖe wo srɔ̃wo ŋu woklɔa nuɖugbawo

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

“Nyitsɔ laa la, eƒle seƒoƒo dzeani aɖe nam zi gbãtɔ”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe