INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w24 February axa 20-25
  • Yi Edzi Nàwɔ Ðe Yehowa Ƒe Mɔfiamewo Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yi Edzi Nàwɔ Ðe Yehowa Ƒe Mɔfiamewo Dzi
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ALE SI YEHOWA FIA MƆ ISRAEL-VIWO
  • ALE SI YEHOWA FIA MƆ KRISTOTƆ GBÃTƆWO
  • ALE SI YEHOWA FIAA MƆ MÍ EGBEA
  • EÐEA VI NA MÍ NE MÍEWƆ ÐE YEHOWA ƑE MƆFIAMEWO DZI
  • Srɔ̃ Nu Tso Nuteƒewɔla Tsitsiwo Ƒe Nya Mamlɛwo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • De Dzesi Vovototo Si Le Nyateƒe Kple Alakpa Dome
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Yehowa Megblẽ Mí Ði O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Wò Nyametsotsowo Neɖee Fia Be Èɖoa Ŋu Ðe Yehowa Ŋu
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
w24 February axa 20-25

NUSƆSRƆ̃NYATI 8

HADZIDZI 123 Ðokuibɔbɔ Nuteƒewɔwɔtɔe Ðe Teokrasiɖoɖowo Te

Yi Edzi Nàwɔ Ðe Yehowa Ƒe Mɔfiamewo Dzi

“Nye Yehowae . . . nye ame si fiaa nu wò.”—YES. 48:17.

TAÐODZINUA

Nyati sia ana míakpɔ ale si Yehowa le mɔ fiam eƒe amewo egbea kple yayra siwo míakpɔ ne míewɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi.

1. Nu ka tae míehiã Yehowa ƒe mɔfiame? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

TSƆE be èbu le avedodo aɖe me. Lã wɔadãwo, nugbagbevi siwo ɖua ame, ŋù kple dzawo li eye ʋewo hã le avea me. Ðe madzɔ dzi na wò be ame aɖe si nya avea me nyuie nakplɔ wò ado goe oa? Xexe sia le abe ave ma ene. Nu geɖewo le eme siwo ate ŋu ado afɔku mí. Gake Yehowa si nye Mɔfiala nyuitɔ kekeake li na mí. Efiaa mɔ mí be míaƒo asa na afɔkuwo ale be míate ŋu aɖo afi si yim míele, si nye xexe yeyea me, ale be míakpɔ agbe mavɔ.

2. Mɔ kawo dzie Yehowa tona fiaa mɔ mí?

2 Aleke Yehowa fiaa mɔ mí? Eƒe Nya, Biblia, koŋ dzie wòtona fiaa mɔ mí. Gake egatoa amegbetɔ siwo nye eteƒenɔlawo dzi. Le kpɔɖeŋu me, ezãa “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” si naa gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo akpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie la mí. (Mat. 24:45) Yehowa zãa ŋutsu bubu siwo dze hã be woafia mɔ mí. Le kpɔɖeŋu me, nutome sue dzikpɔlawo kple hamemetsitsiwo dea dzi ƒo na mí, eye wonaa mɔfiame siwo akpe ɖe mía ŋu le nɔnɔme sesẽwo me. Míedaa akpe na Yehowa ŋutɔ be wòle mɔfiamewo nam mí le nuwuɣi sesẽ siawo me. Mɔfiame siawo kpena ɖe mía ŋu be míakpɔtɔ anye Yehowa xɔlɔ̃wo eye míanɔ agbemɔa dzi.

3. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

3 Gake ate ŋu asesẽ na mí ɣeaɖewoɣi be míawɔ ɖe mɔfiame siwo Yehowa naa mí la dzi, vevietɔ ne wo tso amegbetɔ madeblibowo gbɔ. Nu ka tae? Elabe ɖewohĩ menye nya ma dimee míele be míase o. Alo anɔ wɔwɔm na mí be susu mele mɔfiamea me o, eya ta menye Yehowa gbɔe wòtso o. Ne edzɔ alea, ele be míadze agbagba aka ɖe edzi be Yehowae le mɔ fiam eƒe amewo. Eye ne míewɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzia, ayra mí. Be kakaɖedzi ma nasu mía sia, míadzro nu etɔ̃ aɖewo me le nyati sia me: (1) ale si Yehowa fia mɔ eƒe amewo le blema, (2) ale si wòle mɔ fiam mí egbea, eye (3) ale si wòaɖe vi na mí ne míeyi edzi wɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi.

Nɔnɔmetata vovovoawo: 1. Yosua le to ɖom nyuie esi Mose le nu ƒom. 2. Fia Hizkiya le to ɖom nyuie esime nyagblɔɖila Yesaya le agbalẽxatsatsa aɖe me nyawo me dzrom kplii. 3. Apostoloawo kple hamemetsitsi siwo nɔ Yerusalem va kpe ta. 4. Dɔdzikpɔha si li egbea va kpe ta.

Tso blema va se ɖe egbea, Yehowa ɖoa amewo be woanye ye teƒenɔlawo afia mɔ yeƒe amewo (Kpɔ memama 3)


ALE SI YEHOWA FIA MƆ ISRAEL-VIWO

4-5. Aleke Yehowa na wòdze kɔtɛ be Mose zãm yele tsɔ le mɔ fiam Israel-viwo? (Kpɔ foto si le akpaa dzi.)

4 Yehowa ɖo Mose be wòakplɔ Israel-viwo adzo le Egipte. Eye Yehowa na kpeɖodzi Israel-viwo be yee le mɔ fiam Mose. Le kpɔɖeŋu me, ena alilikpododo wo be wòakplɔ wo le ŋkeke me, eye wòaklẽ na wo abe dzobibi ene le zã me. (2 Mose 13:21) Mose kplɔ alilikpoa ɖo eye alilikpoa kplɔ eya kple Israel-viwo yi Ƒudzĩa nu. Esi Israel-viwo kpɔ be Ƒudzĩa nɔ yewo ŋgɔ evɔ Egiptetɔwo ƒe asrafowo hã le yewo megbe gbɔnaa, wovɔ̃. Wosusu be vodada gã aɖee Mose wɔ esi wòkplɔ yewo va Ƒudzĩa nu. Gake menye vodadae kura o. Ðe Yehowa ɖoe koŋ na Mose kplɔ wo yi afi ma. (2 Mose 14:2) Eyome eto nukumɔ aɖe dzi xɔ na wo.—2 Mose 14:​26-28.

Israel-viwo ƒe ha gã aɖe si me ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo le la dze alilikpoa yome le gbea dzi.

Mose kpɔ alilikpododoa sinu be wòafia mɔ Mawu ƒe amewo esime wonɔ gbea dzi (Kpɔ memama 4-⁠5)


5 Le ƒe 40 siwo kplɔe ɖo mea, Mose yi edzi ka ɖe edzi be Yehowa nɔ alilikpododoa zãm tsɔ nɔ mɔ fiam eƒe amewo le gbea dzi.a Ɣeaɖeɣia, Yehowa na alilikpoa va tɔ ɖe Mose ƒe agbadɔ tame eye Israel-viwo katã kpɔe. (2 Mose 33:​7, 9, 10) Yehowa ƒoa nu kple Mose le alilikpododoa me eye Mose gblɔa Yehowa ƒe mɔfiamewo na dukɔa. (Ps. 99:7) Israel-viwo kpɔe kɔtɛ be Yehowa gbɔe mɔfiame siwo nam Mose nɔ la tso.

Yosua le to ɖom nyuie esi Mose le nu ƒom.

Mose kple Yosua si va xɔ ɖe eteƒe (Kpɔ memama 5, 7)


6. Aleke Israel-viwo wɔ nu ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo ŋu? (4 Mose 14:​2, 10, 11)

6 Nublanuitɔea, togbɔ be Israel-vi akpa gãtɔ kpɔ dzesi ma hã, womelɔ̃ ɖe edzi be Mose nye Yehowa teƒenɔla o. (Xlẽ 4 Mose 14:​2, 10, 11.) Enuenua, womelɔ̃ ɖe edzi be Yehowae nɔ mɔ fiam Mose o. Woƒe nuwɔna ma wɔe be Israel-viwo ƒe dzidzime ma katã meyi Ŋugbedodonyigbaa dzi o.—4 Mose 14:30.

7. Ame kawoe wɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi? (4 Mose 14:24) (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

7 Gake Israel-vi aɖewo ya wɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa gblɔ be: ‘Kaleb yi edzi dze yonyeme kple dzi blibo.’ (Xlẽ 4 Mose 14:24.) Mawu ɖo eteƒe na Kaleb, eye wòna eya ŋutɔ tia afi si wòdi be yeanɔ le Kanaan-nyigba dzi. (Yos. 14:​12-14) Israel-vi siwo woɖe mɔ na woyi Ŋugbedodonyigbaa dzi hã ɖo kpɔɖeŋu nyui eye wowɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi. Esi Yosua va xɔ ɖe Mose teƒe zu kplɔlaa, “wode bubu gã eŋu le eƒe agbemeŋkekewo katã me.” (Yos. 4:14) Esia na Yehowa yra wo, eye wòkplɔ wo yi anyigba si ƒe ŋugbe wòdo la dzi.—Yos. 21:​43, 44.

8. Aleke Yehowa fia mɔ eƒe amewo le fiawo ƒe dziɖuɣi? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

8 Ƒe aɖewo megbea, Yehowa ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo be woafia mɔ yeƒe amewo. Emegbe le fiawo ŋɔlia, Yehowa ɖo nyagblɔɖilawo be woafia mɔ yeƒe amewo. Fia siwo nye nuteƒewɔlawo ɖo to nyagblɔɖilawo ƒe aɖaŋuɖoɖowo. Le kpɔɖeŋu me, Fia David bɔbɔ eɖokui eye wòlɔ̃ fãa nyagblɔɖila Natan ɖɔe ɖo. (2 Sam. 12:​7, 13; 1 Kron. 17:​3, 4) Fia Yehosafat wɔ ɖe nyagblɔɖila Yahaziel ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi eye wòde dzi ƒo na Yuda nɔlawo be ‘woaxɔ Mawu ƒe nyagblɔɖilawo dzi se.’ (2 Kron. 20:​14, 15, 20) Esi Fia Hizkiya ɖo xaxa mea, etrɔ ɖe nyagblɔɖila Yesaya ŋu. (Yes. 37:​1-6) Ɣesiaɣi si fiawo wɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzia, eyraa wo eye wòkpɔa eƒe dukɔa hã ta. (2 Kron. 20:​29, 30; 32:22) Ele be ame sia ame nakpɔe adze sii kɔtɛe be Yehowa le nyagblɔɖilawo zãm tsɔ le mɔ fiam eƒe amewo. Gake fia aɖewo kple dukɔa ƒe akpa gãtɔ ya gbe Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo.—Yer. 35:​12-15.

Fia Hizkiya le to ɖom nyuie esime nyagblɔɖila Yesaya le agbalẽxatsatsa aɖe me nyawo me dzrom kplii.

Fia Hizkiya kple nyagblɔɖila Yesaya (Kpɔ memama 8)


ALE SI YEHOWA FIA MƆ KRISTOTƆ GBÃTƆWO

9. Ame kawo dzie Yehowa to fia mɔ eƒe amewo le ƒe alafa gbãtɔ me? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

9 Yehowa ɖo Kristo hamea le ƒe alafa gbãtɔ me. Aleke wòfia mɔ Kristotɔ gbãtɔ mawoe? Eɖo Yesu be wòanye hamea ƒe ta. (Ef. 5:23) Gake Yesu mena mɔfiame nusrɔ̃lawo dometɔ ɖe sia ɖe ɖekaɖeka o. Ke boŋ ena apostoloawo kple hamemetsitsi siwo nɔ Yerusalem xɔ ŋgɔ. (Dɔw. 15:​1, 2) Azɔ hã, woɖo hamemetsitsiwo be woana mɔfiame hameawo.—1 Tes. 5:12; Tito 1:5.

Apostoloawo kple hamemetsitsi siwo nɔ Yerusalem va kpe ta.

Apostoloawo kple hamemetsitsi siwo nɔ Yerusalem (Kpɔ memama 9)

10. (a) Aleke Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me dometɔ akpa gãtɔ wɔ nu ɖe mɔfiame siwo woxɔa ŋu? (Dɔwɔwɔwo 15:​30, 31) (b) Nu ka tae ame siwo nɔ anyi le blema la dometɔ aɖewo gbe Yehowa teƒenɔlawo? (Kpɔ aɖaka si nye “Ame Aɖewo Melɔ̃ Ðe Edzi Be Yehowa Gale Amewo Zãm O.”)

10 Aleke Kristotɔ gbãtɔwo wɔ nu ɖe mɔfiamewo ŋu? Wo dometɔ geɖe kpɔ dzidzɔ ɖe mɔfiamewo ŋu eye wowɔ ɖe wo dzi. Le nyateƒe mea, “wokpɔ dzidzɔ le dzideƒonamenya” siwo wona wo la ta. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 15:​30, 31.) Gake aleke Yehowa le mɔ fiam eƒe amewo egbea?

Ame Aɖewo Melɔ̃ Ðe Edzi Be Yehowa Gale Amewo Zãm O

Nu ka tae ame aɖewo gbe be yewomalɔ̃ ɖe edzi be Yehowa le amegbetɔwo zãm tsɔ le mɔ fiam eƒe amewo o? Zi geɖe le ame akpa gãtɔ gomea, dada alo woawo ŋutɔwo ƒe viɖewo ta koe. (Yoh. 3:19; 2 Pet. 3:​3, 4; Yuda 18) Le kpɔɖeŋu me, Israel-vi aɖewo melɔ̃ ɖe edzi be Mawue tia Mose be wòakplɔ eƒe dukɔa o le esi woawo ŋutɔwo le ɖoƒe gã dim ta. (4 Mose 16:​1-3) Susu mawo ke tae amewo gbe Yesu togbɔ be ewɔ nukunuwo hã. (Yoh. 12:​37, 43) Gake ɖokuibɔbɔla siwo lɔ̃ nyateƒea tso dzi me de dzesi kpeɖodzi siwo ɖee fia be Yehowa ɖo ame aɖewo be woafia mɔ yeƒe amewo. (Mat. 16:​16, 17) Eɖea vi na mí ŋutɔ ne míewɔna ɖe woƒe mɔfiamewo dzi.

ALE SI YEHOWA FIAA MƆ MÍ EGBEA

11. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖo kpe edzi be Yehowa le mɔ fiam ame siwo le ŋgɔ xɔm egbea.

11 Yehowa yi edzi le mɔ fiam eƒe amewo egbea. Ewɔa esia to eƒe Nya Biblia kple Via si nye hamea ƒe ta la dzi. Ke ɖe míekpɔa nu siwo ɖo kpe edzi be Mawu toa amegbetɔwo hã dzi fiaa mɔ eƒe amewo le míaƒe ɣeyiɣiawo mea? Ɛ̃. Le kpɔɖeŋu me, bu nu si dzɔ le ƒe 1800-awo ƒe nuwuwu lɔƒo ŋu kpɔ. Charles Taze Russell kple eƒe zɔhɛwo va de dzesii be ƒe 1914 anye ƒe ɖedzesi aɖe ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi ŋu. (Dan. 4:​25, 26) Numekuku siwo wowɔ tso Biblia me nyagblɔɖiwo ŋue kpe ɖe wo ŋu woƒo nya ta nenema. Ðe wòanye Yehowae nɔ mɔ fiam wo le numekukua mea? Edze ƒãa be eyae. Nu siwo dzɔ le xexea me le ƒe 1914 me ɖo kpe edzi be Mawu Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme. Xexemeʋa Gbãtɔ fe ati, eyome dɔ vɔ̃wo, anyigbaʋuʋuwo, kple nuɖuɖu ƒe veve kplɔe ɖo. (Luka 21:​10, 11) Eme kɔ ƒãa be Yehowae nɔ Biblia nusrɔ̃vi wɔnuteƒe siawo zãm tsɔ nɔ kpekpem ɖe eƒe amewo ŋu.

12-13. Esime Xexemeʋa Evelia nɔ edzi yim la, ɖoɖo kae wode to me ale be woawɔ geɖe le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me?

12 Bu nu si dzɔ esime Xexemeʋa Evelia hã nɔ edzi yim ŋu kpɔ. Esi nɔvi siwo nɔ ŋgɔ xɔm le habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã dzro Nyaɖeɖefia 17:8 me vɔa, wode dzesii be aʋa si nɔ edzi yim mawu enu ɖe Armagedon-ʋaa me o. Ke boŋ ŋutifafa ƒe ɣeyiɣi aɖe ava si ana mɔnukpɔkpɔa nasu yewo si yewoaɖe gbeƒã na amewo. Togbɔ be ame aɖewo anya susui be menye ɣeyiɣi nyuitɔe nye ema o hã, Yehowa ƒe habɔbɔa ɖo Gbetakpɔxɔ Gilead Biblia Srɔ̃suku be woatsɔ ana hehe dutanyanyuigblɔlawo ne woaɖe gbeƒã le xexea me katã. Woɖo dutanyanyuigblɔlawo ɖe dukɔ aɖewo me esime aʋaa nɔ edzi yim gɔ̃ hã. Azɔ hã, kluvi nuteƒewɔlaa ɖo Teokrasi Subɔsubɔ Ƒe Hehena Sukub anyi be woatsɔ ana hehe nɔvi siwo le hameawo me be woabi ɖe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me. Esiawo katã dzra Mawu ƒe amewo ɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔ vevi si nɔ ŋgɔa ŋu.

13 Edze ƒãa be Yehowa nɔ mɔ fiam eƒe amewo le ɣeyiɣi sesẽ mawo me. Esime Xexemeʋa Evelia kea, ŋutifafa kple ablɔɖe va nɔ dukɔ geɖe me, eya ta Yehowa ƒe amewo wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ yi gbeƒãɖeɖedɔa dzi. Esia na dɔa tse ku geɖe.

14. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be mɔfiame siwo míexɔna tsoa Yehowa ƒe habɔbɔa kple hamemetsitsiwo gbɔ le eteƒe? (Nyaɖeɖefia 2:1) (Kpɔ fotoa hã.)

14 Egbea, Dɔdzikpɔhaa gakpɔa Kristo sinu be wòana mɔfiame yewo. Wodina be yewoakpɔ egbɔ be mɔfiame siwo yewonana hameawo wɔ ɖeka kple Kristo ƒe susu. Eyome wotoa nutome sue dzikpɔlawo kple hamemetsitsiwo dzi naa mɔfiameawo ɖoa nɔviawo gbɔ.c Hamemetsitsi amesiaminawo le Kristo ƒe “nuɖusi” me. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 2:1.) Ele eme be hamemetsitsi siawo mede blibo o, eye woawo hã daa vo ɣeaɖewoɣi. Mose kple Yosua hã da vo ɣeaɖewoɣi, eye nenemae wònɔ le apostoloawo hã gome. (4 Mose 20:12; Yos. 9:​14, 15; Rom. 3:23) Togbɔ be ele alea hã, Kristo yi edzi le mɔ fiam kluvi nuteƒewɔlaa kple hamemetsitsi siwo woɖo, eye ayi edzi awɔe nenema “ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.” (Mat. 28:20) Eya ta míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be mɔfiame siwo wonana mí to ame siwo le ŋgɔ xɔm dzi la le eteƒe.

Dɔdzikpɔha si li egbea va kpe ta.

Dɔdzikpɔha si li egbea (Kpɔ memama 14)


EÐEA VI NA MÍ NE MÍEWƆ ÐE YEHOWA ƑE MƆFIAMEWO DZI

15-16. Nu kae nèsrɔ̃ tso ame siwo wɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi la gbɔ?

15 Ne míewɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzia, eyraa mí fifia gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, Andy kple Robyn wɔ ɖe aɖaŋu si kluvia ɖona be míanɔ agbe tsɛ dzi. (Mat. 6:22) Esia wɔe be wote ŋu kpe asi ɖe teokrasixɔtudɔwo ŋu. Robyn gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣia, míenɔa xɔnugoe ɖeka me eye afi si míaɖa nu le gɔ̃ hã meli o. Eye togbɔ be fotoɖeɖe dzɔa dzi nam hã, eva hiã be madzra nye fotoɖemɔ̃a kple eŋutinuwo. Esi medzra woa, aɖatsi koe ge le mo nam. Gake meɖoe be masrɔ̃ Abraham srɔ̃ Sara, ne makpɔ ŋgɔ tẽe.” (Heb. 11:15) Ðe nu nyui aɖe do tso eme na woa? Egblɔ be: “Míaƒe dzi dze eme ŋutɔ, elabe míenyae be míetsɔ míaƒe nu nyuiwo katã na Yehowa. Ne míele habɔbɔa ƒe dɔwo wɔmaa, ɖeko wònana míekpɔa ale si agbea ava nɔ le xexe yeyea me.” Andy hã lɔ̃ ɖe edzi gblɔ be: “Esi míetsɔ nu sia nu si le mía si do alɔ Fiaɖuƒea ƒe dɔwoa, ena míaƒe dzi dze eme.”

16 Mɔ bubu kawo nue Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ gaɖea vi na mí le? Esi Marcia wu sekɛndrisuku (lycée) nua, edze agbagba be yeawɔ ɖe aɖaŋu si habɔbɔa ɖona na mí ɣesiaɣi be míadze agbagba awɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi. (Mat. 6:33; Rom. 12:11) Egblɔ be: “Wokpem be mava de yunivɛsiti ƒe ene femaxee. Gake medi be matsɔ nye nu nyuitɔ ana Yehowa. Eya ta metiae be made dɔsrɔ̃suku boŋ ale be mate ŋu awɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Mekpɔe be nyametsotso sia nye nyuitɔ siwo mewɔa dometɔ ɖeka. Fifia mele gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔm eye nye dɔwɔɖoɖowo wɔe be mete ŋu le asi kpem ɖe Betel-dɔwo ŋu ŋkeke aɖewo. Mɔnukpɔkpɔa su asinye mewɔa dɔ bubuwo hã na Yehowa. Esia na mekpɔa dzidzɔ ŋutɔ.”

17. Yayra bubu kawoe míekpɔna ne míewɔna ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi? (Yesaya 48:​17, 18)

17 Ɣeaɖewoɣia, míexɔa aɖaŋuɖoɖowo ku ɖe ŋutilãmenudidiwo kple nuwɔna bubu siwo ate ŋu awɔe be míada le Mawu ƒe sewo dzi ŋu. Eɖea vi na mí ne míewɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi le nya siawo hã me. Míaƒe dzitsinya ŋu kɔna eye míeƒoa asa na vevesese. (1 Tim. 6:​9, 10) Esia wɔnɛ be míetea ŋu subɔa Yehowa kple dzi blibo, míekpɔa dzidzɔ kple ŋutifafa eye míaƒe dzi dzea eme.—Xlẽ Yesaya 48:​17, 18.

18. Nu ka tae wòle be nàɖoe kplikpaa anɔ wɔwɔm ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi fifia?

18 Yehowa ayi edzi azã amegbetɔ siwo nye eteƒenɔlawo atsɔ afia mɔ mí le xaxa gãa me eye wòayi edzi nenema le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me hã. (Ps. 45:16) Ðe míayi edzi awɔ ɖe mɔfiame mawo dzi ne womesɔ na mí o gɔ̃ hã? Anɔ bɔbɔe be míawɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi ɣemaɣi ne míewɔna ɖe wo dzi fifia. Eya ta mina míawɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi ɣesiaɣi eye míawɔ ɖe ame siwo wòɖo be woadzɔ mía ŋu ƒe mɔfiamewo hã dzi. (Yes. 32:​1, 2; Heb. 13:17) Elabe míate ŋu aka ɖe míaƒe Mɔfiala, Yehowa dzi bliboe; ekpɔa mía ta be míagadze afɔku o, eye eyae akplɔ mí ɖɔɖɔɖɔ ayi xexe yeyea me dedie.

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

  • Aleke Yehowa fia mɔ Israel-viwo?

  • Aleke Yehowa fia mɔ Kristotɔ gbãtɔwo?

  • Aleke wòɖea vi na mí ne míewɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi egbea?

HADZIDZI 48 Zɔ Kple Yehowa Gbe Sia Gbe

a Yehowa de dɔ asi na mawudɔla aɖe hã be ‘wòanɔ ŋgɔ’ na Israel-viwo akplɔ wo ayi Ŋugbedodonyigbaa dzi. Edze ƒãa be hafi Yesu nava anyigba dzia, eyae nye mawudɔla ma si woyɔ be Mikael.—2 Mose 14:19; 32:34.

b Emegbe wova yɔ suku sia be Teokrasi Subɔsubɔ Suku. Egbea, suku ma nye kwasiɖa domedome kpekpea ƒe akpa aɖe.

c Kpɔ aɖaka si nye “Akpa Si Dɔdzikpɔhaa Wɔna” si le February 2021 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 18.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe