INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwyp nyati 69
  • Nu Ka Tae Wòle Be Mado Gbe Ða?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Tae Wòle Be Mado Gbe Ða?
  • Sɔhɛwo Biana Be
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu kae nye gbedodoɖa?
  • Ðe Mawu ɖoa toa?
  • Nu kawo ŋue mate ŋu ado gbe ɖa tsoe?
  • Gbedodoɖa Ate Ŋu Ana Wò Kple Mawu Dome Nanɔ Kplikplikpli
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Gbedodoɖa Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Xɔasi La
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Alesi Nàwɔ Ate Ðe Mawu Ŋu
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
  • Te Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Sɔhɛwo Biana Be
ijwyp nyati 69
Ðetugbui aɖe nɔ anyi ɖe ta aɖe to

SƆHƐWO BIANA BE

Nu Ka Tae Wòle Be Mado Gbe Ða?

Numekuku aɖe si wowɔ ɖee fia be, sɔhɛ siwo le Amerika 80 le 100 me doa gbe ɖa, gake 40 le 100 me koe doa gbe ɖa gbe sia gbe. Ðikeke mele eme o be wo dometɔ aɖewo anɔ susum be: ‘Nuwɔna dzro aɖe si nana ame ƒe dzi dzea eme koe gbedodoɖa nyea, alo eyi ŋgɔ ema?’

  • Nu kae nye gbedodoɖa?

  • Ðe Mawu ɖoa toa?

  • Nu kawo ŋue mate ŋu ado gbe ɖa tsoe?

  • Nya siwo hawòtiwo gblɔ

Nu kae nye gbedodoɖa?

Gbedodoɖae nye dzeɖoɖo ŋutɔŋutɔ kple nuwo katã Wɔla la. Bu nu si esia fia ŋu kpɔ! Yehowa de ŋgɔ wu amegbetɔwo le go ɖe sia ɖe me, ke hã “mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ . . . o.” (Dɔwɔwɔwo 17:27) Le nyateƒe me la, amekpekpe wɔnuku sia le Biblia me be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.”​—Yakobo 4:8.

Aleke nàwɔ ate ɖe Mawu ŋu?

  • Mɔ ɖeka si dzi nàtoe nye gbedodoɖa​—mɔ sia dzie nàto aɖo dze kple Mawu.

  • Mɔ bubue nye Biblia sɔsrɔ̃​—mɔ ma dzie Mawu tona ƒoa nu na wò.

Kadodo sia tɔgbi​—gbedodoɖa kple Biblia sɔsrɔ̃​—ye akpe ɖe ŋuwò be xɔlɔ̃wɔwɔ kplikplikpli nanɔ wò kple Mawu dome.

“Nuƒoƒo kple Yehowa, si fia dzeɖoɖo kple Dziƒoʋĩtɔ la, ye nye mɔnukpɔkpɔ gãtɔ siwo su amegbetɔwo si la dometɔ ɖeka.”​—Jeremy.

“Ale si mele sesẽm le ɖokuinye me ŋutɔŋutɔ gbɔgblɔ na Yehowa nana mesena le ɖokuinye me be mete ɖe eŋu wu.”​—Miranda.

Ðe Mawu ɖoa toa?

Ne èxɔ Mawu dzi se gɔ̃ hã​—eye nèdoa gbe ɖa nɛ gɔ̃ hã la​—ate ŋu asesẽ ɣeaɖewoɣi be nàka ɖe edzi be eɖoa to mí vavã. Ke hã, Biblia yɔ Yehowa be “Gbedodoɖasela.” (Psalmo 65:2) Ekpe mí gɔ̃ hã be ‘míadro míaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe ye dzi.’ Nu ka ta? ‘Elabena eléa be na mí.’​—1 Petro 5:7.

Bu nya sia ŋu: Ðe nèdia ɣeyiɣi ɖoa dze kple xɔwò veviwo edziedzia? Àte ŋu aɖo dze kple Mawu hã nenema. Nɔ gbe dom ɖa nɛ edziedzi eye nànɔ eƒe ŋkɔ Yehowa zãm. (Psalmo 86:5-7; 88:9) Nyateƒee, Biblia kpe wò be, ‘nɔ gbedodoɖa dzi ɣeawokatãɣi.’​—1 Tesalonikatɔwo 5:17.

“Gbedodoɖa nye dzeɖoɖo le nye kple Fofonye si le dziƒo la dome, si me megblɔa nye dzimenyawo katã nɛ le.”​—Moises.

“Megblɔa nye dzimenya veviwo na Yehowa abe ale si ko magblɔ wo na nɔnye alo xɔ̃nye vevi ene.”​—Karen.

Nu kawo ŋue mate ŋu ado gbe ɖa tsoe?

Biblia gblɔ be: “Le nu sia nu me la, mito gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada dzi miana Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo.”​—Filipitɔwo 4:6.

Ðe ema fia be esɔ be nàdo gbe ɖa tso wò kuxiwo ŋua? Ɛ̃! Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be: “Dro wò agba ɖe Yehowa dzi, ekema alé wò ɖe te.”​—Psalmo 55:22.

Gake wò gbedodoɖawo meganye wò kuxiwo ɖeɖe ko gbɔgblɔ na Mawu o. Ðetugbi aɖe si ŋkɔe nye Chantelle gblɔ be: “Nye kple Yehowa dome xɔlɔ̃wɔwɔ manye nyuitɔ ne kpekpeɖeŋu ko biam manɔ tso egbɔ ɣesiaɣi o. Mekpɔe be ele be mada akpe nɛ gbã, eye ele be nu siwo ta mada akpe nɛ ɖo la nasɔ gbɔ.”

Bu nya sia ŋu: Nu kawo tae nèdaa akpe ɖo le wò agbe me? Ðe nàte ŋu abu nu etɔ̃ aɖewo siwo tae nàda akpe na Yehowa ɖo egbea?

“Àte ŋu ado gbe ɖa ada akpe na Yehowa ɖe nu suetɔ, abe ne èkpɔ seƒoƒo aɖe wònya kpɔ na wò ene, gɔ̃ hã ta.”​—Anita.

“De ŋugble le Mawu ƒe nuwɔwɔ aɖe si wɔa nuku na wò alo mawunyakpukpui aɖe si wɔa dɔ ɖe dziwò ŋu eye nàda akpe na Yehowa ɖe eta.”​—Brian.

Nya siwo hawòtiwo gblɔ

Moises

“Ele be míaƒe gbedodoɖawo nade to abe atsiaƒu ene, ke menye abe tsi si xa ɖi ene o. Yehowa di be yeakpe ɖe mía ŋu, eye togbɔ be enya nu siwo míehiã hafi míabiae gɔ̃ hã la, míate ŋu ato míaƒe gbedodoɖawo ƒe nyonyome dzi aɖe ale si gbegbe míeka ɖe edzii la afiae.”​—Moises.

Miranda

“Gbedodoɖa le abe ka ene, Yehowa lé akpa ɖeka eye nye hã melé akpa evelia. Ne mele nye dzimenyawo gblɔm na Yehowa le gbedodoɖa me la, enana nye kplii dome kadodoa me sẽna ɖe edzi.”​—Miranda.

Jeremy

“Ne míenya wɔwɔ o la, míaƒe hiahiãwo ŋu ko míanɔ gbe dom ɖa le. Gake ne míedaa akpe na Yehowa la, míeva kpɔa ŋudzedze ɖe nu gbogbo siwo wonaa mí la ŋu eye míaƒe susu va nɔa nu siwo hiã wu la ŋu.”​—Jeremy.

Shelby

“Zi ale si míeyi edzi le akpe dam na Yehowa la, zi nenemae míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu siwo wòwɔ na mí ŋu la dzina ɖe edzi. Ne míedoa gbe ɖa daa akpe na Yehowa la, enaa míaƒe susu nɔa yayra gbogbo siwo míexɔna ŋu, ke menye kuxi siwo me míetona ŋu o.”​—Shelby.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe