INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 11/15 axa 22
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Agbe Deblibo—Menye Drɔ̃e aɖe Koe Wònye O!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • ‘Alea Gbegbee Mawu Lɔ̃ Mi̇́i’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Yehowa Ƒe Tameɖoɖoa Ava Eme!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 11/15 axa 22

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Yesu gblɔ na eƒe nyaselawo be: “Ele be mianɔ blibo, abe ale si mia Fofo si le dziƒo la le bliboe ene.” Alekee amegbetɔwo ate ŋu ‘anɔ blibo’ egbea?—Mat. 5:48.

Ne míese ale si wozã nya siwo nye “blibo” kple “blibodede” le Biblia me la gɔme la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaɖo nyabiase sia ŋu. Ne Ŋɔŋlɔawo ɖɔ nane be ele “blibo” la, mefiana kokoko be nua de blibo keŋkeŋ o. Enye nyateƒe be Yehowa ya de blibo keŋkeŋ. Amewo alo nuwo ate ŋu ade blibo le gɔmesese aɖe ko nu. Zi geɖe la, Hebri kple Helagbe me nya siwo gɔme woɖe be “blibo” le Biblia me la fiaa “sɔsɔ keŋkeŋ,” “tsitsi nyuie” alo “kpɔtsɔtsɔmanɔnuŋu” le dziɖuŋusẽ aɖe ƒe dzidzenuwo nu. Le gbe sia gbe ƒe nuƒoƒo me la, wozãa nya sia tsɔ ɖenɛ fiana be nuwo de blibo le gɔmesese aɖe nu. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔna be “yame ƒe nɔnɔme si sɔ nyuie ŋutɔ.”

Wowɔ Adam kple Xawa wode blibo le agbe dzadzɛ nɔnɔ, gbɔgbɔ me, kple ŋutilã me gome. Wode blibo le ɖekawɔwɔ me kple wo Wɔla ƒe dzidzenuwo. Le woƒe tomaɖomaɖo ta la, womegate ŋu ɖo dzidzenu sia gbɔ o eye esia wɔe be woawo ŋutɔwo kple woƒe dzidzimeviwo megade blibo o. Alea ye wòdzɔe be to Adam dzi la, nu vɔ̃, blibomademade, kple ku kaka ɖe amegbetɔƒomea dome.—Rom. 5:12.

Ke hã, abe ale si Yesu gblɔe eme kɔ nyuie le Todzimawunyaa me ene la, amegbetɔ madeblibowo gɔ̃ hã ate ŋu anɔ blibo le gɔmesese aɖe nu. Le eƒe nuƒoa me la, eɖo lɔlɔ̃ si de blibo ƒe dzidzenuwo anyi. Lɔlɔ̃ siae nye esi Mawu ɖe fia ameƒomea. Yesu gblɔ be: “Miyi edzi mialɔ̃ miaƒe futɔwo, eye mianɔ gbe dom ɖa ɖe ame siwo tia mia yome la ta; bene miaɖee afia be mienye mia Fofo si le dziƒowo la ƒe viwo, elabena enana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.” (Mat. 5:44, 45) Ne Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖea lɔlɔ̃ fiana alea gbegbe la, ekema wole Mawu ƒe kpɔɖeŋu deblibo la srɔ̃m.

Egbea Yehowa Ðasefo siwo le xexea me katã la dzea agbagba be yewoalé dzidzenu kɔkɔ sia si ku ɖe amewo lɔlɔ̃ ŋu la me ɖe asi. Wodina be yewoakpe ɖe ame ƒomevi vovovowo, ame siwo ƒe ŋutigbalẽ le vovovo, kple subɔsubɔha vovovo me tɔwo ŋu be Biblia me nyateƒea ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu wo si. Le dukɔ 236 me la, Ðasefowo le Biblia srɔ̃m kple ɖetsɔlemetɔ siwo wu 7,000,000 la fifia.

Yesu bia be: “Ne ame siwo lɔ̃a mi koe mielɔ̃na ɖe, fetu kae miekpɔna? Ðe nudzɔlawo hã mewɔa nenema ke oa? Eye ne mia nɔviwo koe miedoa gbe na ɖe, nu tɔxɛ kae wònye wɔm miele? Ðe dukɔwo me tɔwo hã mewɔa nenema ke oa?” (Mat. 5:46, 47) Menye agbalẽnyala ƒomevi aɖewo alo gbe aɖewo dolawo koe Kristotɔ vavãwo lɔ̃na o; eye nenema kee menye ame siwo lɔ̃a wo la koe wolɔ̃na o. Ke boŋ wokpena ɖe ame dahewo kple dɔnɔwo, ɖeviwo kpakple ame tsitsiwo siaa ŋu. Le mɔ siawo nu la, Kristotɔwo ate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe lɔlɔ̃ la, eye esia awɔe be woanɔ blibo le gɔmesese aɖe nu.

Ðe blibodede si Adam bu la agate ŋu asu mía si akea? Ɛ̃, to Yesu ƒe tafevɔsaa dzi xɔxɔ se me la, ameƒomea me tɔ toɖolawo ava de blibo keŋkeŋ le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me, esime ‘Mawu ƒe Vi la agblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo me.’—1 Yoh. 3:8.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe