INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w23 October axa 12-17
  • ‘Yehowa Ana Nàsẽ Ŋu’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Yehowa Ana Nàsẽ Ŋu’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NA GBEDODOÐA KPLE NUSƆSRƆ̃ NADO ŊUSẼ WÒ
  • NA HAXƆSETƆWO NADO ŊUSẼ WÒ
  • NA ETSƆMEMƆKPƆKPƆA NADO ŊUSẼ WÒ
  • Esrɔ̃ Nu Tso Eƒe Vodadawo Me
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Esrɔ̃ Nu Tso Eƒe Vodadawo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Yona Srɔ̃ Nu tso Yehowa Ƒe Nublanuikpɔkpɔ ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Dze Agbagba Nàkpɔ Amewo Abe Alesi Yehowa Kpɔa Woe Ene
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
w23 October axa 12-17

NUSƆSRƆ̃NYATI 43

‘Yehowa Ana Nàsẽ Ŋu’

‘Yehowa ana nàli ke, ana nàsẽ ŋu, ana nànɔ te sesĩe.’—1 PET. 5:10.

HADZIDZI 38 Yehowa Ana Nàsẽ Ŋu

NYA VEVIAWOa

1. Ame kae do ŋusẽ mawusubɔla siwo nɔ anyi le blema?

WOÐƆ mawusubɔla wɔnuteƒewo le Biblia me zi geɖe be wosẽ ŋu le xɔse me. Gake menye ɣesiaɣie woawo ŋutɔwo se le wo ɖokui me nenema o. Le kpɔɖeŋu me, Fia David se le eɖokui me ɣeaɖewoɣi be ‘yeli ke sesĩe abe to ene,’ gake ɣeaɖewoɣi hãa, ‘dzidzi ƒoe.’ (Ps. 30:7) Togbɔ be Mawu ƒe gbɔgbɔ na ŋusẽ tɔxɛ Samson hãa, enyae be ne gbɔgbɔa mele ye dzi oa, ‘yeagbɔdzɔ azu abe ame bubuwo ke ene.’ (Ʋɔn. 14:​5, 6; 16:17) Yehowae do ŋusẽ esubɔla wɔnuteƒe siawo wote ŋu nɔ te sesĩe.

2. Nu ka tae apostolo Paulo gblɔ be ne yegbɔdzɔa, yesẽa ŋu? (2 Korintotɔwo 12:​9, 10)

2 Apostolo Paulo kpɔe be ye hã yehiã ŋusẽ si tso Yehowa gbɔ. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 12:​9, 10.) Lãmegbegblẽwo ɖe fu na Paulo abe ale si wòɖea fu na míawo hã ene. (Gal. 4:​13, 14) Ɣeaɖewoɣia, menɔa bɔbɔe nɛ be wòawɔ nu si sɔ o. (Rom. 7:​18, 19) Eye ɣeaɖewoɣi hãa, etsia dzimaɖi eye wòvɔ̃na. (2 Kor. 1:​8, 9) Ke hã ne Paulo gbɔdzɔa, ekpɔnɛ be ŋusẽ ɖoa ye ŋu. Le mɔ ka nu? Yehowa nana ŋusẽ si Paulo hiã sua esi ale be wòtea ŋu doa dzi.

3. Biabia kawoe míakpɔ ŋuɖoɖo na le nyati sia me?

3 Yehowa do ŋugbe be yeado ŋusẽ míawo hã. (1 Pet. 5:10) Ke hã, mímate ŋu anɔ anyi ade asi asitɛ me ko wòado ŋusẽ mí o. Le kpɔɖeŋu me, ne wotsɔ nuɖuɖu ɖo akɔme na wòa, ehiã be nàka nuɖuɖua ade nu me be nàte ŋu ase vivi nɛ. Ne èɖui ko hafi nàɖi ƒo eye wòaɖe vi na wò. Nenema kee Yehowa le klalo be yeana ŋusẽ si míehiã la mí, gake ele be mía ŋutɔwo míawɔ nanewo be wòaɖe vi na mí. Mɔ ka dzie Yehowa ate ŋu ato ado ŋusẽ mí? Eye nu kae wòle be mía ŋutɔwo hã míawɔ be míaxɔ ŋusẽ ma? Míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo ne míedzro ale si Yehowa do ŋusẽ esubɔla aɖewo me. Woawoe nye nyagblɔɖila Yona, Yesu dada Maria kple apostolo Paulo. Eye míakpɔ ale si Yehowa yi edzi le ŋusẽ dom esubɔlawo egbea hã.

NA GBEDODOÐA KPLE NUSƆSRƆ̃ NADO ŊUSẼ WÒ

4. Nu kae míawɔ be Yehowa nado ŋusẽ mí?

4 Mɔ vevi aɖe si dzi míato axɔ ŋusẽ tso Yehowa gbɔe nye be míado gbe ɖa abiae. Ne míewɔ esia la, ana “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” mí. (2 Kor. 4:7) Nenema kee ne míexlẽa eƒe Nyaa eye míedea ŋugble le eŋua, ŋusẽ aɖo mía ŋu. (Ps. 86:11) “Ŋusẽ le” Yehowa ƒe Nya, si wòna woŋlɔ na mí le Biblia mea ‘ŋu.’ (Heb. 4:12) Ne míedoa gbe ɖa na Yehowa eye míesrɔ̃a eƒe Nyaa, ado ŋusẽ mí be míado dzi, míayi edzi akpɔ dzidzɔ eye míawɔ dɔ ɖe sia ɖe si wode mía si. Na míakpɔ ale si Yehowa do ŋusẽ nyagblɔɖila Yona ɖa.

5. Nu ka tae wòhiã be dzi nanɔ nyagblɔɖila Yona ƒo eye wòasẽ ŋu?

5 Ehiã be dzi nanɔ nyagblɔɖila Yona ƒo eye wòasẽ ŋu. Nu si tae nye be Yehowa de dɔ sesẽ aɖe esi, gake esi le enu. Esia wɔe be eya kple ame bubu siwo le tɔdziʋua mea bu woƒe agbe kloe le ahom sesẽ aɖe me. Ʋua me nɔlawo tsɔ Yona ƒu gbe ɖe atsiaƒua me eye wòva kpɔ eɖokui le ƒumelã gã aɖe ƒe dɔme. Aleke nèsusu be Yona anya se le eɖokui me? Ðe wòsusu be evɔ na yea? Ðe wòsusu be yeƒe nu megadze Yehowa ŋu oa? Ðikeke mele eme o be Yona tsi dzimaɖi vevie.

Foto Vovovoawo: 1. Yona le gbe dom ɖa vevie tso lã aɖe ƒe dɔ me. 2. Nɔviŋutsu aɖe le gbe dom ɖa vevie. Biblia kple asitelefon le exa.

Abe nyagblɔɖila Yona enea, nu kae míawɔ be míate ŋu ado dzi ne míele xaxawo me tom? (Kpɔ memama 6-9 lia)

6. Abe ale si wòdze le Yona 2:​1, 2, 7 enea, nu kae do ŋusẽ Yona esime wònɔ lãa ƒe dɔme?

6 Esi Yona kpɔe be yegakpɔtɔ le agbe le lãa ƒe dɔmea, nu kae wòwɔ? Edo gbe ɖa be Yehowa nado ŋusẽ ye. (Xlẽ Yona 2:​1, 2, 7.) Togbɔ be Yona meɖo to Yehowa o hãa, etrɔ dzi me eye wòka ɖe edzi be Yehowa aɖo to yeƒe gbedodoɖa. Yona de ŋugble le Ŋɔŋlɔawo hã ŋu. Aleke míewɔ nya? Elabe gbe si wòdo ɖa le lãa ƒe dɔme, si dze le Yona ta 2 lia sɔ kple nya siwo le Psalmowo me. (Le kpɔɖeŋu me, tsɔ Yona 2:​2, 5 sɔ kple Psalmo 69:1; 86:7.) Edze ƒãa be Ŋɔŋlɔa ƒe akpa mawo tsi susu me na Yona. Fifia esi wòɖo xaxa mea, ede ŋugble le wo ŋu eye esia na wòka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe ye ŋu. Yehowa xɔ na Yona heɖee tso tɔmelãa ƒe dɔme. Esi wòva dze goa, elɔ̃ azɔ be yeawɔ dɔ si wòde ye si.—Yona 2:10–3:4.

7-8. Nu kae do ŋusẽ nɔviŋutsu aɖe le Taiwan wòte ŋu nɔ te sesĩe?

7 Yona ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne míele xaxawo me tom. Le kpɔɖeŋu me, dɔlelé sesẽwo nɔ fu ɖem na nɔviŋutsu Zimin,b si le Taiwan. Azɔ hã le Yehowa subɔsubɔ taa, eƒe ƒometɔwo tsi tre ɖe eŋu vevie. Gake gbedodoɖa kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ doa ŋusẽe. Egblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi ne kuxiawo wu tsɔtsɔ nam la, nyemete ŋu ɖea dzi ɖi srɔ̃a nu le ɖokuinye si o.” Gake Zimin mena ta o. Egblɔ be: “Gbãa, medoa gbe ɖa na Yehowa. Emegbea, meƒoa míaƒe Fiaɖuƒehawo. Ɣeaɖewoɣi hã, medzia wo va se ɖe esime nye dzi dze eme, eye mete ŋu srɔ̃a nu.”

8 Nu siwo Zimin srɔ̃ le eƒe ɖokuisinusɔsrɔ̃ mea do ŋusẽe wòte ŋu do dzi le nɔnɔme sesẽwo me. Le kpɔɖeŋu me, esi wowɔ dɔ nɛ vɔa, dɔnɔdzikpɔlaa gblɔ nɛ be eƒe ʋu ɖiɖi, eya ta ele be woado ʋu nɛ. Zã si do ŋgɔ na gbe si gbe woawɔ dɔ na Zimin la, exlẽ nu tso nɔvinyɔnu aɖe si wowɔ dɔ ma ke naa ŋu. Nɔvinyɔnua ƒe ʋu ɖiɖi kura wu; gake melɔ̃ wodo ʋu nɛ o, evɔ ehaya. Nuteƒekpɔkpɔ ma do ŋusẽ Zimin wònɔ te sesĩe.

9. Ne wò xaxawo nu sẽ hãa, nu kae nàte ŋu awɔ? (Kpɔ nɔnɔmetata kple fotoa hã.)

9 Ne èle xaxawo me tomaa, ɖe wòsesẽna na wò be nàdo gbe ɖaa? Alo ɖe esia wɔnɛ be nusɔsrɔ̃ megadzroa wò oa? Ðo ŋku edzi be Yehowa se nu si me tom nèlea gɔme nyuie. Eya ta ne èdo gbe ɖa nɛ kpuie gɔ̃ hãa, ka ɖe edzi be ana nu si tututu nèhiã la wò. (Ef. 3:20) Ne wò nɔnɔmea maɖe mɔ be nàsrɔ̃ nu alo axlẽ nu oa, àte ŋu aɖo to Biblia alo míaƒe agbalẽ siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi. Àte ŋu aƒo míaƒe hawo alo akpɔ video siwo le jw.org. Yehowa le klalo be yeaɖo wò gbedodoɖa ŋu ado ŋusẽ wò, eye ate ŋu ato Biblia kple nu siwo eƒe habɔbɔa naa mí dzi awɔ esia.

NA HAXƆSETƆWO NADO ŊUSẼ WÒ

10. Aleke mía nɔviwo doa ŋusẽ mí?

10 Yehowa ate ŋu ato mía nɔvi Kristotɔwo dzi ado ŋusẽ mí. Woate ŋu ‘afa akɔ’ na mí ne míele xaxawo me tom eye woade dzi ƒo na mí ne esesẽ na mí be míawɔ dɔ aɖe si wode mía si le hamea me. (Kol. 4:​10, 11) Míehiã xɔlɔ̃ vavãwo ɣeawokatãɣi, eye míehiã wo le ‘xaxagbewo’ hã. (Lod. 17:17) Ne ŋusẽ vɔ le mía ŋua, mía nɔviwo ate ŋu ana nu siwo míehiã mí, woafa akɔ na mí, eye woado ŋusẽ mí míayi edzi asubɔ Yehowa. Bu ale si mawusubɔla bubuwo do ŋusẽ Yesu dada Maria ŋu kpɔ.

11. Nu ka tae wòhiã be dzi nanɔ Maria ƒo?

11 Ehiã be dzi nanɔ Maria ƒo be wòate ŋu awɔ dɔ si Yehowa de esi. Esi mawudɔla Gabriel gblɔ nɛ be afɔ fu, evɔ meɖe srɔ̃ oa, bu ale si gbegbe wòanya tsi dzii ŋu kpɔ. Medzi vi kpɔ o, eye mehe vi hã kpɔ o, evɔ eyae alé be na ɖevi si atsi ava zu Mesia la. Maria menya ŋutsu o, evɔ eyae nye ema fɔ fu. Aleke wòawɔ aɖe nya sia me na Yosef?—Luka 1:​26-33.

12. Le Luka 1:​39-45 ƒe nya nua, afi kae Maria kpɔ ŋusẽ si wòhiã tsoe?

12 Nu kae kpe ɖe Maria ŋu wòte ŋu wɔ dɔ gã si wode esi? Ebia kpekpeɖeŋu. Le kpɔɖeŋu me, ebia Gabriel be wòakpe ɖe ye ŋu yease nuwo gɔme nyuie. (Luka 1:34) Ema megbe kpuiea, Maria yi va srã Elizabet kpɔ le ‘Yuda ƒe tonuto’ aɖe me, eye esia ɖe vi nɛ ŋutɔ. Elizabet kafui hekpɔ dzidzɔ ɖe eŋu eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã Elizabet wògblɔ nya ɖi tso vi si wòadzi ŋu. (Xlẽ Luka 1:​39-45.) Maria hã gblɔ be Yehowa tsɔ “eƒe alɔ wɔ nu dzɔtsuwo.” (Luka 1:​46-51) Yehowa to Gabriel kple Elizabet dzi do ŋusẽ Maria.

13. Esi mía nɔvinyɔnu si le Bolivia bia kpekpeɖeŋu tso nɔviawo gbɔa, aleke esia ɖe vi nɛ?

13 Abe Maria enea, wò hã àte ŋu akpɔ ŋusẽ si nèhiã tso haxɔsetɔwo gbɔ. Ehiã be dzi nanɔ nɔvinyɔnu Dasuri si tso Bolivia ƒo. Esi fofoa dze dɔ sesẽ aɖe si womate ŋu ada o eye wosikae ɖe kɔdzia, Dasuri ɖoe be yeanɔ egbɔ ɣeawokatãɣi alé be nɛ. (1 Tim. 5:4) Esia menɔ bɔbɔe nɛ ɣesiaɣi o. Egblɔ be: “Mese le ɖokuinye me zi geɖe be agbaa wu tsɔtsɔ nam.” Gbãa, Dasuri mebia kpekpeɖeŋu tso nɔviawo gbɔ o. Egblɔ be: “Nyemedi be maɖe fu na nɔviawo o, elabe megblɔ na ɖokuinye be Yehowae ado ŋusẽm. Gake meva de dzesii be ne meɖe ɖokuinye ɖa le nɔviawo ŋua, ke efia be mele agbagba dzem be nye ɖeka makpɔ nye kuxiwo gbɔ.” (Lod. 18:1) Dasuri ɖoe be yeagblɔ yeƒe kuxia na ye xɔlɔ̃ ʋɛ aɖewo. Nu kae do tso eme? Egblɔ be: “Ale si gbegbe nɔviwo de dzi ƒo nam la wu gbɔgblɔ. Woɖaa nu vɛ nam le kɔa dzi eye woxlẽa mawunyakpukpuiwo tsɔ faa akɔ nam. Enye dzidzɔ na mí be amewo li akpe ɖe mía ŋu. Yehowa ƒe ƒome gã wɔɖeka me tɔwo míenye. Mía nɔviwo le klalo be yewoado alɔ mí, afa akɔ na mí ne míele xaxawo me tom, eye yewoakpe ɖe mía ŋu míayi edzi asubɔ Yehowa.”

14. Nu ka tae wòle be míana hamemetsitsiwo nakpe ɖe mía ŋu?

14 Yehowa toa hamemetsitsiwo hã dzi doa ŋusẽ mí. Etsɔ wo na mí be woado ŋusẽ mí ahafa akɔ na mí. (Yes. 32:​1, 2) Ne nane wɔe be nètsi dzimaɖia, gblɔe na hamemetsitsiwo. Lɔ̃ faa woakpe ɖe ŋuwò eye nàwɔ ɖe woƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi. Elabe Yehowa ate ŋu ato wo dzi ana nàsẽ ŋu.

NA ETSƆMEMƆKPƆKPƆA NADO ŊUSẼ WÒ

15. Mɔkpɔkpɔ nyui kae le mí Kristotɔ vavãwo si?

15 Ŋugbedodo siwo le Biblia mea doa ŋusẽ mí. (Rom. 4:​3, 18-20) Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na mí Kristotɔ vavãwo be míanɔ agbe tegbee le anyigba dzi alo Dziƒofiaɖuƒea me. Míaƒe mɔkpɔkpɔa doa ŋusẽ mí míedoa dzi le xaxawo me, míeɖea gbeƒã nya nyuia, eye míetea ŋu wɔa dɔ vovovowo le hamea me. (1 Tes. 1:3) Mɔkpɔkpɔ ma kee do ŋusẽ apostolo Paulo.

16. Nu ka tae wòhiã be apostolo Paulo nasẽ ŋu?

16 Ehiã be Paulo hã nasẽ ŋu. Etsɔ eɖokui sɔ kple anyigoe si tea ŋu gbãna bɔbɔe le lɛta si wòŋlɔ na Korintotɔwo me. Egblɔ be: “Womimi mí ɖo,” “míetɔtɔ,” “wotia mía yome,” eye “woxlã mí ɖe anyi.” Ɣeaɖewoɣia, eƒe agbe gɔ̃ hã ɖo afɔku me. (2 Kor. 4:​8-10) Paulo ŋlɔ nya siawo le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ etɔ̃lia me. Esi wòŋlɔ nya mawoa, menya be kuxi sesẽ bubuwo le ŋgɔ o. Amehawo ava dze edzi, amewo alée, anɔ tɔdziʋu me wòagbã, eye woadee gaxɔ me.

17. Le 2 Korintotɔwo 4:​16-18 ƒe nya nua, nu kae do ŋusẽ Paulo wòte ŋu do dzi le xaxawo me?

17 Paulo tsɔ susu ɖo eƒe mɔkpɔkpɔa ŋu eye esia do ŋusẽe wòte ŋu do dzi. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 4:​16-18.) Egblɔ na Korintotɔwo be ne ame si yenye le gota gome “le gbegblẽm” hã la, yemana dzi naɖe le ye ƒo o. Paulo kpɔ ŋgɔ tẽe. Ekpɔe be dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ si nɔ esia ƒo “nu sia nu ta sãsãsã,” eye xaxa kple nɔnɔme sesẽ siwo me wòtoa meɖi naneke o. Esi Paulo dea ŋugble le eƒe mɔkpɔkpɔa ŋu taa, ‘ŋusẽ yeye ɖoa eŋu gbe sia gbe.’

18. Aleke etsɔmemɔkpɔkpɔa do ŋusẽ Tihomi kple eƒe ƒomeae?

18 Míaƒe etsɔmemɔkpɔkpɔa do ŋusẽ nɔviŋutsu Tihomi, si tso Bulgaria. Eyometɔ Dravko ku le ʋufɔku me ƒe aɖewo va yi. Tso ɣemaɣia, Tihomi léa blanui vevie. Nu si kpe ɖe eŋue nye be eya kple eƒe ƒomea dea ŋugble le ale si tsitretsitsia anɔ ŋu. Egblɔ be: “Le kpɔɖeŋu me, míeɖoa dze tso afi si míado go Dravko le le Paradisoa me, nuɖuɖu si míaɖa atsɔ aɖo kplɔ̃ nɛ, ame siwo míakpe va kplɔ̃ɖoƒea, kple nya siwo míagblɔ nɛ tso nu siwo dzɔ le eƒe ku megbea ŋu.” Tihomi gblɔ be mɔkpɔkpɔ sia doa ŋusẽ yewoƒe ƒomea be yewoayi edzi ado dzi akpɔ Yehowa sinu va se ɖe esime wòafɔ ye nɔvia ɖe tsitre.

Nɔvinyɔnu aɖe si nye tokunɔ le míaƒe haƒoƒo ƒe video si nye “Le Xexe Yeyea Me” kpɔm le tokunɔgbe me eye wòle ŋugble dem le ale si agbea anɔ le xexe yeyea me ŋu. Ekpɔm ɖaa le susu me be ye kple haƒola bubuwo yewole kasaŋku ƒom.

Nu kawoe nàdi be yeawɔ le xexe yeyea me? (Kpɔ memama 19 lia)c

19. Nu kae nàte ŋu awɔ be wò susu naku ɖe mɔkpɔkpɔ si le asiwòa ŋu? (Kpɔ fotoa hã.)

19 Nu kae nàte ŋu awɔ be wò susu nanɔ mɔkpɔkpɔ si le asiwòa ŋu? Le kpɔɖeŋu me, ne èle mɔ kpɔm be yeanɔ agbe tegbee le anyigba dzia, xlẽ nya siwo Biblia gblɔ tso Paradisoa ŋu eye nàde ŋugble le eŋu. (Yes. 25:8; 32:​16-18) Bu ale si agbea anɔ le xexe yeyea me ŋu. Bu ame siwo nàkpɔ, gbeɖiɖi siwo nàse kple ale si nàse le ɖokuiwò mea ŋu. Nɔnɔmetata siwo le míaƒe agbalẽwo me ku ɖe Paradisoa ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ale si agbea anɔ le Paradisoa me le susu me. Míaƒe hakpakpa ƒe video siwo nye Le Xexe Yeyea Me, Esiae Míenɔ Mɔ Kpɔm Na, alo Kpɔe Le Susu Me Ðaa kple emawo tɔgbi hã akpe ɖe ŋuwò. Ne míedea ŋugble le míaƒe mɔkpɔkpɔa ŋu edziedzia, míabu míaƒe kuxiwo be wonye “ɣeyiɣi vi aɖe ƒe xaxa si nu mesẽ o.” (2 Kor. 4:17) Mɔkpɔkpɔ si Yehowa na mí ate ŋu ado ŋusẽ mí míado dzi le xaxawo me.

20. Ne ŋusẽ vɔ le mía ŋua, nu kae míawɔ be ŋusẽ nagaɖo mía ŋu?

20 Ne ŋusẽ vɔ le mía ŋua, “[Mawu] ana ŋusẽ naɖo mía ŋu.” (Ps. 108:13) Yehowa na nu siwo míehiã be ŋusẽ naɖo mía ŋu la mí. Eya ta ne wode dɔ asiwò le hamea me, èle xaxawo me tom, alo mègale dzidzɔ kpɔm abe tsã ene oa, do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò eye nàdi eƒe mɔfiame le wò ɖokuisinusɔsrɔ̃ me. Lɔ̃ fãa nɔvi Kristotɔwo nakpe ɖe ŋuwò. De ŋugble le wò etsɔmemɔkpɔkpɔa ŋu edziedzi. Ne èwɔe alea, Mawu ‘atsɔ eƒe ŋusẽ triakɔ la ado ŋusẽ wò ale be nàdo dzi bliboe le dzigbɔgbɔ blewu kple dzidzɔ me.’—Kol. 1:11.

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

  • Aleke gbedodoɖa kple nusɔsrɔ̃ ana nàsẽ ŋu?

  • Aleke haxɔsetɔwo ate ŋu ado ŋusẽ wòe?

  • Aleke mɔkpɔkpɔ si le asiwò ado ŋusẽ wò?

HADZIDZI 33 Dro Wò Agba Ðe Yehowa Dzi

a Nyati sia akpe ɖe ame siwo le xaxa sesẽwo me tom kple ame siwo wode dɔ aɖe asi na le hamea me gake wosusu be yewomate ŋu awɔe o ŋu. Azɔ hã míade dzesi mɔ siwo dzi Yehowa ate ŋu ato ado ŋusẽ mí kple nu siwo míawɔ be wòakpe ɖe mía ŋu.

b Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

c NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔvinyɔnu aɖe si nye tokunɔ le míaƒe haƒoƒo ƒe video aɖe kpɔm eye wòle ŋugble dem le Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu. Esia kpe ɖe eŋu wòle ale si agbea anɔ nɛ le xexe yeyea mea kpɔm le susu me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe