INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • fy ta 14 axa 163-172
  • Tsitsi Aku Amegã Kple Nyagã Ðekae

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tsitsi Aku Amegã Kple Nyagã Ðekae
  • Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • TRƆ ÐE VIWÒWO ƑE WO ÐOKUISINƆNƆ ŊU
  • ŊUSẼ YEYE DODO MIAƑE SRƆ̃ÐENUBABLA LA
  • MINA MIA TƆGBUI KPLE MAMA YƆVIWO ƑE MIA GBƆ NƆNƆ NAÐE VI NA MI
  • MINƆ TƆTRƆM ESIME MIELE TSITSIM
  • TENƆNƆ ÐE SRƆ̃WO ƑE KU NU
  • MAWU DEA ASIXƆXƆ WO ŊU LE WOƑE TSITSIME
  • Anyinɔnɔ Ðekae Le Lɔlɔ̃ Me
    Nyɔ!—1995
  • Nukae Nye Kuxiawo Dometɔ Aɖewo?
    Nyɔ!—1995
  • Tɔgbuiwo Kple Mamawo Woƒe Dzidzɔwo Kple Kuxiwo
    Nyɔ!—1999
  • Ne Tɔgbuiwo Kple Mamawo Zu Dzilawo
    Nyɔ!—1999
Kpɔ Bubuwo
Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
fy ta 14 axa 163-172

TA WUIENE

Tsitsi Aku Amegã Kple Nyagã Ðekae

1, 2. (a) Tɔtrɔ kawoe vana ne wole amegã alo nyagã kum? (b) Aleke mawuvɔ̃la siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me wɔ kpɔ dzidzeme le woƒe tsitsime?

TƆTRƆ geɖe vana ne míele amegã alo nyagã kum. Míaƒe ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ wɔnɛ be ŋusẽ vɔna le mía ŋu. Ne míekpɔ ahuhɔ̃e me la, míakpɔ be ayi ko lém míaƒe ŋkume le eye vivivi la, míaƒe ɖa le wɔ ƒom​—⁠míaƒe ta gɔ̃ hã le bebem. Ðewohĩ nu megate ŋu lina ɖe susu me na mí tututu o. Míeva doa ƒome yeyewo ne ɖeviawo ɖe srɔ̃, kple ne wodzi tɔgbui kple mama yɔviwo. Le ame aɖewo gome la, dzudzɔxɔxɔledɔme naa woƒe agbemedɔwɔnawo trɔna.

2 Le nyateƒe me la, tsitsimefukpekpewo nu te ŋu sẽna. (Nyagblɔla 12:​1-8) Ke hã bu Mawu subɔla siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ŋu kpɔ. Togbɔ be wova ku hã la, nunya kple gɔmesese siwo he dzidzeme gã aɖe vɛ na wo le woƒe tsitsime la su wo si. (Mose I, 25:8; 35:29; Hiob 12:12; 42:17) Aleke wowɔ hafi te ŋu kpɔ dzidzɔ le woƒe tsitsime? Ðikekemanɔmee la, esi wonɔ agbe ɖe gɔmeɖose siwo míekpɔna le Biblia me egbea nu tae.​—⁠Psalmo 119:105; Timoteo II, 3:​16, 17.

3. Aɖaŋu kae Paulo ɖo na ŋutsu kple nyɔnu tsitsiwo?

3 Le lɛta si apostolo Paulo ŋlɔ na Tito me la, efia afɔɖoƒe nyui aɖewo amesiwo le amegã alo nyagã kum. Eŋlɔe be: “[Ŋutsu] tsitsiwo nanye ɖokuidziɖulawo, ɖokuiléla nyuiwo, ame ɖɔŋuɖowo, eye woanɔ blibo le xɔse, lɔlɔ̃ kple dzidodo me. Nenema ke nyɔnu tsitsiwo hã nanɔ anyi, abe alesi wòdze nyɔnu kɔkɔewo ene: Woaganye ameŋuzɔlawo o, woaganye aha geɖe nolawo o; ke boŋ woanye nu nyui fialawo.” (Tito 2:​2, 3) Wɔwɔ ɖe nya siawo dzi ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdze ŋgɔ fukpekpe siwo wodoa goe ne wole tsitsim.

TRƆ ÐE VIWÒWO ƑE WO ÐOKUISINƆNƆ ŊU

4, 5. Aleke dzila geɖe wɔna ne wo viwo tsi dzo le aƒeme, eye aleke wo dometɔ aɖewo trɔna ɖe nɔnɔme yeyea ŋui?

4 Ne dɔ siwo nèwɔna tsã trɔ la, ahiã be nàtrɔ ɖe wo ŋu. Aleke gbegbe esia nyea nyateƒee nye esi ne vi tsitsiwo dzo le aƒea me yi ɖaɖe srɔ̃! Le dzila geɖe gome la, nusiae nye nu gbãtɔ si ɖoa ŋku edzi na wo be wole tsitsim. Togbɔ be edoa dzidzɔ na dzilawo be yewo viwo tsi hã la, zi geɖe la, wotsia dzi be ɖe yewowɔ nusianu si yewoate ŋui tsɔ dzra ɖeviawo ɖoe ɖe wo ɖokui si nɔnɔ ŋu hã. Eye adzro wo vevie be woaganɔ yewo gbɔ le aƒea me.

5 Eme kɔ be dzilawo gatsia dzi ɖe wo viwo ƒe nyonyo ŋu kokoko, ne wodzo le aƒea me vɔ megbe gɔ̃ hã. Vidada aɖe gblɔ be: “Ame aɖe kpɔ be ɖe mase wo ŋkɔ, aka ɖe edzi be wole nyuie​—⁠adzɔ dzi nam ŋutɔ.” Vifofo aɖe gblɔ be: “Esi mía vinyɔnua dzo le aƒea me la, esẽ na mí ŋutɔ. Míesusua eŋu ŋutɔ le míaƒe ƒomea me elabena mí katã koe wɔa nusianu ɖekae ɣesiaɣi.” Aleke dzila siawo wɔ wo viwo ƒe anyimanɔmanɔ mã wo? Le nu geɖe me la, ɖetsɔtsɔ le ame bubuwo me kple kpekpe ɖe wo ŋue na.

6. Nukae wɔnɛ be nukpɔsusu si da sɔ nɔa ame si le ƒomedodowo ŋu?

6 Ne ɖeviwo ɖe srɔ̃ la, dzilawo ƒe wɔƒe trɔna. Mose I, 2:24 gblɔ be: “Ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka.” (Míawoe te gbe ɖe edzi.) Mawumegɔmeɖose siwo ku ɖe tanyenye kple nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nyui nu ŋu dzi zɔzɔ akpe ɖe dzilawo ŋu be woƒe nukpɔsusu nada asɔ le alesi nuwo nanɔ ŋu.​—⁠Korintotɔwo I, 11:3; 14:​33, 40.

7. Nɔnɔme nyui kae fofo aɖe srɔ̃ esi vianyɔnuwo dzo le aƒea me ɖaɖe srɔ̃?

7 Esi srɔ̃tɔ aɖewo vinyɔnu eve ɖe srɔ̃ dzo le aƒea me la, atsu kple asi siawo va tsi yaa. Gbã la, toyɔviawo ƒe nu vea dɔme na ŋutsua. Gake esi wòde ŋugble le tanyenye ƒe gɔmeɖosea ŋu la, ekpɔe be fifia ye vinyɔnuawo srɔ̃wo ƒe ŋkumee wòkpɔ be woakpɔ woƒe aƒewo dzi. Eyata ne vianyɔnuawo va bia aɖaŋuɖoɖo la, ebiaa nusi wo srɔ̃wo susu la wo, eye ekpɔa egbɔ be yede wo dzi alesi yeate ŋui. Fifia toyɔviawo va bunɛ wo xɔlɔ̃e eye woxɔa eƒe aɖaŋuɖoɖo.

8, 9. Aleke dzila aɖewo trɔ ɖe wo vi tsitsiwo ƒe ɖokuisinɔnɔ ŋui?

8 Ke ne srɔ̃tɔ yeyewo mete ŋu ɖoa nusi wo dzilawo susu be eyae nyo wu gbɔ o, togbɔ be womele naneke si tsi tre ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu wɔm o hã ɖe? Ŋutsu aɖe kple srɔ̃a siwo viwo ɖe srɔ̃ ɖe nu me be: “Míekpena ɖe wo ŋu ɣesiaɣi be woakpɔ nusi nye Yehowa ƒe nukpɔsusu. Gake ne míaƒe susu mewɔ ɖeka kple woƒe nyametsotso aɖe o la, míexɔnɛ eye míekpena ɖe wo ŋu hedea dzi ƒo na wo.”

9 Esẽna ŋutɔ na vinɔ aɖewo le Asia-dukɔ aɖewo me be woalɔ̃ ɖe edzi be yewo viŋutsuwo nanɔ wo ɖokui si. Gake ne wodea bubu Kristotɔwo ƒe nuwo wɔwɔ ɖe ɖoɖo nu kple tanyenye ŋu la, wokpɔnɛ be ana yewo kple yewo lɔ̃xoyɔviwo dome masɔmasɔwo dzi naɖe akpɔtɔ. Kristotɔ nyɔnu aɖe kpɔ be ye viŋutsuwo ƒe dzodzo le ƒomea ƒe aƒeme nye “nusita yeanɔ akpe dam ɖo ɣesiaɣi.” Ne ekpɔ alesi woawo ŋutɔ wole woƒe ƒome yeyewo dzi kpɔmee la, dzi dzɔnɛ wu gbɔgblɔ. Eye esia ɖe agba si anɔ wo kple srɔ̃a dzi kple tamebubu si wòanye na wo esime wole tsitsim la dzi kpɔtɔ.

ŊUSẼ YEYE DODO MIAƑE SRƆ̃ÐENUBABLA LA

Nɔnɔmetata si le axa 166

Mika ɖe edzi na mia nɔewo be yewolɔ̃ yewo nɔewo esime miele tsitsim

10, 11. Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋuɖoɖo kawoe akpe ɖe amewo ŋu be womage ɖe tsitsime mɔ̃tetre aɖewo me o?

10 Amewo wɔa nu le mɔ vovovo nu ne wole ame tsitsiwo zum. Ŋutsu aɖewo doa awu le mɔ bubu sã nu bene yewoagadze ɖekakpuiwoe. Nyɔnu geɖe tsia dzi ɖe tɔtrɔ siwo gbɔtotsitsi ƒe tetɔtɔ hena vɛ ŋu. Ewɔ nublanui be ame tsitsi aɖewo nɔa ɖekakpui alo ɖetugbi ha dem tsɔ nɔa dziku dom na wo srɔ̃wo alo tsɔ nyɔa ŋuʋaʋã ɖe wo me. Gake ŋutsu siwo vɔ̃a Mawu ya nɔa “mo xexi” eye woxea mɔ na dzodzro vɔ̃wo. (Petro I, 4:⁠7) Nyɔnu siwo tsi le gbɔgbɔ me hã dzea agbagba nenema ke be yewoana yewoƒe srɔ̃ɖeɖe nali ke, le lɔlɔ̃ na wo srɔ̃wo kple kple didi be yewoadze Yehowa ŋu ta.

11 Gbɔgbɔ ʋã Fia Lemuel wòŋlɔ alesi wokafua “nyɔnu zazɛ̃” si “[wɔa nyui na srɔ̃a], eye menye vɔ̃ o, le eƒe agbe me ŋkekewo katã me” la ɖi. (Míawoe te gbe ɖe edzi.) Kristotɔ srɔ̃ŋutsu magbe agbagba siwo srɔ̃a dzena be yeanɔ te ɖe alesi yeƒe seselelãme tɔtɔna le yeƒe tsitsime nu la kpɔkpɔ dze sii o. Lɔlɔ̃ na nyɔnua ana ‘wòakafui.’​—⁠Lododowo 31:​10, 12, 28.

12. Aleke srɔ̃tɔwo awɔ wo dome nanɔ kplikplikpli wu esime ƒeawo va le yiyim?

12 Ðewohĩ mi ame evea mielɔ̃ faa da mia ŋutɔ miaƒe nudidiwo ɖe akpa be miakpɔ mia viwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ le ƒe siwo me miaƒe ŋku biã ɖe ɖeviwo nyinyi ŋu me. Esi wodzo vɔ la, esiae nye ɣeyiɣi si me wòle be miagbugbɔ ŋku alé ɖe miaƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ ŋu ake. Srɔ̃ŋutsu aɖe gblɔ be: “Le vinyenyɔnuwo ƒe dzodzo le aƒea me vɔ megbe la, megadze nuwɔwɔ ɖe srɔ̃nye ŋu gɔme yeyee kura abe alesi mewɔnɛ tsã hafi mava ɖee ene.” Srɔ̃ŋutsu bubu gblɔ be: “Míaƒe ŋku nɔa mía nɔewo ƒe lãmesẽ ŋu eye míeɖoa ŋku alesi kamedede hiãe dzi na mía nɔewo.” Bene womagatsi akogo o la, wo kple srɔ̃a wowɔa amedzro na hamea me tɔ bubuwo. Nyateƒee, ɖetsɔtsɔ le eme na ame bubuwo hea yayrawo vɛ. Gawu la, edzea Yehowa ŋu.​—⁠Filipitɔwo 2:4; Hebritɔwo 13:​2, 16.

13. Akpa kae nusi le ame ƒe dzi me gbɔgblɔ faa kple nyateƒetoto wɔna esime atsu kple asi le tsitsim ɖekae?

13 Mègana numaƒomaƒo na ame nɔewo nanɔ mia kple srɔ̃wò dome o. Miɖo dze kple mia nɔewo tso dzi me ke. (Lododowo 17:27) Srɔ̃ŋutsu aɖe ɖe nu me be: “Míeléa be na mía nɔewo eye míebua mía nɔewo ŋu tsɔ tua nugɔmesese na mía nɔewo ɖoe.” Srɔ̃a lɔ̃ ɖe edzi be: “Esi míezu ame tsitsiwo la, míeva noa tii ɖekae, nɔa dze ɖom, eye míewɔa nuwo ɖekae.” Nya si le wò dzi me gbɔgblɔ faa kple nyateƒetoto ate ŋu awɔe be miaƒe srɔ̃ɖenubabla la me nasẽ goŋgoŋ, eye wòana ŋusẽ si aɖu Satana, srɔ̃ɖeɖemegblẽla la, ƒe amedzidzedzewo dzi naɖo eŋu.

MINA MIA TƆGBUI KPLE MAMA YƆVIWO ƑE MIA GBƆ NƆNƆ NAÐE VI NA MI

14. Akpa kae wòdze ƒã be Timoteo mama wɔ le mamaa yɔvi la ƒe tsitsi va zu Kristotɔ me?

14 Tɔgbui kple mama yɔviwo nye ame tsitsiwo ƒe “fiakuku.” (Lododowo 17:⁠6) Tɔgbui kple mama yɔviwo ƒe ame gbɔ nɔnɔ ate ŋu avivi na ame ŋutɔ​—⁠ate ŋu ade agbe yeye ame me ahafa akɔ hã na ame. Biblia ƒo nu nyuie le Loide, vimama aɖe si kple vianyɔnu Eunike, gblɔ eƒe dzixɔsewo na mamaa yɔvia Timoteo le vidzĩme. Esi ɖevi sia nɔ tsitsim la, edze sii be ye dada kple ye mama de asixɔxɔ Biblia ƒe nyateƒea la ŋu tsii.​—⁠Timoteo II, 1:5; 3:​14, 15.

15. Kpekpeɖeŋu vevi kae tɔgbuiwo kple mamawo ate ŋu ana wo tɔgbui kple mama yɔviwo, gake nukae mele be woawɔ o?

15 Eyata nu tɔxɛ aɖee nye sia si me tɔgbuiwo kple mamawo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu aɖe si hiã vevie le. Tɔgbuiwo kple mamawo, miegblɔ miaƒe sidzedze Yehowa ƒe tameɖoɖowo na mia viwo va yi xoxo. Fifia miate ŋu agagblɔe na dzidzime bubu nenema ke! Enyea dzidzɔ gã aɖe na ɖevi geɖe be yewoase yewo tɔgbuiwo kple mamawo nanɔ Biblia me ŋutinyawo gblɔm na yewo. Menye ɖe wòfia be miava xɔ agba si le wo fofo dzi be wòaku Biblia me nyateƒeawo ɖe tome na viawo le esi ya o. (Mose V, 6:⁠7) Asi ko kpem miele ɖe eŋu. Mina miaƒe gbedodoɖa nesɔ kple hakpala la tɔ, be: “Mawu, megagblẽm ɖi o vaseɖe nye amegãkuku kple nye wɔƒoƒo me, vaseɖe esime maɖe gbeƒã wò alɔ na dzidzimeviwo kple wò ŋusẽ na megbeviwo katã!”​—⁠Psalmo 71:18; 78:​5, 6.

16. Aleke tɔgbuiwo kple mamawo awɔ be tɔtɔ aɖeke magadzɔ le woƒe ƒomea me si atso wo gbɔ o?

16 Nublanuitɔe la, tɔgbui kple mama aɖewo gblẽa vi ale gbegbe be wòzua dzre ɖe tɔgbuiwo kple mamawo kpakple wo vi tsitsiwo dome. Gake ɖewohĩ miaƒe tufafa anukwaretɔe ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe na mia tɔgbui alo mama yɔviwo be woagblɔ woƒe nya ɣaɣlawo na mi ne womedi be yewoagblɔe na yewo dzilawo o. Ɣeaɖewoɣi la, ɖeviawo asusu be yewo tɔgbuiwo alo mamawo ade yewo dzi ɖe yewo dzilawo ŋu. Ke nukae miawɔ? Miwɔ nu le nunya me ne miade dzi ƒo na mia tɔgbui kple mama yɔviwo be woagblɔ woƒe nyawo na wo dzilawo. Miate ŋu aɖe eme na wo be esia dzea Yehowa ŋu. (Efesotɔwo 6:​1-3) Ne ehiã la, miate ŋu anɔ ŋgɔ na ɖeviawo be woava wo dzilawo gbɔ aƒo nu na wo. Mito nyateƒe na mia tɔgbui alo mama yɔviwo le nusiwo miesrɔ̃ le ƒe gbogbo siwo va yi me ŋu. Miaƒe nyateƒetoto kple numeɖeɖe tẽ ate ŋu aɖe vi na wo.

MINƆ TƆTRƆM ESIME MIELE TSITSIM

17. Hakpala la ƒe tameɖoɖo kplikpaa kae wòle be Kristotɔ siwo le ame tsitsiwo zum la nasrɔ̃?

17 Esime ɣeyiɣiawo va le yiyim la, miakpɔ be yewomagate ŋu awɔ nusiwo katã yewowɔna tsã alo yewoadi be yewoawɔ la o. Aleke miawɔ anɔ te ɖe tsitsi ƒe kuxia nu? Le wò susu me la, awɔ na wò be ƒe 30 vie yenye, gake ne èkpɔ ahuhɔ̃e me la, àkpɔ yeto vovo kura. Dzi megaɖe le ƒowò o. Hakpala la ƒo koko na Yehowa be: “Megagbem le amegãkuɣi o, eye ne nye ŋusẽ nu yi la, megagblẽm ɖi o!” Ðoe kplikpaa be nàsrɔ̃ tame kplikpa si hakpala la ɖo. Egblɔ be: “Manɔ mɔkpɔkpɔ dzi ɖaa, eye madzi wò kafukafu ɖe dzi.”​—⁠Psalmo 71:​9, 14.

18. Aleke Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me ate ŋu azã eƒe dzudzɔxɔxɔledɔme ɖe mɔ si ɖea vi geɖe nui?

18 Ame geɖe wɔ dzadzraɖo do ŋgɔ be yewoadzi Yehowa kafukafu ɖe edzi ne yewoxɔ dzudzɔ le ŋutilãmedɔ me. Fofo aɖe si xɔ dzudzɔ le dɔ me fifia ɖe nu me be: “Mewɔ ɖoɖo do ŋgɔ ɖe nusi mawɔ ne mía vinyɔnu do le suku ŋu. Meɖoe be madze ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa gɔme, eye medzra míaƒe dɔwɔƒe bene mate ŋu avo ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu bliboe wu. Medoa gbe ɖa biaa Mawu ƒe mɔfiafia.” Ne èle ƒe si nàxɔ dzudzɔ le dɔ me gogom la, na mía Wɔla Wɔnuku la ƒe nya sia nafa akɔ na wò, be: “Ame ma ke manye, vaseɖe esime miaku amegã; matsɔ mi ado agbae ɖe ɖokuinye dzi.”​—⁠Yesaya 46:⁠4.

19. Aɖaŋu kae woɖo na amesiwo le ame tsitsiwo zum?

19 Tɔtrɔ ɖe dzudzɔxɔxɔledɔme ŋu manɔ bɔbɔe o. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu ŋutsu tsitsiwo be woanye ‘ɖokuidziɖulawo le woƒe nuwɔnawo me.’ Esia bia be woalé ame ɖokui nyuie le nusianu me, be womadi agbebɔbɔenɔnɔ o. Nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu kple ɖokuimamlã ahiã le dzudzɔxɔxɔledɔme megbe kura wu ɣeyiɣi siwo do ŋgɔ nɛ. Eyata nɔ dɔ dzi vevie, eye ‘nàwɔ dɔ geɖe le Aƒetɔ la ƒe dɔa me, esi nènyae be wò dɔwɔwɔ menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ta.’ (Korintotɔwo I, 15:58) Keke wò dɔwɔwɔwo ɖe enu ne nàtsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋutii. (Korintotɔwo II, 6:13) Kristotɔ geɖe tsɔa veviedodo wɔa gbeƒãɖeɖedɔa le alesi woƒe ŋutete le nu. Esime nèle tsitsim ɖe edzi la, ‘nɔ lãmesẽ me le xɔse, lɔlɔ̃, kple dzidodo me.’​—⁠Tito 2:⁠2.

TENƆNƆ ÐE SRƆ̃WO ƑE KU NU

20, 21. (a) Le fifi nuɖoanyi sia me la, nukae ava mã atsu kple asi me godoo? (b) Aleke Hana ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na srɔ̃tɔ siwo srɔ̃wo ku le wo gbɔ?

20 Nublanuinyae wònye gake wòhedzɔna le fifi nuɖoanyi sia me be ku va klãa srɔ̃tɔwo dome. Srɔ̃tɔ siwo srɔ̃wo ku la nya be alɔ̃ dɔmee yewoƒe lɔlɔ̃tɔwo le fifia, eye woka ɖe edzi be yewoagava kpɔ wo ake. (Yohanes 11:​11, 25) Gake woƒe ku nyea nuxaxa kokoko. Aleke srɔ̃tɔ evelia si susɔ la awɔ anɔ te ɖe enu?a

21 Ŋkuɖoɖo nusi Bibliameme aɖe wɔ dzi ate ŋu akpe ɖe ame ŋu. Ƒe adre koe Hana ƒe srɔ̃ɖeɖe xɔ esi srɔ̃a ku, eye esime míexlẽ nu le ahosi sia ŋu la, etsi xɔ ƒe 84. Míate ŋu aka ɖe edzi be exa nu ŋutɔ esi srɔ̃a ku. Aleke wòwɔ te ŋu nɔ te ɖe enu? Etsɔ subɔsubɔ kɔkɔe subɔ Yehowa Mawui le gbedoxɔa me zã kple keli. (Luka 2:​36-38) Ðikekemanɔmee la, Hana ƒe subɔsubɔ gbedodoɖatɔe nye kpekpeɖeŋu gã aɖe nɛ be wòɖu nuxaxa kple akogotsitsi dzi.

22. Aleke ahosi kple aho aɖewo nɔ te ɖe akogotsitsi nui?

22 Nyɔnu aɖe si xɔ ƒe 72 eye wòzu ahosi ƒe ewoe nye sia la ɖe nu me be: “Nusi nye sesẽtɔ kekeake nam ye nye be ame aɖeke meli mía kplii míaɖo dze o. Srɔ̃nye nye toɖola nyui. Míeƒoa nu tso hamea kple gome si míekpɔna le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me ŋu.” Ahosi bubu gblɔ be: “Togbɔ be ɣeyiɣiwo ƒe yiyi naa vevesese fana na ame hã la, mekpɔ be esɔ be woagblɔ be nusi wotsɔ ame ƒe ɣeyiɣi wɔnae ye kpena ɖe ame ŋu be nu fana na ame. Nɔnɔme si me nèle wɔe be wòanɔ bɔbɔe na wò wu be nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu.” Aho aɖe si xɔ ƒe 67 gblɔ be: “Mɔ wɔnuku aɖe si nu nàto anɔ te ɖe ame ƒe kuku na ame nue nye be nàtsɔ ɖokuiwò ana anɔ akɔ fam na ame bubuwo.”

MAWU DEA ASIXƆXƆ WO ŊU LE WOƑE TSITSIME

23, 24. Akɔfafa gã kae Biblia naa ame tsitsiwo, vevietɔ esiwo srɔ̃wo ku?

23 Togbɔ be ku kplɔa ame srɔ̃ lɔlɔ̃ dzonae le ame gbɔ hã la, Yehowa wɔa nuteƒe na ame ɖaa, míate ŋu aka ɖe edzi ɖaa. Fia Dawid si nɔ anyi le blema dzi ha be: “Nu ɖeka mebia Yehowa, esi le dzroyem, be manɔ Yehowa ƒe me le nye agbe me ŋkekewo katã me, eye makpɔ Yehowa ƒe vivisesewo katã kple ŋku, eye mayi tame le eƒe gbedoxɔ me.”​—⁠Psalmo 27:⁠4.

24 Apostolo Paulo xlɔ̃ nu be: “Bu ahosi, siwo nye ahosi vavãwo.” (Timoteo I, 5:⁠3) Aɖaŋu si wòɖo ɖe mɔfiame sia yome fia be ahosi siwo dze siwo si ƒometɔ kplikplikpliwo mele o la ate ŋu ahiã ŋutilãmekpekpeɖeŋu tso hamea gbɔ. Gake asixɔxɔ dede wo ŋu dze le gɔmesese si le mɔfiamenya si nye “bu” ŋu la hã me. Akɔfafa kae nye si ahosi kple ahowo ate ŋu akpɔ le enyanya be Yehowa bua yewo ame xɔasiwoe eye wòalé yewo ɖe te me!​—⁠Yakobo 1:⁠27.

25. Taɖodzinu kae gakpɔtɔ li na ame tsitsiwo?

25 Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me gblɔ be: “Ta ɣi enye amegã ɖeɖiwo ƒe bubu.” Enye ‘atsyɔ̃fiakuku ne wokpɔe le dzɔdzɔenyenyemɔ dzi.’ (Lododowo 16:31; 20:29) Eyata ne srɔ̃ le asiwò alo nègazu tre ake o, da Yehowa subɔsubɔ ɖe nɔƒe gbãtɔ le wò agbe me ɣesiaɣi. Ana ŋkɔ nyui nanɔ asiwò le Mawu gbɔ fifia eye agbe mavɔ nɔnɔ le xexe si me tsitsimefukpekpewo maganɔ o me ƒe mɔkpɔkpɔ li na wò.​—⁠Psalmo 37:​3-5; Yesaya 65:⁠20.

a Hena nyati sia me dzodzro tsitotsito la, kpɔ agbalẽ gbadza si nye Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la.

ALEKE BIBLIA ME GƆMEÐOSE SIAWO ATE ŊU AKPE ÐE . . . SRƆ̃TƆWO ŊUI NE WOLE TSITSIM?

Tɔgbui alo mama yɔviwo nye “fiakuku” na ame tsitsiwo.​—⁠Lododowo 17:⁠6.

Tsitsi ate ŋu aʋu Yehowa subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ bubuwo ɖi na ame.​—⁠Psalmo 71:​9, 14.

Wode dzi ƒo na ame tsitsiwo be woanye ‘ɖokuidziɖulawo le woƒe nuwɔnawo me.’​—⁠Tito 2:⁠2.

Togbɔ be enye nuxaxa gã aɖe na srɔ̃tɔ siwo srɔ̃wo ku hã la, woate ŋu akpɔ akɔfafa le Biblia me.​—⁠Yohanes 11:​11, 25.

Ame tsitsi siwo wɔa nuteƒe xɔ asi na Yehowa.​—⁠Lododowo 16:⁠31.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe