Te Ðe Mawu Ŋu
‘Ekpɔa Keke Dzi Me Ke’
GOTAGOME dzedzeme te ŋu flua ame. Ale si ame ƒe gotagome dzedzeme le la mefia kokoko be nenemae wòle le eƒe dzi me hã o. Amegbetɔwo drɔ̃a ʋɔnu le nu si woƒe ŋku kpɔna nu. Dzidzɔtɔe la, Yehowa Mawu ya kpɔa nu si de ŋgɔ wu ema. Esia dze ƒãa le nya siwo le 1 Samuel 16:1-12 me.
Kpɔ nudzɔdzɔa ɖaa le susu me. Yehowa di be yeaɖo fia bubu ɖe Israel nu. Mawu gblɔ na nyagblɔɖila Samuel be: “Mele dɔwòm ɖe Isai gbɔ le Betlexem, elabena mekpɔ fia ɖi na ɖokuinye le viawo dome.” (Kpukpui 1) Yehowa meyɔ ame si wòtia la ŋkɔ o; ɖeko wògblɔ be ele Isai viwo dome. Esi Samuel ɖo ta Betlexem la, anya nɔ eɖokui biam be, ‘Aleke gɔ̃ mawɔ anya Isai viawo dometɔ si Yehowa tia?’
Esi Samuel va ɖo Betlexem la, ewɔ ɖoɖo be Isai kple viawo naɖu vɔsa nu aɖe kpli ye. Esi ŋutsuvi xoxoetɔ Eliab va ɖo la, eƒe dzedzeme wɔ dɔ ɖe Samuel dzi enumake. Samuel susu be Eliab ƒe dzedzeme sɔ nyui ŋutɔ na fiaɖuɖu, eye wògblɔ na eɖokui be: “Eƒe amesiamina la enye si do ɖe Yehowa ŋku me vavã!”—Kpukpui 6.
Ke hã, menye nenemae Yehowa ya kpɔe o. Egblɔ na Samuel be: “Megakpɔ eƒe dzedzeme kple eƒe atsudzɔdzɔ o, elabena megbee.” (Kpukpui 7) Ale si Eliab dzɔ atsu hedze ɖeka la mekpɔ ŋusẽ ɖe Yehowa dzi o. Yehowa ƒe ŋku siwo kpɔa nu sia nu la kpɔa afi si nyonyo vavãtɔ bena ɖo, ke menye gotagome dzedzeme ko o.
Yehowa ɖe nu me na Samuel be: “Menye ale si amegbetɔ kpɔa nui o; elabena amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke Yehowa kpɔa keke dzi me ke.” (Kpukpui 7, 8) Ɛ̃, ame ƒe dzi me—ame si amea nye le ememe, eƒe tamesusuwo, nɔnɔmewo, kple seselelãmewo—ye Yehowa kpɔna. Eya ame si “doa dziwo kpɔna” la gbe Eliab kple Isai vi ade siwo dzɔ ɖe Eliab yome, siwo va Samuel gbɔ la katã.—Lododowo 17:3.
Esusɔ Isai viŋutsu ɖeka, si nye ɖevitɔ, si ŋkɔe nye David, si yi “alẽkplɔƒe.” (Kpukpui 11) Eya ta woyi ɖakplɔ David tso gbe me va Samuel gbɔ. Azɔ Yehowa gblɔ na Samuel be: “Tso nasi ami nɛ, elabena eyae!” (Kpukpui 12) Ele eme be David nye ɖekakpui dzeɖekɛ si ƒe ŋkuwo nya kpɔ ŋutɔ ya. Gake ame si wònye le ememee dze Mawu ŋu.—1 Samuel 13:14.
Le xexe sia si me amewo dea asixɔxɔ geɖe gotagome nyonyo ŋu me la, efa akɔ na mí ŋutɔ be míenyae be ame ƒe dzedzeme meflua Yehowa Mawu ya o. Menye ale si nèkɔ alo ale si amewo abu wò be nèdze ɖeka alo nèdze tugbe ŋue wòléa ŋku ɖo o. Wò dzi me, ame si nènye le ememe, ye Yehowa kpɔna. Ðe esia nyanya meʋã wò be nàdze agbagba atu nɔnɔme nyui siwo ana wò nu nadze Mawu ŋu la ɖo oa?