INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lff nusɔsrɔ̃ 4
  • Ame Kae Nye Mawu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Kae Nye Mawu?
  • Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • SRƆ̃ NU BUBUWO
  • NU SIWO MÍESRƆ̃
  • KU NU ME TSO NYATIA ŊU
  • Nu Ka Tae Wòle Be Míazã Mawu Ƒe Ŋkɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Mawu Ƒe Ŋkɔ
    Nyɔ!—2017
  • Mawu Ƒe Ŋkɔ Ðe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • Mawu ƒe Ŋkɔ—Alesi Woazãe Kple Gɔmesese si Le Eŋu
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
lff nusɔsrɔ̃ 4
Nusɔsrɔ̃ 4 lia. Ɣletiviwo kple ɣletivihatsotso siwo wotsɔ yamenutomekpɔmɔ̃ ɖe fotoe.

NUSƆSRƆ̃ 04

Ame Kae Nye Mawu?

Tatatɔ
Tatatɔ
Tatatɔ

Tso keke blema ke la, amegbetɔwo subɔa mawu vovovowo. Ke hã, Biblia gblɔ be Mawu aɖe li si “lolo wu mawu bubuawo katã.” (2 Kronika 2:5) Mawu kae? Eye nu kae na wòƒo mawu bubu ɖe sia ɖe si amewo subɔna la ta? Le nusɔsrɔ̃ sia me la, àva nya nu si Mawu sia di be nànya tso ye ŋu.

1. Mawu ƒe ŋkɔ ɖe? Nu kae ɖee fia be edi be míanya yeƒe ŋkɔ?

Mawu ɖe eƒe ŋkɔa fia mí le Biblia me. Egblɔ be: “Nyee nye Yehowa. Ŋkɔnyee.” (Xlẽ Yesaya 42:5, 8.) Agbalẽnyala geɖe lɔ̃ ɖe edzi be ŋkɔ “Yehowa” nye Hebrigbe me nya aɖe si gɔmee nye “Enana Wòvaa Eme.” Yehowa di be míanya yeƒe ŋkɔ. (2 Mose 3:15) Nu kae ɖee fia be edi be míanya yeƒe ŋkɔ? Ena eƒe ŋkɔa dze le Biblia me wu zi 7,000 sɔŋ!a “Mawu vavã [si] le dziƒo afi mɛ kple anyigba dzi afii” la ƒe ŋkɔe nye Yehowa.—5 Mose 4:39.

2. Nu kae Biblia na míenya tso Yehowa ŋu?

Biblia gblɔ be le mawu siwo katã amewo subɔna dome la, Yehowa ɖeka koe nye Mawu vavã la. Nu ka tae? Susu vovovowo tae. Yehowa ƒe ŋusẽ ye ƒo ɖe sia ɖe ta, eye eya ɖeka koe nye “Dziƒoʋĩtɔ ɖe anyigba blibo la dzi.” (Xlẽ Psalmo 83:18.) Eyae nye “Ŋusẽkatãtɔ la,” si fia be, ŋusẽ le esi be wòawɔ nu sia nu si wòdi be yeawɔ. Eyae “wɔ nuwo katã”—eyae wɔ dziƒowo kple anyigba kpakple nu gbagbe siwo katã le edzi. (Nyaɖeɖefia 4:8, 11) Yehowa ɖeɖe koe nye ame si li tso mavɔ me, eye anɔ anyi yi ɖe mavɔ me.—Psalmo 90:2.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Míakpɔ vovototo si le bubuŋkɔ vovovo siwo le Mawu si kple eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔa dome. Azɔ hã, míakpɔ nu si Mawu wɔ be nèva nya eƒe ŋkɔa kple nu si tae.

Ŋutsu aɖe wu mo dzi le ɣletiviwo kpɔm le zã me. Woŋlɔ ŋkɔ Yehowa ɖe dziŋgɔlia ŋu le nɔnɔmetata sia me.

3. Bubuŋkɔ geɖe le Mawu si, gake ŋkɔ ŋutɔŋutɔ ɖekae le esi

Mikpɔ VIDEOA be miakpɔ vovototo si le ame ƒe bubuŋkɔ kple eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ dome, eye miadzro biabia si gbɔna me.

VIDEO: Bubuŋkɔ Geɖe Le Esi, Gake Ŋkɔ Ŋutɔŋutɔ Ðekae Le Esi (0:41)

  • Vovototo kae le bubuŋkɔ, abe “Aƒetɔ” ene, kple ame ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ dome?

Biblia gblɔ be amewo subɔa mawu geɖewo kple aƒetɔ geɖewo. Mixlẽ Psalmo 136:1-3, eye miadzro biabia sia me:

  • Ame kae nye “mawuwo dzi Mawu” kple “aƒetɔwo dzi Aƒetɔ” la?

4. Yehowa di be nànya yeƒe ŋkɔ eye nànɔ ezãm

Nu kae ɖee fia be Yehowa di be nànya yeƒe ŋkɔ? Mikpɔ VIDEOA, eye miadzro biabia si gbɔna me.

VIDEO: Ðe Ŋkɔ Le Mawu Sia?—Videoa Ƒe Akpa Aɖe (3:11)

Foto aɖe si woɖe tso video si nye, ‘Ðe Ŋkɔ Le Mawu Sia?—Videoa Ƒe Akpa Aɖe’ la me. Ŋutsu aɖe le ŋku lém ɖe Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, si dze le Psalmo 83:18 la ŋu le ‘King James Version’ Biblia, si woɖe ɖe go le ƒe 1611 me.
  • Ðe nèsusu be Yehowa di be amewo nanya yeƒe ŋkɔa? Nu ka tae?

Yehowa di be amewo nanya yeƒe ŋkɔa eye woanɔ ezãm. Mixlẽ Romatɔwo 10:13, eye miadzro biabia siawo me:

  • Nu ka tae wòle vevie be míazã Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa?

  • Ne ame aɖe ɖo ŋku wò ŋkɔ dzi eye wòyɔe na wò la, aleke nèsena le ɖokuiwò me?

  • Aleke nèsusu be Yehowa sena le eɖokui me ne èzã eƒe ŋkɔa?

5. Yehowa di be nànye ye xɔlɔ̃

Nyɔnu aɖe si tso Cambodia, si ŋkɔe nye Soten, la gblɔ be Mawu ƒe ŋkɔa nyanya na ‘dzi dzɔ ye wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe le yeƒe agbe me.’ Mikpɔ VIDEOA, eye miadzro biabia si gbɔna me.

VIDEO: Nye Mawu Vavã La Didi (8:18)

Fotoawo: Foto siwo woɖe tso video si nye ‘Nye Mawu Vavã La Didi’ me. 1. Soten nɔ anyi ɖe ati aɖe gɔme, ewu mo dzi le dziƒo kpɔm, eye wòle gbe dom ɖa na Mawu vavã la. 2. Herold le egblɔm na Soten be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.
  • Esi Soten va nya Mawu ƒe ŋkɔ la, aleke esia wɔ dɔ ɖe edzii?

Zi geɖe la, hafi míadze xɔlɔ̃ ame aɖe la, míenyaa eƒe ŋkɔ gbã. Mixlẽ Yakobo 4:8a, eye miadzro biabia siwo gbɔna me:

  • Nu kae Yehowa le kpewòm be nàwɔ?

  • Ne ènya Mawu ƒe ŋkɔa hezãnɛ la, aleke esia ate ŋu ana nàse le ɖokuiwò me be wò kplii dome le kplikplikpli?

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Mawu ɖeka koe li, eya ta ŋkɔ ka kee míeɖayɔ nɛ o, Mawu ɖeka ma koe.”

  • Ðe nèxɔe se be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa?

  • Aleke nàte ŋu aɖe nu me na ame aɖe ne wòakpɔe be Mawu di be míazã yeƒe ŋkɔa?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Mawu vavã ɖeka kolia la ƒe ŋkɔe nye Yehowa. Edi be míanya yeƒe ŋkɔa eye míanɔ ezãm ale be mía kpli ye dome nanɔ kplikplikpli.

Numetoto

  • Nu kae na Yehowa to vovo na mawu bubu siwo katã amewo subɔna?

  • Nu ka tae wòle be míazã Mawu ƒe ŋkɔa?

  • Nu kae ɖee fia be Yehowa di be wò kpli ye dome nanɔ kplikplikpli?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Xlẽ nu tso numeɖeɖe atɔ̃ siwo ɖo kpe edzi kɔtɛ be Mawu li la ŋu.

“Ðe Mawu Lia?” (Nyati sia le jw.org)

Xlẽ nu tso nu si tae susu le eme be míaxɔe ase be Mawu li tso mavɔmavɔ me la ŋu.

“Ame Kae Wɔ Mawu?” (Gbetakpɔxɔ, August 1, 2014)

Ele be míazã Mawu ƒe ŋkɔa, togbɔ be míenya ale si tututu woyɔnɛ le blema o hã. Xlẽ nu tso nu si tae la ŋu.

“Ame Kae Nye Yehowa?” (Nyati sia le jw.org)

Ðe ale si míeyɔa Mawui la le veviea? Le nyati sia me la, àkpɔ nu si tae míate ŋu agblɔ be ŋkɔ ŋutɔŋutɔ ɖeka koe le Mawu si.

“Ŋkɔ Nenie Le Mawu Si?” (Nyati sia le jw.org)

a Ne èdi be yeanya nu geɖe tso gɔmesese si le Mawu ƒe ŋkɔa ŋu kple susu siwo tae Biblia gɔmeɖela aɖewo ɖe ŋkɔa ɖa le woƒe Biblia gɔmeɖeɖewo me la, kpɔ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ƒe Megbenyawo A4.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe