INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jy ta 64 axa 152-axa 153 mm. 2
  • Ale Si Wòhiã Be Woatsɔ Ake

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Wòhiã Be Woatsɔ Ake
  • Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tsɔtsɔke Ŋuti Nufiafia
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Nusita Wòle Be Míatsɔ Ake
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • ‘Ame Ka Tututue Nye Kluvi Nuteƒewɔla Kple Aɖaŋudzela La?’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • ‘Wodzea Alẽvi La Yome Ðaa’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
jy ta 64 axa 152-axa 153 mm. 2
Kluvi aɖe lé ve na ehati kluvi

TA 64

Ale Si Wòhiã Be Woatsɔ Ake

MATEO 18:21-35

  • ÐE WOATSƆE AKE ZI ADREA?

  • KLUVI MAKPƆNUBLANUI ŊUTI KPƆÐEŊUA

Petro se aɖaŋu si Yesu ɖo ku ɖe ale si ame nayi nɔvia gbɔ be woakpɔ wo nɔewo dome masɔmasɔwo gbɔe ŋu. Gake edze abe Petro di be yeanya zi gbɔ zi ale si wòle be ame natsɔe ake nɔvia ene.

Petro bia be: “Aƒetɔ, zi nenie nɔvinye awɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye eye matsɔe akee? Va se ɖe zi adre loo?” Le subɔsubɔhakplɔla aɖewo ƒe nufiafia nu la, zi etɔ̃e wòle be ame natsɔe ake nɔvia. Eya ta Petro anya susui be dɔmenyo gã aɖee wòanye be yeatsɔe ake ye nɔvi “va se ɖe zi adre.”—Mateo 18:21.

Gake susu si nye be woaxlẽ zi ale si woda vo le ame ŋui la mewɔ ɖeka kple Yesu ƒe nufiafia o. Eya ta eɖɔ Petro ɖo esi wògblɔ be: “Nyemegblɔ na wò be va se ɖe zi adre o, ke boŋ va se ɖe zi blaadre vɔ adre.” (Mateo 18:22) Esia fia be seɖoƒe meli na zi ale si woatsɔe ake o. Mele be xexlẽme aɖe koŋ nanɔ zi ale si Petro atsɔ vodada ake nɔviae ŋu o.

Fia la tsɔ kluvia ƒe fea kee

Azɔ Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe na Petro kple nusrɔ̃la bubuawo tsɔ te gbe ɖe agba si le wo dzi be woatsɔe ake la dzi na wo. Eku ɖe kluvi aɖe si gbe be yemasrɔ̃ yeƒe aƒetɔ si nye nublanuikpɔla ƒe kpɔɖeŋu o la ŋu. Fia la di be yeabu akɔnta kple yeƒe kluviwo. Wokplɔ kluvi aɖe si nyi fe gbogbo si nye talento 10,000 [denario 60,000,000] la va egbɔ. Mate ŋu axe fea akpɔ o. Eya ta fia la ɖe gbe be woatsɔ eya kple srɔ̃a kple viawo adzra ne woatsɔ axe feae. Enumake kluvi la dze klo ɖe eƒe aƒetɔ ƒe afɔnu heɖe kuku nɛ gblɔ be: “Gbɔ dzi ɖi nam, mele nu sia nu xe ge na wò.”—Mateo 18:26.

Kluvia na wolé ehati kluvi de gaxɔ me

Kluvia ƒe nu wɔ nublanui na fia la, eya ta etsɔ fe gbogbo si kluvia nyi la kee. Eyome kluvia do go eye wòkpɔ ehati kluvi si nyi denario 100 ƒe fe le eŋu. Elé kluvi ma helé ve nɛ gblɔ be: “Xe fe sia fe si nènyi le ŋunye la nam.” Gake hati kluvi sia dze klo ɖe kluvi si ŋu wònyi fea le la ƒe afɔnu heɖe kuku nɛ gblɔ be: “Gbɔ dzi ɖi nam, mele exe ge na wò.” (Mateo 18:28, 29) Gake kluvi si fia la tsɔ fe si wònyi kee la mesrɔ̃ eƒe aƒetɔ ƒe kpɔɖeŋu o. Ena wotsɔ ehati kluvi si nyi fe si le sue wu kura la de gaxɔ me be wòanɔ afi ma va se ɖe esime wòaxe fe si wònyi la.

Fia la na wolé kluvi makpɔnublanuia de gaxɔ me

Azɔ Yesu gblɔ be kluvi bubu siwo kpɔ nublanuimakpɔmakpɔ ƒe nuwɔna sia teƒe la yi ɖagblɔe na aƒetɔ la. Aƒetɔ la do dziku eye wòyɔ kluvi la vɛ hegblɔ nɛ be: “Kluvi vɔ̃ɖi, esi nèɖe kuku nam la, metsɔ fe mawo katã ke wò. Ðe mele be wò hã nàkpɔ nublanui na hawòti kluvi abe ale si mekpɔ nublanui na wòe ene oa?” Esi fia la do dɔmedzoe la, etsɔ kluvi makpɔnublanui la de asi na gaxɔdzikpɔlawo be wòanɔ gaxɔ me va se ɖe esime wòaxe fe siwo katã wònyi la. Yesu ƒo nyaa ta be: “Aleae Fofonye si le dziƒowo la hã awɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe ne metsɔna kea nɔvia tso dzi me o.”—Mateo 18:32-35.

Tsɔtsɔke ŋuti nufiame nyui kae nye esi esia nye na mí! Mawu tsɔ nu vɔ̃ ƒe fe gã aɖe ke mí. Agɔ ɖe sia ɖe si nɔvi Kristotɔ aɖe adze le mía dzi la le sue ŋutɔ ne wotsɔe sɔ kple esi Mawu tsɔ ke mí. Eye menye zi ɖeka koe Yehowa tsɔnɛ kea mí o, ke boŋ zi akpe geɖe. Ekema ɖe míate ŋu atsɔ agɔ siwo mía nɔvi aɖe dze le mía dzi la akee zi geɖe, ne míaƒe nya dzɔ gɔ̃ hã oa? Abe ale si Yesu gblɔe le Todzimawunyaa me ene la, Mawu atsɔ ‘míaƒe fewo ake mí, abe ale si míawo hã míetsɔnɛ kea ame siwo nyi fe le mía ŋu ene.’—Mateo 6:12.

  • Nu kae na Petro bia nya tso nɔvia ƒe nu vɔ̃ si wòatsɔ akee ŋu, eye nu ka tae wòanya bui be enye dɔmenyowɔwɔ be yeatsɔ ake zi adre?

  • Aleke fia la ƒe nuwɔwɔ ɖe kluvi si ɖe kuku be woakpɔ nublanui na ye ŋui la to vovo tso ale si kluvi ma wɔ nu ɖe ehati kluvi ŋu la gbɔe?

  • Nufiame kae le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me na mí?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe