TA WUIATƆ̃
Bubudede Mía Dzila Tsitsiwo Ŋu
1. Nuka ƒe fee míenyi le mía dzilawo si, eye le esia ta la, aleke wòle be míase le mía ɖokui me ahawɔ nu ɖe wo ŋui?
NUNYALA si nɔ anyi gbaɖegbe ʋĩ ke la xlɔ̃ nu be: “Ðo to fofowò, si dzi wò, eye megado vlo dawò, ne eku nyagã o!” (Lododowo 23:22) Ðewohĩ àgblɔ be, ‘Nyemawɔ nenema gbeɖe o!’ Le vlododo mía dadawo—alo mía fofowo—teƒe la, mía dometɔ akpa gãtɔ míelɔ̃a wo vevie. Míenya be míenyi fe gbogbo aɖe le wo si. Gbã la, mía dzilawoe na agbe mí. Togbɔ be Yehowae nye Agbedzɔƒe hã la, ne ɖe menye mía dzilawoe o la, anye ne míedzɔ o. Naneke meli si míate ŋu ana mía dzilawo si axɔ asi ade agbe ŋutɔ nu o. Azɔ bu ɖokuitsɔtsɔsavɔ, beléle na ame vevie, gazazã, kple ɖetsɔleme lɔlɔ̃tɔe siwo wonaa ɖevi tso eƒe vidzĩme ke vaseɖe eƒe tsitsime ŋu kpɔ. Eyata aleke gbegbe wòsɔe nye si be Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu be: “Bu fofowò kple dawò . . . bene wòanyo na wò, eye nanɔ agbe didie le anyigba dzi!”—Efesotɔwo 6:2, 3.
SESELELÃMENUHIAHIÃWO KPƆKPƆ DZE SII
2. Aleke vi tsitsiwo awɔ axe ‘teƒeɖoɖo si dze’ ƒe fe na wo dzilawo?
2 Apostolo Paulo ŋlɔ na Kristotɔwo be: “[Viwo alo mamayɔviwo nasrɔ̃] alesi woawɔ nusi adze Mawu ŋu la le woa ŋutɔwo ƒe aƒe me gbã, eye woaɖo teƒe na wo dzilawo; elabena esia nyo le Mawu ŋku me.” (Timoteo I, 5:4) Vi tsitsiwo tsɔa ‘teƒeɖoɖo si dze’ sia nana ne woɖenɛ fiana be yewokpɔ ŋudzedze ɖe ƒe gbogbo siwo yewo dzilawo kple yewo tɔgbuiwo kpakple mamawo tsɔ lɔ̃ yewo hekpe fu ɖe yewo ta, lé be na yewoe ŋu. Mɔ siwo nu ɖeviwo ate ŋu awɔ esia le dometɔ ɖekae nye be woakpɔe dze sii be ame tsitsiwo hã hiã lɔlɔ̃ kple kakaɖedziname, abe amesiame ene—zi geɖe la, wohiãnɛ vevie ŋutɔ. Abe mí katã ene la, ehiã be woase le wo ɖokui me be wodea asixɔxɔ yewo ŋu. Ehiã be woase le wo ɖokui me be viɖe le yewoƒe agbe ŋu.
3. Aleke míawɔ ade bubu mía dzilawo, tɔgbuiwo, kple mamawo ŋu?
3 Eyata míate ŋu ade bubu mía dzilawo kple mía tɔgbuiwo kpakple mamawo ŋu ne míena wonya be míelɔ̃ wo. (Korintotɔwo I, 16:14) Ne mía dzilawo mele mía gbɔ o la, ele be míaɖo ŋku edzi be mía ŋkɔ sese le vevie na wo ale gbegbe. Lɛta vivi aɖe ŋɔŋlɔ na wo, kaƒoƒo na wo, alo wo sasrãkpɔ adzɔ dzi na wo ŋutɔ. Miyo si le Japan ŋlɔ le eƒe 82 xɔxɔ me be: “Vinyenyɔnu [si srɔ̃ nye dzikpɔla mɔzɔla] gblɔna nam be: ‘Taflatse, Dada, “zɔ mɔa” kple mí.’ Eɖoa afisi wowɔ ɖoɖo be woanɔ kwasiɖa sia kwasiɖa kple woƒe telefon xexlẽdzesi ɖem. Mete ŋu ʋua nye anyigbanɔnɔmetatagbalẽ agblɔ be: ‘Aa. Afii wole fifiae nye si!’ Medaa akpe na Yehowa ɣesiaɣi be eyram be medzi vi sia.”
KPEKPE ÐE WO ŊU LE ŊUTILÃMENUHIAHIÃWO GOME
4. Aleke Yudatɔwo ƒe subɔsubɔkɔnyinyiwo de tagbɔsesẽ le dzila tsitsiwo ŋu ƒe dzi ƒoe?
4 Ðe wòanye be bubudede ame dzilawo ŋu bia hã be woana ŋutilãmekpekpeɖeŋu woa? Ẽ. Zi geɖe la, ebiana nenema. Le Yesu ƒe ŋkekeawo me la, Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo de kɔnyinyi si gblɔ be ne ame aɖe gblɔ be yeƒe ga nye “nunana na Mawu” la, ke evo tso ezazã atsɔ akpɔ edzilawo dzii ƒe agbanɔamedzi me la dzi. (Mateo 15:3-6) Tagbɔsesẽ ka gbegbe nye ema! Le nyateƒe me la, subɔsubɔhakplɔlawo nɔ dzi dem ƒo na amewo be womegabu wo dzilawo o ke boŋ be woatsɔ woƒe nuhiahiãwo tete wo ɖokuitɔdiditɔe ado vlo woe. Míadi gbeɖe be míawɔ nu ma o!—Mose V, 27:16.
5. Togbɔ be dukɔ aɖewo ƒe dziɖuɖuwo wɔ ɖoɖo hã la, nukatae bubudede dzilawo ŋu biana ɣeaɖewoɣi be woana gakpekpeɖeŋu wo?
5 Le dukɔ geɖe me egbea la, dziɖuɖu ƒe kpekpeɖeŋunahabɔbɔwo kpɔa ame tsitsiwo ƒe ŋutilãmenuhiahiã aɖewo gbɔ, abe nuɖuɖu, nudodo, kple nɔƒe ene. Hekpe ɖe ema ŋu la, ɖewohĩ ame tsitsiawo ŋutɔ te ŋu dzra nanewo ɖo ɖi ɖe woƒe tsitsime ŋu. Gake ne nusiawo vɔ alo womesu o la, ɖeviwo wɔa nusi woate ŋui be woakpɔ wo dzilawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ tsɔ dea bubu wo ŋui. Le nyateƒe me la, beléle na dzila tsitsiwo fia be mawusosroɖa le ame me, egɔmee nye be wotsɔ ame ɖokui ke Yehowa Mawu, ƒomeɖoɖoa Gɔmeɖoanyila.
LƆLƆ̃ KPLE ÐOKUITSƆTSƆSAVƆ
6. Afisi woanɔ ƒe ɖoɖo kawoe ame aɖewo wɔ le woƒe agbenɔnɔ me bene woate ŋu akpɔ wo dzilawo dzi?
6 Vi tsitsi geɖe tsɔ lɔlɔ̃ kple ɖokuitsɔtsɔna kpɔ wo dzila tsitsiwo ƒe nuhiahiãwo gbɔe. Ðewo kplɔ wo dzilawo yi woawo ŋutɔ ƒemee alo woʋu va teƒe si te ɖe wo ŋu. Bubuwo ʋu va tsi wo dzilawo gbɔ. Zi geɖe la, ɖoɖo siawo nyea yayra na dzilawo kple ɖeviawo siaa.
7. Nukatae wònyo be womagatsɔ dzitsitsi atso nya me le dzila tsitsiwo ŋu o?
7 Gake ɣeaɖewoɣi la, ʋuʋu siawo meɖea vi o. Nukatae? Ðewohĩ esi wotsi klokloklo akpa ɖe nyametsotsoa wɔwɔ ŋu alo esi wonɔ te ɖe ame ƒe seselelãme ɖeɖeko dzi wɔe tae. Biblia xlɔ̃ nu nunyatɔe be: “Nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.” (Lododowo 14:15) Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be dawò si zu ame tsitsi la ɖeɖe ƒe anyinɔnɔ le sesẽm nɛ eye nèsusu be ade edzi be wòaʋu va ye gbɔ. Àte ŋu abu nya siwo gbɔna ŋu le ŋkuléle ɖe wò afɔɖeɖewo ŋu nyuie me: Nukawo tututue nye eƒe nuhiahiãwo? Ðe kpekpeɖeŋunahabɔbɔ siwo le wo ɖokui si alo esiwo nye dziɖuɖu tɔ li siwo te ŋu naa kpekpeɖeŋu si sɔa? Ðe wòdi be yeaʋua? Ne edii la, ŋusẽ kae wòakpɔ ɖe eƒe agbe dzi? Ðe wòafia be adzo le exɔlɔ̃wo gbɔa? Ŋusẽ kae esia akpɔ ɖe eƒe seselelãme dzi? Mia kplii mienɔ anyi de ŋugble le nya siawo ŋua? Aleke eƒe ʋuʋua akpɔ ŋusẽ ɖe wò ŋutɔ, srɔ̃wò, kple wò ŋutɔ viwòwo dzii? Ne dawò hiã dzikpɔkpɔ tɔxɛ la, amekae akpɔ edzi? Ðe miate ŋu amã agbaa atsɔa? Èdzro eme kple amesiwo katã nya la ka tẽa?
8. Amekawo ŋue nàte ŋu ate ɖo le nyametsotso wɔwɔ le dziwòla tsitsiwo ŋu me?
8 Esi wònye ɖevi siwo katã le ƒomea me ƒe ŋkumee dzikpɔkpɔa kpɔ ta la, nunya anɔ eme be woawɔ ƒometakpekpe ale be amesiame nakpɔ gome le nyametsotsoawo wɔwɔ me. Egbɔgblɔ na Kristotɔ hamemegãwo alo na xɔlɔ̃ siwo hã to nɔnɔme sia tɔgbe me kpɔ hã ate ŋu aɖe vi. Biblia xlɔ̃ nu be: “Afisi adaŋudede mele o la, tameɖoɖowo tsia akpo dzi; ke afisi adaŋudela geɖewo le la, edzea edzi.”—Lododowo 15:22.
SE VEVE ÐE WO TI EYE NÀSE NU ME NA WO
Nunya mele eme be nàwɔ nyametsotso na dziwòla ne mègblɔe nɛ do ŋgɔ o
9, 10. (a) Togbɔ be dzila tsitsiwo zu ame tsitsiwo hã la, ameŋububu kae wòle be woatsɔ na wo? (b) Eɖanye afɔ kae vi tsitsi aɖe ɖe ɖe edzilawo ƒe nyonyo ta o, nukae wòle be wòatsɔ na wo ɣesiaɣi?
9 Bubudede mía dzila tsitsiwo ŋu bia be míase veve ɖe wo ti eye míase nu me na wo. Esi ame tsitsiawo le amegã kple nyagã kum la, zɔzɔ, nuɖuɖu, kple ŋkuɖoɖo nu dzi azu dɔ na wo. Ðewohĩ woahiã kpekpeɖeŋu. Zi geɖe la, wo viwo va tsia dzi ɖe wo ŋu akpa eye wodina be yewoafia mɔ wo. Gake ame tsitsi siwo kpɔ nuteƒe le agbe me eye nunya geɖe le wo sie tɔgbui kple mamawo nye, wokpɔ wo ɖokui dzi le woƒe agbe me eye wowɔ woawo ŋutɔ woƒe nyametsotsowo. Wodi be woade dzesii be dzila kple ame tsitsiwoe yewonye eye be enye bubu le yewo ŋu. Dzila siwo sena le wo ɖokui me be ele be yewoaɖe asi le yewo ɖokui ŋu na yewo viwo ne woakpɔ ŋusẽ ɖe yewoƒe agbe dzi la alé blanui alo aku dzi na wo. Evea wo dometɔ aɖewo wotsia tre ɖe nusi adze na wo abe ɖe wodi be woaxɔ yewoƒe ɖokuisinɔnɔ le yewo si ene ŋu.
10 Mɔnu bɔbɔe aɖeke meli woato akpɔ ta na kuxi siawo o, gake enye dɔmenyowɔwɔ na dzila tsitsiwo be woaɖe mɔ na wo woakpɔ wo ɖokui dzi eye woawo ŋutɔ nawɔ woƒe nyametsotso vaseɖe afisi wòanya wɔ ase ɖo. Nunya le eme be màgatso nya me na dziwòlawo ne menye ɖe nèɖo dze tso eŋu kple wo gbã o. Ðewohĩ wobu nu geɖe xoxo. Na nusi susɔ ɖe wo si la nanɔ wo si. Àkpɔe be zi alesi yemedze agbagba be yeakpɔ ŋusẽ ɖe ye dzilawo ƒe agbe dzii o la, zi nenemae mia kple wo dome avivii wu. Dzi adzɔ wo wu, eye adzɔ wò hã. Ne ehiã be nàte tɔ ɖe nanewo dzi ɖe woƒe nyonyo ta hã la, bubudede dziwòlawo ŋu bia be nàde asixɔxɔ si wodze na la wo ŋu eye nàbu wo ŋu. Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu be: “Amegã ta ɣi ŋku me nanɔ tsitre ɖo, eye bu amegã ɖeɖi la.”—Mose III, 19:32.
NƆNƆME NYUITƆ ƑE AMESINƆNƆ
11-13. Ne vi tsitsi aɖe kple edzilawo dome menɔ nyuie o la, aleke wòate ŋu akpɔ woƒe dzikpɔkpɔkuxi la gbɔe kokoko le woƒe tsitsime?
11 Ɣeaɖewoɣi la, kuxi aɖe si dzea ŋgɔ vi tsitsiwo le bubudede wo dzila tsitsiwo ŋu mee nye alesi wo kple wo dzilawo dome nɔ va yi. Ðewohĩ fofowò metsɔ ɖeke le eme na mi o eye melɔ̃ mi o, dawò hã nye tamesesẽtɔ eye eƒe nya dzi sẽ. Vaseɖe fifia la, ɖewohĩ alesi womenye dzila siwo tɔgbe nèdi be woanye o la na dzi gaɖe le ƒowò kokoko, ekua dzi na wò, alo evea wò. Ðe nàte ŋu aɖu seselelãme siawo dzia?a
12 Basse si nɔ Finland tsi la gblɔ be: “Fofonye si xɔm nyi nye SS-srafo le Nazi Germania. Dzi kunɛ kabakaba eye ate ŋu awɔ nuvevi wò bɔbɔe. Eƒoa danye zi geɖe le ŋkunyeme. Gbeɖeka si wòkpɔ dziku la, enyè eƒe alidziblanu eye wòtsɔ enuga xlã ɖe ŋkume nam. Edzem sesĩe ale gbegbe be ɖeko memu dze aba dzi.”
13 Gake eƒe nɔnɔme ƒe akpa bubu aɖe hã li. Basse gblɔ kpee be: “Gake ewɔa dɔ ale gbegbe eye mewɔa alɔgblɔdɔ le ƒomea ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo didi na wo me o. Meɖe lɔlɔ̃ si fofowo tsɔ lɔ̃a wo viwo la fiam kpɔ ya o, gake menya be nanee de abi eƒe seselelãme ŋu. Dadaa nyae le aƒeme esime wònye ɖevi dzaa ko. Kɔ koe wòda ʋuu tsɔ tsii eye wòyi aʋa le eƒe ɖekakpuime. Mese nu me nɛ vaseɖe afi aɖe eye nyemebu fɔe o. Esi metsi la, medi be makpe ɖe eŋu alesi mate ŋui vaseɖe eƒe ku me. Menɔ bɔbɔe o, gake mewɔ nye ŋutete. Medze agbagba be manye vi nyui nɛ eye mexɔ se be ebum be eyae menye na ye.”
14. Ŋɔŋlɔ kae sɔna le nɔnɔme ɖesiaɖe me, hekpe ɖe esiwo doa mo ɖa ne wole dzila tsitsiwo dzi kpɔm hã ŋu?
14 Le ƒomenyawo me, abe alesi wòle le nya bubuwo me ene, la, Biblia ƒe nuxlɔ̃ame sia sɔ, be: “Mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu, eye mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti la, alesi [Yehowa, NW] hã tsɔ ke mii la, miawo hã miwɔ nenema ke!”—Kolosetɔwo 3:12, 13.
DZIKPƆLAWO HÃ HIÃ BELÉLE
15. Nukatae wònyea vevesese be woakpɔ dzilawo dzi ɣeaɖewoɣi?
15 Dɔ sesẽe wònye be woakpɔ dzila si si lãmesẽ mele o dzi, ebia dɔ geɖe wɔwɔ, agbanɔamedzi geɖe tsɔtsɔ, kple dɔwɔwɔ gaƒoƒo geɖe. Gake akpa si sesẽ wue nye le seselelãme gome. Enyea vevesese gã aɖe be nàkpɔe dziwòlawo ƒe lãmesẽ kple ŋkuɖoɖonudzi me nanɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm, eye woƒe ɖokuisinɔnɔ dzi nanɔ ɖeɖem kpɔtɔ. Sandy si tso Puerto Rico gblɔ be: “Danyee nye sɔti na míaƒe ƒomea. Enye vevesese gã aɖe be nànɔ eƒe fukpeƒe kpɔm eye be woakpɔ edzi. Gbã la, enɔ tɔtɔm; emegbe ehiã atitɔɖeŋu, emegbe keke si wotsɔ fiaa zɔzɔ nuwɔametɔwoe, emegbe bunɔwo ƒe keke. Le ema megbe la, ɖeko eƒe lãmegbegblẽa nɔ edzi yim kakaka vaseɖe eƒe ku me. Cancer ɖo eƒe ƒuwo me eye ele be woawɔ nusianu nɛ—zã kple keli. Míeléa tsi nɛ, doa awu nɛ hexlẽa agbalẽ nɛ. Esesẽ ŋutɔ—vevietɔ le seselelãme gome. Esi mekpɔe be kukum danye nɔ la, mefa avi elabena melɔ̃e vevie.”
16, 17. Aɖaŋuɖoɖo kae akpe ɖe dzikpɔlawo ŋu be woƒe susu nada asɔ le nuwo ŋu?
16 Ne èkpɔ be yele nɔnɔme sia tɔgbe me la, nukae nàte ŋu awɔ atsɔ anɔ te ɖe enu? Toɖoɖo Yehowa to Biblia xexlẽ kple nuƒoƒo nɛ le gbedodoɖa me akpe ɖe ŋuwò geɖe. (Filipitɔwo 4:6, 7) Kpɔ egbɔ be nàɖu nu nyui si da sɔ alesi nàte ŋui eye nàdze agbagba adɔ alɔ̃ wòasu wò nyuie. Ne èwɔe alea la, ana wòanya wɔ na wò wu, le seselelãme kple ŋutilã me gome, be nàkpɔ wò lɔlɔ̃tɔ la dzi. Ðewohĩ àte ŋu awɔ ɖoɖo agbɔ ɖe eme vie le wò gbesiagbedɔwɔnawo me. Ne manya wɔ be nàyi mɔkeke o hã la, kokoko enye nusi me nunya le be nàɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi atsɔ aɖi ɖe eme. Àte ŋu awɔ ɖoɖo be ame bubu nanɔ dziwòla si si lãmesẽ mele o gbɔ bene nàkpɔ ɣeyiɣi atsɔ aɖi ɖe emee.
17 Ebɔ be ame tsitsi siwo nye dzikpɔlawo nasusu nusiwo kɔkɔ wu wo be eyae wòle be yewoawɔ. Gake mègabu nusi màte ŋu awɔ o ƒe fɔ ɖokuiwò o. Le go aɖewo me la, ahiã be nàkplɔ wò lɔlɔ̃tɔa ayi ame tsitsiwo dzikpɔƒee. Ne wòe nye edzikpɔla la, ke taɖodzinu siwo nàɖo na ɖokuiwò la megakɔkɔ wu wò o. Menye dziwòlawo ƒe nuhiahiãwo me ko wòle be nàda asɔ le o ke boŋ ele be nàda asɔ le viwòwo, srɔ̃wò, kple wò ŋutɔ ɖokuiwò tɔ hã me.
ŊUSẼ SI GBƆ DZƆDZƆMETƆ ŊU
18, 19. Kpekpeɖeŋu ka ƒe ŋugbee Yehowa do, eye nuteƒekpɔkpɔ kae fia be ewɔna ɖe ŋugbedodo sia dzi?
18 Yehowa naa mɔfiame si ate ŋu akpe ɖe ame ŋu vevie ne wole ame dzila tsitsiwo dzi kpɔm la ame lɔlɔ̃tɔe le eƒe Nya Biblia me, gake menye eya koe nye kpekpeɖeŋu si wònana o. Gbɔgbɔ ʋã hakpala la wòŋlɔ be: “Yehowa tsɔ ɖe amesiwo katã yɔnɛ, amesiwo katã yɔnɛ le nyateƒe me la gbɔ. Ewɔa amesiwo vɔ̃nɛ la, ƒe didi dzi na wo, esea woƒe ɣli, eye wòxɔna na wo.” Yehowa aɖe eƒe nuteƒewɔlawo, alo akpɔ wo ta, be woato nɔnɔme sesẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã me.—Psalmo 145:18, 19.
19 Myrna si le Philippines srɔ̃ nusia esime wònɔ dadaa si gbagbãdɔ na megate ŋu wɔa naneke kura o la dzi kpɔm. Myrna ŋlɔ be: “Naneke metena ɖe ame dzi dea ekpɔkpɔ be wò lɔlɔ̃tɔ le fu kpem evɔ mate ŋu agblɔ afisi le evem na wò o la nu o. Ðeko wòle abe alesi nàkpɔe tsi nanɔ elém vivivi ene, evɔ naneke meli mawɔ le eŋu o. Medzea klo zi geɖe gblɔa alesi gbegbe ɖeɖi te ŋunyee na Yehowa. Mefaa avi abe Dawid, amesi ɖe kuku na Yehowa be wòade yeƒe aɖatsiwo goe me eye wòaɖo ŋku ye dzi ene. [Psalmo 56:9] Eye abe alesi Yehowa do ŋugbee ene la, edo ŋusẽ si hiãm lam. Yehowa zu ziɔɖeŋutɔ nam.”—Psalmo 18:19.
20. Biblia ƒe ŋugbedodo kawoe kpena ɖe dzikpɔlawo ŋu be dzi nanɔ wo ƒo, ne amesi dzi kpɔm wole ku gɔ̃ hã?
20 Wogblɔna be “ŋutinya si mewua enu ɖe dzidzɔ me o” ye wònyena be woakpɔ ame dzila tsitsiwo dzi. Aleke gbegbe nèkpɔ ame tsitsiawo dzii o, woava ku godoo, abe alesi wòdzɔ ɖe Myrna dada dzii ene. Gake amesiwo ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu nya be ku menye nya la seƒe o. Apostolo Paulo gblɔ be: “Mɔkpɔkpɔ . . . le asinye na Mawu . . . bena, tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” (Dɔwɔwɔwo 24:15) Amesiwo dzila tsitsiwo ku kplɔ dzoe la kpɔa akɔfafa le tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa kple Mawu ƒe xexe yeye wɔnuku si me “ku maganɔ anyi akpɔ o” ŋuti ŋugbedodo la me.—Nyaɖeɖefia 21:4.
21. Vi kawoe bubudede dzila tsitsiwo ŋu ɖena?
21 Mawu subɔlawo dea bubu deto wo dzilawo ŋu togbɔ be woazu ame tsitsiwo hã. (Lododowo 23:22-24) Wodea asixɔxɔ wo ŋu. Esia wɔwɔ naa nusi lododo si tso gbɔgbɔ me gblɔ la va eme na wo, be: “Fofowò kple dawò akpɔ dzidzɔ, eye dawò atso aseye.” (Lododowo 23:25) Eye ƒo wo katã ta la, amesiwo dea bubu wo dzila tsitsiwo ŋu ƒe nu dzea Yehowa Mawu ŋu eye wònye bubudede eya hã ŋu.
a Menye nya siwo me dzilawo zã woƒe ŋusẽ alo wo viwo ƒe ŋuɖoɖo ɖe wo ŋu ɖe mɔ gbegblẽ nu wògbɔ eme ale be woabui be edze agɔ si dze na tohehe ƒe nya gblɔm míele le afisia o.