Srɔ̃ Woƒe Xɔse
Eɖe Eƒe Dzimenyawo Gblɔ Na Yehowa
XANA ƒe ŋku biã; ele dzadzram ɖo vevie ɖe mɔzɔzɔa ŋu. Dzidzɔɣie wòle be wòanye hafi; srɔ̃a Elkana kplɔa ƒome bliboa yia Silo ƒe sia ƒe ɖadea ta agu le avɔgbadɔa me. Ðe Yehowa ɖoe be ɣeyiɣi ma nanye dzidzɔɣi. (5 Mose 16:15) Eye ɖikeke mele eme o be, Xana kpɔa dzidzɔ ɖe ŋkeke nyui mawo ɖuɖu ŋu tso eƒe ɖevime ke. Gake nuwo megale nenema nɛ le ƒe ʋɛ siwo va yi me o.
Mawu yrae wòkpɔ ŋutsu nyui aɖe ɖe. Eŋkɔe nye Elkana. Gake srɔ̃ bubu le Elkana si. Eŋkɔe nye Penina, eye edze ƒãa be nyɔnu sia ɖoe kplikpaa be yeado nuxaxa na Xana le agbe me. Penina dzea agbagba be yeado nuxaxa na Xana vevie le azã mawo gɔ̃ hã ɖuƒe. Alekee? Gake aleke ale si Xana xɔ Yehowa dzi se la kpe ɖe eŋu wòte ŋu nɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ sia, si dze abe mate ŋu awɔ naneke le eŋu o ene la nu? Ne èle nɔnɔme sesẽwo me tom le agbe me, ale be mègale dzidzɔ kpɔm o la, ekema Xana ƒe ŋutinyaa ade dzi ƒo na wò godoo.
‘Nu Ka Ŋuti Wò Dzi Le Nu Xam?’
Biblia ƒo nu tso kuxi sesẽ eve siwo me Xana to le agbe me la ŋu. Mate ŋu awɔ nu boo aɖeke tso gbãtɔa ŋu o, eye mate ŋu awɔ naneke kura tso evelia hã ŋu o. Gbãtɔe nye be wo ame evee ɖe ŋutsu ɖeka, eye atsusia lé fui. Eveliae nye be etsi ko. Nɔnɔme ma ate ɖe nyɔnu ɖe sia ɖe si di vevie be yeadzi vi la dzi godoo; gake Xana ya tɔ gavloe wu, elabena ɣemaɣi le wo gbɔ la, ne nyɔnu aɖe medzi vi o la, enyea nuxaxa gã nɛ. Ƒome ɖe sia ɖe kpɔa mɔ be woadzi vi atsɔ alé ƒomea ƒe ŋkɔ ɖe te. Kotsitsi nyea vlododo kple ŋukpe gã aɖe na nyɔnuwo.
Ne menye Penina ƒe wɔwuiwɔwɔ ye o la, agbaa anya tsɔ na Xana hafi. Nya lae nye be, mele be ŋutsu naɖo atsusi na srɔ̃a hafi o. Fuléle, dzrewɔwɔ, kple dzivenyawo sɔŋ koe nu sia wɔwɔ hena vanɛ. Menye nenemae Mawu ɖoe le Eden bɔa me be nuwo nanɔ kura o; srɔ̃ ɖeka koe wòɖo be ŋutsu naɖe.a (1 Mose 2:24) Eya tae Biblia meƒo nu nyui aɖeke tso srɔ̃ geɖe ɖeɖe ŋu o, eye nu siwo dona tso eme la ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye dzigbagbã si xɔ anyinɔ ɖe Elkana ƒe ƒomea me.
Ènyaa, Xana ye Elkana lɔ̃ wu. Yudatɔwo tu xo be Xana ye wòɖe gbã hafi va ɖe Penina le ƒe aɖewo megbe. Aleke kee wòɖale o, Penina ʋãa ŋu Xana vevie, eye wònya mɔ vovovo siwo dzi wòato ana etsusia naxa nu. Esi Penina ya dzi vi gake Xana ya medzi o ta la, enye dada nɛ. Penina dzi vi geɖe, eye ɣesiaɣi si wògadzi vi la, egadzea eɖokui ŋu ɖe edzi. Le esi teƒe be Penina nase veve ɖe Xana nu ahafa akɔ nɛ la, ɖe wòdzua eƒe vimadzimadzi la nɛ boŋ, ne wòaxa nu. Biblia gblɔ be Penina “tsɔ dzikunyawo gbã dzi” na Xana. (1 Samuel 1:6) Ðe Penina ɖoe koŋ nɔ ewɔm. Eɖoe be yeado nuxaxa na Xana, eye edonɛ nɛ hã.
Edze abe ne woyina ƒe sia ƒe zãwo ɖuƒe na Yehowa le Silo koŋ ye Penina kpɔa mɔnu le Xana ŋu ene. Elkana naa vɔsalã Penina kple via gbogboawo, “viaŋutsuwo kpakple vianyɔnuwo” katã. Gake Xana ya ɖeka koe xɔna. Ale Penina doa eɖokui ɖe dzi ɖe Xana ŋu heɖua fewu le eŋu le eƒe kotsitsia ta ale gbegbe be, ɖeko wòtsɔnɛ na avi hedoa kpo nuɖuɖu. Elkana dea dzesii be nu te ɖe ye srɔ̃ lɔlɔ̃a Xana dzi, eye megale nu ɖum o, eya ta edzea agbagba be yeafa akɔ nɛ. Ebianae be: “Xana, nu ka le wɔwòm nèle avi fam, eye nu ka ŋuti nègbe nuɖuɖu, eye wò dzi le nu xam? Ðe nyemede ŋutsuvi ewo nu na wò oa?”—1 Samuel 1:4-8.
Elkana tea ŋu dea dzesii be Xana ƒe kotsitsia tae wòanya nɔ nu xam ɖo. Eye ɖikeke mele eme o be ale si wòka ɖe edzi na Xana be yelɔ̃e vevie la dea dzi gbɔ nɛ.b Gake Elkana meƒo nu tso Penina ƒe nuwɔna sia ŋu o, eye Biblia megblɔ be Xana hã gblɔ nya aɖeke na srɔ̃a tso eŋu o. Ðewohĩ esusu be ɖeko Penina gɔme ɖeɖe agblẽ nyaa ɖe edzi. Ðe Elkana ate ŋu ana nuwo natrɔ le aƒea mea? Menye ɖeko wòana Penina nagalé fu Xana ɖe edzi, eye nyɔnu adekeretɔ ma ƒe viwo kple subɔviwo hã nava kpe ɖe eŋu oa? Ðeko Xana ava se le eɖokui me be yemegale nemi me gɔ̃ hã le ye ŋutɔ yeƒe me o.
Elkana ɖanya nu tso ale si Penina ɖia gbɔ Xana ŋu alo meɖanyae o, Yehowa Mawu ya nya. Eɖee gblɔ le eƒe Nya la me wònye nuxlɔ̃ame na ame siwo katã ʋãa ŋu alo léa fu ame le nu suesue aɖewo me. Gake ame maɖifɔ kple ŋutifafame siwo le abe Xana ene la ƒe akɔ ate ŋu afa ne wonyae be Mawu dzɔdzɔetɔ la kpɔa nya sia nya gbɔ le eƒe ɣeyiɣi dzi, le ale si wòdii nu. (5 Mose 32:4) Ðewohĩ Xana hã nyae nenema, esia tae wòtrɔ ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe ye ŋu.
“Megaɖo Nublanuimo Azɔ O”
Amewo ƒe ŋku biã le aƒea me ŋdi ma. Ame sia ame le dzadzram ɖo ɖe mɔzɔzɔa ŋu, ɖeviwo ke hã. Ƒomea azɔ kilometa 30 ato Efrayim todu la me hafi aɖo Silo.c Ne afɔ to ge wole la, ekema mɔzɔzɔa axɔ ŋkeke ɖeka alo eve hafi woaɖo. Xana nya nu si tu ge eƒe atsusia gale kplii. Gake metsi aƒe ɖe ema ta o. Esia nye kpɔɖeŋu nyui aɖe wòɖo ɖi na Mawu subɔlawo va se ɖe egbea. Mele be míaɖe mɔ ame bubuwo ƒe nuwɔna nana míadzudzɔ Mawu subɔsubɔ o. Ne míeɖe mɔ la, ekema yayra siwo míakpɔ, ale be ŋusẽ nagaɖo mía ŋu míado dzi la, ato mía ŋu.
Esi ƒomea zɔ todzimɔ gɔdɔ̃gɔdɔ̃ ma ŋkeke ɖeka sɔŋ megbe la, wogogo Silo azɔ. Duae nye ema le togbɛ aɖe dzi ɖaa le togbɛ bubu geɖe siwo kɔ wui la dome. Esi wole tetem ɖe dua ŋu la, Xana anya nɔ nu siwo ŋu wòado gbe ɖa na Yehowa le la ŋu bum. Esi wova ɖo la, ƒomea ɖu nu. Esi wonya wɔ vɔ ko la, Xana dzo le wo gbɔ ɖo ta Yehowa ƒe avɔgbadɔa gbɔ. Nunɔlagã Eli nɔ anyi ɖe gbedoxɔa ƒe ʋɔtru nu. Gake Xana ƒe susu katã ku ɖe eƒe Mawu la ŋu. Esi wòge ɖe avɔgbadɔa me la, eka ɖe edzi bliboe be Mawu aɖo to ye. Ne ame aɖeke mase nɔnɔme sesẽ si me tom wònɔ la gɔme bliboe o hã la, enya be ye Fofo si le dziƒo ya ase egɔme. Vevesesea wu tsɔtsɔ nɛ, eya ta ewó avi.
Xana le avi fam hehehe le gbe dom ɖa na Yehowa le dzi me. Eƒe nuyiwo le ʋaʋãm butubutui esi wòle nu siwo te ɖe edzi la gblɔm. Edo gbe ɖa eteƒe didi hele eƒe dzimenyawo gblɔm na Fofoa. Gake menye eƒe didi vevi si nye be Mawu nana yeadzi vi la ko ŋue wòdo gbe ɖa le o. Menye ɖeko Xana di be Mawu nayra ye o, ke egblɔ nu si eya ŋutɔ hã ate ŋu ana Mawu hã nɛ. Eya ta eɖe adzɔgbe be ne yedzi ŋutsuvi la, yeatsɔe ana Yehowa wòasubɔe le eƒe agbemeŋkekewo katã me.—1 Samuel 1:9-11.
Xana ƒe nuwɔna sia nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na mawusubɔlawo le ale si woado gbe ɖae ŋu. Yehowa ɖe mɔ na eƒe amewo be woagblɔ woƒe dzimenyawo na ye faa, eye woaɖe woƒe dzimaɖitsitsiwo agblɔ faa, abe ale si ko vi si ka ɖe dzilaa dzi wɔnɛ ene. (Psalmo 62:9; 1 Tesalonikatɔwo 5:17) Gbɔgbɔ ʋã apostolo Petro wògblɔ le ale si míate ŋu aka ɖe Yehowa dzi ne míele gbe dom ɖa nɛ ŋu be: ‘Midro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe eyama dzi, elabena eléa be na mi.’—1 Petro 5:7.
Gake amegbetɔwo mesea nu gɔme hekpɔa nublanui abe Yehowa ene o. Esi Xana le avi fam le gbe dom ɖa la, ese gbe aɖe, si na be wòɖi vo. Nunɔlagã Eli si le ŋku lém ɖe eŋu la ƒe gbee. Egblɔ be: “Ɣekaɣi namu aha ase ɖo? Na wein la nakɔ le mo na wò!” Eli kpɔ ale si Xana ƒe nuyi nɔ ʋaʋãm, ale si wònɔ hehe ɖom, kple ale si wòɖo moe. Le esi teƒe be wòabia gbee ahanya nu si le ewɔm la, ɖe wòƒo nya ta boŋ madzemadzee be ahae wòmu.—1 Samuel 1:12-14.
Ðe mave Xana ŋutɔ be ɣemaɣi tututu si wòle veve sem vevie la, wobu fɔe madzemadzee, eye menye ame bubu aɖekee bu fɔe o, ke boŋ ame aɖe si wobuna ŋutɔ lae oa? Gake egaɖo kpɔɖeŋu nyui tsɔ ɖe ale si xɔse hiãe la fia. Mena amegbetɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ na wòdzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o. Ede bubu Eli ŋu hegblɔ eƒe kuxia nɛ. Esi Eli va kpɔe be yemewɔ nu ɖe eŋu nyuie o la, anya ɖo eŋu nɛ kple gbe bɔbɔe be: “Yi le ŋutifafa me, Israel ƒe Mawu la awɔ nu si nèbiae la na wò!”—1 Samuel 1:15-17.
Esi Xana gblɔ eƒe dzimenyawo na Yehowa hesubɔe le avɔgbadɔa me la, aleke wòɖe vi nɛ? Nuŋlɔɖia xlẽ be: “Nyɔnu la lé eƒe mɔ, eye wòɖu nu, eye megato mo azɔ o.” (1 Samuel 1:18) Biblia bubu aɖe (The Jerusalem Bible) gblɔ be: “Megaɖo nublanuimo azɔ o.” Xana ƒe dzi dze eme azɔ. Míagblɔ le mɔ aɖe nu be edro agba si le ekpem la ɖe Fofoa si le dziƒo, ame si ate ŋu atsɔ agba la akpee bɔbɔe la, ƒe abɔta. (Psalmo 55:23) Ðe kuxi aɖe li kpe wu ame sia? Kpao—ɖeke mekpe wui kpɔ o, eye ɖeke makpe wui hã gbeɖe o!
Ne míese le mía ɖokui me be nu te ɖe mía dzi, agba wu mí, alo míelé blanui ale gbegbe la, anyo be míasrɔ̃ Xana ƒe kpɔɖeŋua ahaɖe míaƒe dzimenyawo agblɔ na ame si ŋu Biblia gblɔ le be eɖoa “to gbedodoɖa” la. (Psalmo 65:3) Ne míexɔe se hewɔ nenema la, míawo hã míakpɔe be míagalé blanui azɔ o, ke boŋ míakpɔ “ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta.”—Filipitɔwo 4:6, 7.
“Agakpe Aɖeke Meli Abe Mía Mawu La Ene O!”
Le ŋufɔke la, Xana kplɔ Elkana ɖo trɔ yi avɔgbadɔa me. Anya gblɔ nu si wòbia Mawu kple adzɔgbe si wòɖe la nɛ, elabena Mose ƒe Sea gblɔ be ne nyɔnu aɖe ɖe adzɔgbe, gake srɔ̃a melɔ̃ ɖe edzi o la, ŋutsua kpɔ mɔ ate fli ɖe adzɔgbeɖeɖea me. (4 Mose 30:10-15) Gake ŋutsu wɔnuteƒe ma mewɔ naneke nenema o. Ke boŋ eya kple Xana wosubɔ Yehowa le avɔgbadɔa me ɖekae hafi trɔ yi aƒe.
Ɣekaɣie Penina va de dzesii be yemagate ŋu ado dziku na Xana o? Ŋɔŋlɔawo megblɔe na mí o, gake nya si wogblɔ be Xana “megaɖo nublanuimo azɔ o” ɖee fia be, tso ɣemaɣi ko la, megaxaa nu o. Penina va de dzesii be, ale si yedoa vlo Xana la megaɖea fu nɛ azɔ o. Biblia megagblɔ eŋu nya aɖeke na mí o.
Togbɔ be ɖeko Xana ƒe susu me dze akɔ nyi le gɔmedzedzea hã la, le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, eva kpɔ dzidzɔ wu gbɔgblɔ. Elabena eva fɔ fu! Dzi dzɔ Xana ŋutɔ, eye meŋlɔ ame si yrae alea la be kpɔ gbeɖe o. Eya tae esi wòdzi ŋutsuvi la, etsɔ ŋkɔ nɛ be Samuel, si gɔmee nye: “Mawu ƒe Ŋkɔ,” eye edze ƒãa be ale si wòyɔ Mawu ƒe ŋkɔ, eye wòtɔ nɛ la tae wòtia ŋkɔ ma ɖo. Ƒe ma me la, megakplɔ Elkana kple ƒomea ɖo yi Silo o. Enɔ aƒe me ƒe etɔ̃ sɔŋ, va se ɖe esime ɖevia tso no. Azɔ edzra ɖo ɖe ale si via lɔlɔ̃a ava dzo le egbɔ gbe ɖeka la ŋu.
Manya nɔ bɔbɔe nɛ be wòaɖe asi le via ŋu nenema be wòadzo le egbɔ o. Ele eme be Xana nyae be woalé be na Samuel le Silo nyuie, ɖewohĩ be woatsɔe ade nyɔnu siwo subɔna le agbadɔa me la si be woakpɔ edzi. Metsi kura o, eye vidada kae alɔ̃ be ye vi si metsi o la nadzo le ye gbɔ hafi? Gake Xana kple Elkana lɔ̃ faa kplɔ ɖevia yi avɔgbadɔa me kple dzidzɔ. Wosa vɔ le Mawu ƒe aƒea me, eye wokplɔ Samuel de Eli si, eye ema na wòɖo ŋku adzɔgbe si Xana ɖe ƒe aɖewoe nye ema dzi.
Ɣemaɣi la, Xana do gbe aɖe ɖa, si dze Mawu ŋu, ale be wòna woŋlɔe ɖe eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la me. Ne èle eƒe gbedodoɖa ma me nya siwo woŋlɔ ɖe 1 Samuel 2:1-10 xlẽm la, àkpɔ ale si gbegbe eƒe xɔse sẽe la le nya sia nya si wògblɔ me. Ekafu Yehowa ɖe eƒe ŋusẽ triakɔ la ta—ale si gbegbe wòtea ŋu bɔbɔa dadalawo ɖe anyi, ale si wòtea ŋu yraa ame siwo wote ɖe anyi, ale si wòtea ŋu ɖea ame ƒe agbe ɖa, kple ale si wòtea ŋu ɖea ame ƒe agbe tso ku me. Ekafu Mawu ɖe ale si wòle kɔkɔe, eye ame aɖeke mele kɔkɔe de enu o, ale si wòle dzɔdzɔe, kple ale si wòwɔa nuteƒee la ta. Eya ta Xana gblɔe wòsɔ nyuie be: “Agakpe aɖeke meli abe mía Mawu la ene o!” Yehowa nye ame si dzi woate ŋu aka ɖo bliboe; metrɔna o, eye wònye sitsoƒe na ame siwo wote ɖe anyi kple ame siwo ƒe dzi gbã, siwo trɔ ɖe eŋu be wòakpe ɖe yewo ŋu.
Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na Samuel be nyɔnu ma si xɔ Yehowa dzi se nenema gbegbe lae nye dadaa. Togbɔ be anya nɔa dadaa susum esime wòle tsitsim hã la, mese le eɖokui me kpɔ be eŋlɔ ye be o. Ƒe sia ƒe la, Xana vaa Silo, eye wòtsɔa dziwui sue aɖe vanɛ nɛ be wòazã ne ele subɔsubɔm le avɔgbadɔa me. Esia ɖo kpe edzi be elɔ̃ via vevie hetsɔ ɖe le eme nɛ. (1 Samuel 2:19) Míate ŋu akpɔ ale si wòanɔ dziwui yeyea dom na via, anɔ edzɔm ɖe eŋu ahaɖo nukomo esi wòle nya viviwo gblɔm nɛ hele dzi dem ƒo nɛ la ɖaa le susu me. Yayrae wònye na Samuel be dadaa lɔ̃e nenema gbegbe, eye esi wòtsi la, eya hã ƒe nuwɔna he yayra vae na edzilawo kple Israel bliboa katã.
Xana ƒe yayrawo mese ɖe afi ma o. Yehowa gayrae wòdzi vi atɔ̃ bubuwo na Elkana. (1 Samuel 2:21) Gake ɖewohĩ Xana ƒe yayra gãtɔe nye ale si woa kple Fofoa, Yehowa, dome va nɔa kplikplikpli ƒe sia ƒe. Yehowa neyra wò hã alea esi nèle agbagba dzem be yeƒe xɔse nasẽ abe Xana tɔ ene.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Ne èdi be yeanya nu si ta Mawu ɖe mɔ ɖe srɔ̃ geɖe ɖeɖe ŋu na eƒe amewo le blema la, ke kpɔ nyati si nye: “Ðe Mawu Da Asi Ðe Srɔ̃ Geɖe Ðeɖe Dzia?” le July 1, 2009 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe axa 30.
b Togbɔ be Biblia gblɔ be Yehowa ‘tsi Xana ƒe vidzidɔ nu’ hã la, ema mefia be Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖe nyɔnu ɖokuibɔbɔla kple nuteƒewɔla sia ŋu o. (1 Samuel 1:5) Ɣeaɖewoɣi la, Biblia gblɔna be Mawu wɔ nane, evɔ ɖeko wòɖe mɔ le eŋu.
c Edze abe Elkana de Rama kee wova yɔ be Arimatia le Yesu ŋɔli ene, eye Arimatia kple Silo dome ƒe didimee ma.
[Aɖaka si le axa 17]
Gbedodoɖa Eve Siwo Ðe Dzesi
Nya vevi geɖewo dze le Xana ƒe gbedodoɖa eve siwo woŋlɔ ɖe 1 Samuel 1:11 kple 2:1-10 la me. Na míakpɔ wo dometɔ ʋɛ aɖewo ɖa:
◼ Xana ƒe gbedodoɖa eveawo dometɔ gbãtɔ yi na “Yehowa Zebaot,” alo aʋakɔwo ƒe Yehowa. Eyae nye ame gbãtɔ si ŋu Biblia ƒo nu tso be ezã dzesideŋkɔ ma. Edze le Biblia me zi 285, eye wòhe susu yi ale si mawudɔlawo ƒe aʋakɔ gã aɖe le Yehowa te la dzi.
◼ De dzesii be menye esime Xana dzi via ye wòdo gbe evelia ɖa o, ke boŋ esime woa kple Elkana wokplɔ ɖevia yi be wòasubɔ Yehowa le Silo ye. Eya ta menye ale si Xana ƒe nɔnɔmea va trɔ, si wɔe be etsusi Penina megakpɔa nya aɖeke gblɔna o, ye na wòkpɔ dzidzɔ o, ke boŋ ale si Yehowa yrae ye.
◼ Esi Xana gblɔ be: “Nye dzo do lɔƒuu le Yehowa me” la, ɖewohĩ nyitsu, si nye lã sẽŋu si tsɔa agba, eye wòzãa eƒe dzowo ŋutɔ lae anya nɔ susu me nɛ. Xana ƒe nyawo fia be ele gbɔgblɔm na Yehowa be: ‘Yehowa, wòe do ŋusẽm.’—1 Samuel 2:1.
◼ Wobui be nya siwo Xana gblɔ ku ɖe Mawu ƒe “amesiamina” ŋu la nye nyagblɔɖi. “Mesia” ke gɔmee woɖe be amesiamina, eye Xana ye nye ame gbãtɔ si Biblia gblɔ be ezã nya ma tsɔ ƒo nu tso ame si woasi ami na be wòazu fia le etsɔ me ŋu.—1 Samuel 2:10.
◼ Ƒe 1,000 kloe megbe la, Yesu dada Maria zã nya siwo ɖi Xana tɔ tsɔ kafu Yehowa.—Luka 1:46-55.
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Ete ɖe Xana dzi vevie be yetsi ko, eye Penina hã wɔ ɖe sia ɖe be yeagagbã dzi nɛ ɖe edzi
[Nɔnɔmetata si le axa 16, 17]
Ðe nàte ŋu asrɔ̃ ale si Xana do gbe ɖa tso dzi mea?
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Togbɔ be Eli bu fɔ Xana madzemadzee hã la, metsɔe nɛ vevie o