INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jy ta 60 axa 144-axa 145 mm. 7
  • Nɔnɔmetɔtrɔ La—Enye Kristo Ƒe Ŋutikɔkɔe Ƒe Ðeɖefia

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nɔnɔmetɔtrɔ La—Enye Kristo Ƒe Ŋutikɔkɔe Ƒe Ðeɖefia
  • Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kristo ƒe Fiaɖuƒe Ŋutikɔkɔea Kpɔkpɔ Do Ŋgɔ
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Esime Yesu Ava le Fiaɖuƒe Ŋutikɔkɔe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Àwɔ Nuteƒe Abe Eliya Enea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Eƒe Mawu Fa Akɔ Nɛ
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
Kpɔ Bubuwo
Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
jy ta 60 axa 144-axa 145 mm. 7
Yesu ƒe nɔnɔme trɔ le Petro, Yakobo kple Yohanes ŋkume; Mose kple Eliya dze wokpɔ

TA 60

Nɔnɔmetɔtrɔ La—Enye Kristo Ƒe Ŋutikɔkɔe Ƒe Ðeɖefia

MATEO 16:28–17:13 MARKO 9:1-13 LUKA 9:27-36

  • NƆNƆMETƆTRƆ ƑE ŊUTEGA LA

  • APOSTOLOWO SE MAWU ƑE GBE

Esi Yesu nɔ nu fiam amewo le Kaisarea Filipi nutoa me, si didi tso Hermon Toa gbɔ abe kilometa 25 ene la, egblɔ nya wɔmoyaa sia na eƒe apostolowo be: “Vavãe mele egblɔm na mi be, ame aɖewo le ame siwo le tsitre ɖe afi sia dome, siwo maɖɔ ku akpɔ o va se ɖe esime wokpɔ Amegbetɔvi la wògbɔna le eƒe Fiaɖuƒe la me.”—Mateo 16:28.

Nusrɔ̃lawo anya nɔ nu si Yesu ƒe nyawo fia la ŋu bum. Anɔ abe kwasiɖa ɖeka ene megbe la, ekplɔ eƒe apostolo etɔ̃, siwo nye Petro, Yakobo kple Yohanes ɖe asi yi to kɔkɔ aɖe dzi. Anye be zã mee, elabena alɔ̃ nɔ ŋutsu etɔ̃ siawo tsɔm. Esime Yesu nɔ gbe dom ɖa la, eƒe nɔnɔme trɔ le wo ŋkume. Apostoloawo kpɔe be eƒe mo nɔ keklẽm abe ɣe ene, eye eƒe awuwo fu tititi hele dzo dam ŋutɔ.

Azɔ ame eve siwo wokpɔ dze sii be wonye “Mose kple Eliya” la dze. Wode asi dzeɖoɖo me kple Yesu ku ɖe eƒe “dzodzo si ava eme le Yerusalem” la ŋu. (Luka 9:30, 31) Edze ƒãa be Yesu ƒe dzodzo ma ku ɖe eƒe ku kple tsitretsitsi si ŋu wòƒo nu tsoe ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ la ŋu. (Mateo 16:21) Dzeɖoɖo sia ɖo kpe edzi be togbɔ be Petro gbe na Yesu be megaku gbɔɖiameku ma o hã la, menye nu si woate ŋu aƒo asa nae wònye o.

Apostolo etɔ̃awo ƒe mo kɔ keŋkeŋ azɔ, eye ŋutega si kpɔm wole kple nya siwo sem wole la na woƒe nu ku. Togbɔ be ŋutegae esia nye hã la, edze nu ŋutɔŋutɔ ale gbegbe be Petro de nu nyaa me hegblɔ be: “Rabi, enyo na mí be míanɔ afi sia. Eya ta na míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka nanye tɔwò, ɖeka nanye Mose tɔ, eye ɖeka nanye Eliya tɔ.” (Marko 9:5) Ðe wòanye be esi Petro di be ŋutegaa nayi edzi tae wògblɔ be yeatu agbadɔawo ɖoa?

Esi Petro le nu ƒom la, alilikpo keklẽ aɖe va do vɔvɔli ɖe wo dzi, eye gbe aɖe ɖi tso alilikpoa me gblɔ be: “Ame siae nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dzea ŋunye. Miɖo toe.” Esi apostoloawo se Mawu ƒe gbe la, vɔvɔ̃ ɖo wo wotsyɔ mo anyi, gake Yesu gblɔ na wo be: “Mifɔ. Migavɔ̃ o.” (Mateo 17:5-7) Esi apostolo etɔ̃awo fɔ mo dzi la, womekpɔ ame aɖeke o, negbe Yesu ɖeka ko. Ŋutega la wu enu. Esi ŋu ke eye wonɔ ɖiɖim tso toa dzi la, Yesu de se na wo be: “Migagblɔ ŋutega la na ame aɖeke o, va se ɖe esime wofɔ Amegbetɔvi la tso ame kukuwo dome hafi.”—Mateo 17:9.

Eliya ƒe dzedze le ŋutegaa me la fɔ biabia aɖe ɖe te. Apostoloawo bia be: “Nu ka tae agbalẽfialawo gblɔna be ele be Eliya nava gbã?” Yesu ɖo eŋu be: “Eliya va xoxo, gake womedze sii o.” (Mateo 17:10-12) Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa si wɔ dɔ si ɖi Eliya tɔ la ŋue Yesu nɔ nu ƒom tsoe. Eliya dzra mɔ dzi ɖo na Elisa, eye Yohanes hã wɔ nenema ke na Kristo.

Aleke gbegbe ŋutega sia ado ŋusẽ Yesu kple apostoloawoe nye esi! Enye Kristo ƒe ŋutikɔkɔe le Fiaɖuƒea me la kpɔkpɔ do ŋgɔ. Eya ta nusrɔ̃lawo kpɔ “Amegbetɔvi la wògbɔna le eƒe Fiaɖuƒe la me,” abe ale si Yesu gblɔe ɖi ene. (Mateo 16:28) Esime wonɔ toa dzi la, wokpɔ “eƒe gãnyenye kple atsyɔ̃ teƒe.” Togbɔ be Farisitɔwo di be yewoakpɔ dzesi si aɖo kpe edzi be Yesu ye anye Fia si Mawu tia hã la, mena dzesi aɖeke wo o. Gake mɔnukpɔkpɔ su Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo te ɖe eŋu kplikplikpli la si be wokpɔ Yesu ƒe nɔnɔmetɔtrɔa si ɖo kpe Fiaɖuƒea ƒe nyagblɔɖiwo dzi. Eya ta Petro te ŋu ŋlɔ emegbe be: “Kakaɖedzi geɖe wu va le nyagblɔɖinya la ŋu na mí.”—2 Petro 1:16-19.

  • Mɔ ka nue ame aɖewo kpɔ Yesu wògbɔna le eƒe Fiaɖuƒe la me do ŋgɔ na woƒe ku?

  • Le ŋutegaa me la, nu ka ŋue Mose kple Eliya nɔ dze ɖom tsoe kple Yesu?

  • Nu ka tae nɔnɔmetɔtrɔ ƒe ŋutega la ado ŋusẽ Kristo yomedzelawo?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe