Ale Si Míado Gbe Ða—Aƒetɔ Ƒe Gbedodoɖaa Koe Wòle Be Míagbugbɔ Anɔ Gbɔgblɔma?
Ale si Biblia ɖo eŋui
Aƒetɔ Ƒe Gbedodoɖaa kpena ɖe mía ŋu be míanya ale si míado gbe ɖa kple nu siwo ŋu wòle be míado gbe ɖa le. Esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo va gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, fia gbedodoɖa mí,” ye wògblɔ gbedodoɖa sia me nyawo. (Luka 11:1) Gake menye Aƒetɔ Ƒe Gbedodoɖaa alo Mía Fofo Si Le Dziƒo koe nye gbedodoɖa si dzea Mawu ŋu o.a Kpɔɖeŋu koe wònye Yesu wɔ be yeƒe nusrɔ̃lawo nanya gbedodoɖa siwo tɔgbi Mawu sena.
Nu siwo me míadzro le nyati sia me
Nya kawoe le Aƒetɔ Ƒe Gbedodoɖaa me?
Aƒetɔ Ƒe Gbedodoɖaa dze le Mateo 6:9-13, eye le Biblia gɔmeɖeɖe vovovowo mea, vovototo viviviwo le nyagbe siwo wozã me. Eƒe kpɔɖeŋu evee nye esi.
Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia: “Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ. Wò Fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le anyigba dzi abe ale si wòle le dziƒo ene. Na míaƒe abolo si asu mía nu egbe la mí; tsɔ míaƒe fewo ke mí, abe ale si míawo hã míetsɔe ke ame siwo nyi fe le mía ŋu ene. Mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o, ke ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me.”
Eʋegbe Biblia: “Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe ale si wowɔna le dziƒo ene! Na míaƒe nuɖuɖu, si asu mía nu egbe la mí! Eye nàtsɔ míaƒe vodadawo ake mí, sigbe ale si míawo hã míetsɔna kea ame siwo daa vo ɖe mía ŋuti la ene! Eye mègakplɔ mí yi ɖe tetekpɔ me o; ke ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me!”b
Nu kae Aƒetɔ Ƒe Gbedodoɖaa me nyawo fia?
Yesu ƒe nufiafiawo wɔ ɖeka kple Biblia me nya bubuwo, eya ta míate ŋu akpɔ mɔ be Biblia me nya bubuwo nakpe ɖe mía ŋu míase Aƒetɔ Ƒe Gbedodoɖaa me nyawo gɔme.
“Mía Fofo si le dziƒowo”
Esɔ be míayɔ Mawu be “mía Fofo,” elabena eyae wɔ mí eye wòna agbe mí.—Yesaya 64:8.
“Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ”
Ele be míade bubu Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, ŋu ahabui be ele kɔkɔe. Amegbetɔwo kpea asi ɖe Mawu ƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ ŋu ne woƒoa nu tso eƒe nɔnɔme nyuiwo kple eƒe tameɖoɖowo ŋu na ame bubuwo.—Psalmo 83:18; Yesaya 6:3.
“Wò Fiaɖuƒe nava”
Mawu Fiaɖuƒea nye dziɖuɖu si le dziƒo, eye Yesu ye Mawu tsɔ ɖo Fiae le Fiaɖuƒea me. Yesu fia mí be míado gbe ɖa be dziɖuɖu sia nava ɖu anyigba bliboa dzi.—Daniel 2:44; Nyaɖeɖefia 11:15.
“Wò lɔlɔ̃nu nava eme le anyigba dzi abe ale si wòle le dziƒo ene”
Abe ale si ko nu vɔ̃ɖi wɔwɔ kple ku mele dziƒo o enea, nenema kee wònye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be amegbetɔwo nanɔ agbe tegbee le anyigba dzi le ŋutifafa kple dedienɔnɔ me.—Psalmo 37:11, 29.
“Na míaƒe abolo si asu mía nu egbe la mí”
Le Yesu ƒe ɣeyiɣia mea, abolo nye nuɖuɖu vevi aɖe si amewo ɖuna gbe sia gbe. Ele be míaɖo ŋku edzi be mía Wɔlaa ŋue míeɖoa ŋu ɖo be wòana mí nu siwo nu míanɔ agbe ɖo.—Dɔwɔwɔwo 17:24, 25.
“Tsɔ míaƒe fewo ke mí, abe ale si míawo hã míetsɔe ke ame siwo nyi fe le mía ŋu ene”
Nya, “fewo,” si wozã le afi sia fia nu vɔ̃wo. (Luka 11:4) Amegbetɔwo katã wɔa nu vɔ̃ eye wohiã na tsɔtsɔke. Gake hafi Mawu natsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí la, ele be míawo hã míalɔ̃ faa atsɔ nu vɔ̃ siwo ame bubuwo wɔ ɖe mía ŋua ake wo.—Mateo 6:14, 15.
“Mègakplɔ mí yi tetekpɔ me o, ke ɖe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me”
Yehowa Mawu metea mí kpɔna be míawɔ nu vɔ̃ o. (Yakobo 1:13) Ke boŋ “vɔ̃ɖitɔ la,” si nye Satana Abosam, si wogayɔ be “Tela” lae tea mí kpɔna. (1 Yohanes 5:19; Mateo 4:1-4) Míebiaa Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míaɖo toe ne wote mí kpɔ be míawɔ nu gbegblẽ.
Aƒetɔ Ƒe Gbedodoɖaa koe nye gbe si wòle be míado ɖa?
Kpɔɖeŋugbedodoɖa koe Aƒetɔ Ƒe Gbedodoɖaa nye. Yesu mefia mí be míagbugbɔ nya mawo ke anɔ gbɔgblɔm ɣesiaɣi o. Hafi Yesu nafia Aƒetɔ Ƒe Gbedodoɖaa eƒe nusrɔ̃lawoa, exlɔ̃ nu wo be: “Ne miele gbe dom ɖa la, migagbugbɔ nɔ nya ɖeka mawo ke gblɔm atraɖii” o. (Mateo 6:7) Ɣebubuɣi esi wònɔ Kpɔɖeŋugbedodoɖa fiam eƒe nyaselawoa, ezã nyagbe bubuwo le gbedodoɖaa me.—Luka 11:2-4.
Mɔ nyuitɔ si nu míado gbe ɖa lee nye be míagblɔ mía ŋutɔwo míaƒe dzimenyawo na Mawu.—Psalmo 62:8.
Aleke wòle be míado gbe ɖae?
Aƒetɔ Ƒe Gbedodoɖaa nye gbedodoɖa siwo tɔgbi Mawu sena ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe. De dzesi ale si wòwɔ ɖeka kple mawunyakpukpui bubu siwo ku ɖe gbedodoɖa ŋu.
Do gbe ɖa na Mawu ɖeɖe dzaa ko
Mawunyakpukpuia: “Le nu sia nu me la, mito gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada dzi miana Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo.”—Filipitɔwo 4:6.
Nu si wòfia: Mawu koe wòle be míado gbe ɖa na, ke menye na Yesu, Maria, alo ame kɔkɔewo o. Nya, “Mía Fofo,” si Yesu tsɔ dze Aƒetɔ Ƒe Gbedodoɖaa gɔmea fia be Yehowa Mawu koe wòle be míado gbe ɖa na.
Do gbe ɖa tso nu siwo wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu
Mawunyakpukpuia: “Nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.”—1 Yohanes 5:14.
Nu si wòfia: Míate ŋu ado gbe ɖa tso nu sia nu si wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu. Yesu na míekpɔ ale si gbegbe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le vevie esi wògblɔ le Aƒetɔ Ƒe Gbedodoɖaa me be “wò lɔlɔ̃nu nava eme.” Míate ŋu anya Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na anyigba kple amegbetɔwo ne míesrɔ̃a Biblia.
Do gbe ɖa tso wò hiahiãwo ŋu
Mawunyakpukpuia: “Dro wò agba ɖe Yehowa dzi, ekema alé wò ɖe te.”—Psalmo 55:22.
Nu si wòfia: Ne nane le mía hiãm alo míele kuxiwo me toma, Mawu tsɔa ɖe le eme na mí. Esi Yesu ƒo nu tso nu vovovo siwo míate ŋu abia le Aƒetɔ Ƒe Gbedodoɖaa me ŋu taa, efia be míate ŋu ado gbe ɖa tso míaƒe gbe sia gbe nuhiahiãwo ŋu, míate ŋu abia Mawu ƒe mɔfiame ne ehiã be míatso nya me le nu veviwo ŋu, míate ŋu abia kpekpeɖeŋu ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom, alo be wòatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí.c
a Le kpɔɖeŋu me, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo do gbe bubuwo ɖa, gake menye kpɔɖeŋugbedodoɖaa me nyawo pɛpɛpɛ ye wogblɔ o.—Luka 23:34; Filipitɔwo 1:9.
b Le King James Version Biblia mea, wotsɔ nya siwo gbɔna tsɔ ƒo Aƒetɔ Ƒe Gbedodoɖaa tae: “Elabena tɔwòe nye fiaɖuƒe kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe yi ɖe mavɔmavɔ me. Amen.” Nya sia si wogblɔ tsɔ kafu Mawu la dze le Biblia bubuwo hã me, eye woyɔa kafukafunya sia tɔgbi le yevugbe me be doxology (alo doxologie). Gake Biblia ŋuti numeɖegbalẽ aɖe gblɔ be: “Mawu kafukafunya sia . . . medze le [blema asinuŋɔŋlɔgbalẽ] siwo ŋu kakaɖedzi le wua me o.”
c Esesẽna na ame aɖewo be woado gbe ɖa ne wowɔ nu vɔ̃ eye wòhiã be woabia Mawu ƒe tsɔtsɔke. Gake Yehowa le gbɔgblɔm na ame siawo be: “Miva ne míakpɔ mía dome nyawo gbɔ.” (Yesaya 1:18) Ne amea trɔ dzi me vavã eye wòbia Mawu ƒe tsɔtsɔkea, Mawu magbee o.