TA 15
Ale Si Ðokuibɔbɔ Ðe Tanyenye Ƒe Ðoɖoa Te Ðea Vi Na Mí
ÐOKUIBƆBƆ ɖe Mawu, Xexea Me Katã Ƒe Dziɖulagã la, te le vevie hafi míate ŋu awɔ ɖeka ahawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. Míelɔ̃ ɖe edzi be Via ye nye Kristo hamea ƒe Ta, eye míewɔna ɖe tanyenye ƒe ɖoɖoa dzi le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa bubuwo hã. Ðokuibɔbɔ ɖe teokrasiɖoɖoa te alea ɖea vi na ame sia ame si nya sia ka.
2 Eden-bɔa mee woɖee fia amegbetɔwo le zi gbãtɔ be ele be woabɔbɔ ɖe dziɖuŋusẽ te. Esia dze le Mawu ƒe sedede si le 1 Mose 1:28 kple 2:16, 17 me. Mawu ɖoe be lãwo nanɔ amegbetɔwo ƒe kpɔkplɔ te, eye Adam kple Xawa nabɔbɔ ɖe Mawu ƒe ŋusẽ te ahawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Wɔwɔ ɖe Mawu ƒe ɖoɖo sia dzi ana ŋutifafa nanɔ anyi eye wòana nu sia nu nanɔ ɖoɖo nyui nu. Wogate gbe ɖe tanyenye ƒe gɔmeɖosea dzi emegbe le 1 Korintotɔwo 11:3. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Medi be mianyae be ŋutsu sia ŋutsu ƒe tae nye Kristo; nyɔnu hã ƒe tae nye ŋutsu; eye Kristo hã ƒe tae nye Mawu.” Esia fia be le tanyenye ƒe ɖoɖo bliboa me la, ame sia ame le tanyenye aɖe te, negbe Yehowa ko.
3 Egbea ame akpa gãtɔ melɔ̃na ɖe tanyenye ƒe ɖoɖoa dzi o, eye womewɔna ɖe edzi hã o. Nu ka tae? Kuxia dze egɔme le Eden esime mía dzila gbãtɔwo ɖoe koŋ ɖe wo ɖokui ɖa le Mawu ƒe tanyenye si ƒo ɖe sia ɖe ta la te. (1 Mose 3:4, 5) Ke hã, ablɔɖe geɖe wu mesu wo si o. Ke boŋ ɖe wova nɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖi si nye Satana Abosam te. Aglãdzedze gbãtɔa te ameƒomea ɖa tso Mawu gbɔ. (Kol. 1:21) Esia wɔe be ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ kpɔtɔ le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te egbea.—1 Yoh. 5:19.
4 Esi míesrɔ̃ nyateƒe si le Mawu ƒe Nya la me hewɔna ɖe edzi ta la, míedo le Satana ƒe ŋusẽ te. Esi míenye Ðasefo ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔwo ta la, míelɔ̃ ɖe edzi be Yehowa ye nye míaƒe Dziɖulagã. Míelɔ̃ ɖe Fia David ƒe nya si wògblɔ be Yehowa ye “ɖo kpo ɖe nuwo katã dzi” la dzi. (1 Kron. 29:11) Ɛ̃, míeʋua eme ɖokuibɔbɔtɔe be: “Minyae be Yehowae nye Mawu. Eyae wɔ mí, eye etɔ míenye. Eƒe dukɔ kple alẽ siwo le eƒe lãnyiƒe míenye.” (Ps. 100:3) Míelɔ̃ ɖe edzi be Yehowa lolo eye wòdze be míabɔbɔ ɖe ete le nu sia nu me, elabena eyae wɔ nuwo katã. (Nyaɖ. 4:11) Esi míenye Mawu vavã la subɔlawo ta la, míedzea Yesu Kristo, si ɖo ɖokuibɔbɔ na Mawu ƒe kpɔɖeŋu deblibo ɖi la, yome.
5 Nu kae Yesu srɔ̃ tso fu siwo wòkpe esime wònɔ anyigba dzi la me? Hebritɔwo 5:8 ɖo eŋu be: “Togbɔ be vi wònye hã la, esrɔ̃ toɖoɖo le fu siwo wòkpe la me.” Ɛ̃, Yesu yi edzi bɔbɔ eɖokui na Fofoa si le dziƒo la nuteƒewɔwɔtɔe le xaxawo me gɔ̃ hã. Gakpe ɖe eŋu la, Yesu mewɔ nu ɖeka pɛ hã le eɖokui si o. Megblɔ nu si eya ŋutɔ susu o, eye medi eya ŋutɔ ƒe kafukafu hã o. (Yoh. 5:19, 30; 6:38; 7:16-18) Le eƒe subɔsubɔdɔa me la, Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dzɔ dzi nɛ ale gbegbe, togbɔ be esia wɔwɔ na wotsi tsitre ɖe eŋu heti eyome hã. (Yoh. 15:20) Ke hã, Yesu bɔbɔ eɖokui ɖe Mawu te. Yesu ‘bɔbɔ eɖokui’ yi ɖase keke “ku me le fuwɔameti ŋu.” Esi wòbɔbɔ eɖokui na Yehowa keŋkeŋ ta la, esia ɖe vi le mɔ geɖe nu: ehe ɖeɖe mavɔ vɛ na ameƒomea, wodo eya ŋutɔ ɖe dzi, eye wòhe kafukafu vɛ na Fofoa.—Flp. 2:5-11; Heb. 5:9.
GO SIWO ME WÒLE BE MÍABƆBƆ MÍA ÐOKUI LE LE TEOKRASIÐOÐOA TE
6 Ne míele Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm heto esia me bɔbɔ mía ɖokui ɖe ete la, míeƒoa asa na dzimaɖitsitsi kple kuxi geɖe siwo vaa ame siwo gbe be yewomabɔbɔ ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye te o dzi la. Míaƒe adikãtɔ, Abosam, le agbagba dzem ɣesiaɣi be yeavuvu mí ami. Ne míetsi tsitre ɖe eyama ŋu eye míebɔbɔ mía ɖokui ɖe Yehowa te kple dzi faa la, míakpɔ ɖeɖe tso vɔ̃ɖitɔ ma si me.—Mat. 6:10, 13; 1 Pet. 5:6-9.
7 Le Kristo hamea me la, míelɔ̃na ɖe Kristo ƒe tanyenye kple ŋusẽ si wòna “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dzi. Esia kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe nɔnɔme kple ale si míewɔa nu ɖe mía nɔewo ŋui dzi. Ðokuibɔbɔ ɖe Mawu te le hamea me aʋã mí be míaɖo to Mawu ƒe Nya la le míaƒe mawusubɔsubɔ ƒe akpa sia akpa. Toɖoɖo sia hiã le míaƒe subɔsubɔdɔa, kpekpeawo dede kple gomekpɔkpɔ le wo me, míaƒe nuwɔwɔ ɖe hamemetsitsiwo ŋu kple ale si míewɔna ɖe habɔbɔa ƒe ɖoɖowo dzi me.—Mat. 24:45-47; 28:19, 20; Heb. 10:24, 25; 13:7, 17.
8 Mía ɖokui bɔbɔ ɖe Mawu te nana hã be ŋutifafa kple dedienɔnɔ nɔa Kristo hamea me eye nuwo zɔna ɖe ɖoɖo nu. Yehowa ƒe nɔnɔmewo dzena le esubɔla siwo dzea eŋu la ŋu. (1 Kor. 14:33, 40) Nu siwo teƒe míawo ŋutɔwo míekpɔ le Yehowa ƒe habɔbɔa me nana míesena le mía ɖokui me abe Fia David ene. Esi David de dzesi vovototo si le Yehowa subɔlawo kple ame vɔ̃ɖiwo dome la, egblɔ dzidzɔtɔe be: “Dzidzɔtɔe nye dukɔ si ƒe Mawu Yehowa nye!”—Ps. 144:15.
9 Le srɔ̃ɖeɖe kple ƒome ƒe ɖoɖoa me la, ‘nyɔnu ƒe tae nye ŋutsu.’ Le ɣeyiɣi ma ke me la, ele be ŋutsuwo nabɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe Kristo te, eye Kristo hã ƒe tae nye Mawu. (1 Kor. 11:3) Ele be nyɔnuwo nabɔbɔ wo ɖokuiwo na wo srɔ̃wo eye ɖeviwo nabɔbɔ wo ɖokuiwo na wo dzilawo. (Ef. 5:22-24; 6:1) Ne ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe wɔna ɖe tanyenye ƒe ɖoɖoa dzi la, ŋutifafa nɔa anyi.
10 Ele be srɔ̃ŋutsu nawɔ tanyenyea ŋu dɔ le lɔlɔ̃ me, le Kristo sɔsrɔ̃ me. (Ef. 5:25-29) Ne srɔ̃ŋutsua mewɔa eƒe tanyenyea ŋu dɔ akpasesẽtɔe o alo meɖe ta le ete o la, edzɔa dzi na srɔ̃anyɔnua kple ɖeviawo be yewoabɔbɔ yewo ɖokuiwo nɛ. Srɔ̃nyɔnu ƒe wɔƒee nye be wòanye kpeɖeŋutɔ si sɔ na srɔ̃a. (1 Mose 2:18) Ne ekpena ɖe srɔ̃aŋutsua ŋu dzigbɔɖitɔe hedea bubu eŋu la, eƒe nu dzea srɔ̃a ŋu eye wòhea kafukafu vɛ na Mawu. (1 Pet. 3:1-4) Ne srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo wɔna ɖe tanyenye ƒe ɖoɖo si le Biblia me dzi la, woɖoa ɖokuibɔbɔ na Mawu ƒe kpɔɖeŋu ɖi na wo viwo.
Teokrasiɖoɖoa bia be míabɔbɔ mía ɖokui le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa
11 Mía ɖokui bɔbɔ ɖe Mawu te kpɔa ŋusẽ ɖe ale si míebua ‘ŋusẽtɔ’ siwo Mawu “ɖe mɔ wole woƒe nɔƒe siwo seɖoƒe li na la” dzi. (Rom. 13:1-7) Esi Kristotɔwo nye dumevi sedziwɔlawo ta la, woxea adzɔwo, eye wotoa esia dzi tsɔa ‘nu siwo nye Kaisaro tɔ la naa Kaisaro, eye wotsɔa nu siwo nye Mawu tɔ la naa Mawu.’ (Mat. 22:21) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wowɔna ɖe ameŋunyatakakawo ta kpɔkpɔ ŋuti sewo dzi ne wole ɖoɖo wɔm be woatsɔ akpe anyigbamamaa ɖo. Esi wònye be míebɔbɔa mía ɖokui na dziɖuŋusẽ siwo le se nu eye míeɖoa to wo le nu sia nu si metsi tsitre ɖe Yehowa ƒe se dzɔdzɔeawo ŋu o me ta la, míetea ŋu zãa míaƒe ŋusẽ kple míaƒe ŋutetewo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu.—Marko 13:10; Dɔw. 5:29.
12 Teokrasiɖoɖoa bia be míabɔbɔ mía ɖokui le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa. Míetsɔa míaƒe xɔseŋkuwo kpɔa ɣeyiɣi si me ameƒomea katã abɔbɔ wo ɖokui na Yehowa Mawu. (1 Kor. 15:27, 28) Yayra kple amenuveve ka gbegbee nye esi wòanye na ame siwo tsɔ dzidzɔ lɔ̃ ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzi eye woayi edzi abɔbɔ wo ɖokui ɖe ete yi ɖe mavɔmavɔ me!