INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwbr20 March axa 1-2
  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo
  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo —2020
  • Tanya Suewo
  • MARCH 2-8
  • MARCH 9-15
  • MARCH 16-22
  • Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
  • MARCH 23-29
  • MARCH 30–APRIL 5
Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo —2020
mwbr20 March axa 1-2

Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo

MARCH 2-8

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

Azɔ hã, Abraham ƒe xɔse, kple dɔwɔwɔwo na “wobui dzɔdzɔenyenye nɛ.” (Ro 4:20-22) Gake esia mefia be, eya kple nuteƒewɔla bubu siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli la de blibo alo fia be nu vɔ̃ menɔ wo ŋu o; ke hã, esi woxɔ Mawu ƒe ŋugbedodo siwo ku ɖe “dzidzimevi” la ŋu dzi se, eye wodzea agbagba be yewoawɔ ɖe Mawu ƒe sededewo dzi ta la, womebu wo be wonye ame madzɔmadzɔ siwo si tenɔnɔ nyui aɖeke mele le Mawu ŋkume, abe ale si wòle le ameƒomea me tɔ susɔeawo gome ene o. (1Mo 3:15; Ps 119:2, 3) Ne wotsɔ wo sɔ kple ameƒomea me tɔ siwo tra ɖa tso Mawu gbɔ la, lɔlɔ̃ ʋã Yehowa wòbu wo be wonye ame maɖifɔwo. (Ps 32:1, 2; Ef 2:12) Eya ta le xɔse si nɔ wo si ta la, Mawu ate ŋu awɔ nu kple ame madeblibo siawo eye wòayra wo, ate ŋu awɔ esia evɔ mada le eya ŋutɔ ƒe dzidzenu dzɔdzɔe siwo de blibo la dzi o. (Ps 36:10) Togbɔ be ele alea hã, ame siawo de dzesii be ehiã be woaɖe yewo tso nu vɔ̃ si me eye wonɔ ɣeyiɣi si Mawu awɔ nu sia la lalam.​—Ps 49:7-9; Heb 9:26.

MARCH 9-15

United States

Jacquelin, si xɔ ƒe wuiade la kpe eƒe nufiala na Ŋkuɖodzia eye wòɖe ale si wɔnaa le vevie la me nɛ. Ewɔ nuku nɛ be nufialaa va. Esi wònye Yehowa Ðasefowo ƒe Takpexɔ aɖe mee wowɔ Ŋkuɖodzia le ta la, Jacquelin kplɔ eƒe nufialaa ɖi tsa le teƒea le wɔnaa megbe. Ale si teƒea le dzadzɛ eye nuwo le ɖoɖo nu, ale si lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo tu teƒea eye woléa be nɛ la wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe. Esi nufialaa ƒo nu tso ale si wòse vivi na nuƒoa ŋu vɔ la, ebia be, “Aleke mawɔ be woava nɔ Biblia srɔ̃m kplim abe ale si nuƒolaa gblɔe ene?” Jacquelin tsɔ dzidzɔ ɖo eŋu be, “Meli akpe ɖe ŋuwò!” Jacquelin srɔ̃a Biblia kple eƒe nufialaa Dzoɖagbewo ne wokpa le suku.

Australia

Ðekakpui aɖe si Ðasefowo nɔ nu srɔ̃m kple la te nuƒoƒo tso nu siwo wòsrɔ̃ la ŋu na ame bubuwo le eƒe dɔwɔƒe. Wo dometɔ ɖeka si nye nyɔnu la lɔ̃ be yeade Ŋkuɖodzia. Esime nyɔnu sia nye sɔhɛ la, esea Ðasefowo ƒe hadzidzi le Fiaɖuƒe Akpa aɖe si te ɖe wo ŋu la me, eye wòbiana tso edzilawo si be woaɖe mɔ na ye yeayi, gake edzilawo de se nɛ be mekpɔ mɔ ade ha kple Yehowa Ðasefowo o. Ete ŋu de kpekpe aɖewo gake tso esime woƒe ƒomea ʋu le nutoa me ko la, megade kpɔ o. Esi wòyi Ŋkuɖodzia la, wowɔ ɖoɖo be nɔvinyɔnu aɖe nasrɔ̃ Biblia kplii. Edze hamea ƒe kpekpewo dede gɔme, eye srɔ̃aŋutsu hã va le ɖe tsɔm le eme. Le ɖekakpui si kpee gome la, eva zu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ eye wòle ʋiʋlim be yeaxɔ nyɔnyrɔ.

MARCH 16-22

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 1 MOSE 25-26

To vovo na Esau, si nye fofoa ƒe vi lɔlɔ̃a si ƒe mo mefa o, si menɔa teƒe ɖeka o, adela si lɔ̃a gbe me nɔnɔ la, woɖɔ Yakob ya be enye ‘ame maɖifɔ, [Heb., tam] eye wòlɔ̃a agbadɔ me nɔnɔ,’ ame si ƒe mo fa eye wònye ame si dzi woate ŋu aka ɖo be alé be na aƒemenuwo, ame si dadaa lɔ̃na vevie. (1Mo 25:27, 28) Wozã Hebrigbe me nya tam le teƒe bubuwo wòfia ame siwo ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze ɖo. Le kpɔɖeŋu me, “ame siwo ʋukɔkɔɖi dzrona la léa fu ame maɖifɔwo,” ke hã, Yehowa ka ɖe edzi na mí be “[ame maɖifɔwo ƒe] etsɔme anye ŋutifafa sɔŋ.” (Lod 29:10; Ps 37:37) Nuteƒewɔla Hiob ɖee fia be yenye ‘ame maɖifɔ [Heb., tam] si wɔa nuteƒe, ame si vɔ̃a Mawu.’—Hio 1:1, 8; 2:3.

Tso blema ke la, ame si nye ŋgɔgbevi nɔa bubunɔƒe aɖe le ƒomea me, eye eyae va nyea ƒomea ƒe ta le wo fofo ƒe ku megbe. Wotsɔa fofoa ƒe nunɔamesiwo ƒe akpa eve nanɛ. (5Mo 21:17) Ruben nɔ anyi ɖe Yosef ƒe axa dzi le nuɖukplɔ̃ ŋu le esi wònye ŋgɔgbevi ta. (1Mo 43:33) Gake le Biblia me la, menye ɣesiaɣie wodea bubu ma ŋgɔgbevi ŋu, le esi wònye ŋgɔgbevi ta o. Zi geɖe la, wotsɔa ŋgɔgbevinyenyea naa ame si ŋu bubu le alo wɔa nuteƒe le wo fofo ƒe viwo dome la, ke menye ame si nye ŋgɔgbevi kokoko o.—1Mo 6:10; 1Kr 1:28; tsɔe sɔ kple 1Mo 11:26, 32; 12:4.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi

Biblia meda asi ɖe edzi be ame naɖoe koŋ ada alakpa o, gake esia mefia be woaʋu go nyateƒenyawo na ame siwo mele be woasee o. Yesu Kristo xlɔ̃ nu mí be: “Migatsɔ nu siwo le kɔkɔe la na avuwo o, eye migatsɔ miaƒe dzonu xɔasiwo ƒu gbe ɖe hawo ŋkume o, ne woaganya avuzi le wo dzi, eye emegbe woatrɔ avuvu mi o.” (Mt 7:6) Ema tae ɣeaɖewoɣi la, Yesu gbe be yemaʋu go nya sia nya alo aɖo biabia aɖewo ŋu tẽe o, elabe ate ŋu ahe afɔku vɛ. (Mt 15:1-6; 21:23-27; Yh 7:3-10) Eme kɔ ƒãa be susu ma ke tae Abraham, Isak, Rahab kple Elisa fia mɔ amewo to mɔ bubu alo gbe be yewomaʋu go nyateƒe bliboa na ame siwo menye Yehowa subɔlawo o ɖo.—1Mo 12:10-19; ta 20; 26:1-10; Yos 2:1-6; Yak 2:25; 2Fi 6:11-23.

MARCH 23-29

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 1 MOSE 27-28

Zi geɖe le blema, hafi vifofo aɖe naku la, eyraa viaŋutsuwo. Wobua nuwɔna sia nu vevii eye wodea asixɔxɔ gã eŋu. Eya ta Isak yra Yakob, elabena esusu be yeƒe ŋgɔgbevi Esau ye. Isak bia amenuveve kple nudzedziname na Yakob be wòanye gã wu nɔvia Esau. Le esi Isak tsi eye eƒe ŋku tsi ɣemaɣi ta la, eɖe kuku na Yehowa gɔ̃ hã be wòana yayrawo nava eme ɖe Yakob dzi. (1Mo 27:1-4, 23-29; 28:1, 6; Heb 11:20; 12:16, 17) Emegbe Isak gaɖoe koŋ ɖo kpe yayraa dzi eye wòkekee ɖe enu. (1Mo 28:1-4) Hafi Yakob naku la, eyra Yosef viŋutsu eveawo, eyome eyra eya ŋutɔ viawo. (1Mo 48:9, 20; 49:1-28; Heb 11:21) Nenema kee hafi Mose naku la, eyra Israel dukɔ bliboa. (5Mo 33:1) Le nudzɔdzɔ siawo katã me la, nu siwo do tso eme ɖee fia be woƒe nyawo nye nyagblɔɖi. Le go aɖewo me la, ame si le amea yram la daa eƒe asi ɖe ame si yram wòle la ƒe tame.—1Mo 48:13, 14.

MARCH 30–APRIL 5

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 1 MOSE 29-30

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi

Rahel kple Lea siaa bu vi siwo woƒe kosiwo dzi na Yakob la be wonye yewoƒe vi siwo ‘wodzi ɖe yewoƒe klo dzi.’ (1Mo 30:3-8, 12, 13, 24) Ðevi siawo hã nyi dome kple Yakob srɔ̃ siwo wòɖe le se nu la ƒe viwo. Ŋutsua ƒe vi ŋutɔŋutɔwoe wonye, eye esi kosiawo nye srɔ̃nyɔnuawo ƒe domenyinu ta la, ɖeviawo zu Rahel kple Lea ƒe domenyinu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe