INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 2/15 axa 13-18
  • Mitso Aseye Fifia Tsɔ Yi Mavɔmavɔ me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mitso Aseye Fifia Tsɔ Yi Mavɔmavɔ me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Emevava le Míaƒe Ɣeyiɣia Me
  • Èkpɔ Gome le Emevava Mea?
  • Emevava si Gale Ŋgɔ!
  • Woagaɖo Paradiso Anyi!
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
  • Nusita Míatso Aseye Ðo La Le Mía Si
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Paradiso—Ànɔ Emea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Yehowa Kpena Ðe Mía Ŋu Míedoa Dzi Kple Dzidzɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 2/15 axa 13-18

Mitso Aseye Fifia Tsɔ Yi Mavɔmavɔ me

“Miakpɔ dzidzɔ, eye miatso aseye ɖaa le nusi mawɔ la ŋuti, elabena kpɔ ɖa, mawɔ Yerusalem hena aseyetsotso, eye eƒe dukɔ la hena dzidzɔkpɔkpɔ.”—YESAYA 65:18.

1. Aleke tadedeagu vavãtɔ kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi le ƒe alafaawo mee?

LE ƑE alafaawo me la, ame gbogbo manyaxlẽwo kpɔ dzidzɔ le Yehowa, Mawu vavã la, subɔsubɔ me. Dawid nye amesiwo kpɔ dzidzɔ le tadedeagu vavãtɔ me la dometɔ ɖeka. Biblia gblɔ be esi wotsɔ nubablaɖaka la va Yerusalem la, “Dawid kple Israel ƒe aƒe blibo la le aseye tsom . . . hetsɔ Yehowa ƒe aɖaka la yii.” (Samuel II, 6:15) Menye blema koe wokpɔ dzidzɔ le Yehowa subɔsubɔ me alea o. Àte ŋu akpɔ gome le eme. Eye eteƒe madidi o dzidzɔ geɖe wu gɔ̃ hã ate ŋu asu asiwò!

2. Esime Yesaya ta 35 va eme ɖe Yudatɔ siwo trɔ gbɔ dzi megbe la, amekawo hã dzie wògava eme ɖo egbea?

2 Le nyati si do ŋgɔ me la, míedzro nyagblɔɖi ʋãme si woŋlɔ ɖe Yesaya ta 35 me la ƒe emevava gbãtɔ me. Míate ŋu ayɔ esia be gbugbɔɖoanyi ŋuti nyagblɔɖi wòasɔ elabena nenemae wòva nɔ na blema Yudatɔwo. Eva eme le mɔ ma tɔgbe nu le míaƒe ɣeyiɣia me. Alekee? Enyo, tso Yesu ƒe apostolowo kple ame bubuwo dzi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la, gbɔgbɔ me Israel-viwoe Yehowa zãna. Amesiawo nye amegbetɔ siwo wotsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na siwo va zu amesiwo Paulo yɔ be “Mawu ƒe Israel” la ƒe akpa aɖe. (Galatiatɔwo 6:16; Romatɔwo 8:15-17) Ðo ŋku edzi hã be woyɔ amesiawo le Petro I, 2:9 be “dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ.” Petro yi edzi gblɔ dɔ si wode asi na gbɔgbɔ me Israel-viwo be: “Miaɖe gbeƒã amesi yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia.”

Emevava le Míaƒe Ɣeyiɣia Me

3, 4. Nɔnɔme kae nɔ anyi esime Yesaya ta 34 va eme le egbeɣeyiɣiwo me?

3 Ɣeyiɣi aɖe nɔ anyi le ƒe alafa sia ƒe gɔmedzedze si me gbɔgbɔ me Israel-viwo ƒe ame susɔe siwo le anyigba dzi metsɔ dzo ɖe gbedasi ma gbɔgblɔ ŋu ɣesiaɣi o. Womenɔ dzidzɔ kpɔm le Mawu ƒe nukukekeli me bliboe o. Le nyateƒe me la, wonɔ viviti gã aɖe me. Ɣekaɣie nye ma? Eye nukae Yehowa Mawu wɔ le eŋu?

4 Xexemeʋa I wɔɣie, esime woɖo Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒea anyi le dziƒo le ƒe 1914 me vɔ megbe teti. Dzi ku dukɔwo ɖe wo nɔewo ŋu eye sɔlemeha siwo le dukɔ vovovowo me ƒe osɔfowo de wo dzi. (Nyaɖeɖefia 11:17, 18) Gake Mawu tsi tre ɖe Kristodukɔ xɔsegbela la kple eƒe osɔfoha siwo wodo ɖe dzi la ŋu abe alesi wòtsi tre ɖe Edom-dukɔ si dana ŋui ene. Eyata Yesaya ta 34 ƒe nyagblɔɖia ava eme ɖe Kristodukɔa si nye egbegbe kpɔɖeŋu Edom la dzi. Kakaɖedzi le emevava sia si anye tsɔtsrɔ̃ mavɔ la ŋu abe alesi tututu wòva eme zi gbãtɔ ɖe blema Edom dzii ene.—Nyaɖeɖefia 18:4-8, 19-21.

5. Mɔ ka tɔgbe nue Yesaya ta 35 va eme le le míaƒe ɣeyiɣia me?

5 Ke Yesaya ta 35 ƒe nyagblɔɖia kple gbe si wòte ɖe dzidzɔkpɔkpɔ dzi ya ɖe? Ema hã va eme le míaƒe ɣeyiɣia me. Aleke wòdzɔe? Eva eme esime wogbugbɔ xɔ gbɔgbɔ me Israel-viwo tso aboyo ƒomevi aɖe me. Mina míadzro nyateƒenyaawo me le nusi tututu nye nyitsɔ laa ƒe teokrasi-ŋutinya si dzɔ le ame geɖe siwo kpɔtɔ le agbe ƒe agbenɔɣi la me kpɔ.

6. Nukata míate ŋu agblɔ be gbɔgbɔ me Israel ƒe ame susɔeawo va nɔ aboyo ƒe nɔnɔme aɖe me?

6 Ɣeyiɣi kpui aɖe le Xexemeʋa I wɔɣi la, gbɔgbɔ me Israel-viwo ƒe ame susɔeawo melé wo ɖokui dzadzɛ hewɔ nu wòsɔ kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu bliboe o. Nufiafia me vodadawo ƒo ɖi wo dometɔ aɖewo eye wona ta esi womena woƒe Yehowa ƒe akpa dzi nɔnɔ dze ƒã esime woƒo nya ɖe wo nu be woado alɔ dukɔ siwo nɔ aʋa wɔm o. Le aʋaŋɔliƒe mawo me la, woti wo yome le mɔ vovovowo nu, eye woɖo asi woƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo gɔ̃ hã dzi le teƒe geɖe. Mlɔeba la, wotso nɔvi siwo nɔ ŋgɔ na dɔa vevie la dometɔ aɖewo nu aʋatsotɔe eye wode wo game. Ne míede ŋugble le nusiwo dzɔ va yi ŋu la, mesesẽ be míakpɔe be le gɔmesese aɖe nu la, Mawu ƒe amewo va nɔ aboyo ƒe nɔnɔme me, le esi teƒe be woanɔ ablɔɖe me o. (Tsɔe sɔ kple Yohanes 8:31, 32.) Womete ŋu nɔ nu kpɔm nyuie le gbɔgbɔ me kura o. (Efesotɔwo 1:16-18) Wozu aɖetututɔwo vaseɖe afi aɖe le Mawu kafukafu gome, eye esia na womenɔ ku tsem le gbɔgbɔ me o. (Yesaya 32:3, 4; Romatɔwo 14:11; Filipitɔwo 2:11) Èkpɔ alesi esia sɔ kple nɔnɔme si me blema Yudatɔwo nɔ le aboyo me le Babilon la?

7, 8. Gbugbɔɖoanyi ka tɔgbe teƒee egbeŋkekea me ame susɔeawo kpɔ?

7 Gake ɖe Mawu agblẽ esubɔla siwo li le egbeŋkekea me ɖe nɔnɔme ma mea? Ao, eɖoe be yeagaɖo wo te, abe alesi Yesaya gblɔe ɖi ene. Eyata nyagblɔɖi ma ke si le ta 35 lia me va eme le mɔ ɖedzesi aɖe nu le míaƒe ɣeyiɣia me, esi wogbugbɔ gbɔgbɔ me Israel ƒe ame susɔewo ɖo anyi le dzidzedzekpɔkpɔ kple lãmesẽ me le gbɔgbɔmeparadiso aɖe me. Le Hebritɔwo 12:12 la, Paulo zã Yesaya 35:3 le kpɔɖeŋumɔ nu, si ɖo kpe alesi míezã Yesaya ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa sia le gbɔgbɔmegɔmesese nui la dzi.

8 Gbɔgbɔ me Israel ƒe amesiamina susɔeawo do tso aboyo me le aʋa megbe ƒeawo me le kpɔɖeŋumɔ nu. Yehowa Mawu zã Yesu Kristo, Kores Gãtɔ la, tsɔ na ablɔɖe wo. Esia na ame susɔeawo te ŋu wɔ gbugbɔgatudɔ aɖe si míate ŋu atsɔ asɔ kple dɔ si blema Yudatɔwo ƒe ame susɔeawo wɔ, amesiwo trɔ yi woƒe anyigba dzi va gbugbɔ gbedoxɔ ŋutɔŋutɔ tu ɖe Yerusalem. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, gbɔgbɔ me Israel-vi siawo siwo li le egbeɣeyiɣiawo me te ŋu dze anyigba la dzadzraɖo gɔme eye wona wòzu gbɔgbɔmeparadiso dama aɖe, si nye kpɔɖeŋu Eden-bɔ.

9. Aleke nane si ɖi esi ŋu woƒo nu tsoe le Yesaya 35:1, 2, 5-7 dzɔ le míaƒe ɣeyiɣia mee?

9 Nya si míegblɔ va yi la nenɔ susu me na mí ne míagadzro Yesaya 35 me ake, eye gbã míalé ŋku ɖe kpukpui 1 kple 2 lia ŋu. Gbewo te miemie ɖe afisi nɔ abe kuɖiɖinyigba ene la nyateƒe eye enyo nuku abe blema Saron-baliwo me ene. Kpɔ kpukpui 5 vaseɖe 7 hã ɖa. Woʋu ame susɔe siwo dometɔ aɖewo gale agbe eye wogale Yehowa subɔm dzonɔamemetɔe la ƒe gɔmeseseŋkuwo. Wote ŋu se nusi dzɔ le ƒe 1914 me kple emegbe la me nyuie wu. Ema kpɔ ŋusẽ ɖe mía dometɔ geɖe siwo nye “ameha gã” la me tɔ siwo le subɔsubɔm kple ame susɔeawo la hã dzi.—Nyaɖeɖefia 7:9.

Èkpɔ Gome le Emevava Mea?

10, 11. (a) Aleke nèkpɔ gome le Yesaya 35:5-7 me vava mee? (b) Aleke wò ŋutɔ nèse le ɖokuiwò me le tɔtrɔ siawo ŋu?

10 Tsɔ ɖokuiwò wɔ kpɔɖeŋui. Hafi nàva de ha kple Yehowa Ðasefowo la, ɖe nèxlẽa Biblia edziedzia? Ne èxlẽnɛ la, afikae nète ŋu se egɔme se ɖo? Le kpɔɖeŋu me, fifia ènya nyateƒe si ku ɖe nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu. Ðewohĩ àte ŋu ahe amesi tsɔ ɖe le nya la me ƒe susu ayi mawunyakpukpui siwo ku ɖe nya sia ŋu, abe Mose I, ta 2, Nyagblɔla ta 9, kple Xezekiel ta 18 ene, kpakple mawunyakpukpui bubu geɖe dzi. Ẽ, anɔ eme be èse nusi Biblia fia le nyati alo nya vovovowo ŋu gɔme. Kpuie ko la, gɔmesese va le Biblia ŋu na wò, eye àte ŋu aɖe emenya geɖe me na ame bubuwo, abe alesi nèle èwɔm ɖikekemanɔmee ene.

11 Gake anyo be mía dometɔ ɖesiaɖe nabia be, ‘Aleke mewɔ srɔ̃ Biblia me nyateƒe siwo katã menya la? Ðe menya mawunyakpukpui siwo míeyɔ fifi laa la katã hafi va dze nusɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa ƒe amewoa? Ðe mese wo me tsã, eye mete ŋu ƒoa nya ta si sɔ le gɔmesese si le wo ŋu ŋutia?’ Ðewohĩ eŋuɖoɖo anukwaretɔe nye ao. Mele be nya sia nave ame aɖeke o, gake míate ŋu agblɔ be tsã la, wò ŋku gbã keŋkeŋ le mawunyakpukpui siawo kple woƒe gɔmesese gome. Alo menye nenemae oa? Wonɔ Biblia me pɛpɛpɛ, gake mète ŋu de dzesi wo, alo se wo gɔme o. Ke aleke wò ŋku wɔ ʋu le gbɔgbɔ me? Nusi Yehowa wɔ tsɔ na Yesaya 35:5 va eme na amesiamina susɔeawo la tae. Esia na woʋu ŋku na wò hã. Mègale gbɔgbɔmeviviti me azɔ o. Àte ŋu akpɔ nu.—Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 3:17, 18.

12. (a) Nukata míate ŋu agblɔ be menye ŋutilãmenukudɔdaɣie nye sia o? (b) Aleke Nɔviŋutsu F. W. Franz ƒe nya la nye alesi Yesaya 35:5 va eme le míaƒe ɣeyiɣia mee ƒe kpɔɖeŋu?

12 Amesiwo srɔ̃a nu le Biblia kple alesi Mawu wɔ nu le ƒe alafa siwo va yi me ŋu vevie la nya be menye ŋutilãmenukudɔdaɣie nye sia o. (Korintotɔwo I, 13:8-10) Eyata míele mɔ kpɔm be Yesu Kristo anɔ ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku ʋum atsɔ aɖee fia be ye enye Mesia, Mawu ƒe Nyagblɔɖila la o. (Yohanes 9:1-7, 30-33) Eye mele to ʋum na tokunɔwo katã be woagase nu ake hã o. Esi Frederick W. Franz si nye amesiaminawo dometɔ ɖeka kple Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla tsã la gogo ƒe 100 xɔxɔ la, eƒe ŋku tsi keŋkeŋ kloe eye ehiã be wòade nusi akpe ɖe eŋu be wòase nu la tome. Megate ŋu kpɔa nu xlẽna o hena ƒe aɖewo; gake amekae abui be eƒe ŋku gbã alo eƒe to ku le Yesaya 35:5 ƒe gɔmesesea nu? Eƒe gbɔgbɔmeŋku si kpɔa nu nyuie ŋutɔ la nye yayra na Mawu ƒe amewo le xexeame katã.

13. Nɔnɔme si trɔ alo gbugbɔɖoanyi ka teƒee Mawu ƒe ame siwo li egbea kpɔ?

13 Ke le wò aɖe gome ya ɖe? Woanya de ga nu na Mawu ƒe amesiaminawo le woƒe gbɔgbɔmeboyomenɔɣia. Gake esi Mawu nya trɔ nɔnɔme ma ko la, woƒe aɖewo te aseye tsotso ɖe nusi wonya tso Mawu ƒe Fiaɖuƒe si woɖo anyi kple eƒe ŋugbedodo siwo ku ɖe etsɔme ŋu la ŋuti. Ðewohĩ wokpe ɖe ŋuwò be nèɖe ga wò aɖe hã. Biblia me nyateƒe nenie nègblɔna na amewo tsã? Ðewohĩ esusu ɣeaɖeɣi kpɔ be, ‘Nusɔsrɔ̃a vivia nunye ya, gake nyemayi amewo gbɔ ava nɔ gbeƒã ɖem na wo gbeɖe o.’ Gake ɖe menye nyateƒe be ‘aɖetututɔwo ƒe aɖe le aseye tsom’ fifia oa?—Yesaya 35:6.

14, 15. Aleke ame geɖe zɔ ‘Kɔkɔenyenyemɔ la’ dzi le míaƒe ɣeyiɣia me?

14 Mɔ didi aɖe nɔ Yudatɔ siwo wona ablɔɖee tso Babilon la ŋgɔ woazɔ ayi wo denyigba dzi. Nukae ema sɔ kple le míaƒe ŋkekea me? Enyo, kpɔ Yesaya 35:8 si gblɔ be: “Ametoƒe kple mɔ tata anɔ afima, si woayɔ be ‘mɔ tata kɔkɔe.’ Ame makɔmakɔ aɖeke mato edzi o.”

15 Tso esime woɖe amesiamina susɔea siwo ŋu alẽ bubuawo me tɔ miliɔn geɖe va kpe ɖo fifia la tso gbɔgbɔmeboyo me la, wodo go tso Babilon Gã la me va kpɔɖeŋumɔ tata aɖe si nye kɔkɔenyenyemɔ dzadzɛ si kplɔa ame yia gbɔgbɔmeparadiso mee la dzi. Míele agbagba ɖesiaɖe dzem be míadze na Kɔkɔenyenyemɔ sia dzi zɔzɔ eye be míanɔ edzi tom ɖaa. Bu tame le ɖokuiwò ŋu kpɔ. Ðe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kple gɔmeɖose siwo dzi nèzɔna ɖo fifia mekɔ boo wu esime nènɔ xexeame oa? Ðe mèdzea agbagba geɖe wu be yeƒe tamebubu kple agbenɔnɔ nasɔ ɖe Mawu tɔ nu oa?—Romatɔwo 8:12, 13; Efesotɔwo 4:22-24.

16. Nɔnɔme kawo mee míate ŋu ase vivi le ne míele zɔzɔm le Kɔkɔenyenyemɔ la dzi?

16 Esi nèyi edzi le Kɔkɔenyenyemɔ sia dzi tom la, ŋutiwò vo tso vɔvɔ̃ na amesiwo wɔa nu abe lãwo ene la si me. Enye nyateƒe be le xexeame la, ele be nànɔ ŋudzɔ ɖe ɖokuiwò ŋu ɣesiaɣi be ŋuklẽlawo alo ame malɔ̃amewo nagalé wò aɖu agbagbee o le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. Ame geɖe ŋutɔ dia wo ɖokui tɔ ŋutɔ le alesi wowɔa nu ɖe ame bubuwo ŋui me. Aleke wòto vovo le Mawu ƒe amewo domee nye si! Èva le bebeƒe le wo dome. Enye nyateƒe be hatiwò Kristotɔwo mede blibo o; ɣeaɖewoɣi la, wo dometɔ aɖe ada vo alo awɔ nu wòave wò. Gake ènya be menye ɖe nɔviwòwo ɖoe be yewoawɔ nusi ave wò alo avuvu wò ami o. (Psalmo 57:5; Xezekiel 22:25; Luka 20:45-47; Dɔwɔwɔwo 20:29; Korintotɔwo II, 11:19, 20; Galatiatɔwo 5:15) Ke boŋ wotsɔa ɖe le eme na wò; wokpe ɖe ŋuwò; wodi be yewoasubɔ kple wò.

17, 18. Gɔmesese ka nue paradiso aɖe li fifia, eye ŋusẽ kae esia kpɔna ɖe mía dzi?

17 Eyata míate ŋu alé ŋku ɖe Yesaya ta 35 me nyawo ŋu, eye alesi kpukpui 1 vaseɖe 8 le eme vam fifia anɔ susu me na mí. Ðe medze kɔte be míeke ɖe nusi míate ŋu ayɔ wòasɔ be gbɔgbɔmeparadiso la ŋu oa? Ao, mede blibo—haɖe o. Gake paradiso wònye nyateƒe, elabena abe alesi kpukpui 2 lia gblɔe ene la, míete ŋu ‘le Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe kple mía Mawu ƒe atsyɔ̃ kpɔm’ le afisia xoxo. Eye nukae do tso eme? Kpukpui 10 lia gblɔ be: “Yehowa ƒe amesiwo wòxɔ ƒle la, atrɔ agbɔ, eye woava Zion kple aseyetsotso, eye dzidzɔ mavɔ anɔ woƒe ta me; vivisese kple dzidzɔ asu wo si, eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.” Nyateƒee, alesi míedo tso alakpasubɔsubɔ me kple tadedeagu vavãtɔ si me míege ɖo le Mawu ƒe amenuveve me nye nusi ta dzi nadzɔ mí ɖo.

18 Ðe dzidzɔ si tsoa tadedeagu vavãtɔ me la mele dzidzim ɖe edzi ɖaa oa? Èkpɔa ame yeyewo wowɔa tɔtrɔwo eye wova sea Biblia me nyateƒea gɔme. Èkpɔa sɔhɛwo wotsina eye wowɔa gbɔgbɔmeŋgɔyiyi le hamea me. Amewo xɔa nyɔnyrɔ̃, eye èkpɔa amesiwo nènya wonɔa nyɔnyrɔ̃ xɔm. Ðe nusiawo menye nusiwo ta míakpɔ dzidzɔ ɖo, nusiwo ta míakpɔ dzidzɔ geɖe ɖo, egbea oa? Ẽ, dzidzɔ kae nye si wònye be ame bubuwo nava kpe ɖe mía ŋu le gbɔgbɔmeblɔɖe kple paradiso ƒe nɔnɔme si me míele la me!

Emevava si Gale Ŋgɔ!

19. Mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le kae Yesaya ta 35 na mí?

19 Va ɖo afisia la, míedzro Yesaya ta 35 lia me vava gbãtɔ si ku ɖe Yudatɔwo ƒe tɔtrɔgbɔ kple alesi wòle eme vam le gbɔgbɔ me egbeae la me. Gake mese ɖe afima o. Nu bubu geɖe gali. Eku ɖe kakaɖedzi si Biblia na mí be le ɣeyiɣi si gbɔna me la, woagbugbɔ paradiso ƒe nɔnɔmewo ŋutɔŋutɔ aɖo anyi le anyigba dzi la ŋu.—Psalmo 37:10, 11; Nyaɖeɖefia 21:4, 5.

20, 21. Nukata nunya le eme eye wòsɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu be míaxɔe ase be Yesaya ta 35 agava eme ake?

20 Masɔ be Yehowa nagblɔ alesi paradiso anɔ na mí nyuie gake wòana be wo me vava nase ɖe gbɔgbɔmenuwo ko dzi o. Gake esia mefia be wo me vava le gbɔgbɔ me mele vevie o. Ne woɖo paradiso ŋutɔŋutɔ anyi gɔ̃ hã la, míaƒe dzi madze eme o ne amesiwo gblẽ ku le gbɔgbɔ me, amegbetɔ siwo wɔa nu abe lã wɔadãwo ene ƒo xlã mí le teƒe dzeaniwo kple lã fafawo dome. (Tsɔe sɔ kple Tito 1:12.) Ẽ, ele be gbɔgbɔ me tɔ nava eme gbã, elabena eyae le vevie wu.

21 Gake menye gbɔgbɔmenu siwo me míesea vivi le fifia kple esiwo me míagava se vivi le geɖe wu le etsɔme dzi koe Paradiso si gbɔna la se ɖo o. Susu nyui li si ta míakpɔ mɔ na nyagblɔɖiwo abe Yesaya ta 35 me tɔ ene ƒe emevava ŋutɔŋutɔ. Nukatae? Enyo, Yesaya gblɔ “dziƒo yeye kple anyigba yeye” ŋu nya ɖi le ta 65 lia me. Apostolo Petro zã nya ma esi wònɔ nu ƒom le nusi akplɔ Yehowa ƒe ŋkekea ɖo ŋu. (Yesaya 65:17, 18; Petro II, 3:10-13) Petro ɖee fia be nɔnɔme siwo ŋu Yesaya ƒo nu tsoe la ava eme ŋutɔŋutɔ ne “anyigba yeye” la va eme ŋutɔŋutɔ. Eƒe akpa aɖee nye nudzɔdzɔ siwo ŋu ɖewohĩ ànya nu le nyuie—xɔwo tutu kple wo me nɔnɔ; weingblewo dede kple wo me kutsetsewo ɖuɖu; ame ƒe asinudɔwɔwɔwo ɖuɖu ɣeyiɣi didi; amegãxi kple alẽvi ƒe wo nɔewo gbɔ nɔnɔ; eye vɔ̃ aɖeke madzɔ le anyigba ƒe teƒe aɖeke o. Ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, afia agbe didi nɔnɔ, aƒe nyuiwo, nuɖuɖu ƒe bɔbɔ, dɔ si me dzidzeme le, kple ŋutifafa si anɔ lãwo dome kple esi anɔ lãwo kpakple amegbetɔwo dome.

22, 23. Nusiwo ta míakpɔ dzidzɔ ɖo kae anɔ anyi ne Yesaya ta 35 va eme le etsɔme?

22 Ðe mɔkpɔkpɔ ma mena dzi le dzɔwòm ŋutɔ oa? Ẽ, ele be wòana dzi nadzɔ wò, elabena nenemae Mawu wɔ mí be míanɔ agbee. (Mose I, 2:7-9) Eyata nukae Yesaya ta 35 ƒe nyagblɔɖi si me dzrom míele la fia? Efia be susu geɖe wu le mía si siwo ta míatso aseye ɖo. Gbegbe kple kuɖiɖinyigbawo ŋutɔŋutɔ aƒo se, si anye nusita míatso aseye ɖo. Ekema amesiwo ƒe ŋku ƒe amadede nye blɔtɔ alo biã vie, alo le amadede dzeani bubu aɖe me, gake woƒe ŋku gbã fifia la, ate ŋu agakpɔ nu ake. Mía hati Kristotɔ siwo nye tokunɔwo, alo mía dometɔ siwo mete ŋu sea nu tututu o gɔ̃ hã, ate ŋu ase nu nyuie. Dzidzɔ kae nye si wòanye be woazã ŋutete ma atsɔ ase Mawu ƒe Nya ne wole exlẽm hele eme ɖem, eye woase yaƒoƒo le atiwo me ƒe gbeɖiɖi viviwo, ɖeviwo ƒe nukoko kple xeviwo ƒe xɔxlɔ̃!

23 Afia hã be xɔdrɔ̃wo, kple amesiwo ŋu ƒunukpeƒetetedɔ le fifia hã, azɔ vevemasemasee. Gbɔdzɔe kae nye si wòanye! Ekema tɔʋu ŋutɔŋutɔwo asi bababa to gbegbewo. Míakpɔ tsia ƒe sisi eye míase eƒe ɖiɖi hã. Míate ŋu azɔ afima eye míaka asi gbe damawo kple aƒlawo ŋu. Anye Paradiso si wogbugbɔ ɖo anyi vavã. Ke dzidzɔ si wòanye be míanɔ dzata alo lã wɔadã ma tɔgbe gbɔ vɔvɔ̃manɔmee hã ɖe? Megahiã be míaƒo nu le ema ŋu fũ o, elabena mí katã míekpɔ nɔnɔmea le susu me eye wòdzɔ dzi na mí xoxo.

24. Nukata nàte ŋu alɔ̃ ɖe nyagbɔgblɔ si le Yesaya 35:10 dzi?

24 Yesaya ka ɖe edzi na mí be: “Yehowa ƒe amesiwo wòxɔ ƒle la, atrɔ agbɔ, eye woava Zion kple aseyetsotso, eye dzidzɔ mavɔ anɔ woƒe ta me.” Eyata míate ŋu alɔ̃ ɖe edzi be nusiwo ta míatso aseye ɖo la le mía si. Enye dzidzɔkpɔkpɔ ɖe nusi Yehowa le wɔwɔm xoxo na eƒe amewo le míaƒe gbɔgbɔmeparadisoa me, kple dzidzɔkpɔkpɔ ɖe nusiwo míate ŋu akpɔ mɔ na le Paradisoa ŋutɔŋutɔ si tu aƒe ŋutɔ me ŋu. Yesaya ŋlɔ le dzidzɔkpɔlawo ŋu—le mía ŋu—be: “Vivisese kple dzidzɔ asu wo si, eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.”—Yesaya 35:10.

Ède Dzesi Woa?

◻ Aleke Yesaya ta 35 va eme zi eveliae?

◻ Nukae sɔ kple tɔtrɔ wɔnuku siwo Yesaya gblɔ ɖi la le gbɔgbɔ me?

◻ Aleke nèkpɔ gome le nyagblɔɖi sia me vava mee?

◻ Nukata míate ŋu agblɔ be Yesaya ta 35 na mɔkpɔkpɔ su mía si ɖe etsɔme ŋu?

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Raymond Street gaxɔ si le Brooklyn, New York, afisi wosika nɔvi adre siwo nɔ ŋgɔ xɔm la ɖo le June 1918 me

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Togbɔ be Nɔviŋutsu Franz ƒe ŋku tsi keŋkeŋ kloe hã la, enɔ nu kpɔm nyuie le gbɔgbɔ me

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Gbɔgbɔ me tsitsi kple ŋgɔyiyi nye susu siwo ta wòle be míakpɔ dzidzɔ ɖo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe