INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp18 No. 3 axa 8-9
  • Ðe Mawu Sea Veve Ðe Mía Nua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Mawu Sea Veve Ðe Mía Nua?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2018
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU SI NUWƆWƆWO ATE ŊU AFIA MÍ
  • NU SI BIBLIA FIA MÍ TSO MAWU ƑE VEVESESEÐEAMENU ŊU
  • MAWU DEA DZESII, ESEA NU GƆME NA MÍ, EYE WÒSEA VEVE ÐE MÍA NU
  • Veveseseɖeamenu—Enaa Woɖea Dɔmenyonyo Kple Dɔmekɔkɔ Fiana
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Se Veve Ðe Ame Nu
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2021
  • Se Veve Ðe Amewo Nu
    Nyɔ!—2020
  • Esea Míaƒe Vevesesewo Gɔme Na Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2018
wp18 No. 3 axa 8-9
Nyɔnuvi aɖe le akɔ fam na nyɔnuvi aɖe si dze anyi xɔ abi ɖe klo; nyɔnu aɖe le akɔ fam na nyɔnu bubu si le avi fam

Ðe Mawu Sea Veve Ðe Mía Nua?

NU SI NUWƆWƆWO ATE ŊU AFIA MÍ

Woɖea veveseseɖeamenu gɔme be “enye ŋutete si le ame si be wòase ale si ame bubu aɖe le sesem le eɖokui me la gɔme alo wòatsɔ eɖokui ade nɔnɔme si me amea le la me le susu me.” Ðɔkta Rick Hanson si nya nu tso tagbɔdɔléle ŋu nyuie gblɔ be, “veveseseɖeamenu le míaƒe ƒuwo me.”

BU NYA SIAWO ŊU KPƆ: Nu ka tae ŋutete le mía me be míase veve ɖe ame nu, evɔ nɔnɔme sia mele nuwɔwɔ bubuwo si o? Biblia ɖe eme be Mawu wɔ amegbetɔ ɖe eƒe nɔnɔme nu. (1 Mose 1:26) Mawu wɔ mí ɖe eƒe nɔnɔme nu ale be míaɖi ye, eye míaɖe yeƒe nɔnɔmewo afia va se ɖe afi aɖe ya teti. Eya ta ne veveseseɖeamenu ʋã ame aɖe wòkpe ɖe ame bubu ŋu la, ke efia be ele nɔnɔme si le Wɔla veveseɖeamenula, Yehowa Mawu si la ɖem fia.—Lododowo 14:31.

NU SI BIBLIA FIA MÍ TSO MAWU ƑE VEVESESEÐEAMENU ŊU

Mawu sea veve ɖe mía nu eye medi be yeakpɔ be míele fu kpem o. Esime blema Israel-viwo nɔ fu kpem abe kluviwo ene le Egipte, eye eyome wokpe fu ƒe 40 sɔŋ le gbea dzi la, Biblia gblɔ be: “Le woƒe vevesesewo katã me la, eya hã se veve.” (Yesaya 63:9) De dzesii be menye ɖeko Mawu nya be wonɔ fu kpem o. Eya hã se veve. Egblɔ be: “Menya fu siwo kpem wole la nyuie.” (2 Mose 3:7) Mawu gblɔ be: “Ame si ka asi mia ŋu la ka asi nye gadaglamakui ŋu.” (Zakariya 2:8) Ne amewo wɔ nane ɖe mía ŋu si na míele veve sem la, eya hã sea veve.

Biblia ka ɖe edzi na mí be togbɔ be míanɔ fɔ bum mía ɖokui anɔ sesem le mía ɖokui me be míedze be Mawu nase veve ɖe mía nu o hã, “Mawu nye gã wu míaƒe dziwo, eye wònya nuwo katã.” (1 Yohanes 3:19, 20) Mawu nya mí wu ale si míenya mía ɖokuiwo. Enya míaƒe nɔnɔmewo, susuwo kple seselelãmewo nyuie. Esea veve ɖe mía nu.

Míate ŋu atrɔ ɖe Mawu ŋu be wòafa akɔ na mí, ana nunya mí, eye wòakpe ɖe mía ŋu elabe míenya be ekpena ɖe ame siwo le fu kpem la ŋu

Biblia ka ɖe edzi na mí be

  • “Àyɔ Yehowa, eye wòatɔ na wò, àdo ɣli be wòakpe ɖe ye ŋu, eye wòagblɔ be, ‘Nyee nye esi!’”—YESAYA 58:9.

  • “Yehowa be, ‘Elabena menya tame si meɖo ɖe mia ŋu la nyuie, ŋutifafa ƒe tamee, ke menye vɔ̃ tɔ o, ne mana mɔkpɔkpɔ mi eye etsɔme nanyo na mi. Miayɔm, miava do gbe ɖa nam, eye maɖo to mi.’”—YEREMIYA 29:11, 12.

  • “Kɔ nye aɖatsiwo ɖe wò lãgbalẽgolo me. Ðe mèŋlɔ wo ɖe wò agbalẽ me oa?”—PSALMO 56:8.

MAWU DEA DZESII, ESEA NU GƆME NA MÍ, EYE WÒSEA VEVE ÐE MÍA NU

Ne míenya be Mawu sea veve ɖe mía nu la, ɖe esia akpe ɖe mía ŋu míado dzi le nɔnɔme sesẽwo mea? Bu nu si dzɔ ɖe Maria dzi ŋu kpɔ:

Egblɔ be: “Esi vinyeŋutsu si xɔ ƒe 18 kpe fu le kansa si me ƒe eve eye wòku la, evem ale gbegbe be mese le ɖokuinye me be agbea sesẽ, eye mesɔ be vinyea naku hafi o. Medo dziku ɖe Yehowa ŋu be mexɔ na vinyea heda dɔa nɛ o!

“Ƒe ade megbe la, xɔ̃nye aɖe si le hamea me se veve ɖe nunye, eye wòɖo tom esime menɔ nye dzimenyawo gblɔm nɛ tso ale si Yehowa melɔ̃m o la ŋu. Esi wòɖo tom gaƒoƒo geɖe evɔ mexɔ nya le nunye o megbe la, eyɔ 1 Yohanes 3:19, 20 eye mawunyakpukpui sia wɔ dɔ ɖe dzinye. Afi ma gblɔ be: ‘Mawu nye gã wu míaƒe dziwo, eye wònya nuwo katã.’ Eɖe eme be Yehowa nya nu siwo doa vevesese na mí.

“Togbɔ be nyaa le alea hã la, dɔme gaveam kokoko! Emegbe meva xlẽ Psalmo 94:19 afi si gblɔ be: ‘Ne metsi dzodzodzoe akpa la, èfaa akɔ nam henana mekpɔa gbɔdzɔe.’ Mese le ɖokuinye abe nyee woŋlɔ mawunyakpukpui mawo na ene! Mlɔeba meva kpɔe be ne meɖo dze tso nye kuxiawo ŋu na Yehowa la, mekpɔa gbɔdzɔe tso nye xaxawo me, elabe menya be eɖoa to eye wòsea nu gɔme nam.”

Ne míeva nya be Mawu nya nu siwo me tom míele eye wòsea veve ɖe mía nu la, ɖe míaƒe dzi medzea eme oa? Ke nu ka tae fukpekpe bɔ alea gbegbe? Ðe wòanye be Mawue le to hem na mí ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta? Ðe Mawu awɔ nane atsɔ aɖe fukpekpewo ɖa? Woaɖo nya siawo ŋu le nyati siwo kplɔe ɖo la me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe