INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 8/15 axa 16
  • Bɔtri Aɖe Ƒe Afɔti Siwo Wɔa Dɔ Nukutɔe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Bɔtri Aɖe Ƒe Afɔti Siwo Wɔa Dɔ Nukutɔe
  • Nyɔ!—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2015
  • Nye Dzeɖola!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Sɔfɔti
    Nyɔ!—2014
  • Aʋakɔ Aɖe Le Azɔli Dzi!
    Nyɔ!—2003
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2015
g 8/15 axa 16
Bɔtri

ÐE WOWƆEA?

Bɔtri Aɖe Ƒe Afɔti Siwo Wɔa Dɔ Nukutɔe

Gear siwo le Bɔtri la ƒe afɔtiwo ŋu si woɖe fotoe wòlolo

ƔEYIƔI didi aɖee nye esia amegbetɔwo susu be yewo koe to nu abe lɔri ƒe gear (vitesse) ene vɛ. Fifia wova nya be menye nenemae o! Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va ke ɖe bɔtri ƒomevi aɖe si nɔa abɔwo me le Europa si ƒe afɔtiwo wɔa dɔ abe gear ene la ŋu.a

Bɔtri suea tea ŋu tia kpo kabakaba meta 3.9 le sekɛnd ɖeka me ale gbegbe be nuheŋusẽ metea ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe eƒe kpotiti kabakaba alea dzi o. Etia kpo kabakaba ale gbegbe be kaka nàƒo aɖaba la ebu xoxo. Eƒe kpotiti kaba alea wɔnɛ be ehiã be eƒe megbefɔti eveawo nawɔ dɔ ɖe du le ɣeyiɣi ɖeka me be wòakpɔ ŋusẽ ati kpo. Nu ka gbɔe wòtso be wotea ŋu wɔa nu alea?

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va kpɔe be gear-awo le bɔtri sia ƒe megbefɔti eveawo ŋu. Ne bɔtri sia ti kpo la, gear mawo wɔnɛ be megbefɔti eveawo wɔa dɔ ɖe du. Ne megbefɔti eveawo mewɔ dɔ ɖekae o la, manɔ bɔbɔe be wòati kpo kabakaba nenema o!

Ne nu gbagbe bubuwo le kpo tim la, mɔfiame si woƒe ahɔhɔ̃ nana dzie wonɔa te ɖo hafi woƒe afɔwo yia dzi zi ɖeka. Gake le bɔtri sia ya gome la, ne mɔfiamea atso eƒe ahɔhɔ̃ gbɔ la, ke mate ŋu ati kpo kabakaba nenema o. Eya ta enɔa te ɖe gear siwo le eƒe afɔti eveawo ŋu dzi tia kpo. Numekula Gregory Sutton gblɔ be: “Ne míele nu ƒom tso gear ŋu la, zi geɖe la, mɔ̃ siwo amegbetɔwo wɔ dzi koe míaƒe susu yina.” Egblɔ kpee be nu si tae nye be, “Míewɔ numekuku boo tso nu bubuwo ŋu o.”

Nu kae nèsusu? Ðe bɔtri sia si ƒe afɔtiwo wɔa dɔ abe gear ene la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?

a Bɔtri sia ƒe viwo koe tea ŋu tia kpo kabakaba nenema, gake ne wole tsitsim la, woƒe afɔti siwo wɔa dɔ abe gear ene la klina ɖa le eŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe