INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 1/15 axa 15-20
  • Do Nuteƒewɔwɔ Ƒe Asiwo Ðe Dzi Le Gbedodoɖa me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Do Nuteƒewɔwɔ Ƒe Asiwo Ðe Dzi Le Gbedodoɖa me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Bu Gbedodoɖaa Ŋu Gbã
  • Tsɔ Sisiɖa Te Ðe Mawu Ŋu
  • Do Gbe Ða le Ðokuibɔbɔ Me
  • Do Gbe Ða tso Dzi Me
  • Ðo Ŋku Akpedada Kple Kafukafu Dzi
  • Gbedodoɖa Megakpe Ŋu na Wò Gbeɖe O
  • Kpɔ Akɔfafa tso Gbedodoɖa Me
  • Nuteƒewɔlawo Nɔa Gbedodoɖa Dzi
  • Nu Kae Wò Gbedodoɖawo Ðena Fiana Le Ŋuwò?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Nukata Wòle Be Míado Gbe Ða Madzudzɔmadzudzɔe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Alesi Nàwɔ Ate Ðe Mawu Ŋu
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
  • Te Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 1/15 axa 15-20

Do Nuteƒewɔwɔ Ƒe Asiwo Ðe Dzi Le Gbedodoɖa me

“Mele didim bena, ŋutsuwo nado gbe ɖa le afisiafi, eye woado [nuteƒewɔwɔ ƒe asiwo] ɖe dzi, dɔmedzoe kple ɖikeke aɖeke manɔmee.”—TIMOTEO I, 2:8.

1, 2. (a) Aleke Timoteo I, 2:8 ku ɖe gbe siwo Yehowa ƒe amewo dona ɖa ŋui? (b) Nuka mee míadzro azɔ?

YEHOWA kpɔa mɔ be yeƒe amewo nawɔ nuteƒe na ye kpakple na wo nɔewo. Apostolo Paulo tsɔ nuteƒewɔwɔ do ƒome kple gbedodoɖa esime wòŋlɔ be: “Mele didim bena, ŋutsuwo nado gbe ɖa le afisiafi, eye woado [nuteƒewɔwɔ ƒe asiwo] ɖe dzi, dɔmedzoe kple ɖikeke aɖeke manɔmee.” (Timoteo I, 2:8) Edze ƒã be dutoƒogbedodoɖa “le afisiafi” si Kristotɔwo ƒo ƒu ɖo ŋu nya gblɔm Paulo le. Amekawoe anɔ Mawu ƒe amewo teƒe ado gbe ɖa le hame ƒe kpekpewo me? Ŋutsu kɔkɔe, dzɔdzɔe, mawuvɔ̃la siwo ɖɔa ŋu ɖo wɔa Mawu ƒe dɔ siwo katã Ŋɔŋlɔawo de wo si la koe. (Nyagblɔla 12:13, 14) Ele be woanɔ dzadzɛ le gbɔgbɔ me kple agbenɔnɔ gome eye woanye amesiwo tsɔ wo ɖokui ke Yehowa Mawu bliboe.

2 Hamemegãwo koŋue wòle be ‘woado nuteƒewɔwɔ ƒe asiwo ɖe dzi le gbedodoɖa me.’ Gbe siwo woado ɖa tso dzi blibo me to Yesu Kristo dzi ɖea nuteƒewɔwɔ na Mawu fiana eye wòkpena ɖe wo ŋu be woatsri nyaʋawɔwɔ kple dɔmedzoedodo. Le nyateƒe me la, ele na ŋutsu ɖesiaɖe si wona mɔnukpɔkpɔe be wòanɔ Kristo-hamea teƒe ado gbe ɖa le dutoƒo be wòaganye dɔmedzoedola, vɔ̃dinamela, kple amesi mewɔa nuteƒe na Yehowa kple eƒe habɔbɔa o. (Yakobo 1:19, 20) Mɔfiame bubu kawoe gale Biblia me na amesiwo si mɔnukpɔkpɔ suna be woanɔ ame bubuwo teƒe ado gbe ɖa le dutoƒo? Eye Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose kawo dzie wòle be míawɔ ɖo le ɖokuisi kple ƒome gbedodoɖawo me?

Bu Gbedodoɖaa Ŋu Gbã

3, 4. (a) Nukatae viɖe le eŋu be woabu dutoƒogbedodoɖa ŋu do ŋgɔ? (b) Nukae Ŋɔŋlɔawo gblɔ le gbedodoɖawo ƒe didime ŋu?

3 Ne wobia tso mía si be míado gbe ɖa le dutoƒo la, ke ɖewohĩ míate ŋu abu nusiwo ŋu míado gbe ɖa le ŋu do ŋgɔ ya teti. Eŋububu awɔe be míagblɔ nya vevi siwo sɔ ale be míagado gbe ɖa legbe wòanɔ tramatrama o. Ke hã míate ŋu akɔ gbe dzi ado mía ŋutɔwo ƒe gbewo ɖa. Woate ŋu adidi alesi míedi. Yesu do gbe ɖa zã blibo hafi tia ame 12 wozu eƒe apostolowo. Gake esime wòɖo eƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia anyi la, edze ƒã be gbe siwo wòdo ɖa ɖe aboloa kple wein la ta nɔ kpuie wu. (Marko 14:22-24; Luka 6:12-16) Eye míeka ɖe edzi be Yesu ƒe gbedodoɖa kpuiwo hã dze Mawu ŋu ale gbegbe.

4 Tsɔe be mɔnukpɔkpɔ su mía si be míanɔ ƒome aɖe teƒe ado gbe ɖa hafi woaɖu nu. Gbedodoɖa sia ate ŋu anɔ kpuie vie—gake ele be akpedada ɖe nuɖuɖua ta nadze le nusianu si míagblɔ me. Ne míele gbe dom ɖa le dutoƒo bene woadze Kristotɔwo ƒe kpekpe gɔme alo le eƒe nuwuwu la, mehiã be míado gbe didi ɖa anɔ nyawo gblɔm fũ o. Yesu bu fɔ agbalẽfialawo, amesiwo ‘wɔa alakpanu nɔa gbe didiwo dom ɖa.’ (Luka 20:46, 47) Mawuvɔ̃la aɖeke madi be yeawɔ nu ma tɔgbe gbeɖe o. Gake ɣeaɖewoɣi la, ne gbedodoɖaa didi vie la, esɔ. Le kpɔɖeŋu me, ele be hamemegã si wotia be wòado gbe mamlɛtɔ ɖa le takpekpe me nabu nusiwo wòagblɔ ŋu do ŋgɔ eye ate ŋu agblɔ nya vevi geɖe. Gake mele be gbedodoɖa sia gɔ̃ hã nadidi akpa o.

Tsɔ Sisiɖa Te Ðe Mawu Ŋu

5. (a) Nukae wòle be wòanɔ susu me na mí ne míele gbe dom ɖa le dutoƒo? (b) Nukata wòle be míado gbe ɖa wòafia be míede bubu Mawu ŋu hebui gãe?

5 Ne míele gbe dom ɖa le dutoƒo la, ele be míaɖo ŋku edzi be menye amegbetɔwoe míele nu ƒom na o. Ke boŋ nuwɔwɔ siwo nye nuvɔ̃mewoe míenye le koko ƒom na Yehowa Aƒetɔ Dziɖulagã la. (Psalmo 8:4-6, 10; 73:28) Eyata ele be míana nya siwo míagblɔ kple alesi míagblɔe nafia be míesii ɖa vevie eye míedi be míadze agɔ le edzi o. (Lododowo 1:7) Hakpala Dawid dzi ha be: “Nyea mage ɖe aƒewò me le wò amenuveve geɖe la nu, eye mavɔ̃ wò ahade ta agu ɖe wò gbedoxɔ kɔkɔe la nu.” (Psalmo 5:8) Ne nɔnɔme sia le mía si la, aleke míaƒo nui ne wobia tso mía si be míado gbe ɖa le dutoƒo le Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe me? Nya lae nye be ne amegbetɔ si nye fiae míele nu ƒom na la, míaɖee afia be míede bubu eŋu eye be míebui gãe. Ekema esi Yehowa, ‘Fia mavɔtɔ’ lae míele gbe dom ɖa na ta la, ɖe mele be wòadze le míaƒe gbedodoɖawo me be míebui gã hede bubu eŋu oa? (Nyaɖeɖefia 15:3) Eyata ne míele gbe dom ɖa la, míatsri nyagbɔgblɔwo abe, “Ŋdi na wò, Yehowa,” “Míeɖo lɔlɔ̃gbedoname ɖe wò,” alo “Ŋkekea nenyo na wò” ene. Ŋɔŋlɔawo fia be Mawu ƒe Tenuvi, Yesu Kristo, meƒo nu na Fofoa si le dziƒo nenema gbeɖe o.

6. Nukae wòle be wòanɔ susu me na mí ne ‘míete ɖe amenuvevezikpuia ŋu’?

6 Paulo gblɔ be, ‘Mina míate ɖe amenuvevezikpui la gbɔ aƒo nu faa.’ (Hebritɔwo 4:16) Togbɔ be míenye nuvɔ̃mewo hã la, míate ŋu ate ɖe Yehowa ŋu ‘aƒo nu faa’ le esi míexɔ Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa dzi se ta. (Dɔwɔwɔwo 10:42, 43; 20:20, 21) Gake ‘nuƒoƒo faa’ mefia be ɖe míele dze ɖom kple Mawu dzro ko o; eye mele be míagblɔ amemabunyawo do ɖe egbɔ hã o. Hafi míaƒe dutoƒogbedodoɖawo nadze Yehowa ŋu la, ele be míado wo ɖa woafia be míede bubu eŋu hebui gãe, eye masɔ kura be míanɔ nyatakakawo gblɔm, anɔ aɖaŋu ɖom na amewo, alo anɔ ŋkume kam na nyaselaawo le gbedodoɖawo me o.

Do Gbe Ða le Ðokuibɔbɔ Me

7. Aleke Salomo ɖe ɖokuibɔbɔ fia esime wònɔ gbe dom ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔa ŋukɔƒe?

7 Eɖanye dutoƒo alo mía ɖokui sie míele gbe dom ɖa le o, gɔmeɖose vevi si le Ŋɔŋlɔawo me si wòle be wòanɔ susu me na míe nye be ele be míaɖe ɖokuibɔbɔ afia le míaƒe gbedodoɖawo me. (Kronika II, 7:13, 14) Fia Salomo ɖe ɖokuibɔbɔ fia le gbe si wòdo ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔ ŋukɔƒe le Yerusalem. Xɔ siwo wotu wodze ani wu le anyigba dzi dometɔ ɖekae wònye Salomo tu vɔ. Gake edo gbe ɖa le ɖokuibɔbɔ me be: “Mawu anɔ anyigba dzia? Kpɔ ɖa, dziƒo kple dziƒo ƒe dziƒowo melolo na wò o, ʋuu keke xɔ sia, si metu o.”—Fiawo I, 8:27.

8. Mɔ siwo nu woate ŋu aɖe ɖokuibɔbɔ afia le dutoƒogbedodoɖawo me dometɔ aɖewo ɖe?

8 Ne míele amewo teƒe le gbe dom ɖa le dutoƒo la, ele be míabɔbɔ mía ɖokui abe Salomo ene. Togbɔ be ele be míatsri nuwɔwɔ abe ɖe míevɔ̃a Mawu kakaka ene hã la, ele be ɖokuibɔbɔ nadze le míaƒe gbeɖiɖi me. Dada alo nuwɔna si fia numebibi menɔa gbedodoɖa ɖokuibɔbɔtɔe me o. Menye amesi le gbea dom ɖa dzie wohea susu yinae o, ke Amesi wole gbea dom ɖa na dzi boŋ ye. (Mateo 6:5) Ðokuibɔbɔ gadzena le nya siwo míegblɔna le gbedodoɖa me hã me. Ne míedoa gbe ɖa le ɖokuibɔbɔ me la, mawɔ abe ɖe míele gbe ɖem na Mawu be wòawɔ nu alesi míedii ene o. Ke boŋ míaƒo koko na Yehowa be wòawɔ nu wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu kɔkɔe la. Hakpala la wɔ nɔnɔme nyuitɔ ƒe kpɔɖeŋu esime wòɖe kuku be: “Oo Yehowa, xɔ na mí, [taflatse] Yehowa, na wòadze edzi dzro!”—Psalmo 118:25; Luka 18:9-14.

Do Gbe Ða tso Dzi Me

9. Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo nyui kae le Mateo 6:7, eye aleke míate ŋu azãe?

9 Hafi míaƒe dutoƒo alo ɖokuisi gbedodoɖawo nadze Yehowa ŋu la, ke ele be woatso dzi me. Eyata míado gbe ɖa le ɖoɖo aɖe koŋ nu enuenu dzro ko eye míagbe nusi gblɔm míele ŋu bubu o. Yesu ɖo aɖaŋu le eƒe Todzimawunya la me be: “Ne miele gbe dom ɖa la, migagblɔ nya mawo ke edziedzi abe trɔ̃subɔlawo ene o; elabena wobu xa bena, le yewoƒe nya geɖe gbɔgblɔ ŋuti la woaɖo to yewo.” Ne míagblɔe bubui la, Yesu fia be: “Migaƒo nu kpoloe o; migagbugbɔ nɔ nya gbɔlowo gblɔm o.”—Mateo 6:7; NW ƒe etenuŋɔŋlɔ.

10. Nukata wòasɔ be míado gbe ɖa le nya ɖeka ŋu wu zi ɖeka?

10 Ele eme baa be ɖewohĩ ahiã be míanɔ gbe dom ɖa tso nya ɖeka ŋu enuenu. Megblẽ o, elabena Yesu de dzi ƒo be: “Minɔ ebiabia dzi, eye woana mi; minɔ edidi dzi, eye miakpɔe; minɔ ʋɔ ƒoƒo dzi, eye woaʋui na mi.” (Mateo 7:7, NW) Ðewohĩ Fiaɖuƒe Akpata yeye tutu hiã le esi Yehowa na gbeƒãɖeɖedɔa le ku tsem le nutoa me ta. (Yesaya 60:22) Ahiã be woagbugbɔ anɔ hiahiã sia gblɔm ne wole gbe dom ɖa le ame ɖokui si alo ne wole dutoƒogbe dom ɖa le Yehowa ƒe amewo ƒe kpekpewo me. Gbedodoɖa alea mafia be ‘míegbugbɔ le nya gbɔlowo gblɔm enuenu o.’

Ðo Ŋku Akpedada Kple Kafukafu Dzi

11. Aleke míate ŋu azã Filipitɔwo 4:6, 7 le ɖokuisi kple dutoƒo gbedodoɖa mee?

11 Zi geɖe la, nubiabia ta koe ame geɖe doa gbe ɖa, gake ele be lɔlɔ̃ na Yehowa Mawu naʋã mí be míada akpe ahakafui le ɖokuisi kple dutoƒo gbedodoɖawo siaa me. Paulo ŋlɔ bena: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.” (Filipitɔwo 4:6, 7) Ẽ, tsɔ kpe ɖe kukuɖeɖewo kple dzimedidiwo gbɔgblɔ ŋu la, ele be míada akpe na Yehowa ɖe gbɔgbɔ me kple ŋutilã me yayrawo ta. (Lododowo 10:22) Hakpala la dzi ha be: “Tsɔ akpedada sa vɔ na Mawu, eye naxe wò adzɔgbeɖefe na dziƒoʋĩtɔ la!” (Psalmo 50:14) Eye nya ʋãme siawo dze le gbedodoɖa si Dawid tsɔ dzi hae me be: “Matsɔ hadzidzi akafu Mawu ƒe ŋkɔ, eye matsɔ akpedada [ade bubu eŋu].” (Psalmo 69:31) Ðe mele be míawɔ nenema ke ne míele gbe dom ɖa le dutoƒo kple le mía ɖokui si oa?

12. Aleke Psalmo 100:4, 5 le eme vam egbeae, eye nuka ŋutie míada akpe na Mawu ahakafui ɖo?

12 Hakpala dzi ha le Mawu ŋu be: “Mitsɔ akpedada ge ɖe eƒe agbowo me kple kafukafuha ge ɖe eƒe xɔxɔnuwo, mida akpe nɛ, eye mikafu eƒe ŋkɔ! Elabena Yehowa ƒe dɔme nyo, eƒe amenuveve li tegbee kple eƒe nuteƒewɔwɔ tso dzidzime yi dzidzime.” (Psalmo 100:4, 5) Egbea dukɔwo katã me tɔwo le gegem ɖe Yehowa ƒe kɔkɔeƒe ƒe xɔxɔnuwo, eye míate ŋu akafui ahada akpe nɛ ɖe esia ta. Ðe nèdaa akpe na Mawu ɖe Fiaɖuƒe Akpata si le miaƒe nutoa me ta eye nèɖea wò ŋudzedzekpɔkpɔ fiana ale be mia kple amesiwo lɔ̃nɛ la miekpea ta ɖe afima ɣesiaɣia? Ne èyi afima la, ɖe dzi dzɔa wò eye nèkɔa gbe dzi dzia kafukafu kple akpedada ha na mía Fofo lɔlɔ̃tɔ si le dziƒoa?

Gbedodoɖa Megakpe Ŋu na Wò Gbeɖe O

13. Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu kae fia be ele be míaƒo koko na Yehowa ne míesusu be míedze o le fɔɖiɖi aɖe ta gɔ̃ hã?

13 Ne le fɔɖiɖi aɖe ta míesusu be míedze o gɔ̃ hã la, ele be míatrɔ ɖe Mawu ŋu aƒo koko nɛ vevie. Esime Yudatɔwo wɔ nuvɔ̃ si nye be woɖe dutasrɔ̃wo la, Ezra dze klo, keke eƒe nuteƒewɔwɔ ƒe asiwo me ɖe Mawu ŋkume, eye edo gbe ɖa ɖokuibɔbɔtɔe be: “Nye Mawu, ŋu le kpeyem ŋutɔ, be mawu mo dzi na wò, nye Mawu; elabena míaƒe vodadawo gbɔ mía ta, eye míaƒe fɔɖiɖiwo kɔ yi ɖatɔ keke dziƒo ke. Tso mía fofowo ŋɔli ke míeda vo geɖe vaseɖe egbe . . . Le nusiwo katã va mía dzi le míaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo kple míaƒe fɔɖiɖi gã ta la megbe la, elabena to míaƒe dzidadawo gbɔ hã la èkpɔtɔ ame ʋee aɖewo ɖi na mí . . . [Ðe] míagada wò seawo dzi, eye míado ƒome kple dukɔ nyɔŋuwoa? Ðe màdo dɔmedzoe ɖe mía ŋu, vaseɖe esime míatsrɔ̃ avɔ, eye ame aɖeke makpɔtɔ alo asi oa? Yehowa, Israel ƒe Mawu, enye dzɔdzɔetɔ: elabena míawoe nye ame susɔeawo, siwo kpɔtɔ ɖi, abe alesi wòle egbe siawo ene. Kpɔ ɖa, míele míaƒe fɔɖiɖiwo me le ŋkuwò me, elabena míate ŋu anɔ te ɖe nuwò le esia ta o.”—Ezra 9:1-15; Mose V, 7:3, 4.

14. Abe alesi wowɔe le Ezra ŋɔli ene la, nukae hiã hafi Mawu natsɔ nuvɔ̃ ake?

14 Hafi Mawu atsɔ ake mí la, ele be dzimetɔtrɔ kple “ku, siwo dze dzimetɔtrɔ” nakpe ɖe nuvɔ̃meʋuʋu ŋu. (Luka 3:8; Hiob 42:1-6; Yesaya 66:2) Esi woɖe dzimetɔtrɔ fia le Ezra ŋɔli la, wogawɔ nusi aɖɔ nu gbegblẽa ɖo ale be wonyã dutasrɔ̃awo woyi aƒe. (Ezra 10:44; tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 7:8-13.) Ne míele didim be Mawu natsɔ nuvɔ̃ gã si míewɔ ake mí la, ke mina míaʋu míaƒe nuvɔ̃ me le gbedodoɖa me eye míatse ku siwo dze dzimetɔtrɔ. Dzimetɔtrɔ ƒe nɔnɔme kple didi hã be míaɖɔ nu gbegblẽa ɖo aʋã mí be míadi gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu tso Kristotɔ hamemegãwo gbɔ.—Yakobo 5:13-15.

Kpɔ Akɔfafa tso Gbedodoɖa Me

15. Aleke Xana ƒe nya la fia be míate ŋu akpɔ akɔfafa le gbedodoɖa me?

15 Ne míexaxa le dzime le susu aɖe ta la, míate ŋu akpɔ akɔfafa le gbedodoɖa me. (Psalmo 51:19; Lododowo 15:13) Nuteƒewɔla Xana kpɔ akɔfafa tso eme. Enɔ anyi le ɣeyiɣi si me ƒomewo lolona le Israel, gake vi aɖeke menɔ esi o. Viŋutsuwo kple vinyɔnuwo nɔ srɔ̃a Elkana si, eye srɔ̃a evelia Penina, amesi ɖea alɔme le Xana ŋu le eƒe kotsitsi tae dzi wo nɛ. Xana do gbe ɖa vevie eye edo ŋugbe be ne woyra ye yedzi viŋutsu la, ‘yeatsɔe na Yehowa le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.’ Esi eƒe gbedodoɖa kple nya siwo Nunɔlagã Eli gblɔ nɛ fa akɔ nɛ ta la, Xana “megalé blanui azɔ o.” (NW) Edzi ŋutsuvi eye wòtsɔ ŋkɔ nɛ be Samuel. Emegbe etsɔe na be wòasubɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. (Samuel I, 1:9-28) Esi wòkpɔ ŋudzedze ɖe alesi Mawu nyo dɔme nɛ ŋu ta la, edo akpedagbe ɖa—enye esi do kɔkɔ Yehowa be ame aɖeke mesɔ kplii o. (Samuel I, 2:1-10) Gbedodoɖa ate ŋu afa akɔ na míawo hã abe Xana ene, le esi míeka ɖe edzi be Mawu aɖo gbedodoɖa siwo katã wɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu ŋu ta. Ne míegblɔ míaƒe dzimenyawo nɛ vɔ la, mina ‘míagalé blanui azɔ o,’ elabena aɖe agba la le mía dzi alo akpe ɖe mía ŋu be míakpe akɔ kplii.—Psalmo 55:23.

16. Abe alesi wòdze le Yakob gomee ene la, nukatae wòle be míado gbe ɖa ne vɔvɔ̃ ɖo mí alo míetsi dzimaɖi?

16 Ne nya aɖe na vɔvɔ̃ ɖo mí, míaƒe dzi gbã, alo míetsi dzimaɖi la, migana míado kpo gbedodoɖa na Mawu hena akɔfafa o. (Psalmo 55:2-5) Vɔvɔ̃ ɖo Yakob esime wòyina nɔvia Esau si lé fui kpe ge. Ke hã Yakob do gbe ɖa be: “Wò, fofonye Abraham ƒe Mawu kple fofonye Isak ƒe Mawu, Yehowa, wò amesi gblɔ nam bena: Trɔ yi ɖe wò anyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ, eye mawɔ nyuie na wò la, nyemedze wò nublanui, si nèkpɔ nam, kple wò anukware, si nèɖi na wò dɔla la dometɔ aɖeke o; elabena nye ati sia metsɔ tso Yordan sia, ke azɔ la metrɔ zu asafokɔ eve. Meɖe kuku, ɖem tso nɔvinye si me, tso Esau si me; elabena mele evɔ̃m be, ava dze dzinye, eye wòade zi dadawo kple viwo dome. Wò ŋutɔ gblɔ be: Mawɔ nyuie na wò vavã, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ƒutake, si womate ŋu axlẽ le agbɔsɔsɔ ta o la ene.” (Mose I, 32:10-13) Esau medze Yakob kple eŋumewo dzi o. Eyata Yehowa ‘wɔ nyui’ na Yakob gbemagbe nyateƒe.

17. Le nuwɔwɔ ɖe Psalmo 119:52 nu la, aleke gbedodoɖa afa akɔ na mí ne míedo go dodokpɔ sesẽ?

17 Le míaƒe kokoƒoƒowo me la, ɖewohĩ ŋkuɖoɖo nusiwo wogblɔ le Mawu ƒe Nya la me dzi ate ŋu afa akɔ na mí. Le psalmo si didi wu ɖesiaɖe—si nye gbedodoɖa nyui aɖe si wotsɔ dzi hae—me la, anye Fiavi Xizkiya ye dzi ha be: “Yehowa, meɖo ŋu wò se la tso mavɔ me ke, eye mefa akɔ na ɖokuinye.” (Psalmo 119:52) Ne míedo go dodokpɔ sesẽ aɖe eye míedo gbe ɖa ɖokuibɔbɔtɔe la, ɖewohĩ míate ŋu aɖo ŋku Biblia ƒe gɔmeɖose alo se aɖe dzi si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaɖe afɔ aɖe si awɔe be kakaɖedzi fakɔname aɖe nasu mía si be míele nusi dze mía Fofo si le dziƒo la ŋu wɔm.

Nuteƒewɔlawo Nɔa Gbedodoɖa Dzi

18. Nukatae míate ŋu agblɔ be ‘nuteƒewɔla ɖesiaɖe ado gbe ɖa na Mawu’?

18 Amesiwo katã wɔa nuteƒe na Yehowa Mawu la ‘anɔ gbedodoɖa dzi.’ (Romatɔwo 12:12) Le Psalmo 32 lia si anye Dawid ye kpae esime wòwɔ nuvɔ̃ kple Batseba vɔ me la, egblɔ veve si wòse le tsɔtsɔke mabiamabia ta kple gbɔdzɔe si wòkpɔ le dzimetɔtrɔ kpakple nuvɔ̃meʋuʋu na Mawu ta. Emegbe Dawid dzi ha be: “Eyata [le esi Yehowa tsɔnɛ kea amesiwo trɔ dzime vavã ta la,] mawumemewo ado gbe ɖa na wò le kpɔwòɣi.”—Psalmo 32:6.

19. Nukata wòle be míado nuteƒewɔwɔ ƒe asiwo ɖe dzi le gbedodoɖa me?

19 Ne ƒomedodo si le mía kple Yehowa Mawu dome xɔ asi na mí la, míanɔ te ɖe Yesu ƒe tafevɔsa dzi ado gbe ɖa be wòakpɔ nublanui na mí. Le xɔse me míate ŋu ate ɖe amenuvevezikpuia ŋu aƒo nu faa abia nublanuikpɔkpɔ kple kpekpeɖeŋu le hiãgbe. (Hebritɔwo 4:16) Gake susu geɖe li siwo ta wòle be míado gbe ɖa! Eyata mina ‘míado gbe ɖa madzudzɔmadzudzɔe’—eye zi geɖe la, míazã kafukafu kple akpedada nyawo na Mawu. (Tesalonikatɔwo I, 5:17) Mina míado nuteƒewɔwɔ ƒe asiwo ɖe dzi le gbedodoɖa me zã kple keli.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

◻ Vi kae wòaɖe ne wobu dutoƒogbedodoɖa ŋu do ŋgɔ?

◻ Nukata wòle be míado gbe ɖa gãnyenye kple bubu tsɔtsɔ na Mawu nadze le eme?

◻ Nɔnɔme kae wòle be míaɖe afia ne míele gbe dom ɖa?

◻ Ne míele gbe dom ɖa la, nukata wòle be míaɖo ŋku akpedada kple kafukafu dzi?

◻ Aleke Biblia ɖee fiae be míate ŋu akpɔ akɔfafa tso gbedodoɖa mee?

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Fia Salomo ɖe ɖokuibɔbɔ fia le gbe si wòdo ɖa le dutoƒo le Yehowa ƒe gbedoxɔa ŋukɔƒe me

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Àte ŋu akpɔ akɔfafa tso gbedodoɖa me abe Xana ene

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe