INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jy ta 37 axa 94-axa 95 mm. 2
  • Yesu Fɔ Ahosi Aɖe Viŋutsu Ðe Tsitre

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yesu Fɔ Ahosi Aɖe Viŋutsu Ðe Tsitre
  • Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yesu Tsi Ahosi aɖe ƒe Vevesese Nu
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Enye Ame Si Gbɔa Agbe Ame Kukuwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Míate Ŋu Afɔ Tso Ku Me!
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • “Nyemexɔe Se O!”
    Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku
Kpɔ Bubuwo
Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
jy ta 37 axa 94-axa 95 mm. 2
Yesu kple eƒe apostoloawo do ameha aɖe si yina ahosi aɖe viŋutsu ɖi ge

TA 37

Yesu Fɔ Ahosi Aɖe Viŋutsu Ðe Tsitre

LUKA 7:11-17

  • WOFƆ AME ÐE TSITRE LE NAIN

Esi Yesu da dɔ na asrafomegã la ƒe dɔla vɔ megbe kpuie la, edzo le Kapernaum yi Nain, si nye dugã aɖe si didi tso Kapernaum kilometa 32 kple edzivɔ le anyieheɣetoɖoƒe gome. Menye eya ɖekae le mɔa zɔm o. Eƒe nusrɔ̃lawo kple ameha gã aɖe kplɔe ɖo. Anɔ eme be fiẽsi ɖo esime wogogo Nain dua. Le afi ma la, wodo go Yudatɔwo ƒe ha gã aɖe si yina ame aɖe ɖiƒe. Ðekakpui aɖe si ku lae wokɔ le go dom le dua me yina ɖiɖi ge.

Ame si ƒe nu wɔ nublanui le wo dome wu lae nye ɖekakpuia dada. Ahosie wònye eye fifia via ɖekɛ la hã ku. Esi srɔ̃a ku la, via lɔlɔ̃a ya teti gali nɛ. Bu ale si gbegbe eya kple via dome anɔ kplikplikplii ɖa; eƒe mɔkpɔkpɔ kple etsɔmededienɔnɔ katã nɔ te ɖe ɖekakpuia dzi. Gake eya hãe nye ema ku. Ame kae gali ado evelia nɛ ahakpɔ edzi?

Esi Yesu kpɔ nyɔnua la, eƒe nuxaxa vevie kple ale si wòlé blanui la wɔ dɔ ɖe edzi. Etsɔ tufafa kple kakaɖedzi si naa dzideƒo ame gblɔ na nyɔnua be: “Dzudzɔ avifafa.” Gake mesee ɖe afi ma o. Ete ɖe ame siwo tsɔ ame kuku la ŋu heka asi amekukutsɔnu la ŋu. (Luka 7:13, 14) Ale si wòwɔ nui kple afɔ si wòɖe la na dua me tɔ siwo le nu xam la tɔ zi ɖeka. Wo dometɔ geɖe anya nɔ wo ɖokuiwo biam be, ‘Esia gɔme ɖe, nu ka wɔ ge wòala?’

Yesu tsɔ ɖekakpui si wòfɔ ɖe tsitre la na dadaa; ameha si ƒe nu ku la le wo kpɔm

Ke ame siwo nɔ mɔ zɔm kple Yesu siwo kpɔe wòda dɔ vovovowo hewɔ nukunu geɖewo ya ɖe? Anye be womekpɔ Yesu wòfɔ ame kuku ɖe tsitre kpɔ o. Togbɔ be wofɔ ame kukuwo ɖe tsitre le blema hã la, ɖe Yesu hã ate ŋu afɔ ame ɖe tsitrea? (1 Fiawo 17:17-23; 2 Fiawo 4:32-37) Yesu gblɔ be: “Ðekakpui, mele egblɔm na wò be, fɔ!” (Luka 7:14) Eva eme nenema. Ðekakpuia fɔ bɔbɔ nɔ anyi hede asi nuƒoƒo me! Yesu tsɔe na dadaa. Eƒe nu ku eye wòkpɔ dzidzɔ manyagblɔ. Ekpɔ ame si ado evelia nɛ azɔ.

Esi ameawo kpɔ be ɖekakpuia le agbe vavã la, wokafu Yehowa, Agbenala la gblɔ be: “Wona nyagblɔɖila gã aɖe do le mía dome.” Ame bubuwo hã de dzesi gɔmesese vevi si le Yesu ƒe nukunua ŋu eye wogblɔ be: “Mawu trɔ susu ɖe eƒe dukɔ la ŋu.” (Luka 7:16) Le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me la, nukunu sia ŋu nya kaka de nuto ma katã me, eye ɖewohĩ amewo see le Nazaret, du si me Yesu tso, si didi tso afi ma abe kilometa 10 ene la hã. Wose eŋu nya le keke Yudea si le anyiehe ɖaa ke la gɔ̃ hã.

Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa gakpɔtɔ le gaxɔ me, eye edi vevie be yease nu tso dɔ siwo wɔm Yesu le la ŋu. Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo ƒo nu tso nukunu siawo ŋu nɛ. Aleke wòwɔ nui?

  • Nu kae nɔ dzɔdzɔm esime Yesu gogo Nain?

  • Aleke nu si Yesu kpɔ la wɔ dɔ ɖe edzii, eye nu kae wòwɔ?

  • Dɔ kae Yesu ƒe nukunua wɔ ɖe ameawo dzi?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe