Agbe Si Ŋu Viɖe Le Tso Fifia Yi Mavɔ Me
ÀTE ŋu anɔ agbe si ŋu viɖe le ŋutɔŋutɔ fifia gɔ̃ hã. Aleke wòanya wɔe? To gɔmeɖose nyui siwo le Mawu ƒe Nya, Biblia, me dzi wɔwɔ me. Na míalé ŋku ɖe wo dometɔ ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ.
BIBLIA ME GƆMEÐOSE: Fia Salomo ŋlɔ bena: “Ðe menyo na amegbetɔ wu be, wòaɖu nu ano nu, eye eƒe luʋɔ naɖu agbe akpe ɖe eƒe agbagbadzedzewo ŋu oa?”—NYAGBLƆLA 2:24.
Wowɔ mí be míase vivi na dɔ nyui wɔwɔ. Ne èle nɔnɔme sesẽwo me tom gɔ̃ hã la, àte ŋu anɔ agbe si me dzidzeme aɖe si nu le fifia gɔ̃ hã ne èwɔa dɔ le moveviɖoɖo kple anukwareɖiɖi me.
BIBLIA ME GƆMEÐOSE: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”—DƆWƆWƆWO 20:35.
Ame geɖe kpɔe be ne yewokpe ɖe amewo ŋu, le kpɔɖeŋu me ne wozã woƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ tsɔ kpe ɖe ame siwo le nɔnɔme sesẽwo me tom ŋu la, enaa dzidzeme geɖe yewo le agbe me, eye viɖe nɔa agbea ŋu wu. Salomo ŋlɔ bena: “Mègate nu nyui hiãtɔ, nenye be ŋutete le ŋuwò na ewɔwɔ o.”—Lododowo 3:27.
Bu Ralph ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Esi wòxɔ dzudzɔ le dɔ me la, ewɔ ɖeka kple srɔ̃a le Kristotɔwo ƒe gbe sia gbe gbeƒãɖeɖedɔa me. Wo ame evea siaa zãa gaƒoƒo geɖe le dɔ sia wɔwɔ me ɣleti sia ɣleti, ɛ̃, wotsɔ wo ɖokui na be yewoanɔ Biblia fiam amewo. Ralph gblɔ be: “Ne míegbɔ va aƒe me le fiẽ me la, ɖeɖi tea mía ŋu, menye le esi míele tsitsim ta ko o, ke esi míewɔ míaƒe ŋutete katã le mía Fofo si le dziƒo la ƒe subɔsubɔdɔa me hã tae. Esia nye ɖeɖiteameŋu si naa dzidzeme ame!” Wo kple srɔ̃a wole dzidzɔ kpɔm, elabena wotsɔa nu siwo le wo si la kpena ɖe amewo ŋu.
BIBLIA ME GƆMEÐOSE: “Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.”—LODODOWO 17:17.
Tenɔnɔ ɖe kuxiwo nu nɔa bɔbɔe wu nenye be zɔhɛ le ame ŋu. Eŋlisiawo ƒe xexemenunyala Francis Bacon ŋlɔ bena ame siwo si xɔlɔ̃ vavã mele o la le abe “ame si le gbedadaƒo ene.” Ne xɔlɔ̃ vavãwo le asiwò, eye wò ŋutɔ hã enye xɔlɔ̃ nyui la, agbea anya nɔ na wò wu; ate ŋu ana wò dzi nadze eme, eye nàse vivi na agbea.
BIBLIA ME GƆMEÐOSE: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo.”—MATEO 5:3.
Yesu ƒe nya siawo ɖe nu vevi aɖe si wòhiã be nàwɔ be yayra siwo Mawu do ŋugbe be yeahe avae la nasu asiwò—eyae nye be nàde dzesii be “gbɔgbɔmenuwo hiã” ye, eye nàkpɔ hiahiã sia gbɔ. To vovo na lãwo la, Mawu de didia mía me be míase tameɖoɖo si le agbea ŋu kple nu si ta míele agbe ɖo la gɔme. Yehowa Mawu koe ate ŋu akpɔ hiahiã sia gbɔ na mí, eye ewɔa esia to eƒe Nya, Biblia dzi. Abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, Biblia ɖe nu si nye Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba la fia mí. Biblia ɖe nu si ta wowɔ mí, nu si ta fukpekpe li alea gbegbe, kple nu si Mawu di tso mía si la fia mí. Be viɖe nanɔ míaƒe agbe ŋu, eye míakpɔ dzidzeme la, ele vevie be míase Ŋɔŋlɔawo me nyateƒe vevi siawo gɔme. Ame siwo dia ɣeyiɣi srɔ̃a Biblia henɔa agbe ɖe nu si wosrɔ̃ nu la kpɔa dzidzɔ. Nu ka tae? Elabena wotoa esia dzi naa ƒomedodo kplikplikpli nɔa woa kple mía Wɔla, Yehowa, si nye “Mawu dzidzɔtɔ la” dome.—1 Timoteo 1:11.
BIBLIA ME GƆMEÐOSE: “Ðo ŋku wɔwòla dzi . . . hafi ne ŋkeke vɔ̃wo nava, eye ƒe, siwo ŋu nèle gbɔgblɔ ge le be, womedze ye ŋu o la, nagogo.”—NYAGBLƆLA 12:1.
Ɣeaɖewoɣi la, sɔhɛwo ŋlɔna be be nɔnɔme sesẽwo tea ŋu tua ame le agbe me. Eya ta Fia Salomo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia sɔ na wo. Gake ele vevie na mí katã hã. Wɔwòlaa ŋu dzedze nenye nu vevitɔ na wò le agbe me. Esiae ana tameɖoɖo nanɔ agbea ŋu na wò ŋutɔŋutɔ. Mègawɔ nu abe ame siwo gblɔna be, “Mina míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ míele kuku ge” la ene o. (1 Korintotɔwo 15:32) Nyagblɔla 8:12 gblɔ be ne Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nye nu vevitɔ na wò la, “eme anyo na” wò.
Nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Wendi kpɔe be esia nye nyateƒe. Esi wònye ɖetugbui la, wo kple nɔvianyɔnu wosrɔ̃ Spaingbe be yewoaʋu ayi Dominican Republic, elabena wohiã na ame geɖe le afi ma be woaɖe gbeƒã nya nyui si le Biblia me na amewo. Egblɔ be: “Míetsɔ nu geɖe sa vɔe be míasubɔ le afi si hiahiã le, ke ha, dzi dzɔ mí ŋutɔ. Naneke megali si nyo wu nu si metsɔ ɣleti ade mawo wɔe o! Nu siwo míetsɔ sa vɔe la meɖi naneke kura o ne míetsɔ wo sɔ kple yayra siwo míekpɔ.”
Nuteƒewɔwɔ Na Mawu Nana Viɖe Nɔa Agbea Ŋu
Ne ƒomedodo nyui le mia kple Yehowa dome la, esia ate ŋu ana viɖe nanɔ wò agbe ŋu le mɔ tɔxɛ aɖe nu. Le mɔ ka nu? Menye ɖeko Satana ble Adam kple Xawa wodze aglã ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu ŋu o, ne míagblɔe la, enɔ gbɔgblɔm hã be ame aɖeke meli si awɔ nuteƒe na Mawu ne wodoe kpɔ o. (Hiob 1:9-11; 2:4) Wò hã àte ŋu aɖo kpe edzi be Satana ka aʋatso! Le mɔ ka nu? Eyae nye be nàwɔ nuteƒe na Mawu, nàwɔ eƒe nyawo dzi pɛpɛpɛ, eye nàɖee afia be yede Yehowa dzi be eya koe dze aɖo nu si nye nyui kple vɔ̃ na mí.—Nyaɖeɖefia 4:11.
Ne míeɖoe be míawɔ nu dzɔdzɔe la, esia ate ŋu ahe nɔnɔme sesẽwo ava mía dzi. Ðe nɔnɔme sesẽ siawo ana agbe nati mía? Enyo, tsɔe be futɔ vɔ̃ɖi aɖe le mía xɔlɔ̃ alo ƒometɔ kplikplikpli aɖe ŋu gblẽm. Ne futɔ la le fu wɔm mí le esi míele míaƒe ame vevia ta ʋlim ta la, ɖe esia ana agbea nati mía? Gbeɖe! Dzi adzɔ mí be míakpe fu ɖe mía xɔlɔ̃a ta. Alea kee wòle le nuteƒewɔwɔ na Mawu hã gome. Le nyateƒe me la, ne míewɔ nuteƒe na Mawu le nɔnɔme sesẽ siwo me tom míele fifia me la, edoa dzidzɔ na Mawu ƒe dzi.—Lododowo 27:11.
Àte Ŋu Anɔ Agbe Si Ŋu Viɖe Le Tegbee
Eya ta dze agbagba ɖe sia ɖe be nàsrɔ̃ nu tso Mawu kple eƒe tameɖoɖo ŋu. Yesu Kristo ŋutɔ gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la: be woanɔ wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la, ŋuti sidzedze xɔm.” (Yohanes 17:3) Ne Mawu na eƒe gɔmedzetameɖoɖo na anyigba va eme la, nuteƒewɔlawo anɔ agbe abe ale si Yehowa ɖoe be wòanɔ le gɔmedzedzea me ene, si nye be woakpɔ “agbe mavɔ” le paradiso me le anyigba dzi. Ɣemaɣie míanɔ agbe si ŋu viɖe le ŋutɔŋutɔ ahakpɔ dzidzeme vavãtɔ.—Psalmo 145:16.
Afi kae míakpɔ sidzedze si ŋu Yesu ƒo nu tsoe la le? Mawu ƒe Nya, Biblia, si eƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ la mee. Ne àdi be ame aɖe nakpe ɖe ŋuwò nàke ɖe sidzedze sia ŋu la, àte ŋu aŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo faa. Dzi adzɔ wo be yewoana ame aɖe nava kpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nu si tututu nye Biblia ƒe nufiafia.