INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 1/1 axa 30-31
  • Tsɔtsɔke Ʋu Ðeɖekpɔkpɔ ƒe Mɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tsɔtsɔke Ʋu Ðeɖekpɔkpɔ ƒe Mɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nublanuikpɔkpɔ Kple Ðeɖekpɔkpɔ
  • Yosef Gãtɔ
  • Nufiame si Le Eme na Mí
  • “Mawu Teƒee Melea?”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Yehowa Meŋlɔ Yosef Be O
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • “Miɖo To, Ne Miase Drɔ̃e” Sia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Yosef Nɔviŋutsuwo Lé Fui
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 1/1 axa 30-31

Wowɔ Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu

Tsɔtsɔke Ʋu Ðeɖekpɔkpɔ ƒe Mɔ

NYA ɣaɣla dziŋɔ aɖe nɔ Yakob ƒe vi ewo siwo tsi tre ɖe Egipte dumegãwo ƒe tatɔ ŋkume la dome. Ƒe geɖe do ŋgɔ la, wodzra wo tɔvi Yosef wòzu kluvi hewɔ ɖoɖo be yewoagblɔ na yewo fofo be lã wɔadã aɖee wui.—Mose I, 37:18-35.

Anye ƒe 20 megbe la, dɔwuame sesẽ aɖe ƒoe ɖe ŋutsu ewo siawo nu be wova Egipte bli ƒle ge. Gake nuwo menɔ bɔbɔe o. Dumegãwo ƒe tatɔ, amesi hã nye nuɖuɖu dzikpɔla la tsɔ nya ɖe wo ŋu be ŋkutsalawoe wonye. Ede wo dometɔ ɖeka gaxɔ me eye wògblɔ be mamlɛawo natrɔ ayi aƒe aɖakplɔ wo nɔviŋutsu suetɔ, Benyamin, vɛ. Esi wokplɔe vɛ la, dumegãwo ƒe tatɔa wɔ ɖoɖo be woalé Benyamin.—Mose I, 42:1–44:12.

Yakob viŋutsuawo dometɔ ɖeka si nye Yuda melɔ̃ ɖe edzi o. Egblɔ be, ‘Ne míetrɔ yi aƒe eye Benyamin mekpe ɖe mía ŋuti o la, mía fofo aku.’ Emegbe nane dzɔ si Yuda alo eƒe mɔzɔhatiwo menɔ mɔ kpɔm na o. Esi dumegãwo ƒe tatɔ la ɖe gbe na amewo katã be woado le xɔa me eye Yakob ƒe viawo ko nakpɔtɔ la, efa avi sesiẽ. Esi wòɖu nuxaxa dzi la, egblɔ be: “Nye enye Yosef.”—Mose I, 44:18–45:3.

Nublanuikpɔkpɔ Kple Ðeɖekpɔkpɔ

Yosef bia tɔviawo be: “Fofonye gale agbea?” Ame aɖeke meɖo eŋu o. Nyateƒee, gbɔgblɔ bu ɖe Yosef nɔvi ŋutsuawo. Ðe woagli kple dzidzɔ loo alo ɖe wòle be woavɔ̃a? Ne èbu eŋu kpɔ la, wodzra ŋutsu sia ɖe kluvinyenye me ƒe 20 enye ma va yi. Ŋusẽ nɔ Yosef si be wòade wo gaxɔ me, anyã wo ɖo ɖe aƒe nuɖuɖumanamanae, alo—nusi vɔ̃ɖi wu la—wòawu wo! Eyata eme kɔ be Yosef nɔviŋutsuawo “lulu le eƒe ŋku me, eye womete ŋu ɖo nya aɖeke ŋu nɛ o.”—Mose I, 45:3.

Enumake Yosef na ŋutsu siawo ƒe dzi dze eme. Egblɔ be: “Mite ɖe ŋunye dzro!” Wote ɖe eŋu. Eye wògblɔ be: “Nye enye mia nɔvi Yosef, si mietsɔ dzra ɖe Egipte la. Migana wòazu nuxaxa na mi o, eye megave mi be, [miedzram] ɖe afisia o; elabena Mawue dɔm ɖe mia ŋgɔ, bena maɖe miaƒe agbe.”—Mose I, 45:4, 5.

Menye ɖe Yosef ɖe nublanuikpɔkpɔ fia kpeɖodzi aɖeke manɔŋui o. Ekpɔe xoxo be wotrɔ dzime. Le kpɔɖeŋu me, esi Yosef tsɔ nya ɖe tɔviawo ŋu be ŋkutsalawoe wonye la, esee wonɔ gbɔgblɔm le wo nɔewo dome be, ‘Ðikeke mele eŋu o be míeɖi fɔ le mía nɔvia ta. Eyatae míeɖo xaxa sia me ɖo.’ (Mose I, 42:21) Azɔ hã, Yuda tsɔ eɖokui na be yeazu kluvi ɖe Benyamin teƒe ale be woate ŋu atrɔ ŋutsuvi ɖevi la ayi na fofoa.—Mose I, 44:33, 34.

Le esia ta, Yosef tɔ dzɔ be wòkpɔ nublanui na wo. Le nyateƒe me la, ekpɔe dzesii be esia wɔwɔ ate ŋu anye ɖeɖekpɔkpɔ na yeƒe ƒome bliboa. Eyata Yosef gblɔ na tɔviawo be woatrɔ ayi wo fofo, Yakob, gbɔ agblɔ nɛ be: “Ale viwò Yosef gblɔ esi: Mawu ɖom amegãe ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi; va gbɔnye, mègahe ɖe megbe o! Eye nanɔ Gosen-nyigba dzi, àte ɖe ŋunye, wò ŋutɔ, viwòŋutsuwo kple wò tɔgbuiyɔviwo, wò alẽwo kple nyiwo kpakple nusiwo katã le asiwò. Makpɔ dziwò le afima.”—Mose I, 45:9-11.

Yosef Gãtɔ

Woate ŋu ayɔ Yesu Kristo be Yosef Gãtɔ, elabena ŋutsu eve siawo ƒe nuwɔna aɖewo sɔ ɖe wo nɔewo tɔ nu tututu. Yesu nɔvi siwo eya kple woawo wonye Abraham ƒe dzidzimeviwo la wɔ ŋlɔmi le eŋu, abe alesi wowɔe le Yosef ŋu ene. (Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 2:14, 29, 37.) Ke hã, tɔtrɔ tɔxɛ aɖe va ŋutsu eve siawo ƒe agbe me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wotrɔ Yosef si nye kluvi wòzu dumegãwo ƒe tatɔ, amesi Farao ɖeɖeko le ŋgɔ na. Nenema ke Yehowa fɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome eye wòdoe ɖe dzi wòle nɔƒe kɔkɔtɔ kekeake si nye “Mawu ƒe nuɖusi me.”—Dɔwɔwɔwo 2:33; Filipitɔwo 2:9-11.

Esi Yosef nye dumegãwo ƒe tatɔ ta la, ete ŋu na nuɖuɖu amesiwo katã va bli ƒle ge le Egipte. Egbea hã, Yosef Gãtɔ ɖo dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha aɖe le anyigba dzi, amesiwo dzi tom wòle le gbɔgbɔmenuɖuɖu nam “le ɣeyiɣi nyui dzi.” (Mateo 24:45-47; Luka 12:42-44) Le nyateƒe me la, “dɔ megale” amesiwo ava Yesu gbɔ la “wu ge akpɔ o, eye tsikɔ hã megale wo wu ge akpɔ o, . . . elabena alẽvi, si le fiazikpui la titina la, anyi wo, eye wòakplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔ.”—Nyaɖeɖefia 7:16, 17.

Nufiame si Le Eme na Mí

Yosef ɖe nublanuikpɔkpɔ ƒe kpɔɖeŋu tɔxɛ fia. Nuwɔwɔ ɖe dzɔdzɔenyenye nu pɛpɛpɛ bia be wòahe to na amesiwo tsɔe dzra wòzu kluvi. Le go bubu me hã la, seselelãme ate ŋu aʋãe be wòaŋe aɖaba aƒu woƒe dzidadawo dzi ko. Yosef mewɔ nusiawo dometɔ aɖeke o. Ke boŋ edo tɔviawo kpɔ be wotrɔ dzime hã. Eye esi wòkpɔ be woƒe nuxaxa la menye alakpanuwɔna o la, etsɔe ke wo.

Míate ŋu asrɔ̃ Yosef. Ne ame aɖe si wɔ nuvɔ̃ ɖe mía ŋu ɖe dzimetɔtrɔ ŋutɔŋutɔ fia la, ele be míatsɔe akee. Gake mele be míana seselelãme gbɔlo nana míaŋe aɖaba aƒu nuvɔ̃ gã dzi o. Le go bubu me hã la, mele be míana dziku nana míaŋe aɖaba aƒu dzimetɔtrɔnuwɔna vavãwo dzi o. Eyata mina ‘míayi edzi anɔ adodo hem kple mía nɔewo, eye míatsɔ ke mía nɔewo faa.’ (Kolosetɔwo 3:13) Ne míewɔa nu nenema la, ke míanye mía Mawu, Yehowa, amesi le ‘klalo be yeatsɔ ake’ la srɔ̃lawo.—Psalmo 86:5; Mixa 7:18, 19.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe