Nye Dzeɖola!
1 Be míawɔ gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔ si wode mía si la, ele be míagblɔ nyatakakawo na amewo. (Mat. 24:14; 28:19, 20) Dzeɖoɖo ate ŋu anye nu sesẽ le xɔlɔ̃wo kura gɔ̃ hã dome. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaɖo dze nyuie tso nyanyuia ŋu na amesiwo míenya o?
2 Alesi Nànye Xɔlɔ̃ ke Menye Amedzro O: Dze agbagba nàtsɔ ɖokuiwò aɖo amesiwo nèɖea gbeƒã na le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la teƒe. Le egbexexeame la, eme kɔ be amewo megakana ɖe amedzrowo dzi tututu o, alo be wovɔ̃a wo gɔ̃ hã. Esia ate ŋu ana dzeɖoɖo nasesẽ. Aleke nàwɔ aƒo asa na vɔvɔ̃ si ate ŋu anɔ amesiwo nèdoa goe zi gbãtɔ me ɖe amedzrowo ŋui? Hafi míake nu agblɔ nya aɖe gɔ̃ hã la, mɔ ɖeka si dzi míetona ƒoa nue nye to míaƒe dzedzeme si sɔ dzi. Míaƒe awudodo si le nɔnɔme nyui me si ŋu bubu le la ɖea vɔvɔ̃ dzi kpɔtɔna.—Tim. I, 2:9, 10.
3 Dzeɖoɖomɔnu bubue nye alesi nàvo le ɖokuiwò me, kple nuwɔwɔ xɔlɔ̃wɔwɔtɔe. Esia nana amewo ɖea dzi ɖi le wo ɖokui me eye wònɔa bɔbɔe na wo be woaɖo to. Ebia dzadzraɖo nyuie do ŋgɔ le go sia me. Ne nusi tututu míedi be míagblɔ le susu me na mí la, ewɔnɛ be míeɖea dzi ɖi. Eye alesi míaɖe dzi ɖi bɔkɔɔ alea ate ŋu ana be amewo naɖo to míaƒe gbedasia. Nyɔnu aɖe gblɔ tso Ðasefo aɖe si va srãe kpɔ ŋu be: “Nusi dzi meɖoa ŋkui le eŋu enye eƒe nukomo si na nye dzi dzea eme. Edzɔa dzi nam ale gbegbe.” Esia ʋu mɔ na nyɔnua be wòɖo to nyanyuia.
4 Nɔnɔme Siwo Ʋãa Aƒemenɔlawo: Ele be míaɖe ɖetsɔleme vavãtɔ afia amewo. (Fil. 2:4) Mɔ ɖeka si dzi míato awɔ esiae nye alesi míagaxɔ dzeɖoɖoa katã aƒu akɔe o. Nyateƒee wònye be dzeɖoɖo bia toɖoɖo hã. Ne míebia nya míaƒe nyaselawo eye míeɖo to ɖetsɔlemetɔe hese ŋuɖoɖo siwo nam wole la, woade dzesii be míetsɔ ɖe le eme na yewo. Eyata ne wò nyaselawo le nu ƒom la, megatsi dzi anɔ mɔnukpɔkpɔ dim be yeagblɔ nya siwo nèdzra ɖo ɖi o. Kafu wo vividoɖeameŋutɔe ne esia asɔ, eye nàdze agbagba agblɔ nya aɖe atsɔ ade esi wogblɔ dzi. Ne woƒe nyaŋuɖoɖoa ɖe nusi le woƒe dzi me fia la, trɔ asi le wò nyaa ŋu wòaku ɖe nusi me wotsɔ ɖe le ŋu.
5 Tufafa kple ɖokuibɔbɔ nana dzeɖoɖo yia edzi bɔbɔe wu. (Lod. 11:2; Dɔw. 20:19) Amewo te ɖe Yesu ŋu elabena eƒe ‘dɔme fa, eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le dzi me.’ (Mat. 11:29) Gake amewo metena ɖe amesi doa eɖokui ɖe dzi ŋu o. Eyata togbɔ be míeka ɖe edzi be nyateƒea le mía si hã la, nunyatɔe la, míeƒoa asa na tɔtete ɖe míaƒe nyawo dzi.
6 Ke ne ame aɖe gblɔ nya aɖe si ku ɖe dzixɔse siwo mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafiawo o ŋu ɖe? Ðe wònye míaƒe agbanɔamedzi be míaɖɔe ɖo kokokoa? Ẽ, míawɔe le ɣeyiɣi aɖe megbe, gake masɔ be míawɔe le yiyi zi gbãtɔa me o. Eɖea vi wu zi geɖe ne míedzro nukpɔsusu wɔɖeka siwo le mía kple míaƒe nyasela si me gbã hafi adzro Biblia ƒe nufiafia siwo ate ŋu asesẽ nɛ be wòaxɔ wo ade eme la me kplii. Esia wɔwɔ bia dzigbɔgbɔɖi kple ŋuɖɔɖɔɖo. Paulo ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi esime wònɔ gbeƒã ɖem na ʋɔnudrɔ̃la siwo nɔ Areopago.—Dɔw. 17:18, 22-31.
7 Ƒo wo katã ta la, ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ akpe ɖe mía ŋu be míanye dzeɖola bibiwo. Ele be míaƒe dɔme natrɔ ɖe amesiwo “woka hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o” ŋu, abe alesi Yesu nɔ ene. (Mat. 9:36) Esia ʋãa mí be míatsɔ nyanyuia ayi na wo eye míakpe ɖe wo ŋu be woava nɔ mɔ si kplɔa ame yia agbe me la dzi. Lɔlɔ̃ ƒe gbedasie le mía si, eyata mina míayi edzi anɔ egblɔm lɔlɔ̃tɔe. Ne míewɔe alea la, ke míezua Yehowa Mawu kple Yesu Kristo—amesiwo nye Dzeɖola gãtɔwo kekeake le xexeame godoo—srɔ̃lawo.